Dzo kpo yi emenuwo dzi

SƆHƐWO BIANA BE

Aleke Mawɔ Nye Ɣeyiɣi Ŋu Dɔ Nyuie?

Aleke Mawɔ Nye Ɣeyiɣi Ŋu Dɔ Nyuie?

 Nu ka tae wòle be nàwɔ wò ɣeyiɣi ŋu dɔ nyuie?

  • Ɣeyiɣi le abe ga ene. Ne mèzãe nyuie o la, maganɔ asiwò ne èhiãe o. Gake ne èwɔ ɖoɖo nyui ɖe ale si nàzã wò ɣeyiɣi ŋu la, ɣeyiɣia ƒe ɖe agasusɔ nàtsɔ awɔ nu siwo doa dzidzɔ na wò!

    Biblia ƒe mɔfiame: “Nu dzroa kuviatɔ vevie, gake makpɔ naneke o, ke veviedola aɖi ƒo nyuie.”—Lododowo 13:4.

    Nya vevitɔ: Ne èwɔ wò ɣeyiɣi ŋu dɔ nyuie la, àkpɔ vovo geɖe wu, ke menye be nàxaxa o.

  • Ne èsrɔ̃ ale si nàwɔ wò ɣeyiɣi ŋu dɔ nyuie la, esia aɖe vi na wò le wò tsitsime gɔ̃ hã. Ate ŋu awɔe be wò dɔwɔɖui nagakpɔtɔ anɔ asiwò loo alo woanya wò le dɔ me. Tsɔe be èɖo dɔwɔƒe. Ðe nàna dɔwɔvi si tsia megbe ɣesiaɣi la nakpɔtɔ anɔ dɔ wɔm na wòa?

    Biblia ƒe mɔfiame: “Ame si wɔa nuteƒe le nu suetɔ me la, wɔa nuteƒe le nu geɖewo hã me.”—Luka 16:10.

    Nya vevitɔ: Ale si nèwɔa wò ɣeyiɣi ŋu dɔe la ɖea ame si ƒomevi nènye fiana.

Ele eme be ɣeyiɣi ŋu dɔ wɔwɔ nyuie mele bɔbɔe ya o. Kplamatsɛdonu siwo wɔnɛ be wòsesẽna la dometɔ ʋɛ aɖewoe nye esiawo.

Kplamatsɛdonu #1: Xɔlɔ̃wo

“Ɣesiaɣi kloe si xɔ̃nyewo kpem be míayi afi aɖe la, melɔ̃na be mayi kpli wo ne vovo mele ŋunye kura hafi o gɔ̃ hã. Megblɔna na ɖokuinye be, ‘Oo, ne megbɔ va aƒe me ko la, mawɔ dɔ si le dzinye la kpatakpata.’ Gake ɣeaɖewoɣi la, esia menya wɔna o, si wɔe be nanewo meva yi nyuie kura o.”—Cynthia.

Kplamatsɛdonu #2: Susuhenuwo

“Televisionkpɔkpɔ tea ŋu dzroa ame vevie. Esesẽna ŋutɔ be nàɖu ɖokuiwò dzi be nàgakpɔ television dzi wɔna aɖewo o.”—Ivy.

“Mezãa gaƒoƒo geɖe ɖe nye tablɛt ŋu. Ne batria fa eye mɔ̃a tsi hafi meɖe asi le ezazã ŋu la, nye dzitsinya bua fɔm.”—Marie.

Kplamatsɛdonu #3: Megbelelehehe

“Menɔa megbelele hem ne sukudɔdeasi alo dɔ bubu aɖe le dzinye be mawɔ. Mezãa nye ɣeyiɣia ɖe nu manyatalenu aɖe wɔwɔ ŋu va se ɖe esime gamea lilim na dɔdeasia wɔwɔ—esia nye ɣeyiɣi ŋu dɔ wɔwɔ le mɔ gbegblẽ nu vavã.”—Beth.

Ne èwɔ wò ɣeyiɣi ŋu dɔ nyuie la, àkpɔ vovo geɖe wu, ke menye be nàxaxa o

 Nu si nàte ŋu awɔ

  1. Ŋlɔ dɔ siwo wòhiã be nàwɔ la ɖi. Esia ƒe kpɔɖeŋuwoe nye wò aƒemedɔwo kple sukudɔdeasiwo. Ŋlɔ ɣeyiɣi agbɔsɔsɔme si hiã be nàtsɔ awɔ dɔawo dometɔ ɖe sia ɖe le kwasiɖa ɖeka me la ɖi.

    Biblia ƒe mɔfiame: “Miakpɔ nu siwo le vevie wu la adze sii.”—Filipitɔwo 1:10.

  2. Ŋlɔ nu siwo nèdina be yeawɔ le wò vovoɣiwo la ɖi. Esia ƒe kpɔɖeŋuwoe nye Internet dzi hahoo kadodo kple televisionkpɔkpɔ. Azɔ ŋlɔ gaƒoƒo ale si nu nèzãna ɖe nu mawo dometɔ ɖe sia ɖe ŋu le kwasiɖa ɖeka me la hã ɖi.

    Biblia ƒe mɔfiame: “Miyi edzi miazɔ le nunya me . . . , eye miwɔ miaƒe ɣeyiɣi ŋu dɔ le mɔ nyuitɔ nu.”—Kolosetɔwo 4:5.

  3. Wɔ ɖoɖowɔɖi. Galé ŋku ɖe nuŋlɔɖi eve siwo nèwɔ la ŋu. Ðe ɣeyiɣi si nèɖo na dɔ veviawo la sɔ gbɔ na woa? Ðe wòhiã be nàɖe ɣeyiɣi si nèzãna ɖe nu siwo nèwɔna le wò vovoɣiwo ŋu la dzi akpɔtɔa?

    Kpekpeɖeŋu: Ŋlɔ dɔ siwo wòhiã be nàwɔ gbe sia gbe la ɖi eye nàte fli ɖe esiwo nèwɔ vɔ la me.

    Biblia ƒe mɔfiame: “Veviedola ƒe ɖoɖowo hea dzidzedzekpɔkpɔ vanɛ.”—Lododowo 21:5.

  4. Zɔ ɖe ɖoɖowɔɖia dzi. Ele eme be ahiã be nàgbe gomekpɔkpɔ le hadomewɔnawo me ɖe dɔ veviwo wɔwɔ ta ɣeaɖewoɣi ya. Gake àva kpɔe be vovoɣi geɖe wu va su asiwò eye àse vivi na nu si nàzãe na la wu.

    Biblia ƒe mɔfiame: “Mitsɔ dzo ɖe dɔ ŋu, migawɔ kuvia o.”—Romatɔwo 12:11.

  5. Ðo eteƒe na ɖokuiwò, gake gbɔ dzi ɖi. Ðetugbui aɖe si ŋkɔe nye Tara gblɔ be: “Ɣeaɖewoɣi la, mawɔ dɔ eve le nu siwo meŋlɔ ɖi be mawɔ la dome eye magblɔ na ɖokuinye be, ‘Azɔ makpɔ television miniti 15, eyome matrɔ ayi nye dɔawo dzi.’ Kasia, miniti 15 la va zu miniti 30, eye miniti 30 va zua gaƒoƒo ɖeka, eye kaka makpɔ la, megblẽ gaƒoƒo eve sɔŋ ɖe televisionkpɔkpɔ ŋu!”

    Nu kae nye kuxi ma gbɔkpɔnu? Bu modzakaɖeɖe be enye nu si nàtsɔ aɖo eteƒe na ɖokuiwò ne èwɔ wò dɔwo katã vɔ, ke menye be enye nu si hiã kokoko le ŋkekea me o.

    Biblia ƒe mɔfiame: “Naneke menyo na amegbetɔ wu be . . . wòakpɔ dzidzɔ le dɔ sesẽ siwo wòwɔna la ta o.”—Nyagblɔla 2:24.