Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

‘Mikpɔ Ða! Ameha Gã la Enye Esi!’

‘Mikpɔ Ða! Ameha Gã la Enye Esi!’

 Minɔ Tsitre Bliboe, Miakpɔ Kakaɖedzi Sẽŋu

‘Mikpɔ Ða! Ameha Gã la Enye Esi!’

ENYE nyabiabia aɖe si nɔ tame blum na Yehowa subɔlawo ƒe bla nanewo. Wodze agbagba ɖesiaɖe ɣeyiɣi didi aɖe be woadi eƒe ŋuɖoɖo le Ŋɔŋlɔawo me. Nya ma na wowɔ numedzodzro geɖe ŋutɔ. Gake wova ke ɖe Biblia me ŋuɖoɖoa ŋu, eye ede dzo yeye nyasela siwo nɔ takpekpe aɖe si wowɔ le Washington, D.C., le ƒe 1935 me la me.

Nyabiase nyanyɛ aɖee he numedzodzroa vɛ: Amekawoe nye “ameha gã” si ƒe nya wogblɔ le Nyaɖeɖefia 7:9? Ðe xɔsetɔwo ƒe ƒuƒoƒo sia anɔ dziƒoa?

Biabia sia Fɔ Ðe Te Ɣeyiɣi Didi Aɖe

Tso apostolo Yohanes ŋɔli va ɖo míaƒe ɣeyiɣia me la, esesẽ na Kristotɔwo be woanya amesiwo “ameha gã” la nye. Biblia Nusrɔ̃viwo bu amesiawo be wonye dziƒoyilawo ƒe hatsotso si bɔbɔ ɖe anyi wu, be wonye ƒuƒoƒo si me tɔwo se Biblia me nyateƒea gɔme gake wɔ dɔ ʋɛ aɖe ko le gbeƒãɖeɖe tso eŋu me.

Gake Kristotɔ amesiaminawo ƒe zɔhɛ aɖewo nɔ anyi siwo va tsɔ ɖe le gbeƒãɖeɖedɔa me dzonɔamemetɔe ale gbegbe. Dziƒoyiyi ƒe didi sẽŋu aɖeke menɔ amesiawo me o. Le nyateƒe me la, woƒe didi wɔ ɖeka kple dutoƒonuƒo aɖe si Yehowa ƒe amewo ƒo tso ƒe 1918 vaseɖe 1922 me si ƒe tanyae nye “Ame Miliɔn Geɖe Siwo Le Agbe Fifia Maku Akpɔ O.” Woatsɔ agbe mavɔ nɔnɔ le anyigba dzi ayra amesiawo dometɔ ɖesiaɖee.

October 15, 1923, ƒe Eŋlisigbe me Gbetakpɔxɔ dzro Yesu ƒe lododo si ku ɖe alẽwo kple gbɔ̃wo ŋuti me eye wògblɔ be: “Alẽwo tsi tre ɖi na dukɔwo me tɔwo, siwo womedzi kple gbɔgbɔ kɔkɔe o gake wolɔ̃a dzɔdzɔenyenye, amesiwo xɔ Yesu Kristo dzi se le woƒe dzi me be enye Aƒetɔ eye wole mɔ kpɔm na nɔnɔme nyui siwo eƒe dziɖuɖua ahe vɛ.”—Mateo 25:31-46.

Kekelia me Gakɔ ɖe Edzi

Le ƒe 1931 me la, Vindication ƒe Agbalẽ Gbãtɔ dzro Xezekiel ta 9 me heɖee fia be amesiwo ƒe ŋgonu wode dzesii be woatsi agbe le xexeame ƒe nuwuwu lae nye alẽawo le Yesu ƒe lododoa me. Vindication ƒe Agbalẽ Etɔ̃lia (si wota le 1932 me), ƒo nu tso dzi dzɔdzɔe si nɔ Yonadab si menye Israel-vi o, amesi ɖo Israel-fia Yehu si wosi ami na ƒe tasiaɖam la heyi kplii ɖakpɔ Yehu ƒe veviedodo le alakpamawusubɔlawo tsɔtsrɔ̃ me teƒe si la ŋu. (Fiawo II, 10:15-28) Agbalẽa gblɔ be: “Yonadab tsi tre ɖi na, alo nye vɔvɔli na, amewo ƒe hatsotso si le anyigba dzi fifia, siwo mewɔ ɖeka kple Satana ƒe habɔbɔa o, amesiwo le dzɔdzɔenyenye ƒe akpa dzi, eye wonye amesiwo Aƒetɔ la axɔ ɖe agbe ne Harmagedon va, eye wòakplɔ wo to xaxa ma me ahana agbe mavɔ wo le anyigba dzi la. Amesiawoe nye ‘alẽwo’ ƒe ha la.”

Le ƒe 1934 me la, Gbetakpɔxɔ kɔ eme kɔte be ele be Kristotɔ siawo siwo si anyigba dzi nɔnɔ ƒe mɔkpɔkpɔ le la naɖe adzɔgbe na Yehowa eye woaxɔ nyɔnyrɔ. Kekelia me nɔ kɔkɔm ɖe edzi le amesiwo anyigba dzi habɔbɔ sia nye la ŋu.—Lododowo 4:18.

Gɔmesese ƒe Kekeli Gã Aɖe

Ɣeyiɣia de azɔ be gɔmesese si le Nyaɖeɖefia 7:9-17 ŋu nadze eme nakɔ keŋkeŋ. (Psalmo 97:11) Gbetakpɔxɔ la gblɔ be yewonɔ mɔ kpɔm be takpekpe si woɖo be woawɔ le May 30 vaseɖe June 3, 1935, le Washington, D.C., U.S.A., la anye “akɔfafa ŋutɔŋutɔ kple viɖe gã aɖe” na amesiwo Yonadab tsi tre ɖi na la. Eye nenema tututue wòva emee!

 Le nuƒo ʋãme si ku ɖe “Ameha Gã La” ŋu si J. F. Rutherford ƒo na takpekpevala siwo ade 20,000 me la, eɖe Ŋɔŋlɔawo me kpeɖodzi si fia be egbegbe ‘alẽ bubuawo’ kee nye Nyaɖeɖefia 7:9 me “ameha gã” la ɖe go. (Yohanes 10:16) Le nuƒo sia ƒe nuwuwu la, nuƒola la bia be: “Taflatse amesiwo katã si agbe mavɔ nɔnɔ le anyigba dzi ƒe mɔkpɔkpɔ le la natsi tre.” Esi nyaselawo dometɔ geɖe tsi tre la, Rutherford gblɔ be: “Mikpɔ ɖa! Ameha gã la enye esi!” Ðoɖoe zi toŋtoŋ, eye azɔ wodo aseyetsoɣli sesĩe. Eƒe ŋufɔke la, Yehowa ƒe Ðasefo 840 yeyewo xɔ nyɔnyrɔ, eye amesiawo dometɔ akpa gãtɔ gblɔ be ameha gã la me tɔwoe yewonye.

Dodo Ðedzesi Aɖe

Do ŋgɔ na ƒe 1935 la, ame agbɔsɔsɔme si nɔ dzidzim ɖe edzi siwo xɔ Biblia ƒe gbedasia eye wotsɔ dzonɔameme wɔ ɖaseɖiɖidɔae ɖee fia be enye yewoƒe didi be yewoanɔ agbe tegbee le Paradisonyigba dzi. Dziƒoyiyi medzro wo o, elabena Mawu mena dziƒogbenɔnɔ mɔkpɔkpɔ ma wo o. Wo ɖokui ɖeɖefia le ƒe 1935 me be yewonye alẽ bubuawo ƒe ameha gã la ɖee fia be Kristotɔ amesiamina 144,000 la tiatia wu enu vɔ keŋkeŋ kloe.—Nyaɖeɖefia 7:4.

Esi Xexemeʋa II fe ati la, Satana Abosam dze agbagba vevie be yeatsi ameha gã la nuƒoƒoƒu nu. Woxe mɔ ɖe Fiaɖuƒegbeƒãɖeɖedɔa nu le dukɔ geɖewo me. J. F. Rutherford gblɔ le ɣeyiɣi doblukɔ mawo me, ɣeyiɣi kpui aɖe do ŋgɔ na eƒe ku le January 1942 me be: “Ðeko wòwɔ abe ɖe ameha gã la megbɔna agbɔ sɔ ge boo o ene.”

Gake Mawu ƒe yayra na be nusi to vovo na ema va dzɔ. Esi amesiaminawo kple woƒe zɔhɛwo ‘nɔ tsitre bliboe eye wokpɔ kakaɖedzi sẽŋu’ ta la, wote ŋu yi edzi le nusrɔ̃lawo wɔwɔ dɔa wɔm. (Kolosetɔwo 4:12; Mateo 24:14; 28:19, 20) Va ɖo ƒe 1946 me la, Yehowa Ðasefo siwo nɔ gbeƒã ɖem le xexeame katã la ɖo ame 176,456—woƒe akpa gãtɔ nye ameha gã la me tɔwo. Le ƒe 2000 me la, Ðasefo siwo sɔ gbɔ wu 6,000,000 ye nɔ Yehowa subɔm nuteƒewɔwɔtɔe le dukɔ 235 me—wonye ameha gã aɖe vavã! Eye dzidzim ɖe edzi koe wole.