Yeremiya 25:1-38

  • Yehowa tsɔ nya ɖe dukɔwo ŋu (1-38)

    • Dukɔwo asubɔ Babilon ƒe 70 (11)

    • Mawu ƒe dɔmedzoe ƒe wainkplu la (15)

    • Vɔ̃ tso dukɔ gbɔ yi dukɔ gbɔ (32)

    • Ame siwo Yehowa wu (33)

25  Esiae nye gbe si va na Yeremiya ɖe Yuda dukɔ blibo la ŋu le Yuda-fia Yehoyakim,+ Yosiya vi, ƒe ƒe enelia, si nye Babilon-fia Nebukadnezar* ƒe ƒe gbãtɔ me.  Nya si nyagblɔɖila Yeremiya gblɔ le Yuda dukɔ blibo la kple Yerusalem nɔlawo katã ŋue nye esi:  “Yehowa ƒe gbe va nam tso Yuda-fia Yosiya,+ Amon vi ƒe ƒe wuietɔ̃lia me va se ɖe egbe sia, ƒe blaeve vɔ etɔ̃ sɔŋue nye esi mele nuƒoƒo dzi na mi enuenu,* gake miegbe toɖoɖo.+  Yehowa dɔ eƒe subɔla nyagblɔɖilawo katã ɖe mi, edɔa wo enuenu,* ke miegbe toɖoɖo, eye mieƒu to anyi be miasee hã o.+  Wogblɔna na mi be: ‘Mitrɔ dzro, mia dometɔ ɖe sia ɖe netrɔ tso eƒe mɔ vɔ̃ dzi kple eƒe nuwɔna vɔ̃ɖiwo me,+ ne mianɔ anyigba si Yehowa tsɔ na mia kple mia tɔgbuiwo tso gbe aɖe gbe ʋĩi ke be wòanye mia tɔ la dzi eteƒe nadidi.  Migadze mawu bubuwo yome, be miasubɔ wo, ade ta agu na wo ahatsɔ miaƒe asinudɔwɔwɔ ado dziku nam o; ne menye nenema o la, mahe gbegblẽ ava mia dzi.’  “Yehowa be: ‘Ke miegbe toɖoɖom. Mietsɔ miaƒe asinudɔwɔwɔ do dziku nam eye miehe gbegblẽ va mia ɖokuiwo dzi.’+  “Eya ta ale aʋakɔwo ƒe Yehowa gblɔe nye esi, ‘“Esi miegbe toɖoɖo nye nyawo ta la,  madɔ woaɖakplɔ dziehe ƒomeawo katã,+ kple nye subɔvi Babilon-fia Nebukadnezar,*+ eye makplɔ wo ava ƒu anyigba sia+ kple edzinɔlawo kple dukɔ siawo katã siwo ƒo xlã wo;+ matsrɔ̃ wo, eye mana woazu ŋɔdzinu, nu si ŋu woalia aku ɖo, kple aƒedo tegbee,” Yehowa ye gblɔe. 10  “Mana aseyetsotso ƒe ɖiɖi kple dzidzɔɣli,+ ŋugbetɔsrɔ̃ ƒe gbe kple ŋugbetɔ ƒe gbe,+ tétutu ƒe ɖiɖi kple akaɖi ƒe keklẽ nu natsi le wo dome. 11  Anyigba blibo sia azu aƒedo kple ŋɔdzinu, eye dukɔ siawo asubɔ Babilon-fia ƒe blaadre sɔŋ.”’+ 12  “‘Eye ne ƒe blaadre la wu enu+ la, mabia akɔnta* Babilon-fia kple dukɔ ma ɖe woƒe vodada ta,+ mabia akɔnta Kaldeatɔwo ƒe anyigba, eye mana wòazu aƒedo kple gbegbe tegbee,’+ Yehowa ye gblɔe. 13  ‘Mana nye nya siwo katã megblɔ ɖe anyigba sia ŋu, siwo katã woŋlɔ ɖe agbalẽ sia me, siwo Yeremiya gblɔ ɖe dukɔwo katã ŋu la, nava eme ɖe edzi. 14  Elabena dukɔ geɖewo kple fia gãwo+ hã wɔ nye dukɔ kluviwoe,+ eya ta maɖo eteƒe na wo le woƒe nuwɔna kple woƒe asinudɔwɔwɔwo nu.’”+ 15  Elabena ale Yehowa, Israel ƒe Mawu la, gblɔ namee nye esi: “Xɔ dɔmedzoe ƒe wainkplu sia le asinye, eye nàna dukɔ siwo katã gbɔ mele dɔwòm ɖo la nanoe. 16  Woanoe eye woanɔ ya mum sagasaga ahanɔ nu wɔm abe aɖaʋatɔwo ene le yi si maɖo ɖe wo dome la ta.”+ 17  Ale mexɔ kplu la le Yehowa si, eye mena dukɔ siwo katã gbɔ Yehowa dɔm ɖo la noe:+ 18  medze egɔme tso Yerusalem, Yuda duwo+ kple eƒe fiawo kpakple eƒe amegãwo dzi, ne woazu aƒedo, ŋɔdzinu, nu si ŋu woalia aku ɖo kple ɖiŋudonu,+ abe ale si wòle dzɔdzɔ ge kpuie ene; 19  emegbe Egipte-fia Farao, eƒe subɔviwo, eƒe amegãwo kple eƒe dukɔ blibo la,+ 20  kple dukɔ vovovo me tɔ siwo tsaka; Uz-nyigba dzi fiawo katã; Filistitɔwo+ ƒe anyigba dzi fiawo katã, Askelon,+ Gaza, Ekron kple Asdod ƒe ame susɔeawo; 21  Edom,+ Moab+ kple Amonitɔwo;+ 22  Tiro-fiawo katã, Sidon-fiawo+ katã kple ƒukpodzinɔlawo ƒe fiawo; 23  Dedan,+ Tema, Buz kple logloƒlɔlawo katã;+ 24  Arabiatɔwo ƒe fiawo+ katã kple dukɔ vovovo me tɔ siwo tsaka le gbegbe ƒe fiawo katã; 25  Zimri-fiawo katã, Elam-fiawo+ katã kple Media-fiawo katã;+ 26  dziehefiawo katã, esiwo le kpuiƒe kple didiƒe, anoe ɖe wo nɔewo yome, kple anyigbadzifiaɖuƒe bubu siwo katã le anyigba dzi; eye Sesak-fia*+ ŋutɔ hã anoe ɖe wo yome. 27  “Eye nàgblɔ na wo be, ‘Ale aʋakɔwo ƒe Yehowa, Israel ƒe Mawu la, gblɔe nye esi: “Minoe miamu, miɖe xe, eye miadze anyi ale be fɔfɔ naganɔ mia ŋu o,+ le yi si ɖom mele ɖe mia dome la ta.”’ 28  Eye ne wogbe be yewomaxɔ kplu la le asiwò ano o la, ekema gblɔ na wo be, ‘Ale aʋakɔwo ƒe Yehowa gblɔe nye esi: “Mianoe kokoko! 29  Elabena du si ŋu woyɔ nye ŋkɔ ɖo ŋue madze vɔ̃wɔwɔ gɔme ɖo,+ eye miawo ya miatsi tomahemahea?”’+ “‘Miatsi tomahemahee o, elabena mele yi yɔm ɖe anyigbadzinɔlawo katã ŋu,’ aʋakɔwo ƒe Yehowa ye gblɔe. 30  “Ke wò la, gblɔ nya siawo katã ɖi, eye nàgblɔ na wo be:‘Yehowa aɖe gbe tso dziƒo,Eye wòana eƒe gbe naɖi tso eƒe nɔƒe kɔkɔe la. Aɖe gbe ɖe eƒe nɔƒe ŋu. Ado ɣli abe ame siwo le wain fanyam le wainfiãnu me ene,Adzi aʋadziɖuha ɖe anyigbadzinɔlawo katã ŋu.’ 31  ‘Hoowɔwɔ ade anyigba ƒe mlɔenu ke,Elabena Yehowa tsɔ nya ɖe dukɔwo ŋu. Eya ŋutɔ adrɔ̃ ʋɔnu amegbetɔwo* katã.+ Atsɔ ame vɔ̃ɖiwo ade asi na yi,’ Yehowa ye gblɔe. 32  Ale aʋakɔwo ƒe Yehowa gblɔe nye esi: ‘Kpɔ ɖa! Vɔ̃ tso dukɔ gbɔ yi dukɔ gbɔ,+Eye ahom sesẽ aɖe atu tso anyigba ƒe mlɔenuwo.+ 33  “‘Ame siwo Yehowa wu le ŋkeke ma dzi la anɔ anyi tso anyigba ƒe mlɔenu va se ɖe anyigba ƒe mlɔenu. Womafa na wo o, womaƒo wo nu ƒu alo aɖi wo o. Woazu abe aɖu ene le anyigba dzi.’ 34  Mi alẽkplɔlawo, mifa avi sesĩe! Mi lãha la ƒe bubumewo, miƒo togotogoe le ke me,Elabena miaƒe ŋkeke de be woawu mi, eye woaka mi ahlẽ,Mianɔ abe agba xɔasi si ge hegbã ene! 35  Sitsoƒe aɖeke manɔe na alẽkplɔlawo o,Eye lãha la ƒe bubumewo mate ŋu asi o. 36  Mise ɖa! Alẽkplɔlawo ƒe ɣliKple lãha la ƒe bubumewo ƒe avi le ɖiɖim sesĩe,Elabena Yehowa le woƒe lãnyiƒewo gblẽm. 37  Eye agbe megale tomefafateƒewo oLe Yehowa ƒe dziku helĩhelĩ la ta. 38  Egblẽ eƒe nɔƒe ɖi abe dzatatsui* ene,+Elabena woƒe anyigba zu ŋɔdzinuLe yi gblẽnuKple eƒe dziku helĩhelĩ la ta.”

Etenuŋɔŋlɔ

Egɔmeɖeɖe tẽe, “Nebukadrezar,” esia nye ŋkɔ Nebukadnezar ŋɔŋlɔ bubui.
Egɔmeɖeɖe tẽe, “mefɔna ŋdi kanya heƒoa nu na mi.”
Egɔmeɖeɖe tẽe, “efɔna ŋdi kanya hedɔa wo.”
Egɔmeɖeɖe tẽe, “Nebukadrezar,” esia nye ŋkɔ Nebukadnezar ŋɔŋlɔ bubui.
Alo, “mahe to na.”
Ðewohĩ Babel (Babilon) yɔmee wole be Sesak.
Egɔmeɖeɖe tẽe, “ŋutilãwo.”
Alo, “dzatatsui tokɔdza.”