1 Mose 1:1-31

  • Dziƒo kple anyigba wɔwɔ (1, 2)

  • Ŋkeke ade siwo wotsɔ dzra anyigba dzi ɖo (3-31)

    • Ŋkeke 1: kekeli; ŋkeke kple zã (3-5)

    • Ŋkeke 2: dziŋgɔli (6-8)

    • Ŋkeke 3: ƒuƒuiƒe kple gbewo (9-13)

    • Ŋkeke 4: dziƒonu keklẽwo (14-19)

    • Ŋkeke 5: tɔmelãwo kple xewo (20-23)

    • Ŋkeke 6: anyigbadzilãwo kple amegbetɔwo 24-31)

1  Le gɔmedzedzea me Mawu wɔ dziƒo kple anyigba.+  Ke anyigba la le nyama hele ƒuƒlu, eye viviti do ɖe tsi gbana la dzi,+ eye Mawu ƒe gbɔgbɔ*+ le agba sam le tsia dzi.+  Eye Mawu gblɔ be: “Kekeli nedo!” Ale kekeli do.+  Mawu kpɔ be kekeli la nyo, eye Mawu ma kekeli la kple viviti la dome.  Mawu yɔ kekeli la be Ŋkeke, eye wòyɔ viviti la be Zã.+ Ale zã do, eye ŋu ke; esiae nye ŋkeke gbãtɔ.  Eye Mawu gblɔ be: “Dziŋgɔli+ neva nɔ tsiawo dome, eye mama nenɔ tsi kple tsi dome.”+  Ale Mawu wɔ dziŋgɔli la, eye wòma tsi siwo le dziŋgɔlia te kple tsi siwo le dziŋgɔlia tame la dome.+ Eye wòva eme nenema.  Mawu yɔ dziŋgɔli la be Dziƒo.* Ale zã do, eye ŋu ke; esiae nye ŋkeke evelia.  Eye Mawu gblɔ be: “Tsi siwo le dziƒoa te la neƒo ƒu ɖe teƒe ɖeka, ale be ƒuƒuiƒe nadze.”+ Eye wòva eme nenema. 10  Mawu yɔ ƒuƒuiƒe la be Anyigba,+ ke eyɔ tsi siwo ƒo ƒu la be Atsiaƒuwo.+ Eye Mawu kpɔ be enyo.+ 11  Eye Mawu gblɔ be: “Anyigba nemie gbe, nu miemie siwo tsea ku kple ati siwo tsena eye ku nɔa tsetseawo me, le wo ƒomeviwo nu le anyigba la dzi.” Eye wòva eme nenema. 12  Eye anyigba mie gbe, nu miemie siwo tsea ku+ kple ati siwo tsena eye ku nɔa tsetseawo me, le wo ƒomeviwo nu. Eye Mawu kpɔ be enyo. 13  Ale zã do, eye ŋu ke; esiae nye ŋkeke etɔ̃lia. 14  Eye Mawu gblɔ be: “Nu keklẽwo*+ nedo ɖe dziŋgɔlia ŋu be woama ŋkeke kple zã dome,+ woanye dzesiwo afia azãgbewo, ŋkekewo kple ƒewo.+ 15  Woanye nu keklẽwo le dziŋgɔlia ŋu, be woaklẽ ɖe anyigba la dzi.” Eye wòva eme nenema. 16  Eye Mawu wɔ nu keklẽ gã eveawo; ewɔ lolotɔ be wòaɖu ŋkeke dzi,+ kple suetɔ be wòaɖu zã dzi, ewɔ ɣletiviwo hã.+ 17  Ale Mawu tsɔ wo ɖo dziŋgɔlia ŋu be woaklẽ ɖe anyigba la dzi 18  eye woaɖu ŋkeke kple zã dzi, ne woama kekeli la kple viviti la dome.+ Eye Mawu kpɔ be enyo. 19  Ale zã do, eye ŋu ke; esiae nye ŋkeke enelia. 20  Eye Mawu gblɔ be: “Nu gbagbewo* neyɔ tsiawo me fũu, eye nuwɔwɔ siwo dzona la nedzo le yame le dziŋgɔlia ŋkume.”+ 21  Eye Mawu wɔ ƒumelã klitsuwo kple nu gbagbe* siwo katã nɔa tsi me eye wode ha kpaŋkpaŋ la le wo ƒomeviwo nu, kple nuwɔwɔ toaʋala siwo katã dzona le wo ƒomeviwo nu. Eye Mawu kpɔ be enyo. 22  Eye Mawu yra wo gblɔ be: “Midzi, ne miasɔ gbɔ, eye miayɔ atsiaƒua me,+ eye nuwɔwɔ siwo dzona la nasɔ gbɔ le anyigba la dzi.” 23  Ale zã do, eye ŋu ke; esiae nye ŋkeke atɔ̃lia. 24  Eye Mawu gblɔ be: “Nu gbagbewo* nedo le anyigba la dzi le wo ƒomeviwo nu, aƒemelãwo kple nu tatawo kpakple gbemelãwo le wo ƒomeviwo nu.”+ Eye wòva eme nenema. 25  Eye Mawu wɔ gbemelãwo le wo ƒomeviwo nu, kple aƒemelãwo le wo ƒomeviwo nu, kpakple lã siwo katã tana le anyigba dzi le wo ƒomeviwo nu. Eye Mawu kpɔ be enyo. 26  Eye Mawu gblɔ be: “Na míawɔ ame+ ɖe míaƒe nɔnɔme nu+ wòaɖi mí,+ eye wòakpɔ ŋusẽ ɖe ƒumelãwo, nuwɔwɔ siwo dzona le yame, aƒemelãwo kple anyigba blibo la katã kpakple lã siwo katã tana le anyigba dzi la dzi.”+ 27  Eye Mawu wɔ ame ɖe eƒe nɔnɔme nu, Mawu ƒe nɔnɔme nue wòwɔe ɖo; ŋutsu kple nyɔnu wòwɔ.+ 28  Mawu yra wo, eye Mawu gblɔ na wo be: “Midzi ne miasɔ gbɔ, miayɔ anyigba la dzi,+ eye miaɖu edzi;+ mikpɔ ŋusẽ ɖe ƒumelãwo kple nuwɔwɔ siwo dzona le yame kpakple nu gbagbe siwo katã ʋãna le anyigba dzi la dzi.”+ 29  Eye Mawu gagblɔ be: “Kpɔ ɖa, metsɔ nu miemie siwo katã tsea ku le anyigba blibo la katã dzi kple ati siwo katã tsena la na mi, be woanye nuɖuɖu na mi.+ 30  Ke metsɔ gbewo katã na gbemelã siwo katã le anyigba dzi kple nuwɔwɔ siwo katã dzona le yame kpakple nu sia nu si ʋãna le anyigba dzi, si me agbe le* la, be wòanye nuɖuɖu na wo.”+ Eye wòva eme nenema. 31  Eye Mawu kpɔ nu siwo katã wòwɔ la, eye kpɔ ɖa, wonyo ŋutɔ.+ Ale zã do, eye ŋu ke; esiae nye ŋkeke adelia.

Etenuŋɔŋlɔ

Alo, “Mawu ƒe dɔwɔŋusẽ.”
Alo, “Yame.”
Alo, “akaɖiwo.”
Alo, “Luʋɔwo.”
Alo, “luʋɔ.”
Alo, “Luʋɔwo.”
Alo, “si le agbe; si nye luʋɔ gbagbe.”