1 Mose 25:1-34
25 Emegbe Abraham gaɖe srɔ̃, si ŋkɔe nye Ketura.
2 Le ɣeyiɣi aɖe megbe la, Ketura dzi Zimran, Yoksan, Medan, Midian,+ Yisbak kple Sua+ nɛ.
3 Yoksan dzi Seba kple Dedan.
Asurim viwo, Letusim viwo kple Leumim viwo dzɔ tso Dedan me.
4 Midian viwoe nye Efa, Efer, Hanok, Abida kple Eldaa.
Ame siawo katã dzɔ tso Ketura me.
5 Emegbe Abraham tsɔ eƒe nuwo katã na Isak,+
6 ke Abraham na nu eƒe ahiãwo ƒe viwo hã. Eye le eƒe agbenɔɣi la, eɖe wo ɖa le via Isak ŋu+ heɖo wo ɖe ɣedzeƒe gome le Ɣedzeƒenyigba dzi.
7 Abraham ƒe agbenɔƒewo va le ƒe alafa ɖeka blaadre vɔ atɔ̃.
8 Eye Abraham ƒe gbɔgbɔ nu tso; enɔ agbe tsi nyuie, etsi ku amegã eye agbenɔnɔ ɖi kɔ nɛ hafi wòku, eye wotsɔe kpe ɖe eƒe amewo ŋu.*
9 Eye via Isak kple Ismael ɖii ɖe Makepela-gado la me le Hititɔ Zohar vi Efron ƒe anyigba si dze ŋgɔ Mamre+ la dzi;
10 eyae nye anyigba si Abraham ƒle le Het viwo si. Afi mae woɖi Abraham kple srɔ̃a Sara ɖo.+
11 Le Abraham ƒe ku megbe la, Mawu yra via Isak,+ eye Isak nɔ afi si gogo Beer-Lahai-Roi.+
12 Esiae nye Abraham vi Ismael,+ ame si Sara ƒe kosi Hagar,+ Egipte nyɔnu la, dzi na Abraham la ƒe ŋutinya.
13 Esiawoe nye Ismael viwo ƒe ŋkɔwo, le ƒome siwo me wodzɔ tso la nu: Ismael ƒe ŋgɔgbevie nye Nebayot,+ eyome edzi Kedar,+ Adbeel, Mibsam,+
14 Misma, Duma, Masa,
15 Hadad, Tema, Yetur, Nafis kple Kedema.
16 Ame siawoe nye Ismael viwo, eye esiawoe nye woƒe ŋkɔwo le woƒe duwo kple woƒe aƒewo nu: wole amegã wuieve le woƒe towo nu.+
17 Ismael nɔ agbe ƒe alafa ɖeka blaetɔ̃ vɔ adre. Eƒe gbɔgbɔ nu tso, eye wotsɔe kpe ɖe eƒe amewo ŋu.*
18 Woƒe nɔƒewo tso Havila,+ si gogo Sur+ le Egipte gbɔ lɔƒo, va se ɖe keke Asiria ke. Eye wonɔ wo nɔviwo katã xa.*+
19 Esiae nye Abraham vi Isak ƒe ŋutinya.+
Abraham dzi Isak.
20 Isak xɔ ƒe blaene esime wòɖe Aramtɔ Betuel+ si tso Padan-Aram ƒe vi Rebeka, si nye Aramtɔ Laban nɔvinyɔnu.
21 Ke Isak nɔ kuku ɖem na Yehowa vevie ɖe srɔ̃a ta, elabena etsi ko; eye Yehowa se eƒe kukuɖeɖe la, ale be srɔ̃a Rebeka fɔ fu.
22 Eye vi siwo le eƒe dɔ me la nɔ avu wɔm kple wo nɔewo,+ eya ta egblɔ be: “Ne aleae wòle la, ke nu ka tae maganɔ agbe ɖo?” Eye wòyi ɖabia Yehowa se.
23 Yehowa gblɔ nɛ be: “Dukɔ evee le wò dɔ me,+ eye dukɔ eveawo siwo ado tso mewò la ama;+ dukɔ ɖeka asesẽ wu ɖeka,+ eye tsitsitɔ asubɔ ɖevitɔ.”+
24 Esi eƒe vidziɣi ɖo la, kpɔ ɖa, venɔviwoe le eƒe dɔ me.
25 Esi gbãtɔ do la, fu hɛ̃ le eŋu kedzekedze abe lãfuwu ene;+ eya ta wona ŋkɔe be Esau.*+
26 Emegbe nɔvia do, eye wòlé Esau ƒe afɔkpodzi ɖe asi;+ eya ta wona ŋkɔe be Yakob.*+ Isak xɔ ƒe blaade esime Rebeka dzi ɖeviawo.
27 Esi ŋutsuviawo tsi la, Esau va zu adela bibi,+ eye wòlɔ̃a gbe me nɔnɔ, ke Yakob ya nye ame fafa,* eye wòlɔ̃a agbadɔ me nɔnɔ.+
28 Isak lɔ̃ Esau, elabena edea adelã nu me nɛ, ke Rebeka ya lɔ̃ Yakob.+
29 Gbe ɖeka Yakob nɔ atadi wɔm esime Esau gbɔ tso gbe me eye nu te eŋu vevie.
30 Eya ta Esau gblɔ na Yakob be: “Meɖe kuku, na atadi ma, nu dzĩ ma, ƒe ɖem maɖu;* netsɔ, elabena nu te ŋunye vevie!”* Esia tae wona ŋkɔe be Edom.*+
31 Eye Yakob gblɔ be: “Tsɔ wò ŋgɔgbevinyenye dzra nam gbã gbɔ!”+
32 Esau gblɔ be: “Kpɔ ɖa, kukumee nye esia mele! Vi ka gɔ̃e ŋgɔgbevinyenye aɖe nam?”
33 Eye Yakob gagblɔ be: “Ka atam nam gbã gbɔ!” Eye wòka atam nɛ, ale wòdzra eƒe ŋgɔgbevinyenye na Yakob.+
34 Eye Yakob tsɔ abolo kple ayitadi la na Esau, eye wòɖu nu no nu, emegbe wòtso dzo. Ale Esau do vlo eƒe ŋgɔgbevinyenye la.
Etenuŋɔŋlɔ
^ Esia nye nya si wozãna ne wole nu ƒom tso ku ŋu.
^ Esia nye nya si wozãna ne wole nu ƒom tso ku ŋu.
^ Agate ŋu afia, “adikã nɔ wo kple wo nɔviwo katã dome.”
^ Egɔmee nye “Fume.”
^ Egɔmee nye “Afɔkpodziléla; Ameteƒexɔla.”
^ Alo, “ame maɖifɔ.”
^ Alo, “ƒe alɔgomedede ɖekam.”
^ Alo, “dɔ le wuyem vevie.”
^ Egɔmeɖeɖe tẽe, “Dzĩ.”