Dzo kpo yi emenuwo dzi

Ke Ne Melɔ̃a Gbɔdɔnuwɔnawo Kpɔkpɔ Ya Ðe?

Ke Ne Melɔ̃a Gbɔdɔnuwɔnawo Kpɔkpɔ Ya Ðe?

Nu si nàte ŋu awɔ

 Nu si tututu gbɔdɔnuwɔnawo kpɔkpɔ (alo porno) nye gɔme sese. Gbɔdɔnuwɔnawo kpɔkpɔ nye vlododo nane si Mawu wɔ be bubu nanɔ eŋu. Ne èse egɔme be aleae nyaa le la akpe ɖe ŋuwò ‘nàlé fu vɔ̃.’—Psalmo 97:10.

 Bu emetsonuawo ŋu. Ame siwo wozãna le gbɔdɔnuwɔnawo wɔwɔ me ɖia gbɔ wo ɖokuiwo. Ekloa bubu le ekpɔla hã ŋu. Eya ta esɔ nyuie be Biblia gblɔ be: “Nunyala kpɔa dzɔgbevɔ̃e, eye wòɣlaa eɖokui.”—Lododowo 22:3.

 Ðo tame kplikpaa. Nuteƒewɔla Hiob gblɔ be: “Mebla nu kple nye ŋku, eye aleke lawɔ malé ŋku ɖe ɖetugbi ŋu?” (Hiob 31:1) Nu siwo nàte ŋu aɖo tame kplikpaa be yeawɔ la dometɔ aɖewoe nye esiwo gbɔna:

  •  Nyemazã Internet ne nye ɖeka meli o.

  •  Matsi gbɔdɔnuwɔnawo ŋuti nyatakakadzraɖoƒe ɖe sia ɖe si aʋu le vo me la enumake.

  •  Ne megaɖe ŋu ɖi kpɔ gbɔdɔnuwɔnawo ake la, magblɔe na xɔ̃nye kpɔnuteƒe aɖe.

Gbɔdɔnuwɔnawo kpɔkpɔ kpɔa ŋusẽ ɖe ame dzi vivivi, zi ale si ame yi edzi le ekpɔm la, zi nenemae asiɖeɖe le eŋu sesẽna nɛ

 Do gbe ɖa tso eŋu. Hakpalaa do gbe ɖa na Yehowa Mawu be: “Ðe nye ŋku ɖa le nu dzodzrowo kpɔkpɔ ŋu.” (Psalmo 119:37) Mawu di be nàkpɔ dzidzedze, eye ne èdo gbe ɖa nɛ la, ado ŋusẽ wò nàwɔ nu dzɔdzɔe!—Filipitɔwo 4:13.

 Ƒo nu tso eŋu na ame aɖe. Wò dzimenyawo gbɔgblɔ na ame aɖe si dzi nèka ɖo nye afɔɖeɖe vevi si akpe ɖe ŋuwò nàdzudzɔ numame gbegblẽ ma!—Lododowo 17:17.

 Ðo ŋku nya sia dzi: Ɣesiaɣi si nète ŋu ƒo asa na gbɔdɔnuwɔnawo kpɔkpɔ la, èɖu aʋa gã aɖe dzi. Gblɔ aʋadziɖuɖu ma ŋu nya na Yehowa Mawu, eye nàda akpe nɛ ɖe ale si wòdo ŋusẽ wò la ta. Ne èƒo asa na gbɔdɔnuwɔnawo kpɔkpɔ la, àdo dzidzɔ na eƒe dzi!—Lododowo 27:11.