Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Alesi Woatu Ƒome Ðo Be Wòasẽ Ŋu Le Gbɔgbɔ Me

Alesi Woatu Ƒome Ðo Be Wòasẽ Ŋu Le Gbɔgbɔ Me

 Alesi Woatu Ƒome Ðo Be Wòasẽ Ŋu Le Gbɔgbɔ Me

“Minyi wo le [Yehowa ƒe] hehe kple nuxɔxlɔ̃ la me.”—EFESOTƆWO 6:4.

1. Tame kae Mawu ɖo ɖe ƒomea ŋu, gake nukae va dzɔ ɖe eteƒe boŋ?

“MIDZI, ne miasɔ gbɔ, eye miayɔ anyigba la dzi.” (Mose I, 1:28) Yehowa Mawu gblɔ nya mawo na Adam kple Xawa tsɔ ɖo ƒome anyii. (Efesotɔwo 3:14, 15) Atsu kple asi gbãtɔ ma ate ŋu akpɔ anyigba si dzi yɔ kple woƒe dzidzimeviwo—siwo nye wo tɔgbuitɔgbuiyɔvi deblibo siwo le agbe le dzidzɔ me le paradisonyigba dzi eye wotsɔ ɖekawɔwɔ le wo Wɔla Gã la subɔmee—ɖaa le susu me. Gake Adam kple Xawa dze nuvɔ̃ me, eye Mawu-vɔ̃la nudzɔdzɔewɔlawo meva yɔ anyigba la dzi o. (Romatɔwo 5:12) Ðe eteƒe la, nu gblẽ le ƒomegbenɔnɔ ŋu kabakaba, eye fuléle, ŋutasesẽ, kple ‘ame ƒe nya gbɔ malɔ̃malɔ̃’ ye bɔ, vevietɔ le ‘ŋkeke mamlɛ’ siawo me.—Timoteo II, 3:1-5; Mose I, 4:8, 23; 6:5, 11, 12.

2. Ŋutete kae le Adam ƒe dzidzimeviwo si, gake nukae ahiã be woatu ƒomea ɖo be wòasẽ ŋu le gbɔgbɔ me?

2 Mawu ƒe nɔnɔme mee wowɔ Adam kple Xawa ɖo. Togbɔ be Adam va zu nuvɔ̃wɔla fifia hã la, Yehowa ɖe mɔ nɛ be wòadzi vi. (Mose I, 1:27; 5:1-4) Agbenyuinɔnɔ ŋutete le Adam ƒe dzidzimeviwo si abe wo fofoa ene, eye woate ŋu asrɔ̃ vovototo dede nyui kple vɔ̃ dome. Woate ŋu afia alesi woasubɔ wo Wɔla kple alesi woalɔ̃e kple woƒe dzi, luʋɔ, tamesusu, kple ŋusẽ blibo la ƒe vevienyenye wo. (Marko 12:30; Yohanes 4:24; Yakobo  1:27) Tsɔ kpe ɖe eŋu la, woate ŋu ana hehe wo be ‘woawɔ nusi le eteƒe, woalɔ̃ dɔmenyowɔwɔ, eye woabɔbɔ wo ɖokui ɖe anyi ahazɔ le Mawu ŋku me.’ (Mixa 6:8) Gake esi wonye nuvɔ̃wɔlawo ta la, ahiã be woalé fɔ ɖe ƒomea tutuɖo be wòasẽ ŋu le gbɔgbɔ me ŋu vevie.

Ƒle Ɣeyiɣia

3. Aleke dzilawo ate ŋu ‘aƒle ɣeyiɣi’ atsɔ anyi ɖeviwo be woava nye Kristotɔwo?

3 Le ɣeyiɣi sesẽ manyatalenu siawo me la, ele be woatsɔ kutrikuku geɖe atrɔ asi le ɖeviwo ŋu be woava nye ‘Yehowa lɔ̃la’ siwo ‘léa fu vɔ̃’ ŋutɔŋutɔ. (Psalmo 97:10) Dzila nyanuwo ‘aƒle ɣeyiɣia’ be woate ŋu awɔ dɔ sesẽ sia. (Efesotɔwo 5:15-17) Ne dzilae nènye la, aleke nàte ŋu awɔ esiae? Gbã la, nya nusiwo wòle be nàtsɔ ɖo nɔƒe gbãtɔ, ale be nàlé fɔ ɖe ‘nusiwo le vevie wu’ ŋu, hekpe ɖe nufiafia viwòwo kple wo hehe ŋu. (Filipitɔwo 1:10, 11) Evelia, nɔ agbe si le bɔbɔe wu. Ahiã be nàtsri nuwɔna siwo mehiã tututu o la. Alo ahiã be nàɖe asi le nunɔamesi siwo mehiã o evɔ beléle na wo xɔa ɣeyiɣi la ŋu. Esi nènye dzila Kristotɔ ta la, wò agbagbadzedze be yeanyi ɖeviwo woava zu Mawu-vɔ̃lawo mava ve wò gbeɖe o.—Lododowo 29:15, 17.

4. Aleke woana ɖekawɔwɔ nanɔ ƒome mee?

4 Ɣeyiɣi zazã ɖe wo viwo ŋu, vevietɔ ne eku ɖe gbɔgbɔmenyawo ŋu, aɖe vi godoo eye enye mɔ nyuitɔ siwo dzi woato ana ɖekawɔwɔ nanɔ ƒome me la dometɔ ɖeka. Gake mègawɔe ɖewoɖewoe o. Wɔ ɖoɖo ɖe ɣeyiɣi aɖewo ŋu miatsɔ anɔ anyi ɖekae. Esia mefia be mianɔ aƒe ɖeka me ko eye amesiame nanɔ nusi dze eŋu wɔm o. Ðeviwo tsina nyuie le nunyuiwɔwɔ me ne mia ŋutɔwo mieléa ŋku ɖe wo ŋu gbesiagbe. Ehiã be miaɖe lɔlɔ̃ kple ɖetsɔleme afia wo ɣesiaɣi. Hafi srɔ̃tɔwo natso nya me be yewoadzi vi gɔ̃ hã la, ele be woade ŋugble le agbanɔamedzi vevi sia ŋu vevie. (Luka 14:28) Ekema womabu vinyinyi be enye dɔ sesẽ si yewomate ŋu awɔ o. Ke boŋ woabui be enye mɔnukpɔkpɔ si me yayra le.—Mose I, 33:5; Psalmo 127:3.

To Nya Kple Kpɔɖeŋu me Nàfia Nu

5. (a) Nukae woatsɔ dze nufiafia ɖeviwo be woalɔ̃ Yehowa gɔme? (b) Aɖaŋu kae woɖo na dzilawo le Mose V, 6:5-7?

5 Nufiafia viwòwo be woalɔ̃ Yehowa dzea egɔme kple lɔlɔ̃ si le wò ŋutɔ mewò nɛ. Lɔlɔ̃ na Mawu si me sẽ aʋã wò be nàwɔ ɖe eƒe mɔfiamewo katã dzi anukwareɖiɖitɔe. Esia ƒe ɖee nye ɖeviwo nyinyi le ‘Yehowa ƒe hehe kple nuxɔxlɔ̃ me.’ (Efesotɔwo 6:4) Mawu xlɔ̃ nu dzilawo be woaɖo kpɔɖeŋua na wo viwo, woaɖo dze kpli wo, eye woafia nu wo. Mose V, 6:5-7 gblɔ be: “Tsɔ wò dzi blibo kple wò luʋɔ blibo kpakple wò ŋusẽ katã lɔ̃ Yehowa, wò Mawu la. Eye nya, siwo megblɔ na wò egbe la, natsi dzi me na wò. Ku wo ɖe to me na viwòwo, eye naƒo nu le wo ŋu, ne èbɔbɔ nɔ aƒewò me, alo nèle mɔ dzi, ne èmlɔ anyi, alo nèfɔ.” Àte ŋu aku Mawu ƒe sewo ɖe viwòwo ƒe to me to nuxɔxlɔ̃ wo edziedzi kple gbetete ɖe edzi na wo ɣesiaɣi me. Ana be viwòwo nakpɔ lɔlɔ̃ si le mewò na Yehowa la adze sii eye wòakpɔ ŋusẽ ɖe woawo hã dzi be woatu ƒomedodo kplikplikpli ɖo kple eyama.—Lododowo 20:7.

6. Aleke dzilawo ate ŋu awɔ alesi ɖeviwo srɔ̃a ame ƒe kpɔɖeŋui la ŋudɔ?

6 Ðeviwo dina vevie be yewoasrɔ̃ nu. Wote ŋu léa to ɖe nya ŋu heléa ŋku ɖe nu ŋu vevie eye wote ŋu srɔ̃a wò kpɔɖeŋu kabakaba. Ne wokpɔe be mètsia dzi ɖe ŋutilãmenuwo ŋu vivivo o la, ekpena ɖe wo ŋu be woasrɔ̃ alesi woawɔ ɖe Yesu ƒe aɖaŋuɖoɖo dzii. Èle wo fiam be mele be woatsi dzimaɖi ɖe ŋutilãmenuwo ŋu o ke be ‘woadi Mawu fiaɖuƒe la gbãgbiagbã’ boŋ. (Mateo 6:25-33) Ne mieɖoa dze nyui tuameɖowo tso Biblia me nyateƒea, Mawu ƒe hamea, kple hamemegã siwo woɖo ŋu la, ke miele mia viwo fiam be woade bubu Yehowa ŋu eye woade asixɔxɔ eƒe gbɔgbɔ me mɔnuɖoɖowo ŋu. Esi wònye ɖeviwo te ŋu dea dzesii ne dzilawo ƒe nuwɔna to vovo tso nusi gblɔm wole gbɔ kaba ta la, ele be agbenɔnɔ kple nuwɔna si aɖee fia be mia ŋutɔwo miekpɔa ŋudzedze deto ɖe gbɔgbɔmenuwo  ŋu naɖo kpe nufiame si mienana kple nu dzi. Yayra ka gbegbee nye si wòanye ne dzilawo kpɔe be kpɔɖeŋu nyui si yewoɖo wɔe be yewo viwo tsɔ woƒe dzi blibo lɔ̃ Yehowae!—Lododowo 23:24, 25.

7, 8. Kpɔɖeŋu kae ɖe asixɔxɔ si le hehenana ɖeviwo tso ɖevime ŋu fia, eye amekae wòle be woatsɔ kafukafua na ne ekpɔ dzidzedze?

7 Míate ŋu akpɔ asixɔxɔ si le hehenana ɖeviwo tso ɖevime me ŋu ƒe kpɔɖeŋu aɖe le Venezuela. (Timoteo II, 3:15) Eku ɖe ɖekakpui kple ɖetugbi srɔ̃tɔ aɖe siwo ŋkɔe nye Félix kple Mayerlín ŋu. Subɔla mɔɖelawoe wonye. Esi wodzi wo vi Felito la, wodi vevie be yewoawɔ yewoƒe ŋutete ɖesiaɖe anyii wòava zu Yehowa subɔla vavã. Mayerlín dze egɔme nɔ agbalẽ si nye Nye Agbalẽ Si Nye Biblia-Ŋutinyawo, si Yehowa Ðasefowo ta la, xlẽm na Felito. Edze abe Felito te dzesidede Mose kple ame bubu siwo ƒe nɔnɔmetata dze le agbalẽ sia me tso eƒe vidzĩ me ke ene.

8 Esi Felito kpɔtɔ nye ɖevi dzaa la, ete ɖaseɖiɖi na amewo le eɖokui si. Eƒe didi be yeava zu Fiaɖuƒegbeƒãɖela la va eme nɛ eye wòva xɔ nyɔnyrɔ emegbe. Le ɣeyiɣi aɖe megbe la, Felito va zu gbesiagbe mɔɖela. Edzilawo gblɔ be: “Esi míekpɔ ŋgɔyiyi si wɔm mía viŋutsua nɔ la, míedaa akpe na Yehowa ɖe mɔfiame si wòna mí la ta.”

Kpe Ðe Ðeviwo Ŋu Woatsi le Gbɔgbɔ Me

9. Nukata wòle be míada akpe ɖe gbɔgbɔmenufiame si míexɔna tso dɔla nuteƒewɔla kple aɖaŋudzela ƒe habɔbɔa gbɔ la ta?

9 Magazine geɖewo, agbalẽ alafa nanewo, kple Internet dzi Nyatakakadzraɖoƒe akpe nanewo li siwo naa ɖeviwo hehe ŋuti ɖaŋuɖoɖo. Newsweek ƒe tata tɔxɛ aɖe si ku ɖe ɖeviwo ŋu gblɔ be zi geɖe la, “nyatakakaawo tsia tre ɖe wo nɔewo ŋu. Esi gatɔtɔa ame wu gɔ̃ hãe nye ne nyatakaka si nèsusu be kakaɖedzi le eŋu va trɔ zu nyatakaka gbegblẽ kura.” Aleke gbegbe míada akpee nye si be Yehowa na nyatakaka geɖe si afia mɔ ƒomewo ahatu wo ɖo le gbɔgbɔ me! Ðe miewɔa mɔnuɖoɖo siwo katã wòna to dɔla nuteƒewɔla kple aɖaŋudzela habɔbɔa dzi la ŋudɔ bliboea?—Mateo 24:45-47.

10. Aleke ƒome Biblia nusɔsrɔ̃ si ɖea kpe aɖe vi na dzilawo kple ɖeviwo siaae?

10 Nuhiahiã vevi ɖekae nye ƒome Biblia nusɔsrɔ̃ si sɔ ɖe nɔnɔmewo nu wɔwɔ edziedzi le nɔnɔme si me amesiame ɖe dzi ɖi le. Ebia dzadzraɖo nyuie be woana nufiame nanɔ eme, wòavivi, eye wòade dzi ƒo. Ne dzilawo bia nya vovovowo wo viwo la, woate ŋu anya nusi le woƒe dzi kple susu me. Mɔ siwo dzi woato anya ne ƒomenusɔsrɔ̃a le kpe ɖem dometɔ ɖekae nye be woakpɔe ɖa be ƒomea me tɔ ɖesiaɖe kpɔa mɔ na nusɔsrɔ̃a hã.

11. (a) Taɖodzinu kawoe dzilawo ate ŋu akpe ɖe wo viwo ŋu woaɖo? (b) Nukae do tso eme esi nyɔnuvi Japantɔ aɖe wɔ eƒe taɖodzinu dzi?

11 Nenema ke Ŋɔŋlɔawo me taɖodzinuwo hã wɔa akpa aɖe le ƒome ƒe sesẽ le gbɔgbɔ me me, eye ele be dzilawo nakpe ɖe wo viwo ŋu woaɖo taɖodzinu siawo. Taɖodzinu siwo sɔ dometɔ aɖewoe nye Biblia xexlẽ gbesiagbe, nyanyuigbeƒãɖela si ɖea gbeƒã ɖaa zuzu, kple ŋgɔyiyi wɔwɔ aɖo adzɔgbeɖeɖe kple nyɔnyrɔxɔxɔ gbɔ. Taɖodzinu bubuwo ate ŋu anye ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔsubɔdɔa wɔwɔ anye mɔɖela, subɔsubɔ le Betel, alo anye dutanyanyuigblɔla. Esi nyɔnuvi Japantɔ aɖe si ŋkɔe nye Ayumi nɔ gɔmedzesuku la, eɖoe eƒe taɖodzinui be yeaɖe gbeƒã na amesiame si le yeƒe klass. Be wòanyɔ eƒe nufiala kple sukuxɔmehatiwo ƒe ɖetsɔleme la, ebia mɔ be yeatsɔ Biblia-srɔ̃gbalẽ vovovowo ada ɖe agbalẽdzraɖoƒea. Esia wɔe be ewɔ Biblia-nusɔsrɔ̃ 13 le ƒe ade siwo wònɔ gɔmedzesukua me la me. Biblia-nusrɔ̃vi mawo dometɔ ɖeka kple nusrɔ̃via ƒe ƒometɔ bubuwo va zu Kristotɔ xɔnyɔnyrɔwo.

12. Aleke ɖeviwo awɔ akpɔ viɖe gãtɔ kekeake tso Kristotɔwo ƒe kpekpewo me?

12 Nu vevi bubu si ana woasẽ ŋu le gbɔgbɔ me enye kpekpewo dede edziedzi. Apostolo  Paulo xlɔ̃ nu haxɔsetɔwo be ‘woagagblẽ woƒe ƒuƒoƒewo ɖi, abe alesi ame aɖewo wɔna ene o.’ Migana ema nava zu numame na mí o, elabena ɖeviwo kple tsitsiawo siaa kpɔa viɖe geɖe le Kristotɔwo ƒe kpekpewo me nɔnɔ edziedzi me. (Hebritɔwo 10:24, 25; Mose V, 31:12) Ele be woafia ɖeviwo be woaɖo to ase nyawo nyuie. Dzadzraɖo ɖe kpekpewo ŋu hã le vevie, elabena ame kpɔa viɖe gãtɔ kekeake ne ekpɔa gome le nyaŋuɖoɖo me edziedzi. Togbɔ be ɖevi sue ate ŋu agblɔ nya ɖeka eve aɖewo alo axlẽ memamaa ƒe akpa sue aɖe atsɔ dze nyaŋuɖoɖo gɔmee hã la, viɖe anɔ eme wu ne wona hehe ɖeviwo be woadi ŋuɖoɖoawo ahagblɔ wo le woa ŋutɔwo ƒe nyagbewo me. Ðe mi dzilawo ŋutɔ mieɖoa nya ŋu nyuie edziedzi tsɔ ɖoa kpɔɖeŋui na woa? Enyo hã be Biblia, hadzigbalẽ, kple agbalẽ si wotsɔ le Ŋɔŋlɔa me dzromee nanɔ ƒomea me tɔ ɖesiaɖe si.

13, 14. (a) Nukatae wòle be dzilawo nawɔ dɔ kple wo viwo le gbeadzisubɔsubɔdɔa me? (b) Nukae ana gbeadzisubɔsubɔdɔa naɖe vi eye dzidzɔ nanɔ eme na ɖeviwo?

13 Dzila nyanuwo afia mɔ wo viwo be woazã woƒe ɖekakpui me ŋusẽ ɖe Yehowa subɔsubɔ ŋu, eye woakpe ɖe wo ŋu be woana gbeƒãɖeɖe naxɔ nɔƒe vevi aɖe le woƒe agbe me. (Hebritɔwo 13:15) Ne dzilawo wɔa dɔ kple wo viwo le gbeadzisubɔsubɔdɔa me koe kakaɖedzi ate ŋu anɔ wo si be yewo viwo xɔ hehe si hiã be woava zu subɔla siwo “mehiã be, ŋu nakpee o, kpakple amesi mã nyateƒenya la me pɛpɛpɛ ene.” (Timoteo II, 2:15) Ekema wò hã ɖe? Ne dzilae nènye la, ɖe nèkpena ɖe viwòwo ŋu be woadzra ɖo ɖe gbeadzisubɔsubɔdɔa ŋua? Ewɔwɔ  alea ana be dzidzɔ nanɔ gbeadzisubɔsubɔdɔa wɔwɔ me na wo, viɖe nanɔ eŋu, eye wòatse ku.

14 Nukatae viɖe le eme ne dzilawo kple wo viwo wɔ dɔ ɖekae le gbeadzisubɔsubɔdɔa me? To mɔ sia nu la, ɖeviwo ate ŋu ade dzesi wo dzilawo ƒe kpɔɖeŋu nyuiwo ahasrɔ̃ wo. Le ɣeyiɣi ma ke me la, dzilawo ate ŋu alé ŋku ɖe wo viwo ƒe nɔnɔme, nuwɔna, kple ŋutete ŋu. Kpɔ egbɔ be yekplɔ ye viwo ɖe asi le gbeadzisubɔsubɔdɔa ƒe akpa vovovoawo wɔwɔ me. Ne anya wɔ la, na gbeadzidekplo nanɔ ɖeviawo dometɔ ɖesiaɖe si, eye nàfia alesi woalé be nɛ wòanɔ dzadzɛ la wo. To hehenana ɖeviawo edziedzi kple dzidede ƒo na wo me la, asixɔxɔ vavãtɔ dede subɔsubɔdɔa ŋu ava su wo si, eye woakpɔ gbeƒãɖeɖedɔa be enye mɔ si dzi yewoato aɖe lɔlɔ̃ afia Mawu kple yewo havi.—Mateo 22:37-39; 28:19, 20.

Lé Gbɔgbɔmemenyenye Me Ðe Asi

15. Esi wònye ƒomea ƒe gbɔgbɔmemenyenye me léle ɖe asi le vevie ŋutɔ ta la, mɔ siwo dzi woato alé eme ɖe asi dometɔ aɖewo ɖe?

15 Ƒomea ƒe gbɔgbɔmemenyenye me léle ɖe asi le vevie. (Psalmo 119:93) Mɔ siwo dzi  woawɔ esia toe dometɔ ɖekae nye gbɔgbɔmenuwo me dzodzro kple wò ƒomea le mɔnukpɔkpɔ ɖesiaɖe me. Miedzroa ŋkekea ƒe mawunyakpukpuia me kpli woa? Èlɔ̃a wò gbeadzisubɔsubɔdɔa me nuteƒekpɔkpɔwo alo Gbetakpɔxɔ kple Nyɔ! yeyewo me nyatiwo gbɔgblɔ na wo ne ‘miele mɔ dzia’? Èɖoa ŋku edzi daa akpe na Yehowa le gbedodoɖa me ɖe agbe si wònaa wò ŋkeke sia ŋkeke eye ɖe eƒe nunana gbogboawo ta “ne èmlɔ anyi, alo [nèfɔa]”? (Mose V, 6:6-9) Ne lɔlɔ̃ na Mawu dze le nusianu si miewɔna me mia viwo kpɔ la, akpe ɖe wo ŋu woawɔ nyateƒea wo tɔe.

16. Vi kae wòaɖe ne wode dzi ƒo na ɖeviwo be woawɔ numekuku le wo ɖokui si?

16 Ɣeaɖewoɣi la, ahiã be woafia mɔ ɖeviwo be woate ŋu akpɔ kuxi alo nɔnɔme siwo do mo ɖa gbɔ dzidzedzetɔe. Le esi teƒe be miagblɔ nusi wòle be woawɔ na wo ɣesiaɣi la, nukatae miafia wo alesi woanya Mawu ƒe nukpɔsusu le nyawo ŋu to dzidede ƒo na wo be woawɔ numekuku le wo ɖokui si me o? Ðeviwo fiafia be woazã dɔwɔnu kple agbalẽ siwo katã ‘dɔla nuteƒewɔla’ la na akpe ɖe wo ŋu woatu ƒomedodo kplikplikpli kple Yehowa ɖo. (Samuel I, 2:21b) Eye ne wogblɔa viɖe siwo wokpɔ le Biblia me numekuku siwo wowɔ me na aƒeame tɔ bubuwo la, ƒomea gakpɔa gbɔgbɔmetutuɖo ɖe edzi.

Ðo Ŋu Ðe Yehowa Ŋu Bliboe

17. Nukatae mele be dzi naɖe le dzilaɖekɛwo ƒo le wo viwo nyinyi be woava zu Kristotɔwo me o?

17 Ke dzilaɖekɛƒomewo ya ɖe? Ƒome siawo dzea ŋgɔ gbetɔame bubuwo le ɖeviwo nyinyi me. Gake dzi megaɖe le mi, dzilaɖekɛwo, ƒo o! Miate ŋu akpɔ dzidzedze, abe alesi dzilaɖekɛ geɖe siwo ɖo ŋu ɖe Mawu ŋu, tsɔ eƒe aɖaŋuɖoɖo wɔ dɔe toɖoɖotɔe, eye wonyi wo viwo wova nye ɖevi ɖɔʋu siwo sẽ ŋu le gbɔgbɔ me la ɖee fiae ene. (Lododowo 22:6) Gake ehiã be Kristotɔ siwo nye dzilaɖekɛwo naɖo ŋu ɖe Yehowa ŋu bliboe. Ele be woaxɔe ase be akpe ɖe yewo ŋu.—Psalmo 121:1-3.

18. Ðeviwo ƒe susu kple ŋutilã me nuhiahiã kawo ŋue wòle be dzilawo nalé ŋku ɖo, gake nukae wòle be wòanye vevitɔ?

18 Dzila nyanuwo dzea sii be ‘nukoɣi li eye ɣeɖuɣi li.’ (Nyagblɔla 3:1, 4) Ðiɖiɖeme kple modzakaɖeɖe tuameɖo si da sɔ nye nu vevi aɖe le ɖevi ƒe susu kple ŋutilã tutuɖo me. Hadzidzi tuameɖo kple vevietɔ kafukafuhawo dzidzi na Mawu akpe ɖe ɖevi ŋu wòatu nɔnɔme nyui si ate ŋu awɔ akpa vevi aɖe le ŋusẽdodo woa kple Yehowa dome ƒomedodo me la ɖo. (Kolosetɔwo 3:16) Sɔhɛmenɔɣi hã nye ɣeyiɣi si me woadzra ame ɖokui ɖo le ava nye ame tsitsi si vɔ̃a Mawu, ale be woate ŋu ayi edzi ase vivi na agbe nɔnɔ tegbetegbe le paradisonyigba dzi.—Galatiatɔwo 6:8.

19. Nukatae kakaɖedzi ate ŋu anɔ dzilawo si be Yehowa ayra ɖe agbagba siwo dzem yewole be yewoanyi yewo viwo la dzi?

19 Enye Yehowa ƒe didi be Kristotɔwo ƒe ƒomewo katã nayi edzi anye ƒome wɔɖeka siwo sẽ ŋu le gbɔgbɔ me. Ne míelɔ̃ Mawu nyateƒe eye míewɔ míaƒe ŋutete ɖesiaɖe be míaɖo to eƒe Nya la, ayra ɖe míaƒe agbagbadzedzewo dzi eye wòado ŋusẽ mí alesi dze be míate ŋu awɔ ɖe eƒe mɔfiafia si tso gbɔgbɔ me la dzi. (Yesaya 48:17; Filipitɔwo 4:13) Miɖo ŋku edzi be seɖoƒe li na mɔnukpɔkpɔ si le mia si fifia be miafia nu mia viwo ahana hehe wo eye magava ake o. Miwɔ miaƒe ŋutete ɖesiaɖe miatsɔ Mawu ƒe Nya ƒe aɖaŋuɖoɖo wɔ dɔe, eye Yehowa ayra ɖe miaƒe agbagbadzedze be miatu ƒomea ɖo wòasẽ ŋu le gbɔgbɔ me la dzi.

Nukae Míesrɔ̃?

• Nukatae ɣeyiɣi ƒeƒle le vevie ŋutɔ le ɖeviwo hehe gome?

• Nukatae dzilawo ƒe kpɔɖeŋu nyui ɖoɖo hiã?

• Mɔ vevi siwo dzi woakpe ɖe ɖeviwo ŋu le woatsi le gbɔgbɔ me dometɔ aɖewo ɖe?

• Aleke woawɔ alé ƒome ƒe gbɔgbɔmemenyenye me ɖe asi?

[Biabiawo]

[Nɔnɔmetata siwo le axa 24]

Ƒome siwo sẽ ŋu le gbɔgbɔ me la srɔ̃a Mawu ƒe Nya edziedzi, dea Kristotɔwo ƒe kpekpewo, eye wokpɔa gome le gbeadzisubɔsubɔdɔa me ɖekae