1 Mose 16:1-16
-
Hagar kple Ismael (1-16)
16 Ke Abram srɔ̃ Sarai medzi vi aɖeke nɛ o,+ gake kosi aɖe le Sarai si, si nye Egiptetɔ, eŋkɔe nye Hagar.+
2 Eya ta Sarai gblɔ na Abram be: “Yehowa xe nye vidzidɔ. Meɖe kuku, dɔ kple nye kosi la. Ðewohĩ adzi viwo nam.”+ Eya ta Abram ɖo to Sarai ƒe gbe.
3 Esi Abram nɔ Kanaan-nyigba dzi ƒe ewo megbe la, Abram srɔ̃ Sarai tsɔ eƒe kosi Egiptetɔ Hagar na srɔ̃a wòɖe.
4 Ale Abram dɔ kple Hagar eye wòfɔ fu. Ke esi wòkpɔ be yefɔ fu ko la, megabua eƒe aƒenɔ ɖe ɖeke me o.
5 Eye Sarai gblɔ na Abram be: “Vevesese si dom wole nam la tso gbɔwò. Nye ŋutɔe ɖe asi le nye kosi la ŋu na wò,* ke esi wòkpɔ be yefɔ fu ko la, megabuam ɖe ɖeke me o. Yehowa nadrɔ̃e le nye kpli wò dome.”
6 Eye Abram gblɔ na Sarai be: “Kpɔ ɖa! Wò kosi la le asiwò me. Wɔ nu si nyo ŋuwò la ɖe eŋu.” Ale Sarai bɔbɔe ɖe anyi, eye kosi la si le egbɔ.
7 Emegbe Yehowa ƒe dɔla kpɔe le vudo aɖe si le gbedzi le Sur+ mɔ dzi la to.
8 Eye wòbiae be: “Sarai ƒe kosi Hagar, afi kae nètso, eye afi ka yim nèle?” Eɖo eŋu be: “Nye aƒenɔ Sarai nue mele sisim le.”
9 Eye Yehowa ƒe dɔla la gblɔ nɛ be: “Trɔ yi wò aƒenɔ la gbɔ, eye nàbɔbɔ ɖokuiwò ɖe ete.”
10 Yehowa ƒe dɔla la gagblɔ nɛ be: “Mana wò dzidzimeviwo nasɔ gbɔ kpaŋkpaŋ, woasɔ gbɔ ale gbegbe be womate ŋu axlẽ wo o.”+
11 Yehowa ƒe dɔla la gblɔ kpee be: “Kpɔ ɖa! Èfɔ fu, àdzi ŋutsuvi, eye nàna ŋkɔe be Ismael;* elabena Yehowa se konyi si fam nèle le wò fukpekpe la ŋuti.
12 Ŋutsuvi la anɔ abe gbetedzi* ene. Akɔ asi dzi ɖe ame sia ame ŋu, eye ame sia ame akɔ asi dzi ɖe eya hã ŋu; eye wòanɔ teƒe si dze ŋgɔ nɔviawo katã.”*
13 Eye wòyɔ Yehowa, Ame si le nu ƒom nɛ la, ƒe ŋkɔ gblɔ be: “Mawu si kpɔa nue nènye,”+ elabena egblɔ be: “Ame si le kpɔyem lae mekpɔ le afi sia?”
14 Esia tae woyɔ vudo la be Beer-Lahai-Roi.* (Ele Kades kple Bered dome.)
15 Eye Hagar dzi ŋutsuvi na Abram, eye Abram na ŋkɔ vi si Hagar dzi la be Ismael.+
16 Abram xɔ ƒe blaenyi vɔ ade esime Hagar dzi Ismael nɛ.
Etenuŋɔŋlɔ
^ Egɔmeɖeɖe tẽe, “Nye ŋutɔe tsɔ nye kosi la ɖo wò akɔnu.”
^ Egɔmee nye “Mawu See.”
^ Ðewohĩ efia ɖokuisinɔnɔ ƒe nɔnɔme.
^ Agate ŋu afia, “eye wòalé fu nɔviawo katã.”
^ Egɔmee nye “Ame Si Le Agbe Si Le Kpɔyem Ƒe Vudo.”