Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Mawu Ƒe Mɔɖeɖe Ðe Fukpekpe Ŋu Ƒe Nuwuwu Gogo

Mawu Ƒe Mɔɖeɖe Ðe Fukpekpe Ŋu Ƒe Nuwuwu Gogo

Mawu Ƒe Mɔɖeɖe Ðe Fukpekpe Ŋu Ƒe Nuwuwu Gogo

AFISIAFI si nàtrɔ ɖo la, fukpekpe le afima. Ame aɖewo tɔ tso woa ŋutɔwo gbɔ. Wolɔ dɔ le agbegbegblẽnɔnɔ me alo atikevɔ̃ɖizazã, alo ahatsunono alo atamazazã gblẽ nu le wo ŋu. Alo lãmegbegblẽ aɖe fu na wo le numaɖumaɖu ɖe ɖoɖo nyui nu ta. Gake fukpekpea geɖe tsoa nudzɔdzɔ siwo ŋu ame akpa gãtɔ mate ŋu awɔ naneke le o gbɔ: aʋawɔwɔ, gbevovovodolawo ƒe ŋutasẽnuwɔwɔ, nuvlowɔwɔ, hiãkame, dɔtoto, kple dɔléle. Nu vevi bubu aɖe si ŋu amegbetɔ mate ŋu awɔ naneke le o enye fukpekpe si tsoa tsitsi kple ku gbɔ.

Biblia ka ɖe edzi na mí be “Mawu enye lɔlɔ̃.” (Yohanes I, 4:8) Ke nukata lɔlɔ̃ Mawu la ɖe mɔ be fukpekpe siawo yi dzi ƒe alafa geɖe enye sia? Ɣekaɣie wòaɖɔ nuwo ɖo? Hafi míaɖo nya siawo ŋu la, ehiã be míadzro tame si Mawu ɖo ɖe amegbetɔ ŋu la me. Esia akpe ɖe mía ŋu míase nusita Mawu ɖe mɔ ɖe fukpekpe ŋu kple nusi wòava wɔ tso eŋu la gɔme.

Tiatiawɔblɔɖe Nunana La

Esi Mawu wɔ ame gbãtɔ la, menye ŋutilã kple susu koe wòwɔ nɛ o. Gawu la, Mawu mewɔ Adam kple Xawa abe mɔ̃ siwo si susu mele o ene o. Ede tiatiawɔblɔɖe ŋutete wo me. Eye esia nye nunana nyui aɖe, elabena “Mawu kpɔ nusiwo katã wòwɔ la, eye kpɔ ɖa, wonyo ŋutɔ.” (Mose I, 1:31) Ẽ, “eƒe nuwɔwɔ de blibo.” (Mose V, 32:4) Mí katã míekpɔa ŋudzedze ɖe tiatiawɔblɔɖe nunana sia ŋu elabena míedi be woagblɔ nusianu si ŋu míabu alo míawɔ na mí tiatiamawɔmawɔ le ɖeke me o.

Gake ɖe wòle be woawɔ tiatiawɔblɔɖe nunana nyui la ŋudɔ seɖoƒe manɔŋuia? Mawu ƒe Nya ɖo eŋu le mɔfiafia si wona Kristotɔ gbãtɔwo me be: ‘Minɔ abe ablɔɖeviwo ene, gake menye abe amesiwo wɔa ablɔɖenyenye la ŋuti dɔ be wòanye vɔ̃ɖinyenye ƒe nutsyɔnu la ene o, ke boŋ abe Mawu ƒe dɔlawo ene.’ (Petro I, 2:16) Le amesiame ƒe nyonyo ta, ele be seɖoƒe nanɔ eŋu. Eyata ele be se nafia mɔ tiatiawɔblɔɖe la. Ne menye nenema o, ahe tɔtɔ vɛ.

Ameka ƒe See Woazã?

Ameka ƒe see afia afisi wòdze be míazã míaƒe ablɔɖe ase ɖo? Nya sia ŋuɖoɖo nɔ te ɖe susu vevi si ta Mawu ɖe mɔ ɖe fukpekpe ŋu la dzi. Tso esime Mawu wɔ amegbetɔ la, enya se siwo dzi wòle be amegbetɔ nawɔ hena eya ŋutɔ kple ame bubuwo ƒe nyonyo wu amesiame. Ale Biblia gblɔe enye esi: “Nye Yehowa, wò Mawu, enye amesi fia nusi nyo na wò la wò, nyee akplɔ wò to mɔ, si dzi nato la.”—Yesaya 48:17.

Eme kɔ be susu vevi si le nya la me enye si: Womewɔ amegbetɔ be wòanɔ eɖokui si Mawu ƒe mɔfiafia manɔmee o. Ewɔe le mɔ sia nu be eƒe dzidzedzekpɔkpɔ kple dzidzɔkpɔkpɔ nanɔ te ɖe Mawu ƒe se dzɔdzɔeawo dzi wɔwɔ dzi. Mawu ƒe nyagblɔɖila Yeremya gblɔ be: “Yehowa, menyae be, amegbetɔ ƒe mɔ kple ŋutsu ƒe zɔzɔme la menye eya ŋutɔ si me wòle, ne eƒe azɔlime nato mɔ ɖeka o.”—Yeremya 10:23.

Mawu wɔ ameƒomea be wòanɔ yeƒe dzɔdzɔmesewo, abe anyigba ƒe nuheŋusẽ ene, te. Nenema ke wòwɔ amewo be woanɔ yeƒe agbenyuinɔnɔsewo, siwo wòwɔ be wòana nuwo nanɔ ɖoɖo nu le ameƒomea me la te. Eyata susu nyui aɖe tae Mawu ƒe Nya la xlɔ̃ nu mí ɖo be: “Ðo ŋu ɖe Yehowa ŋu tso dzi blibo me, ke megaɖo dzi ɖe wò gɔmesese ŋu o.”—Lododowo 3:5.

Eyata amegbetɔƒomea mate ŋu akpɔ woƒe nyawo gbɔ le wo ɖokui si gbeɖe Mawu ƒe dziɖuɖu manɔmee o. Esi womedi be yewoanɔ eyama te o la, nusi wowɔe nye be woto hadomegbenɔnɔ, ganyawo, dunyahehe, kple subɔsubɔ nuɖoanyi siwo tsi tre ɖe wo nɔewo ŋu vɛ, eye ‘amegbetɔ ɖu fia ɖe nɔvia amegbetɔ dzi hena eƒe dzɔgbevɔ̃e.’—Nyagblɔla 8:9.

Nya Kae Va Dzɔ?

Mawu na agbe si de blibo Adam kple Xawa mía dzila gbãtɔwo le gɔmedzedzea me. Ŋutilã kple susu deblibo nɔ wo si eye paradisobɔ nye woƒe aƒeme. Ne ɖe wobɔbɔ ɖe Mawu ƒe dziɖuɖu te la, anye ne wogakpɔtɔ nye ame deblibowo eye woayi edzi anɔ dzidzɔ kpɔm. Anye ne esi ɣeyiɣiawo va le yiyim la, woava zu amegbetɔƒome kpɔdzidzɔ si de blibo eye wole paradisonyigba dzi la katã dzilawo. Emae nye Mawu ƒe tameɖoɖo na amegbetɔƒomea.—Mose I, 1:27-29; 2:15.

Gake mía dzila gbãtɔawo zã woƒe tiatiawɔblɔɖe la ɖe mɔ gbegblẽ nu. Wobui vodadatɔe be nuwo adze edzi na yewo Mawu manɔmee. Ðe woɖoe da eƒe seawo dzi. (Mose I, ta 3) Esi wogbe eƒe dziɖuɖua ta la, meganye eƒe agbanɔamedzi be wòayi edzi alé wo ɖe te le blibodede me o. ‘Wogblẽ nu le wo ɖokui ŋu, womeganye viawo o, blibomademade la tso woa ŋutɔwo gbɔ.’—Mose V, 32:5.

Tso esime Adam kple Xawa gbe toɖoɖo Mawu ko la, wova nɔ gbɔdzɔgbɔdzɔm le ŋutilã kple susu me. Yehowa gbɔe agbe dzɔ tso. (Psalmo 36:10) Eyata esi atsu kple asi gbãtɔa ɖe wo ɖokui ɖe aga tso Yehowa gbɔ ta la, wova zu ame madeblibowo eye wova ku mlɔeba. (Mose I, 3:19) Abe alesi wòle le domenyinyisewo mee ene la, nusi le dzilawo si koe woƒe dzidzimeviwo hã ate ŋu axɔ tso wo gbɔ. Eye nukae nye ema? Blibomademade kple kue. Eyata apostolo Paulo ŋlɔ be: “To ame ɖeka [Adam] dzi nuvɔ̃ la va xexeame, eye to nuvɔ̃ me ku la va, eye nenema ku la va to amewo katã dzi yi, esi wo katã wɔ nuvɔ̃ ŋuti.”—Romatɔwo 5:12.

Nya Vevi La—Dziɖulanyenyenya La

Esime Adam kple Xawa dze aglã ɖe Mawu ŋu la, wotɔ gbe eƒe dziɖulanyenye, si nye gome si le esi be wòaɖu dzi. Yehowa ate ŋu atsrɔ̃ wo eye wòagbugbɔ nuwo gɔme adze yeyee kple atsu kple asi bubu hafi, gake ewɔwɔ nenema makpɔ amesi ƒe dziɖulanyenye enye dzɔdzɔetɔ kple nyuitɔ kekeake na amewo la gbɔ o. Ne wona ɣeyiɣi amewo be woaɖo woƒe habɔbɔwo anyi ɖe woa ŋutɔwo ƒe aɖaŋu nu la, aɖee afia ɖikekemanɔmee ne woate ŋu aɖu wo ɖokui dzi Mawu manɔmee wòadze edzi loo alo womate ŋui o.

Nukae amegbetɔwo ƒe ƒe akpe geɖe ƒe ŋutinya gblɔ na míi? Le ƒe alafa mawo katã me la, amegbetɔwo te hadomegbenɔnɔ, ganyawo, dunyahehe, kple subɔsubɔ nuɖoanyi ƒomevi vovovowo kpɔ. Gake vɔ̃ɖinyenye kple fukpekpe gakpɔtɔ li. Le nyateƒe me, ‘ame vɔ̃ɖiwo yi dzi vɔ̃ɖitɔe wu,’ vevietɔ le míaƒe ɣeyiɣia me.—Timoteo II, 3:13.

Dzɔdzɔmeŋutinunya kple asitsatsa ƒe dzidzedzekpɔkpɔ ɖo eƒe kɔkɔƒe le ƒe alafa 20 lia me. Gake wokpe fu dziŋɔtɔ kekeake hã le ƒe alafa ma me tsɔ wu ƒe alafa bubu ɖesiaɖe le amegbetɔƒomea ƒe ŋutinya bliboa me. Eye ŋgɔyiyi ka kee woɖakpɔ le atikewɔwɔ me o, Mawu ƒe se la le eteƒe be: esi amegbetɔ ɖe eɖokui ɖa tso Mawu—eƒe agbedzɔtsoƒe—gbɔ la, edzea dɔ, kua amegã, hekuna. Aleke gbegbee woɖo kpe edzi kɔte enye si be amegbetɔ mate ŋu ‘afia mɔ eya ŋutɔ ƒe afɔɖeɖe o’!

Woʋli Mawu ƒe Dziɖulanyenye Ta

Nu wɔnublanui siwo do tso ame ɖokui ɖeɖe ɖa tso Mawu gbɔ me sia ɖee fia zi ɖeka ɖe ɣeyiɣiawo katã nu be amegbetɔ ƒe dziɖuɖu Mawu manɔmee mate ŋu adze edzi gbeɖe o. Mawu ƒe dziɖulanyenye koe ate ŋu ahe dzidzɔkpɔkpɔ, ɖekawɔwɔ, lãmesẽ, kple agbe vɛ. Gawu la, Biblia Kɔkɔe, Yehowa Mawu ƒe Nya si ŋu vodada mele o, ɖee fia be míele amegbetɔ ƒe dziɖuɖu Mawu ƒe asi manɔmee ƒe “ŋkeke mamlɛawo” me. (Timoteo II, 3:1-5) Yehowa ƒe mɔɖeɖe ɖe nusia kple vɔ̃ɖinyenye kpakple fukpekpe ŋu gogo eƒe nuwuwu.

Mawu ade nu amegbetɔwo ƒe nyawo me kpuie. Ŋɔŋlɔawo gblɔ na mí be: “Le fia mawo [amegbetɔ ƒe dziɖuɖu siwo li fifia] ŋɔli la dziƒo ƒe Mawu la aɖo fiaɖuƒe aɖe anyi, [le dziƒo] si matsrɔ̃ gbeɖegbeɖe o, eye eƒe fiaɖuƒe mayi ɖe dukɔ bubu aɖeke si me o [amegbetɔwo magaɖu anyigba dzi akpɔ o]; agbã fiaɖuƒe mawo [dziɖuɖu siwo li egbea] katã, eye wòagblẽ wo, ke eya ŋutɔ anɔ anyi tegbee.”—Daniel 2:44.

Yehowa Mawu ƒe dziɖulanyenye taʋiʋli to Dziƒofiaɖuƒea dzi enye Biblia ƒe tanya. Esiae Yesu tsɔ wɔ eƒe nufiafia vevitɔe. Egblɔ be: “Woaɖe gbeƒã fiaɖuƒeŋutinya nyui sia afia amewo le xexe blibo la katã me, bena wòanye ɖaseɖiɖi na dukɔwo katã, eye ekema nuwuwu aɖo.”—Mateo 24:14.

Ne Mawu ƒe dziɖuɖu xɔ ɖe amegbetɔ ƒe dziɖuɖu teƒe la, amekawoe atsi agbe eye amekawoe matsii o? Woka ɖe edzi na mí le Lododowo 2:21, 22 be: “Nuteƒewɔlawo [amesiwo de Mawu ƒe dziɖuɖu dzi] anɔ anyigba la dzi, eye ame maɖifɔwo asusɔ ɖe edzi; ke woatsrɔ̃ ame vɔ̃ɖiwo [amesiwo mede Mawu ƒe dziɖuɖu dzi o] ɖa le anyigba dzi, eye woaho ame maɖianukwarewo ɖa le edzi.” Hakpala si Mawu ƒe gbɔgbɔ ʋã dzi ha be: “Ekpɔtɔ vie ko ame vɔ̃ɖi la maganɔ anyi o. . . Ke ame ɖihiãwo anyi anyigba la dome, eye dzi adzɔ wo ɖe ŋutifafa gbogbo la ŋuti. Ame dzɔdzɔewo anyi anyigba la dome, eye woanɔ edzi tegbee.”—Psalmo 37:10, 11, 29.

Xexeme Yeye Wɔnuku Aɖe

Le Mawu ƒe Fiaɖuƒe dziɖuɖua te la, woakplɔ amesiwo atsi agbe le fifi nuɖoanyi sia me ayi anyigba si dzi woɖe vɔ̃ɖinyenye kple fukpekpe ɖa le la dzi. Woana mɔfiafia si tso Mawu gbɔ ameƒomea, eye le ɣeyiɣi aɖe megbe la, ‘sidzedze Yehowa axɔ anyigba la dzi, abe alesi tsi yɔ atsiaƒu mee ene.’ (Yesaya 11:9) Nufiafia nyui tuameɖo sia ana amegbetɔƒomea nawɔ ɖeka vavã eye woanɔ ŋutifafa akuakua me. Esia ana be aʋawɔwɔ, amewuwu, ŋutasesẽ, nyɔnuwo gbɔ dɔdɔ sesẽe, fififi, kple nuvlowɔwɔ bubu aɖeke maganɔ anyi o.

Ŋutilãmeviɖe wɔnukuwo ava na amegbetɔ toɖola siwo anɔ Mawu ƒe xexe yeyea me. Woaɖe aglãdzedze ɖe Mawu ƒe dziɖuɖu ŋu me tsonu gbegblẽwo katã ɖa. Blibomademade, dɔléle, amegãkuku, kple ku nu ayi. Biblia ka ɖe edzi na mí be: “Duametɔ aɖeke magblɔ be, yele dɔ lém o.” Gawu la, Ŋɔŋlɔawo do ŋugbe be: “Ekema ŋkuagbãtɔwo ƒe ŋku aʋu, eye tokunɔwo ƒe to aʋu; ekema xɔdrɔ̃wo ati kpo abe zi ene, eye aɖetututɔwo ƒe aɖe atso aseye; elabena tɔ ŋɔ tso gbegbe, eye tɔʋu tso tagba.” (Yesaya 33:24; 35:5, 6) Dzidzɔ ka gbegbe nye si wòanye be woase vivi le lãmesẽ blibo me gbesiagbe—ɖaa tegbee!

Le Mawu ƒe mɔfiafia si me lɔlɔ̃ le te la, anyigba yeye ma dzi nɔlawo azã woƒe ŋusẽ kple ŋutetewo atsɔ awɔ anyigba la katã wòazu paradiso. Hiãkame, dɔwuame, kple aƒemanɔamesikuxiwo nu ayi tegbee, elabena Yesaya gblɔ ɖi be: “Woatu xɔ anɔ eme, eye woade weingble aɖu eme kutsetse. Womatu xɔ ame bubu nanɔ eme o, eye womaƒã nu ame bubu naɖu o.” (Yesaya 65:21, 22) Le nyateƒe me la, “wo dome amesiame abɔbɔ nɔ anyi ɖe eƒe weinka kple eƒe gboti te bɔkɔɔ.”—Mixa 4:4.

Anyigba anyo nu le Mawu kple amegbetɔwo ƒe lɔlɔ̃ beléle ta. Míekpɔ kakaɖedzi sia tso Ŋɔŋlɔawo me be: “Gbegbe kple gbedadaƒo akpɔ dzidzɔ, tagba atso aseye, eye wòaƒo se abe dzogbenya ene, . . . tɔ ŋɔ tso gbegbe, eye tɔʋu tso tagba.” (Yesaya 35:1, 6) “Bli ado kpekpekpe le anyigba dzi kple towo tame.”—Psalmo 72:16.

Ke ame biliɔn siwo ku hã ɖe? Woafɔ amesiwo le Mawu ƒe susu me woagava nɔ agbe, elabena “tsitretsitsi li na ame dzɔdzɔewo kple ame madzɔmadzɔwo siaa.” (Dɔwɔwɔwo 24:15) Ẽ, woagbɔ agbe ame kukuwo. Woafia nyateƒe wɔnuku siwo ku ɖe Mawu ƒe dziɖuɖu ŋu la wo eye woana mɔnukpɔkpɔ wo be woanɔ agbe tegbee le Paradiso me.—Yohanes 5:28, 29.

To mɔ sia dzi la, Yehowa Mawu aɖe nɔnɔme wɔnublanui siwo nye fukpekpe, dɔléle, kple ku siwo ƒe aboyo me ameƒomea le ƒe akpe geɖee nye sia la ɖa. Dɔléle maganɔ anyi o! Nuwɔametɔwo maganɔ anyi o! Ku maganɔ anyi o! “Mawu latutu aɖatsi sia aɖatsi ɖa le woƒe ŋku me, eye ku maganɔ anyi akpɔ o, eye konyifafa kple ɣlidodo kple veve aɖeke maganɔ anyi o; elabena nu gbãtɔwo nu va yi.”—Nyaɖeɖefia 21:3, 4.

Nenemae Mawu aɖe fukpekpe ɖae. Atsrɔ̃ xexe maɖianukware sia eye wòahe nuɖoanyi yeye kura si me “dzɔdzɔenyenye anɔ” la vɛ. (Petro II, 3:13) Nya nyui ka gbegbee nye si! Míehiã xexeme yeye ma vevie. Eye mahiã be míagalala fũ hafi akpɔe o. Míenya to Biblia ƒe nyagblɔɖi me be xexe yeyea tu aƒe eye Mawu ƒe mɔɖeɖe ɖe fukpekpe ŋu gogo eƒe nuwuwu.—Mateo 24:3-14.

[Aɖaka si le axa 8]

Amegbetɔ ƒe Dziɖuɖu ƒe Kpododonu

Germanytɔwo ƒe Dudɔnunɔlawo ƒe tatɔ tsãtɔ Helmut Schmidt gblɔ le amegbetɔ ƒe dziɖuɖu ŋu be: “Mí amegbetɔwo . . . ɖeko míeɖua xexeame dzi afã kple afã ɣesiaɣi, eye zi geɖe la, míeɖua edzi nyuie kura o. . . . Míeɖu edzi le ŋutifafa blibo me kpɔ gbeɖe o.” Agbalẽ si nye Human Development Report 1999 gblɔ be: “Dukɔ ɖesiaɖe ka nya ta tso woƒe hadomegbenɔnɔ ƒe gbegblẽ, dukɔmeviwo ƒe akɔmadzemadzeanyi, nuvlowɔwɔ ƒe dzidziɖedzi, kple aƒeme ŋutasesẽnuwɔwɔ ƒe dzidziɖedzi ŋu. . . . Nu vɔ̃ɖi siwo le ŋɔdzi dom na xexeame katã le dzidzim ɖe edzi wòva le dukɔwo ƒe ŋutetewo ŋu gbɔm le yiyim, eye wole tsɔtsɔm wu alesi dutadukɔwo ate ŋu akpɔ ta nɛ.”

[Nɔnɔmetata si le axa 8]

“Dzi adzɔ wo ɖe ŋutifafa gbogbo la ŋuti.”—Psalmo 37:11

[Nɔnɔmetata Tsoƒe si le axa 5]

Foto etɔ̃lia tso etame, vidada kple via: FAO foto/B. Imevbore; ete, bɔmb ƒe wowó: U.S. National Archives foto