1 Mose 23:1-20
-
Sara ƒe ku kple afi si woɖii ɖo (1-20)
23 Sara nɔ agbe ƒe alafa ɖeka blaeve vɔ adre; esiae nye Sara ƒe agbenɔƒe.+
2 Eye Sara ku le Kiriat-Arba,+ si nye Hebron,+ le Kanaan-nyigba dzi.+ Abraham xa nu vevie eye wòfa Sara ŋutɔ.
3 Eye Abraham tso le srɔ̃a kukua gbɔ yi ɖagblɔ na Het viwo+ be:
4 “Amedzro menye va tsi mia dome.+ Mina teƒem le mia gbɔ wòazu nye ameɖiƒe, ale be maɖi srɔ̃nye ɖe afi ma.”
5 Het viwo ɖo eŋu na Abraham be:
6 “Nye aƒetɔ, ɖo to mí. Mawu ɖo wò amegã le mía dome.+ Àte ŋu aɖi srɔ̃wò ɖe míaƒe ameɖiƒe nyuitɔ faa. Mía dometɔ aɖeke magbe be nàgaɖi wò ame kuku la ɖe yeƒe ameɖiƒe o.”
7 Eye Abraham tso eye wòbɔbɔ ɖe Het viwo,+ siwo nye dua me vidzidziwo, ŋkume
8 eye wògblɔ na wo be: “Ne mielɔ̃* ɖe edzi be maɖi srɔ̃nye la, ekema miɖo tom; miɖe kuku na Zohar vi Efron nam,
9 be wòadzra Makepela-gado si le eƒe anyigba ƒe liƒo dzi lɔƒo la nam. Nedzrae nam le mia ŋkume ɖe klosalo ale si nu wòaxɔ la nu,+ ne wòazu nye ameɖiƒe.”+
10 Ke Efron bɔbɔ nɔ Het viwo dome. Eye Hititɔ Efron ɖo eŋu na Abraham le Het viwo kple ame siwo katã va dua ƒe agbo nu+ la ƒe to me be:
11 “Ao, nye aƒetɔ! Ðo tom. Metsɔ anyigba la kple agado si le edzi la siaa na wò. Metsɔe na wò le nye dukɔ la me viwo ŋkume. Ði wò ame kukua faa.”
12 Eye Abraham bɔbɔ ɖe dua me viwo ŋkume,
13 eye wògblɔ na Efron, esi dua me viwo hã nɔ to dzi, be: “Ne èlɔ̃ la, ke ɖo tom! Matsɔ klosalo ale si nu anyigba la axɔ la ana wò. Xɔe le asinye, ne maɖi srɔ̃nye ɖe afi ma.”
14 Eye Efron ɖo eŋu na Abraham be:
15 “Nye aƒetɔ, ɖo tom. Nu kae anyigba si ƒe home nye klosalo sekel* alafa ene la nye le nye kpli wò dome? Ði wò ame kukua faa.”
16 Abraham ɖo to Efron, eye Abraham da klosalo home si Efron yɔ Het viwo se la nɛ. Klosalo sekel* alafa ene ɖe ale si asitsalawo danɛ nu.+
17 Ale woɖo kpe edzi be Efron ƒe anyigba si le Makepela le Mamre ŋgɔ, anyigba la kple agado si le edzi, kple ati siwo katã le anyigbaa dzi la
18 zu Abraham ƒe nunɔamesi si wòƒle le Het viwo kple ame siwo katã va dua ƒe agbo nu la ŋkume.
19 Emegbe Abraham ɖi srɔ̃a Sara ɖe agado si le Makepela-nyigba dzi le Mamre ŋgɔ la me, le Hebron le Kanaan-nyigba dzi.
20 Ale Het viwo ɖe asi le anyigba la kple agado si le edzi la ŋu na Abraham wòzu eƒe ameɖiƒe.+
Etenuŋɔŋlɔ
^ Alo, “Ne miaƒe luʋɔ lɔ̃.”
^ Sekel ɖeka le gram 11.4. Kpɔ Megbenyawo B14.
^ Sekel ɖeka le gram 11.4. Kpɔ Megbenyawo B14.