Ʋɔnudrɔ̃lawo 5:1-31
5 Debora+ kple Barak,+ Abinoam vi, dzi ha sia gbe ma gbe be:+
2 “Mikafu Yehowa,Elabe wogblẽ taɖa ɖi ʋluya* le Israel,Elabe dukɔ la tsɔ eɖokui na faa!+
3 Mi fiawo, misee; mi dziɖulawo, miƒu to anyi!
Mele ha dzi ge na Yehowa.
Madzi kafukafuha* na Yehowa,+ Israel ƒe Mawu+ la.
4 Yehowa, esi nèdo tso Seir,+Esi nèho tso Edom-nyigba dzi la,Anyigba ʋuʋu, tsi dza tso dziƒowo bababa,Alilikpowo ɖuɖu tsi yoyoyo.
5 Towo lólo* le Yehowa ŋkume,+Sinai kekeake hã lólo le Yehowa,+ Israel ƒe Mawu+ la ŋkume.
6 Le Samgar,+ Anat vi ŋɔli,Le Yael+ ŋɔli la, mɔwo dzi ɖi gbɔlo;Mɔzɔlawo katã toa gbememɔwo.
7 Amewo megale Israel ƒe kɔƒewo me o;Womegali o va se ɖe esime nye, Debora,+ metso,Va se ɖe esime metso abe vidada ene le Israel.+
8 Wotia mawu yeyewo;+Aʋa nɔ agbowo me ɣemaɣi.+
Womekpɔ akpoxɔnu alo akplɔ aɖekeLe ame akpe blaene dome le Israel o.
9 Nye dzi ku ɖe Israel ƒe kplɔlawo ŋu,+Ame siwo tsɔ wo ɖokui na faa yi kple dukɔ la.+
Mikafu Yehowa!
10 Mi ame siwo do tedzinɔ hẽwo,Mi ame siwo bɔbɔ nɔ kuntru nyuiwo dzi,Kple mi ame siwo zɔa mɔ dzi,Mibu eŋu kpɔ!
11 Wose tsikulawo ƒe gbe le lãwo ƒe tsinoƒe;Wole Yehowa ƒe nu dzɔdzɔe wɔwɔwo gblɔm le afi ma,Eƒe ame siwo le Israel kɔƒewo me ƒe nu dzɔdzɔe wɔwɔwo.
Ɣemaɣie Yehowa ƒe amewo ɖi va agboawo nu.
12 Nyɔ, nyɔ, Oo Debora!+
Nyɔ, nyɔ, nàdzi ha!+
Tso, Barak,+ Abinoam vi, nàkplɔ wò aboyomewo adzoe!
13 Eye ame siwo susɔ la ɖi va bubumewo gbɔ;Yehowa ƒe dukɔ la ɖi va gbɔnye ɖe kalẽtɔ la ŋu.
14 Efrayim mee wodzɔ tso, wo ame siwo le bali la me,Wodze yowòme, Oo Benyamin, wole wò amewo dome.
Kplɔlawo ɖi abu tso Makir,+Eye ame siwo si aʋawɔlawo tiala ƒe atikplɔ le* la tso Zebulon.
15 Isakar ƒe amegãwo nɔ Debora ŋu,Ale si Isakar wɔ la, nenemae Barak+ hã wɔ.
Wodɔe wòto afɔ yi bali la me.+
Wodzro dziwo me kpɔ vevie le Ruben ƒe hatsotsowo dome.
16 Nu ka tae nèbɔbɔ nɔ sɔkpa si ŋu kotoku eve le dzi,Hele to ɖom lãkplɔlawo ƒe dze si kum wole na lãhawo?+
Ruben ƒe hatsotsowo de adaŋu vevie.
17 Gilead tsi Yordan godo;+Eye nu ka tae Dan tsi tɔdziʋuwo gbɔ?+
Aser nɔ anyi ɖi ɖe ƒuta,Eye wòtsi eƒe tɔdziʋudzeƒewo.+
18 Zebulon nye dukɔ si tsɔ eƒe agbe* ke ku faa;Naftali hã+ wɔ nenema le gbadzaƒe si le towo dzi.+
19 Fiawo va wɔ aʋa;Kanaan fiawo kpe aʋa+Le Taanak, le Megido-tɔ+ la nu ɣemaɣi.
Womekpɔ klosalo aɖeke ha o.+
20 Ɣletiviwo wɔ aʋa tso dziƒo;Wonɔ woƒe mɔwo dzi kpe aʋa kple Sisera.
21 Kison-tɔʋu* la kplɔ wo dzoe,+Blematɔʋu,* Kison-tɔʋu* la.
Oo nye luʋɔ,* ètu afɔ ŋusẽtɔwo dzi.
22 Ɣemaɣie sɔwo ƒe afɔziwo nɔ ɖiɖim kpitikpitikpiti,Esi eƒe sɔtsuwo nɔ du dzi vevie.+
23 Yehowa ƒe dɔla be: ‘Neɖi Meroz ŋu,‘Ɛ̃, neɖi emenɔlawo ŋu,Elabe womeva kpe ɖe Yehowa ŋu o,Womekplɔ kalẽtɔwo ɖo va kpe ɖe Yehowa ŋu o.’
24 Woyra Yael,+ Kenitɔ Heber+ srɔ̃Geɖe wu le nyɔnuwo dome;Woyrae geɖe wu le nyɔnu agbadɔmenɔlawo dome.
25 Tsie wòbia; ke notsie wònae.
Eku notsi kpekẽ+ ɖe bubumewo ƒe kplu me vɛ.
26 Edo asi ɖa tsɔ tsyoti,Edo nuɖusi ɖa tsɔ dɔwɔla ƒe zu.
Eye wòda zu ɖe Sisera dzi, egbã ta nɛ,Eye wògbã eƒe tonuƒuiwo heŋɔe.+
27 Etsra wɔɔ ɖe eƒe afɔnu; etsi anyigba kpoo;Etsra ɖe eƒe afɔnu, etsi anyigba;Afi si wòtsra ɖo la, afi mae wòku ɖo.
28 Nyɔnu aɖe le nu kpɔm to fesre nu,Sisera dadae nɔ nu kpɔm to adzrala me,‘Nu ka tae eƒe tasiaɖam meva ɖo kpɔ o?
Nu ka tae eƒe tasiaɖamfɔwo ƒe ɖiɖi tsi megbe ale?’+
29 Eƒe nyɔnu bubume siwo dze nunya wu ɖoa eŋu nɛ;Eye eya ŋutɔ hã gblɔna na eɖokui be:
30 ‘Woanya nɔ aboyonu siwo wokpɔ la mam,Nyɔnuvi* ɖeka, nyɔnuvi* eve na aʋawɔla ɖe sia ɖe,Sisera ƒe aboyonu nanye avɔ siwo wode amae, aboyonu la nanye avɔ si wode amae,Kple awu si me wolɔ̃ atsyã ɖo, avɔ si wode amae ɖeka, awu siwo me wolɔ̃ atsyã ɖo eveNa nuhalawo ƒe kɔ.’
31 Oo Yehowa, wò futɔwo katã nu neyi,+Gake na ame siwo lɔ̃a wò la nanɔ abe ɣe si dze le eƒe atsyɔ̃ɖoɖo gã me ene.”
Eye anyigba la kpɔ gbɔdzɔe* ƒe blaene sɔŋ.+
Etenuŋɔŋlɔ
^ Alo, “aʋawɔla siwo gblẽ taɖa ɖi ʋluya.”
^ Alo, “Maƒo ha.”
^ Agate ŋu afia, “ʋuʋu.”
^ Agate ŋu afia, “ame siwo wɔa agbalẽŋlɔla ƒe dɔwɔnu ŋu dɔ.”
^ Alo, “luʋɔ.”
^ Alo, “tɔsisi.”
^ Kpɔ Nya Tɔxɛwo Gɔmeɖeƒea.
^ Alo, “tɔsisi.”
^ Alo, “tɔsisi.”
^ Egɔmeɖeɖe tẽe, “vidzidɔ.”
^ Egɔmeɖeɖe tẽe, “vidzidɔ.”
^ Alo, “ŋutifafa.”