Romatɔwo 12:1-21

  • Mitsɔ miaƒe ŋutilãwo na wòanye vɔsa gbagbe (1, 2)

  • Nunana vovovowoe gake ŋutilã ɖeka (3-8)

  • Kristotɔ vavãwo ƒe agbenɔnɔ ŋuti ɖaŋuɖoɖo (9-21)

12  Eya ta nɔviwo, mele kuku ɖem na mi vevie to Mawu ƒe dɔmetɔtrɔ me be miatsɔ miaƒe ŋutilãwo+ ana wòanye vɔsa gbagbe, si le kɔkɔe,+ si dzea Mawu ŋu, wòanye subɔsubɔdɔ kɔkɔe si me miazã miaƒe tamebubuŋutete le.+  Eye midzudzɔ agbenɔnɔ ɖe nuɖoanyi* sia ƒe nɔnɔme nu, ke boŋ mitrɔ miaƒe nɔnɔme to miaƒe tamesusu wɔwɔ yeyee+ me, ne miawo ŋutɔwo+ miate ŋu akpɔ kakaɖedzi le Mawu ƒe lɔlɔ̃nu nyui dzeameŋu si le blibo la ŋu.  Elabena to amenuveve si wonam me la, mele egblɔm na mia dometɔ ɖe sia ɖe be wòagabu eɖokui ŋu wu ale si dze o,+ ke boŋ be wòabu ale si wòanɔ ŋute le susu me ŋu, ame sia ame le xɔse ƒe dzidze si Mawu nɛ la nu.+  Elabena ale si ko ŋutinu geɖewo le ŋutilã ɖeka ŋu na mí,+ gake ŋutinuawo katã mewɔa dɔ ɖeka ƒomevi o la,  nenema kee míawo hã, togbɔ be míesɔ gbɔ hã la, ŋutilã ɖekae míenye le Kristo me, gake ŋutinuwoe mía dometɔ ɖe sia ɖe nye na nɔvia.+  Eya ta esi wònye nunana vovovowoe le mía si le amenuveve si wona mí nu ta la,+ ne nyagbɔgblɔɖie la, mina míagblɔ nya ɖi le xɔse ale si nu wona mí la nu;  alo ne subɔsubɔdɔe la, mina míanɔ subɔsubɔdɔ sia dzi; alo ame si fiaa nu la, nenɔ eƒe nufiafia la dzi;+  alo ame si dea dzi ƒo la, nenɔ eƒe dzidede ƒo na ame la dzi;+ ame si naa nu* la, nenɔ nu nam kple dzi faa;+ ame si le amewo nu* la, nedo vevie nu le ewɔwɔ me;+ ame si kpɔa nublanui la, nenɔ edzi kple dzidzɔ.+  Migana alakpanuwɔwɔ aɖeke nanɔ miaƒe lɔlɔ̃ la me o.+ Minyɔ ŋu nu vɔ̃ɖi;+ milé ɖe nu si nyo la ŋu. 10  Miaƒe nɔvilɔlɔ̃ nade to abe dadavilɔlɔ̃ ene. Mitre mia nɔewo bubu.+ 11  Mitsɔ dzo ɖe dɔ ŋu, migawɔ kuvia o.+ Mixɔ dzo le gbɔgbɔ la me.+ Misubɔ Yehowa* abe kluviwo ene.+ 12  Dzi nedzɔ mi le mɔkpɔkpɔ me. Mido dzi le xaxa me.+ Minɔ gbedodoɖa dzi ɖaa.+ 13  Mina nu ame kɔkɔewo le woƒe hiahiãwo nu.+ Minɔ amedzrowɔwɔ dzi.+ 14  Minɔ ame siwo tia mia yome la yram;+ miyra ame, migaƒo fi de ame o.+ 15  Mikpɔ dzidzɔ kple ame siwo le dzidzɔ kpɔm; mifa avi kple ame siwo le avi fam. 16  Miwɔ nu ɖe amewo ŋu abe ale si miewɔnɛ ɖe mia ɖokuiwo ŋu ene; miganɔ nu gãwo ŋu bum o,* ke minɔ nu siwo bɔbɔ ɖe anyi la yome boŋ.+ Migabu mia ɖokuiwo nunyalawoe o.+ 17  Migaɖo vɔ̃ vɔ̃ teƒe na ame aɖeke o.+ Miwɔ nu siwo nyo le amewo katã ƒe nukpɔkpɔ nu. 18  Ne anya wɔ, eye wòanye nu si atso mia gbɔ la, minɔ anyi kple amewo katã le ŋutifafa me.+ 19  Lɔlɔ̃tɔwo, migabia hlɔ̃ na mia ɖokuiwo o, ke miɖe mɔ na dziku* la boŋ;+ elabena woŋlɔ ɖi be: “‘Tɔnyee nye hlɔ̃biabia’; nye la, maɖo eteƒe, Yehowa* ye gblɔe.”+ 20  Ke boŋ “ne dɔ le wò futɔ wum la, na nui wòaɖu; ne tsikɔ le ewum la, na tsii wòano; elabena ne èwɔ esia la, àƒo dzoka xɔxɔwo nu ƒu ɖe eƒe ta dzi.”*+ 21  Mègaɖe mɔ nu vɔ̃ɖi naɖu dziwò o, ke boŋ yi edzi nàtsɔ nu nyui anɔ nu vɔ̃ɖi dzi ɖum.+

Etenuŋɔŋlɔ

Alo, “ame si kpea asi ɖe ame ŋu.”
Alo, “ame si xɔa ŋgɔ.”
Alo, “miaƒe susu meganɔ nu kɔkɔwo ŋu o.”
Efia, Mawu ƒe dziku.
Efia, ana amea natrɔ.