Dzo kpo yi emenuwo dzi

SƆHƐWO BIANA BE

Aleke Mawɔ Aɖe Nye Lolome Dzi Akpɔtɔ?

Aleke Mawɔ Aɖe Nye Lolome Dzi Akpɔtɔ?

 Ðe wòhiã ŋutɔŋutɔ be maɖe nye lolome dzi akpɔtɔa?

Sɔhɛ aɖewo gblɔna be yewodi be yewoaɖe yewoƒe lolome dzi akpɔtɔ. Gake . . .

  • Ame geɖe tsia dzi ɖe woƒe dzedzeme ŋu wu woƒe lãmesẽ me nɔnɔ ŋu. Esi ame aɖewo di be yewoaɖe yewoƒe lolome dzi akpɔtɔ ta la, wozãa mɔnu siwo ana woaɖi ku kaba wu. Le kpɔɖeŋu me, wotea nuɖuɖu wo ɖokuiwo ɣeaɖewoɣi alo wonoa atike siwo ana be woƒe kpekpeme naɖiɖi. Zi geɖe la, mɔnu siawo meɖea vi aɖeke o, eye wogblẽa nu le wo ŋu ɣeaɖewoɣi gɔ̃ hã.

    “Nyɔnuvi aɖewo tea nuɖuɖu wo ɖokuiwo kple susu be yewoaɖi ku kaba. Zi geɖe la, esia gblẽa nu le woƒe ŋutilã ŋu, eye exɔa ɣeyiɣi didi aɖe hafi woƒe ŋutilã gaɖɔna ɖo.”—Hailey.

  • Mehiã be ame siwo tsia dzi ɖe woƒe lolome ŋu la dometɔ geɖe natsi dzi hafi o. Woƒe lolome megblẽ o, gake ɖewohĩ wosena le wo ɖokuiwo me be yewololo ne wotsɔ wo ɖokuiwo sɔ kple wo hatiwo alo ame tsralɛ siwo wokafuna le nyakakamɔnuwo abe magazinewo kple television dzi wɔnawo ene me.

    “Esi mexɔ ƒe 13 la, metsɔa ɖokuinye sɔna kple xɔ̃nyewo. Ewɔna nam be woakpɔ ŋudzedze ɖe ŋunye geɖe wu ne mele abe woawo ke ene, eye esia abia be manɔ tsralɛ abe xakui ene.”—Paola.

Gake ehiã be sɔhɛ aɖewo ya naɖe woƒe lolome dzi akpɔtɔ. Wogblɔ le Xexea Me Lãmesẽ Habɔbɔa ƒe nyatakaka aɖe me be . . .

  • Le xexea me godoo la, sɔhɛ miliɔn 340 siwo xɔ tso ƒe 5 va se ɖe ƒe 19 la lolo wu ale si wòle be woanɔ.

  • Le 1975 me la, sɔhɛ siwo xɔ tso ƒe 5 va se ɖe ƒe 19 la dometɔ ene le alafa me koe lolo akpa. Gake kaka ƒe 2016 naɖo la, xexlẽmea dzi ɖe edzi va ɖo 18 le alafa me.

  • Le dukɔ akpa gãtɔ me la, ame siwo lolo wu ale si wòle be woanɔ la sɔ gbɔ wu ame siwo ɖi ku.

  • Le dukɔ dahewo hã me la, ebɔ be ame nalolo wu ale si dze, eye ele elea le aƒe siwo me ƒomea me tɔ aɖewo mekpɔa nu nyui ɖuna o la gɔ̃ hã me.

 Mɔ kae nye nyuitɔ si dzi mato aɖe nye lolome dzi akpɔtɔ?

Mɔnu siawo dometɔ kae nàtia?

  1. Te nuɖuɖu ɖokuiwò ɣeaɖewoɣi.

  2. Ðu nu siwo me nunyiame le eye nànɔ kame dem.

  3. No atike siwo ana nàɖi ku.

Ŋuɖoɖo nyuitɔ: Mɔnu 2 lia: Ðu nu siwo me nunyiame le eye nànɔ kame dem.

Ne ètea nuɖuɖu ɖokuiwò ɣeaɖewoɣi alo èɖe nuɖuɖu ƒe hatsotso aɖe ɖa le wò nuɖuɖu me la, ɖewohĩ àɖi ku kaba wu ya. Gake mɔnu mawo ate ŋu agblẽ nu le wò lãmesẽ ŋu, eye àgalolo ake ne ègate nu mawo ɖuɖu abe ale si nèwɔnɛ tsã ene.

Ke hã, ne enye wò taɖodzinu be yeanɔ lãmesẽ me la, àva kpɔe be yeƒe dzedzeme kple lãmesẽnyawo ganyo wu. Agbalẽnyalagã Michael Bradley gblɔ be: “Mɔnu si ana nànɔ dedie, si ade wò lãmesẽ dzi eteƒe nadidi lae nye be . . . nàwɔ tɔtrɔwo le ale si nènɔa agbee ŋu, eye tɔtrɔ siawo nanye esiwo me nàte ŋu alé ɖe asi le wò agbemeŋkeke mamlɛawo me.” a Nu kae esia fia? Ne ehiã be nàɖe wò lolome dzi akpɔtɔ la, wò taɖodzinu meganye be nàte nuɖuɖu aɖewo ɖokuiwò o, ke boŋ nàwɔ tɔtrɔwo le ale si nènɔa agbee ŋu.

 Nu siwo nàwɔ

Biblia gblɔ be ‘míada asɔ le nuwɔna me,’ eye esia lɔ nuɖuɖu hã ɖe eme. (1 Timoteo 3:11) Biblia gblɔe tẽe be míaƒo asa na nu tsu ɖuɖu. (Lododowo 23:20; Luka 21:34) Esi mɔfiame mawo le susu me na wò la, te aɖaŋuɖoɖo siawo kpɔ ale be nànɔ agbe si ade wò lãmesẽ dzi wu:

  • Nya nu si wòfia be woaɖu nu siwo me nunyiame le.

    Mehiã be nànɔ kpaɖii akpa le nu siwo nàtia be yeaɖu gome o, gake ne ègasrɔ̃ nu vi aɖe tso nuɖuɖuwo ŋu la, esia ate ŋu awɔe be nàva nɔ nu siwo me nunyiame le ɖum. Nu siwo me nunyiame le ɖuɖu nye mɔ nyuitɔ siwo dzi nàto ana wò lolome nada asɔ la dometɔ ɖeka.

  • Nɔ kame dem edziedzi.

    Bu nu siwo nànɔ wɔwɔm gbe sia gbe be nànɔ lãmesẽ me la ŋu. Le kpɔɖeŋu me, le esi nànɔ dziƒoxɔliamɔ̃ zãm teƒe la, zã atrakpuia boŋ. Le esi nàtsɔ miniti 30 anɔ videodzifefewo ƒom teƒe la, zã ɣeyiɣi ma nàtsɔ azɔ azɔli afɔtsɔtsɔe le gota boŋ.

  • Ðu nu siwo me nunyiame le ɖe esiwo me nunyiame mele o la teƒe.

    Ðetugbui aɖe si ŋkɔe nye Sophia gblɔ be: “Medzea agbagba be mana numeɖenu siwo dea lãmesẽ dzi, abe atikutsetsewo ene, nanɔ asitsɔƒe nam. Ema nana wònɔa bɔbɔe nam be maƒo asa na nu siwo me amenyinu mele o la ɖuɖu.”

  • Gbɔ dzi ɖi ne èle nu ɖum.

    Ame aɖewo ɖua nu kabakaba ale gbegbe be ne woɖi ƒo gɔ̃ hã la, womedea dzesii kaba o! Eya ta gbɔ dzi ɖi ne èle nu ɖum. Ne èɖu nu si le agba me na wò vɔ la, lala vie hafi nàgaɖu bubu kpee. Ðewohĩ àkpɔe be dɔ mele wuwòm abe ale si nèsusui ene o.

  • Ðɔ ŋu ɖo le ŋutilãnyinu (calories) siwo nèɖuna ŋu.

    Xlẽ nu siwo woŋlɔ ɖe nuɖuɖu ƒe gowo ŋu be nànya ŋutilãnyinu agbɔsɔsɔ si le wò nuɖuɖu me. De dzesii: Ŋutilãnyinu aɖewo tɔgbi nɔa aha viviwo, ɖaƒleewo kple numeɖenuwo me le agbɔsɔsɔ gã aɖe me, eye woate ŋu ana nàgalolo ɖe edzi.

  • Mègatsi dzi ɖe wò lolome ŋu fũu akpa o.

    Sara, si xɔ ƒe 16, gblɔ be: “Ɣeaɖeɣi va yi la, metsia dzi ɖe ŋutilãnyinu ƒe agbɔsɔsɔ si le nye nuɖuɖu me ŋu ale gbegbe be ne mekpɔ nuɖuɖu le agba me la, ŋutilãnyinu agbɔsɔsɔme si le nuɖuɖua me ŋu koe nye susu nɔna!” Mègawɔ ɖokuiwò “ŋutilãnyinuwo ŋuti kɔntabula o.” Àte ŋu aɖu nu siwo vivia nuwò la ɣeaɖewoɣi ne ŋutilãnyinuwo sɔ gbɔ ɖe wo me gɔ̃ hã.

Kpekpeɖeŋu: Gblɔ ale si nètsia dzi ɖe wò lolome ŋu na wò ɖɔkta. Nu si wò ɖɔktaa nya tso wò lãmesẽnyawo ŋu la ate ŋu akpe ɖe eŋu wòana mɔfiame siwo ana nànɔ agbe si ade wò lãmesẽ dzi wu la wò.

a Nya sia tso agbalẽ si ƒe tanyae nye When Things Get Crazy With Your Teen me, (ele Eŋlisigbe me).