Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Harmagedon—Dzidzɔɣeyiɣi aɖe ƒe Gɔmedzedzee

Harmagedon—Dzidzɔɣeyiɣi aɖe ƒe Gɔmedzedzee

Harmagedon​—Dzidzɔɣeyiɣi aɖe ƒe Gɔmedzedzee

HARMAGEDON nye Hebrigbe me nya si gɔmee nye Megido-to. Edze le Nyaɖeɖefia 16:16, si gblɔ be: “Woƒo wo nu ƒu ɖe teƒe, si woyɔna le Hebri-gbe me bena Harmagedon.” Amekawo nue woƒo ƒu ɖe Harmagedon, eye nukatae? Le kpukpui eve siwo do ŋgɔ si nye Nyaɖeɖefia 16:14 lia me la, míexlẽ bena: ‘Xexeame katã ƒe fiawo’ ƒo wo ɖokui nu ƒu ‘hena Mawu, Ŋusẽkatãtɔ la, ƒe ŋkeke gã la ƒe aʋawɔwɔ.’ Edze ƒã be nya mawo hã fɔ biabia vevi bubuwo ɖe te. Afikae ‘fia siawo’ awɔ aʋaa le? Nukae na wole aʋa hom, eye ɖe ameka ŋu? Ðe woazã aʋawɔnu siwo ate ŋu atsrɔ̃ ame gbogbowo zi ɖeka, abe alesi ame geɖe susunae enea? Ðe ame aɖewo atsi agbe le Harmagedon mea? Mina Biblia naɖo nyabiabia siawo ŋu.

Ðe alesi woyɔ “Megido-to” ƒe ŋkɔ fia be woawɔ Harmagedon-ʋa la le to aɖe koŋ dzi le Titina Ɣedzeƒea? Mefia nenema o. Gbã la, to ma tɔgbe aɖeke meli o—le teƒe si blema Megido nɔ la, kpo aɖe si ƒe kɔkɔme anɔ meta 20 eye bali si nye gbadzaƒe aɖe le exa la koe li. Gakpe ɖe eŋu la, nuto siwo ƒo xlã Megido melolo kura si ate ŋu axɔ “anyigba dzi fiawo kple woƒe aʋakɔwo” gɔ̃ hã o. (Nyaɖeɖefia 19:19) Ke hã, Megido nye teƒe si wowɔ nyametsoʋa sesẽtɔwo kekeake le le Titina Ɣedzeƒetɔwo ƒe blemaŋutinyawo me. Eyata ŋkɔ Harmagedon nye kpɔɖeŋu si tsi tre ɖi na nyametsoʋa vevi aɖe, eye wòdze kɔte xoxo be akpa ɖeka koe le dzi ɖu ge.—Kpɔ aɖaka si nye “Megido—Kpɔɖeŋu si Sɔ Nyuie” le axa 5.

Harmagedon mate ŋu anye anyigba dzi dukɔwo dome ʋa dzro aɖe ko o, elabena Nyaɖeɖefia 16:14 gblɔ be “xexeame katã ƒe fiawo” ƒo wo ɖokui nu ƒu ɖekae hena “Mawu, ŋusẽkatãtɔ la, ƒe ŋkeke gã la ƒe aʋawɔwɔ.” Yeremya gblɔ le eƒe nyagblɔɖi si tso gbɔgbɔ me me be “Yehowa ƒe amesiwo wòwu” kaka ɖi la “tso anyigba ƒe mlɔenu ɖaseɖe anyigba ƒe mlɔenu.” (Yeremya 25:33) Eyata Harmagedon menye amegbetɔwo ƒe aʋawɔwɔ kple wo nɔewo le teƒe ɖeka aɖe le Titina Ɣedzeƒe o. Enye Yehowa ƒe aʋa eye alɔ xexeame katã ɖe eme.

Gake de dzesii be le Nyaɖeɖefia 16:16 la, woyɔ Harmagedon be enye “teƒe” aɖe. Le Biblia me la, “teƒe” ate ŋu afia nɔnɔme aɖe alo nudzɔdzɔ aɖe—eye le nudzɔdzɔ sia me la, efia alesi xexeame katã awɔ ɖeka atsi tre ɖe Yehowa ŋui. (Nyaɖeɖefia 12:6, 14) Le Harmagedon-ʋa la wɔɣi la, anyigba dzi dukɔwo katã awɔ ɖeka atsi tre ɖe “aʋakɔ, siwo le dziƒo” hele aʋafiagã, “fiawo dzi Fia kple aƒetɔwo dzi Aƒetɔ,” Yesu Kristo, ƒe kpɔkplɔ te la ŋu.—Nyaɖeɖefia 19:14, 16.

Ke nya si amewo gblɔna be Harmagedon anye ame gbogbowo tsɔtsrɔ̃, wo me matiamatiae, si me woazã aʋawɔnu siwo ate ŋu atsrɔ̃ ame gbogbo aɖewo zi ɖeka alo be anye ɣletinyigba bubu aɖe ƒe gododo kple anyigba la ya ɖe? Ðe lɔlɔ̃ ƒe Mawu la aɖe mɔ le amegbetɔƒomea kple woƒe aƒe, si nye anyigba la, tsɔtsrɔ̃ ɖa ŋɔdzitɔe alea ŋua? Gbeɖe! Egblɔe tẽ be ‘yemewɔ anyigba la be wòatsi ƒuƒlu o’ ke boŋ ‘ɖe yemèe be woanɔ edzi.’ (Yesaya 45:18; Psalmo 96:10) Le Harmagedon me la, Yehowa magblẽ míaƒe ɣletinyigba sia dome to xexeame katã ƒe tsɔtsrɔ̃ le dzobibi aɖe me ƒe nudzɔdzɔ aɖeke dzi o. Ke boŋ, ‘atsrɔ̃ amesiwo gblẽa anyigba la.’—Nyaɖeɖefia 11:18.

Harmagedon​—Ɣekaɣie?

Le ƒe alafa siwo va yi me la, nyabiabia vevi aɖe si tɔtɔa amewo eye wodea ŋugble le eŋu atraɖii ye nye, Ɣekaɣie Harmagedon ava? Nyaɖeɖefia ƒe agbalẽa me dzodzro le ɖekawɔwɔ me kple Biblia ƒe akpa bubuwo ate ŋu akpe ɖe mía ŋu míanya nusi Biblia gblɔ le ɣeyiɣi si me aʋa vevi sia adzɔ la ŋu. Nyaɖeɖefia 16:15 tsɔ Harmagedon wɔ ɖeka kple Yesu ƒe vava abe fiafitɔ ene. Yesu ŋutɔ hã zã kpɔɖeŋunyagbɔgblɔ ma tsɔ ɖɔ eƒe vava ava drɔ̃ fɔbuʋɔnu nuɖoanyi siae.—Mateo 24:43, 44; Tesalonikatɔwo I, 5:2.

Abe alesi Biblia me nyagblɔɖi siwo le eme vam ɖee fiae ene la, míele nuɖoanyi sia ƒe ŋkeke mamlɛawo me tso keke ƒe 1914 me ke. * Nusi ade dzesii be míeɖo ŋkeke mamlɛawo ƒe yɔyrɔe nu enye nusi Yesu yɔ be “xaxa gã” la. Biblia megblɔ ɣeyiɣi didi si xaxa gã la axɔ o, gake fukpekpe siwo wòahe vɛ avɔ̃ɖi wu xaxa ɖesiaɖe si teƒe xexeame kpɔ kpɔ. Xaxa gã la ava wu enu le Harmagedon me.—Mateo 24:21, 29.

Esi wònye Harmagedon nye ‘Mawu, Ŋusẽkatãtɔ la, ƒe ŋkeke gã ƒe aʋawɔwɔ’ ta la, naneke meli si amegbetɔwo atsɔ ahe ɣeyiɣi si wòava la ɖe megbee o. Yehowa ɖo ‘ɣeyiɣi’ si aʋa ma adzɔ la ɖi. “Mahe ɖe megbe o.”—Xabakuk 2:3.

Dzɔdzɔenyenye ƒe Mawu Ho Aʋa Dzɔdzɔe

Gake nukatae Mawu atso ɖe xexeame katã ŋu le aʋa me ɖo? Harmagedon-ʋa la wɔwɔ do ƒome kplikplikpli kple eƒe nɔnɔme veviwo dometɔ ɖeka, si nye dzɔdzɔenyenye. Biblia gblɔ be: “Yehowa lɔ̃a nya dzɔdzɔe.” (Psalmo 37:28) Ekpɔ numadzɔmadzɔ siwo katã wowɔ le amegbetɔ ƒe ŋutinya me la. Edze ƒã be esia ɖu dzi nɛ. Eyata etia Via be wòaho aʋa dzɔdzɔe atsɔ aɖe nuɖoanyi vɔ̃ɖi sia ɖae.

Yehowa koe ate ŋu aho dzɔdzɔenyenye ƒe aʋa si me woatia amewo me le godoo, eye woakpɔ dzinyuitɔwo katã ta, eɖanye afika kee wole le anyigba dzi o. (Mateo 24:40, 41; Nyaɖeɖefia 7:9, 10, 13, 14) Eya ko sie gome le be wòana eƒe dziɖulanyenye nakpɔ ŋusẽ ɖe anyigba blibo la katã dzi, elabena eƒe asinudɔwɔwɔe wònye.—Nyaɖeɖefia 4:11.

Nukawoe Yehowa azã atsɔ atsrɔ̃ eƒe futɔwo? Míenya naneke kura le esia ŋu o. Nusi ko míenyae nye be ate ŋu ato mɔ ɖesiaɖe si dze eŋu dzi atsrɔ̃ ame vɔ̃ɖiwo ɖa keŋkeŋ. (Hiob 38:22, 23; Zefanya 1:15-18) Gake Mawu subɔla siwo le anyigba dzi made asi aʋa la me o. Ŋutega si woɖe fia le Nyaɖeɖefia ta 19 lia me ɖee fia be dziƒoʋakɔwo ɖeɖekoe akpe ɖe Yesu Kristo ŋu awɔ aʋa la. Yehowa subɔla Kristotɔ siwo le anyigba dzi dometɔ aɖeke makpɔ gome le aʋaa me o.—Kronika II, 20:15, 17.

Mawu Nunyala la Na Nuxlɔ̃ame Geɖe

Ke agbetsilawo ya ɖe? Nyateƒee, mehiã be ame aɖeke natsrɔ̃ le Harmagedon me o. Apostolo Petro gblɔ bena: ‘Yehowa melɔ̃ bena, ame aɖeke natsrɔ̃ o, ke boŋ bena amewo katã natrɔ va dzimetɔtrɔ gbɔ.’ (Petro II, 3:9) Apostolo Paulo hã gblɔ be Mawu “le didim be, woaxɔ amewo katã, bene woava nyateƒe ƒe sidzedze la me.”—Timoteo I, 2:4.

Le esia ta, Yehowa kpɔ egbɔ be wole gbeƒã ɖem ‘Fiaɖuƒeŋutinya nyuia’ nunyatɔe le anyigba la katã dzi, le gbegbɔgblɔ alafa geɖewo me. Wole mɔnukpɔkpɔ nam amewo le afisiafi be woate ŋu atsi agbe ahakpɔ xɔxɔ. (Mateo 24:14; Psalmo 37:34; Filipitɔwo 2:12) Amesiwo xɔ nyanyuia nyuie la ate ŋu atsi agbe le Harmagedon me eye woanɔ agbe tegbee le blibodede me le paradisonyigba dzi. (Xezekiel 18:23, 32; Zefanya 2:3; Romatɔwo 10:13) Ðe menye nusiae ame akpɔ mɔ na tso Mawu si nye lɔlɔ̃ la gbɔ oa?—Yohanes I, 4:8.

Ðe Lɔlɔ̃ ƒe Mawu Ate Ŋu Awɔ Aʋa?

Gake be Mawu si nye lɔlɔ̃ nawu amegbetɔƒomea me tɔ gbogbowo eye wòatsrɔ̃ wo la nye nusi gɔme ame geɖe mese o. Míate ŋu atsɔ nɔnɔmea asɔ kple aƒe aɖe si me gbagbladzawo bɔ ɖo fũ. Ðe màlɔ̃ ɖe edzi be ele be aƒea tɔ, si tsɔa ɖe le dedienɔnɔ me vevie la, natsrɔ̃ gbagbladzaawo ɖa keŋkeŋ atsɔ akpɔ eƒe aƒemetɔwo ƒe lãmesẽ tae oa?

Nenema ke esi Yehowa lɔ̃ amegbetɔwo vevie tae wòle be wòawɔ Harmagedon-ʋa la ɖo. Mawu ƒe tameɖoɖoe nye be yeawɔ anyigba la wòanye paradiso eye be yeana ameƒomea nade blibo ahanɔ ŋutifafa me, eye woanɔ anyi “bɔkɔɔ,” ame aɖeke ƒe ŋɔdzi madomado na woe. (Mixa 4:3, 4; Nyaɖeɖefia 21:4) Ke nukae wòle be woawɔ na amesiwo gblẽa wo havi amegbetɔwo ƒe ŋutifafa kple dedienɔnɔ me la? Ele be Mawu naɖe “gbagbladza” mawo—siwo nye ame gblẽku vɔ̃ɖiwo—ɖa be ame dzɔdzɔewo nakpɔ gbɔdzɔe.—Tesalonikatɔwo II, 1:8, 9; Nyaɖeɖefia 21:8.

Aʋawɔwɔ kple ʋukɔkɔɖi siwo yina edzi egbea ƒe akpa gãtɔ tsoa amegbetɔ madeblibowo ƒe dziɖuɖu kple agbagba si amewo dzena be woawɔ nu ɖokuitɔdiditɔe be wòade woƒe dukɔ dzi la gbɔ. (Nyagblɔla 8:9) Esi amegbetɔ dziɖuɖuwo dzea agbagba be yewoakpɔ ŋusẽ ɖe ame geɖe wu dzi ta la, wogbe nu le Mawu ƒe Fiaɖuƒe si wòɖo la gbɔ keŋkeŋ. Naneke mele eɖem fia be woava na ta ahaɖe asi le woƒe dziɖuɖu ŋu na Mawu kple Kristo o. (Psalmo 2:1-9) Eyata ele be woaɖe dziɖuɖu mawo ɖa be mɔ dzi nakɔ na Yehowa ƒe Fiaɖuƒe dzɔdzɔe si anɔ Kristo ƒe kpɔkplɔ te la. (Daniel 2:44) Ele be woawɔ Harmagedon-ʋa la be woakpɔ amesi dze aɖu ɣletinyigba sia kple amegbetɔƒomea dzi ƒe nya la gbɔ zi ɖeka ɖe ɣeyiɣiawo katã nu.

Yehowa ƒe hoho ahade nu nyawo me le Harmagedon me anye nusi ade ameƒomea dzi ŋutɔ. Esi nɔnɔmeawo le gbegblẽm ɖe edzi le xexeame ta la, Mawu ƒe dziɖuɖu si de blibo la koe ate ŋu akpɔ ameƒomea ƒe nuhiahiãwo gbɔ keŋkeŋ. Eƒe Fiaɖuƒea ɖeɖekoe ate ŋu ana ŋutifafa kple nudzedziname vavã naxɔ aƒe ɖi. Aleke nɔnɔmeawo anɔ le xexeame ne Mawu gbe nudede nyawo me kura? Ðe fuléle, ŋutasesẽ, kple aʋawɔwɔwo mayi edzi awɔ fu ameƒomea abe alesi wòle le amegbetɔ ƒe dziɖuɖu te le ƒe alafa geɖe siawo katã mee oa? Le nyateƒe me la, Harmagedon-ʋa la nye nudzɔdzɔ vevi siwo ade ameƒomea dzi wu la dometɔ ɖeka!—Luka 18:7, 8; Petro II, 3:13.

Aʋa si Atsi Aʋawɔwɔwo Katã Nu

Harmagedon-ʋa awɔ nane si aʋa bubu aɖeke mete ŋu wɔ kpɔ o—atsi aʋawɔwɔwo katã nu keŋkeŋ. Amekae medina vevie be ɣeyiɣi aɖe nava esime aʋawɔwɔ nazu gbaɖegbenya o? Gake agbagba siwo katã amegbetɔwo dze be yewoatsi aʋawɔwɔ nu la do kpo nu. Ðeko amegbetɔwo ƒe agbagbadzedze enuenu be yewoatsi aʋawɔwɔ nu ƒe kpododonu mawo katã le kpe ɖom Yeremya ƒe nyawo ƒe nyateƒenyenye dzi be: “Yehowa, menyae be, amegbetɔ ƒe mɔ kple ŋutsu ƒe zɔzɔme la menye eya ŋutɔ si me wòle, ne eƒe azɔlime nato mɔ ɖeka o.” (Yeremya 10:23) Ku ɖe nusi wɔ ge Yehowa le ŋu la, Biblia do ŋugbe be enye “amesi tsia aʋawɔwɔwo nu vaseɖe anyigba ƒe mlɔenu ke, eflia dati, eŋea akplɔ, eye wòtɔa dzo tasiaɖamwo!”—Psalmo 46:9, 10.

Ne dukɔwo azã woƒe aʋawɔnu vɔ̃ɖiawo ɖe wo nɔewo ŋu le etsɔme eye wote kpɔ be yewoatsrɔ̃ xexeame la, Amesi wɔ anyigba la aho ɖe wo ŋu—le Harmagedon-ʋa si ŋu Biblia ƒo nu tsoe la me! (Nyaɖeɖefia 11:18) Eyata aʋa sia ana nusi Mawu-vɔ̃la siwo katã nɔ anyi le dzidzimeawo katã me kpɔ mɔ na la nava eme. Aʋli Anyigbatɔ, Yehowa Mawu, ƒe dzedze be wòaɖu eƒe nuwɔwɔwo katã dzi la ta.

Eyata menye nusi ŋu vɔvɔ̃ lee Harmagedon nye na amesiwo lɔ̃a nudzɔdzɔe o. Ke boŋ mɔkpɔkpɔe wònaa wo. Harmagedon-ʋa la aɖe nufitifitiwɔwɔ kple vɔ̃ɖinyenye katã ɖa ahakɔ anyigba la ŋu eye wòaʋu mɔ na dzɔdzɔenyenye xexeme yeye si anɔ Mawu ƒe Mesia-fiaɖuƒea ƒe dziɖuɖu te la ƒe vava. (Yesaya 11:4, 5) Le esi teƒe be Harmagedon nanye afɔku dziŋɔ aɖe si atsrɔ̃ xexeame la, anye ɣeyiɣi dodzidzɔname aɖe ƒe gɔmedzedze boŋ na ame dzɔdzɔe siwo anɔ agbe tegbee le paradisonyigba dzi.—Psalmo 37:29.

[Etenuŋɔŋlɔ]

^ mm. 9 Kpɔ agbalẽ si nye Sidzedze si Kplɔa Ame Yia Agbe Mavɔ Me, si Yehowa Ðasefowo ta, ƒe ta 11.

[Aɖaka/Nɔnɔmetata si le axa 5]

MEGIDO​—KPƆÐEŊU SI SƆ NYUIE

Wotso blema-du si nye Megido ɖe teƒe si sɔ na aʋawɔwɔ, eye wòdze ŋgɔ Yezreel Bali wɔnu la le Israel ƒe dziehekpa dzi. Mɔ vovovo siwo va do go le afima na wònye teƒe vevi aɖe le dukɔwo dome asitsatsa kple aʋawɔwɔ nyawo me. Ale wɔ Megido va zu nyametsoʋawo wɔƒe vevi xɔŋkɔ aɖe. Nufialagã Graham Davies ŋlɔ ɖe eƒe agbalẽ si nye Cities of the Biblical World—Megiddo me bena: “Megido-du la . . . me yiyi le bɔbɔe na asitsalawo kple amesiwo tso dutadukɔ vovovoawo katã me; gake le ɣeyiɣi ma ke me la, ne ŋusẽ ɖo dua ŋu alesi dze la, ate ŋu awɔ mɔ vovovo siwo va do go le afima la ŋudɔ atsɔ akpɔ ŋusẽ ɖe nuwo ƒe zɔɖeɖe nyuie alo woƒe zɔmaɖemaɖe dzi le asitsatsa kple aʋawɔwɔ siaa me. Eyata mewɔ nuku o be dua nye . . . teƒe vevi aɖe si womeƒoa asi o, si wowɔa aʋa ʋlina eye ne wonya xɔe ko la, womeɖea mɔ kura be wòayi ame bubu ƒe asi me o.”

Megido-dua ƒe ŋutinya dze egɔme tso keke gbaɖegbe ʋĩ ke esime Egipte-fia Thutmose III ɖu Kanaan-fiawo dzi le afima. Dua ƒe ŋutinya yi edzi le ƒe alafa vovovoawo me ʋuu va ɖo ƒe 1918 me, esime Britaintɔwo ƒe Aʋafia Edmund Allenby si Turkey-srafowo vevie le afima. Megido kee Mawu na Ʋɔnudrɔ̃la Barak si Kanaantɔwo ƒe Fia Yabin ƒe aʋakɔwo le gbidigbidi. (Ʋɔnudrɔ̃lawo 4:12-24; 5:19, 20) Nuto ma mee Ʋɔnudrɔ̃la Gideon si Midiantɔwo le vevie eteƒe mekɔ o. (Ʋɔnudrɔ̃lawo 7:1-22) Megido kee wowu Fia siwo nye Axazya kple Yosiya hã le.—Fiawo II, 9:27; 23:29, 30.

Eyata Harmagedon yɔyɔ tɔ ɖe nuto ma ŋu sɔ nyuie, elabena enye teƒe si wowɔ nyametsoʋa vevi geɖewo le. Enye teƒe si sɔ nyuie woatsɔ awɔ alesi Mawu ava tsrɔ̃ amesiwo katã tsia tre ɖe eŋu ɖa gbidigbidii la ƒe kpɔɖeŋu.

[Afi Si Míexɔ Mɔɖeɖe Tso]

Pictorial Archive (Near Eastern History) Est.

[Nɔnɔmetata siwo le axa 7]

Le xexeame godoo la, wole nu xlɔ̃m amewo hele mɔnukpɔkpɔ nam wo bene woatsi agbe le Harmagedon me

[Nɔnɔmetata si le axa 7]

Harmagedon anye ɣeyiɣi dodzidzɔname aɖe ƒe gɔmedzedze