1 Mose 34:1-31

  • Wodɔ Dina gbɔ sesẽe (1-12)

  • Yakob viwo wɔ ameflunu (13-31)

34  Ke Dina, Yakob vinyɔnu si Lea+ dzi nɛ la dona yia dua me ɖetugbuiwo gbɔ.+  Esi Hivitɔ+ Hamor, si nye amegãwo dometɔ ɖeka le anyigba ma dzi ƒe vi Sekem kpɔe la, elée dɔ egbɔ hegblẽe.  Eye Yakob vinyɔnu Dina ƒe nu lé dzi nɛ* vevie, eye wòlɔ̃ ɖetugbui la, eye wònɔa enu blem.*  Mlɔeba Sekem gblɔ na fofoa Hamor+ be: “Ðe ɖetugbui sia nam.”  Esime Yakob se be egblẽ ye vinyɔnu Dina la, viaŋutsuawo ya nɔ eƒe lãha la gbɔ le gbedzi. Gake Yakob mekɔ nu le nya la dzi o va se ɖe esime wogbɔ.  Emegbe Hamor, Sekem fofo, yi Yakob gbɔ be yeaƒo nu kplii.  Gake Yakob viŋutsuawo see, eye wogbɔ tso gbea dzi enumake. Nya la ve wo ŋutɔ, eye dzi ku wo vevie, elabena ewɔ ŋukpenanu ɖe Israel ŋu esi wòdɔ kple Yakob vinyɔnu,+ evɔ mele be woawɔ nu sia tɔgbi kura o hafi.+  Eye Hamor gblɔ na wo be: “Mia vinyɔnu la ƒe nu lé dzi na vinye Sekem.* Meɖe kuku, mitsɔe nɛ wòaɖe,  eye mina srɔ̃ɖekadodo nanɔ mía kpli mi dome. Mitsɔ mia vinyɔnuwo na mí, eye míawo hã míatsɔ mía vinyɔnuwo ana mi.+ 10  Miate ŋu anɔ mía gbɔ, eye anyigba la li faa na mi. Minɔ edzi, mitsa asi le edzi, eye miatsi edzi.” 11  Sekem gblɔ na Dina fofo kple nɔviaŋutsuawo be: “Mive nunye, eye nu sia nu si miabia tso asinye la, manae. 12  Miate ŋu abia tabianu kple nunana gbogbo aɖewo tso asinye faa.+ Melɔ̃ be mana nu sia nu si miabia tso asinye. Mitsɔ ɖetugbui la nam maɖe ko.” 13  Eye Yakob viŋutsuawo ɖo eŋu na Sekem kple fofoa Hamor ayetɔe, elabena egblẽ wo nɔvinyɔnu Dina. 14  Eye wogblɔ na wo be: “Míate ŋu awɔ nu sia tɔgbi, be míatsɔ mía nɔvinyɔnu ana ŋutsu aʋamatsomatsotɔ o,+ elabena ema nye ŋukpe na mí. 15  Ne miewɔ nu sia ko hafi míalɔ̃ ɖe edzi na mi; eyae nye be miatso aʋa na miaƒe ŋutsuwo katã anɔ abe míawo ke ene.+ 16  Ekema míatsɔ mía vinyɔnuwo ana mi, eye míaɖe mia vinyɔnuwo, míanɔ mia gbɔ, eye míazu dukɔ ɖeka. 17  Ke ne mieɖo to mí hetso aʋa o la, ekema míakplɔ mía vinyɔnu la adzoe.” 18  Eye woƒe nyawo dze Hamor+ kple viaŋutsu Sekem ŋu.+ 19  Ðekakpui la mehe ɖe megbe le nu si wobia la wɔwɔ me o,+ elabena Yakob vinyɔnu la ƒe nu nyo eŋu ŋutɔ, eye eyae nye ɖekakpui si ŋu bubu le wu le fofoa ƒe aƒe blibo la katã me. 20  Eya ta Hamor kple via Sekem yi woƒe du la ƒe agbo nu hegblɔ na dua me ŋutsuwo+ be: 21  “Ŋutsu siawo di be yewoanɔ ŋutifafa me kpli mí. Eya ta mina woanɔ anyigba la dzi, ne woatsa asi le edzi, elabena anyigba la lolo woawo hã woate ŋu anɔ edzi. Míate ŋu aɖe wo vinyɔnuwo, eye míate ŋu atsɔ mía vinyɔnuwo ana wo woaɖe.+ 22  Ne míewɔ nu ɖeka sia ko hafi ŋutsuawo alɔ̃ anɔ mía gbɔ, ne míazu dukɔ ɖeka: eyae nye be míaƒe ŋutsuwo katã natso aʋa abe ale si ko woawo hã wotso aʋae ene.+ 23  Ekema ɖe woƒe nunɔamesiwo kple woƒe kesinɔnuwo kple woƒe lãhawo katã mazu mía tɔ oa? Eya ta mina míalɔ̃ ɖe edzi na wo, ne woanɔ mía gbɔ.” 24  Ale ame siwo katã va ƒo ƒu ɖe dua ƒe agbo nu la ɖo to Hamor kple via Sekem, eye wotso aʋa na ŋutsuawo katã, wo ame siwo katã va ƒo ƒu ɖe dua ƒe agbo nu. 25  Ke le ŋkeke etɔ̃a gbe, esime abia le wo vem vevie la, Yakob viŋutsu eve, Simeon kple Lewi, siwo nye Dina nɔviwo+ tsɔ woƒe yiwo, eye woge ɖe du, sia si me tɔwo menya be woɖo vɔ̃ ɖe yewo ŋu o la me, eye wowu ŋutsuwo katã.+ 26  Wowu Hamor kple via Sekem kple yi, eye wokplɔ Dina tso Sekem ƒe aƒe me dzoe. 27  Yakob viŋutsu bubuawo va ɖe nu le ame kukuawo ŋu, eye woha dua, elabena wogblẽ wo nɔvinyɔnu.+ 28  Woha woƒe alẽwo, nyiwo, tedziwo kple nu siwo katã le dua me kple gbedzi. 29  Wolɔ woƒe nuwo katã, eye woɖe aboyo wo viwo kple wo srɔ̃wo, eye woha nu siwo katã le aƒewo me. 30  Eye Yakob gblɔ na Simeon kple Lewi+ be: “Miehe vɔ̃ gã aɖe va dzinye, elabena miena mele ʋeʋẽm ɖe anyigba la dzi nɔla siwo nye Kanaantɔwo kple Perizitɔwo. Evɔ nyemede ha o; eye woawɔ ɖeka ava dze dzinye ahatsrɔ̃ nye kple nye aƒe ɖa gbidii.” 31  Gake woɖo eŋu be: “Ðe ame aɖe kpɔ mɔ awɔ nu ɖe mía nɔvinyɔnu ŋu abe gboloe wònye enea?”

Etenuŋɔŋlɔ

Alo, “na eƒe luʋɔ.”
Egɔmeɖeɖe tẽe, “wònɔa nu ƒom na eƒe dzi.”
Alo, “Vinye Sekem ƒe luʋɔ ku ɖe mia vinyɔnu la ŋu.”