2 Fiawo 23:1-37
23 Eya ta fia la dɔ woyi ɖayɔ Yuda kple Yerusalem ƒe ametsitsiwo katã vɛ.+
2 Emegbe fia la yi Yehowa ƒe aƒe la me, eye Yuda ŋutsuwo, Yerusalem nɔlawo katã, nunɔlawo kple nyagblɔɖilawo—dukɔ blibo la katã, tso ɖeviwo dzi va se ɖe tsitsiawo dzi—le eŋu. Eye wòxlẽ nubabla+ ƒe agbalẽ+ si ŋu woke ɖo le Yehowa ƒe aƒea me+ la me nyawo katã wose.
3 Eye fia la le tsitre ɖe sɔti la gbɔ, eye wòbla nu* le Yehowa ŋkume+ be yeadze Yehowa yome ahalé eƒe sededewo kple eƒe ŋkuɖodzinyawo kpakple eƒe ɖoɖowo me ɖe asi tso dzi blibo kpakple luʋɔ* blibo me, ale be yeawɔ nubabla sia me nya siwo woŋlɔ ɖe agbalẽ sia me la dzi. Eye dukɔ blibo la katã lɔ̃ ɖe nubabla la dzi.+
4 Azɔ fia la de se na nunɔlagã Hilkiya+ kple nunɔla bubuawo kpakple agbonudzɔlawo be, woafɔ nu siwo katã wowɔ na Baal kple Asera*+ la kpakple dziƒonuwo* katã ado goe le Yehowa ƒe gbedoxɔ la me. Eye wòtɔ dzo wo le Yerusalem godo le Kidron-toŋugblewo me helɔ woƒe dzofiawo yi Betel.+
5 Eye wòxɔ dɔ le dutamawuwo ƒe nunɔlawo, ame siwo Yuda-fiawo ɖo, be woado dzudzɔ le nuxeƒe siwo le Yuda duwo kple Yerusalem nutowo me la si, exɔ dɔ le ame siwo doa dzudzɔ na Baal kple ɣe, ɣleti, ɣletivihatsotsowo, kple dziƒonuwo* katã hã si.+
6 Eɖe Asera*+ la hã do goe le Yehowa ƒe aƒe la me yi Kidron-tɔʋu la nu le Yerusalem gbɔto, eye wòtɔ dzoe+ le Kidron-tɔʋu la nu, eye wòtui memie helɔ dzofi la ɖawu ɖe dukɔ la me viwo ƒe yɔdowo dzi.+
7 Azɔ hã, egbã ŋutsu siwo gbɔ ŋutsuwo dɔna le gbedoxɔ me+ ƒe xɔ siwo le Yehowa ƒe aƒe la me, afi si nyɔnuwo lɔ̃a trɔ̃xɔwo ƒe agbadɔvɔ na Asera* le.
8 Ena nunɔlawo katã tso Yuda duwo me va, eye wòdo gu nuxeƒe siwo nunɔlawo doa dzudzɔ le tso Geba+ va se ɖe Beer-Seba.+ Eye wògbã agbonunuxeƒe siwo le dumegã Yosua ƒe agbo nu hã, ne wogbɔna dua me la, ele dugbo la ƒe miame.
9 Nuxeƒe ƒe nunɔlawo mewɔa subɔsubɔdɔ le Yehowa ƒe vɔsamlekpui la dzi le Yerusalem o,+ gake woɖua amɔwɔ maʋamaʋã bolo kple wo nɔviwo.
10 Edo gu Tofet,+ si le Hinom Viwo Ƒe Bali*+ la me, ne ame aɖeke nagatsɔ viaŋutsu alo vianyɔnu ato dzo me na Molek*+ azɔ o.
11 Eye wòkpɔ egbɔ be sɔ siwo ŋu Yuda-fiawo kɔ na ɣe la megatoa fiaŋume Natan-Melek ƒe xɔ,* si le agbonukpatawo me la gbɔ gena ɖe Yehowa ƒe aƒe la me o; eye wòtɔ dzo ɣe+ ƒe tasiaɖamwo.
12 Fia la gbã vɔsamlekpui siwo Yuda-fiawo ɖi ɖe Ahaz ƒe xɔ la tame,+ kple vɔsamlekpui siwo Manase ɖi ɖe Yehowa ƒe aƒe+ la ƒe xɔxɔnu eveawo hã. Egbã wo gudugudu helɔ wo kɔ ɖe Kidron-tɔʋu la me.
13 Eye fia la do gu nuxeƒe siwo dze ŋgɔ Yerusalem, siwo le Gbegblẽto* la ƒe anyiehe,* siwo Israel-fia Salomo tu na Sidontɔwo ƒe mawunɔ nyɔŋu Astoret kple Moab ƒe mawu nyɔŋu Kemos kpakple Amonitɔwo+ ƒe mawu nyɔŋu Milkom.+
14 Egbã trɔ̃sɔtiwo, elã Aseratiwo,*+ eye wòtsɔ ameƒuwo kɔ ɖe wo teƒe.
15 Egbã vɔsamlekpui si le Betel hã, eyae nye nuxeƒe si Yeroboam, Nebat vi, si he Israel de nu vɔ̃ me+ la tu. Esi wògbã vɔsamlekpui ma kple nuxeƒea la, etɔ dzo nuxeƒe la hetui memie, eye wòtɔ dzo Asera*+ la.
16 Esi Yosiya trɔ kpɔ ameɖiƒe siwo le afi ma le to la dzi la, edɔ amewo woyi ɖalɔ ƒuwo tso ameɖiƒeawo, eye wòtɔ dzo wo ɖe vɔsamlekpui la dzi hedo gui le Yehowa ƒe nya la nu, abe ale si Mawu vavã ƒe ame la gblɔe ɖi ene.+
17 Eye wòbia be: “Yɔdokpe kae nye ema kpɔm mele ɖaa?” Eye dua me ŋutsuwo ɖo eŋu nɛ be: “Mawu vavã la ƒe ame, si tso Yuda,+ ame si gblɔ nu siwo nèwɔ ɖe Betel ƒe vɔsamlekpui ŋu la ƒe yɔdoe.”
18 Eye wògblɔ be: “Negbɔ ɖe eme. Ame aɖeke megaɖe fu na eƒe ƒuwo o.” Eya ta woɖe asi le eƒe ƒuwo ŋu kpe ɖe nyagblɔɖila si tso Samaria la ƒe ƒuwo ŋu.+
19 Azɔ hã, Yosiya ɖe nuxeƒexɔ siwo le Samaria duwo me,+ siwo Israel-fiawo tu tsɔ do dziku na Mawu la ɖa, eye wòwɔ wo abe ale si wòwɔ le Betel pɛpɛpɛ ene.+
20 Eya ta ewu nuxeƒe ƒe nunɔla siwo katã le afi ma la ɖe vɔsamlekpuiawo dzi, eye wòtɔ dzo ameƒuwo ɖe wo dzi.+ Emegbe egbugbɔ yi Yerusalem.
21 Azɔ fia la de se na dukɔ blibo la katã be: “Miɖu Ŋutitotoŋkekenyui+ na Yehowa mia Mawu la abe ale si woŋlɔ ɖe nubabla ƒe agbalẽ la me ene.”+
22 Womegaɖu Ŋutitotoŋkekenyui sia tɔgbi kpɔ, tso ʋɔnudrɔ̃la siwo drɔ̃ ʋɔnu na Israel kple Israel-fiawo kpakple Yuda-fiawo ƒe ŋkekeawo me o.+
23 Ke le Fia Yosiya ƒe ƒe wuienyilia me la, woɖu Ŋutitotoŋkekenyui sia na Yehowa le Yerusalem.
24 Gawu la, Yosiya ɖe ŋɔliyɔlawo, nukalawo,+ terafim legbawo,*+ legba nyɔŋuwo* kple ŋunyɔnu siwo katã le Yuda-nyigba dzi kple Yerusalem la ɖa, ne wòawɔ Se+ la me nya siwo woŋlɔ ɖe agbalẽ si nunɔla Hilkiya fɔ le Yehowa ƒe aƒe+ la me dzi.
25 Fia aɖeke menɔ anyi do ŋgɔ nɛ si trɔ ɖe Yehowa ŋu kple eƒe dzi blibo, luʋɔ*+ blibo kple eƒe ŋusẽ blibo le Mose ƒe Se blibo la katã nu de enu o; eye ɖeke hã meva ɖe eyome de enu o.
26 Ke Yehowa meɖe asi le dɔmedzoe gã si wòdo ɖe Yuda ŋu le dzikudonamenu siwo katã Manase na wowɔ tsɔ do dziku nɛ la ŋu o.+
27 Yehowa gblɔ be: “Maɖe Yuda hã ɖa le nye ŋkuta+ abe ale si meɖe Israel ɖa ene;+ eye magbe Yerusalem, du sia si metia kple aƒe sia si ŋu megblɔ le be, ‘Nye ŋkɔ anɔ afi ma’ la.”+
28 Ke Yosiya ŋutinya susɔeawo kple nu siwo katã wòwɔ la, woŋlɔ wo ɖe Yuda-fiawo ƒe ŋutinyagbalẽ me.
29 Le eƒe ŋkekeawo me la, Egipte-fia Farao Neko ho yi Frat-tɔsisi la nu be yeaɖado go Asiria-fia, eye Fia Yosiya ho yi be yeaɖakpe aʋa kplii; gake esi Neko kpɔ Yosiya la, ewui le Megido.+
30 Eya ta eƒe dɔlawo kɔ eƒe kukua ɖe tasiaɖam me tso Megido yi Yerusalem ɖaɖi ɖe eƒe yɔdo me. Eye dukɔ la me tɔwo si ami na Yehoahaz, Yosiya vi, eye wotsɔe ɖo fiae ɖe fofoa teƒe.+
31 Yehoahaz+ xɔ ƒe blaeve vɔ etɔ̃ esime wòzu fia, eye wòɖu fia ɣleti etɔ̃ le Yerusalem. Dadaa ŋkɔe nye Hamutal,+ eye wònye Yeremiya si tso Libna vinyɔnu.
32 Ewɔ nu si nye vɔ̃ le Yehowa ŋkume abe ale si tɔgbuiawo wɔ ene.+
33 Farao Neko+ de gae ɖe Ribla+ le Hamat-nyigba dzi ne wòagaɖu fia le Yerusalem o, eye wòdo fe na dukɔa be woaxe klosalo talento* alafa ɖeka kple sika talento ɖeka.+
34 Eye Farao Neko tsɔ Yosiya vi Eliyakim ɖo fiae ɖe fofoa Yosiya teƒe, eye wòtrɔ ŋkɔ nɛ be Yehoyakim; ke ekplɔ Yehoahaz ya yi Egipte,+ afi si wòku ɖo.+
35 Yehoyakim tsɔ klosalo kple sika la na Farao, gake dukɔ la sie wòxɔ adzɔ le hafi kpɔ klosalo la na abe ale si Farao bia ene. Exɔ klosalo kple sika le dukɔ la me tɔwo si, le adzɔ si woka na ame sia ame ɖe eƒe ŋutete nu la nu, ne wòatsɔ ana Farao Neko.
36 Yehoyakim+ xɔ ƒe blaeve vɔ atɔ̃ esime wòzu fia, eye wòɖu fia ƒe wuiɖekɛ le Yerusalem.+ Dadaa ŋkɔe nye Zebida, eye wònye Pedaya si tso Ruma ƒe vinyɔnu.
37 Ewɔ nu si nye vɔ̃ le Yehowa ŋkume,+ abe ale si tɔgbuiawo wɔ ene.+
Etenuŋɔŋlɔ
^ Alo, “wògbugbɔ bla nu.”
^ Kpɔ Nya Tɔxɛwo Gɔmeɖeƒea.
^ Kpɔ Nya Tɔxɛwo Gɔmeɖeƒea.
^ Alo, “dziƒoʋakɔwo.”
^ Alo, “dziƒoʋakɔwo.”
^ Kpɔ Nya Tɔxɛwo Gɔmeɖeƒea.
^ Kpɔ Nya Tɔxɛwo Gɔmeɖeƒea.
^ Kpɔ Nya Tɔxɛwo Gɔmeɖeƒea, “Gehena.”
^ Alo, “atɔ dzo viaŋutsu alo vianyɔnu na Molek.”
^ Alo, “nuɖuxɔ.”
^ Efia, Amito la, vevietɔ eƒe mlɔenu si le anyiehe gome, si wogayɔna be Vodadato.
^ Egɔmeɖeɖe tẽe, “ɖusime.” Si fia anyiehe ne wodze ŋgɔ ɣedzeƒe.
^ Kpɔ Nya Tɔxɛwo Gɔmeɖeƒea.
^ Kpɔ Nya Tɔxɛwo Gɔmeɖeƒea.
^ Alo, “aƒeliwo.”
^ Ðewohĩ Hebrigbe me nya si wozã le afi sia la do ƒome kple nya si wozãna na “mĩ” eye wozãnɛ na nu si nyɔa ŋu.
^ Kpɔ Nya Tɔxɛwo Gɔmeɖeƒea.
^ Talento ɖeka le kilogram 34.2. Kpɔ Megbenyawo B14.