Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Bu ‘Nu Si Ava Dzɔ’ La Ŋu

Bu ‘Nu Si Ava Dzɔ’ La Ŋu

Bu ‘Nu Si Ava Dzɔ’ La Ŋu

NYAMETSOTSO geɖewo dzea ŋgɔ mí le agbemɔzɔzɔa me. Ðikeke mele eme o be enye nu si me nunya le be míabu nu si mɔ aɖe ƒe nuwuwu anye hafi adze mɔzɔzɔa gɔme. Nyametsotso siwo ame aɖewo wɔ va ve wo vevie emegbe. Ðewohĩ wò hã ègblɔ kpɔ be, ‘Ne ɖe menya be aleae nuwo ava yii la, anye ne meɖe afɔ bubu.’

Mɔzɔla kpɔnuteƒe adi be yeanya afi si mɔ ɖe sia ɖe akplɔ ye ayii. Ðewohĩ akpɔ anyigbatata dzi alo abia ame siwo nya nutoa me. Alé ŋku ɖe mɔfiadzesi ɖe sia ɖe si wòakpɔ le mɔa dzi la ŋu godoo. Ekema le agbemɔzɔzɔa me la, aleke nàwɔ akpɔ mɔ nyuitɔ si dzi wòle be nàto la? Mawu gblɔ to Mose dzi ku ɖe blema Israel viwo ŋu kpɔ be: ‘Ðe wònye nunyalawo wonye la, ne wodze si nu sia, eye ne wobu nu si ava dzɔ ɖe wo dzi la ŋu.’—5 Mose 32:29.

Aɖaŋuɖoɖo Nyuitɔ

Mehiã be ‘nu si ava dzɔ’ le mɔ siwo dzi míetona le agbemɔzɔzɔa me la ƒe nuwuwu nyanya nasesẽ na mí o. Le nuteƒekpɔkpɔ gbogbo si su Mawu si ta la, edze aɖo aɖaŋu na amegbetɔ mɔzɔlawo katã le mɔ nyuitɔ si dzi wòle be woato la ŋu. Ekpɔ mɔ vovovo siwo dzi amegbetɔwo to kpɔ eye wòkpɔ nu si do tso eme na wo la teƒe. Biblia gblɔ be: ‘Ame sia ame ƒe mɔ le nuvo le Yehowa ŋkume, eye eyae ɖea woƒe toƒewo katã.’—Lododowo 5:21.

Yehowa tsɔa ɖe le eme na ame siwo lɔ̃nɛ. To eƒe Nya, Biblia la, dzi la, etaa mɔ nyuitɔ si dzi wòle be woato la na wo. Egblɔ be: “Mafia nu wò, eye mafia mɔ, si nato la wò; maɖo aɖaŋu na wò, eye nye ŋku anɔ ŋuwò.” Eya ta hafi nàdze mɔ aɖe dzi la, nunya anɔ eme be nàdi Yehowa ƒe aɖaŋuɖoɖo abe ale si blema Israel Fia David wɔe ene. Edo gbe ɖa be: “Ðe mɔ, si mato la fiam.”—Psalmo 32:8; 143:8.

Mɔ aɖe si mɔzɔla kpɔnuteƒe si dzi nèka ɖo fia wò la dzi toto awɔe be dzi nanɔ ƒowò eye nàsee le ɖokuiwò me be yele dedie. Màtsi dzi ɖe afi si mɔa akplɔ wò ayi la ŋu o. David bia Yehowa ƒe kpekpeɖeŋu kple mɔfiame eye wòzɔ ɖe wo dzi. Esia wɔe be ekpɔ susumekɔdzeanyi abe ale si wòɖee gblɔ wònya se nyuie le Psalmo 23 lia, si me nyawo amewo nya nyuie la, mee ene. David ŋlɔ bena: “Yehowa enye kplɔlanye, naneke mehiãam o. Lãnyiƒe damawo wòna metsyɔ akɔ ɖo; gbɔɖemeƒe tɔwo nu wòkplɔm yii. Ena nye luʋɔ gbɔ ɖe eme, ekplɔm to toƒe dzɔdzɔewo le eƒe ŋkɔ la ta. Ne mezɔ bali doblukɔ tsiɖitsiɖi me hã, nyemavɔ̃ dzɔgbevɔ̃e aɖeke o.”—Psalmo 23:1-4.

Aleke Woƒe Etsɔme Anɔ?

Ame aɖe si nɔ agbemɔa zɔm, si anya nye hakpala Asaf alo eƒe dzidzimeviwo dometɔ ɖeka la, lɔ̃ ɖe edzi be, “ekpɔtɔ ʋɛ” yetra ɖa tso mɔ dzɔdzɔea dzi kloe. Nu kae dzɔ hafi? Ekpɔ ale si nu nɔ edzi dzem na ame maɖianukwarewo kple nu vlo wɔlawo eye wòʋã ŋu ale si ‘eme nyona na ame vɔ̃ɖi la.’ Esusui be, woli “fuɖeɖe aɖeke makpɔmakpɔe.” Nu si gblẽ nya la ɖe edzi wue nye be eva nɔ wɔwɔm na hakpalaa be nunya mele eme be yetiae be yeazɔ dzɔdzɔenyenyemɔ la dzi o.—Psalmo 73:2, 3, 6, 12, 13.

Emegbe hakpalaa yi ɖe Yehowa ƒe aƒea me, eye wòdo gbe ɖa hede ŋugble tso nu si ava dzɔ ɖe ame vɔ̃ɖiwo dzi la ŋu. Egblɔ be: “Melé ŋku ɖe woƒe nuwuwu ŋu.” Ede ŋugble tso nu si nɔ ame siwo wònɔ ŋu ʋãmee lalam la ŋu. Aleke woƒe etsɔme anɔ? Ede dzesii be ame mawo nɔ “ɖiɖiƒe” eye ‘ŋɔdzi ana woatsrɔ̃ le aɖabaƒoƒo ɖeka me!’ Ke afi kae mɔ si hakpalaa ya tia akplɔe ayi? Egblɔ be: “Emegbe [wò Yehowa] àxɔm ɖe gbɔwò kple bubu.”—Psalmo 73:17-19, 24.

Ŋugbledede tso nu siwo do tso eme na ame siwo to ayemɔ alo mɔ siwo ŋu nya ku ɖo dzi kpɔ kesinɔnuwo ŋu, na kakaɖedzi hakpalaa be yenɔ mɔ dzɔdzɔetɔ dzi. Eƒo nya ta be: “Ke nye la, Mawu ƒe gbɔnyenɔnɔ enye nye dzidzɔ.” Viɖe mavɔwo dona tso Yehowa Mawu ŋu nɔnɔ kplikplikpli me ɣesiaɣi.—Psalmo 73:28.

“Nya Afi Si Nèɖo Tae”

Nyametsotso mawo tɔgbi ate ŋu adze ŋgɔ mí egbea. Woate ŋu atsɔ dɔ aɖe si me ga geɖe le alo amedodo ɖe ŋgɔ le dɔ me aɖo ŋkuwòme, alo akpe wò be nàva de ga dɔ aɖe si me ga geɖe le la me. Enye nyateƒe be kuxi aɖewo ate ŋu anɔ dɔ ɖe sia ɖe ƒe gɔmedzedze me ya. Togbɔ be ele alea hã la, mèkpɔe be aɖe vi nenye be ènɔ anyi bu ‘nu si ava dzɔ’ la ŋu do ŋgɔ oa? Nu kawoe ate ŋu anye emetsonuawo? Ðe dɔa abia be nàʋu adzo le aƒe me, si awɔe be nu nate mia kple srɔ̃wò siaa ŋua? Ðe wòawɔe be nàva kpɔ ɖokuiwò le hadede maɖɔʋuwo me kple dɔwɔhatiwo alo ame siwo le amedzrodzeƒe kple teƒe bubuwoa? Ne èlé ŋku ɖe mɔ si le ŋgɔwò ŋu nyuie la, àte ŋu awɔ nyametsotso si me nunya le. Wɔ ɖe Salomo ƒe aɖaŋuɖoɖo sia dzi, egblɔ be: “Nya afi si nèɖo tae.”—Lododowo 4:26, Contemporary English Version.

Anyo be mí katã míade ŋugble tso aɖaŋuɖoɖo ma ŋu, vevietɔ sɔhɛwo. Ðekakpui aɖe yi ɖahaya video aɖe si wònya be enyɔa gbɔdɔdɔ ƒe dzodzro ɖe ame me. Egblɔ emegbe be, esi yekpɔ videoa vɔ la, gbɔdɔdɔ dzro ye ale gbegbe be yeyi ɖadi gbolo aɖe si yenya le yewoƒe nutoa me la yome mɔ. Nu si do tso eme nɛ ye nye be nu te ɖe edzi vevie, eƒe dzitsinya ɖe fu nɛ, eye wòtsi dzi be ɖewohĩ yexɔ nulɔdɔ. Nu si dzɔ la sɔ pɛpɛpɛ kple ale si Biblia gblɔe be: “Ekplɔe ɖo kɔ̃ enumake abe nyitsu, si yina ɖe ewuƒe ene.” Aleke wòahanyoe nye esi ne ɖe wòbu ‘nu si ava dzɔ la’ ŋu!—Lododowo 7:22, 23.

Ka Ðe Mɔfiadzesiawo Dzi

Ame akpa gãtɔ alɔ̃ ɖe edzi be nunya mele eme be woaŋe aɖaba aƒu mɔfiadzesiwo dzi o. Nublanuitɔe la, nu mae ame aɖewo wɔna le agbemɔzɔzɔa me, nenye be mɔfiame si wona wo la mewɔ ɖeka kple woawo ŋutɔwo ƒe didiwo o. Bu Israel vi aɖewo siwo nɔ anyi le Yeremiya ƒe ŋkekea me la ƒe nuwɔnawo ŋu kpɔ. Nyametsotso aɖe wɔwɔ dze ŋgɔ dukɔa, eye Yehowa Mawu ɖo aɖaŋu na wo be: “Mibia blema mɔwo ta se be, mɔ kae nye nyuia hã, eye mizɔ edzi.” Gake woɖo eŋu aglãdzedzetɔe be: “Míele edzi to ge o.” (Yeremiya 6:16) ‘Nu kae do tso’ aglãdzedze sia me na wo? Le ƒe 607 Do Ŋgɔ Na Mía Ŋɔli me la, Babilontɔwo va dze wo dzi, wotsrɔ̃ Yerusalem dua keŋkeŋ, eye wokplɔ emenɔlawo yi aboyo me le Babilon.

Ne míeŋe aɖaba ƒu mɔfiadzesi siwo Mawu ɖo anyi dzi la, eme manyo na mí akpɔ gbeɖe o. Ŋɔŋlɔawo xlɔ̃ nu mí be: “Ðo ŋu ɖe Yehowa ŋu tso dzi blibo me, ke megaɖo dzi ɖe wò gɔmesese ŋu o. Lé ŋku ɖe eŋu le wò mɔwo katã dzi, ekema ata mɔ na wò.”—Lododowo 3:5, 6.

Mawu ƒe nuxlɔ̃ame aɖewo le abe “Mègage Ðe Eme O” dzesiwo ene. Le kpɔɖeŋu me, Biblia gblɔ be: ‘Mègage ɖe ame vɔ̃ɖiwo toƒe o, eye mègazɔ ame vlowo ƒe mɔ dzi o.’ (Lododowo 4:14) Ame vɔ̃ɖiwo ƒe toƒe gblẽnuleameŋu siawo dometɔ ɖekae nye esi dze le Lododowo 5:3, 4 si gblɔ be: “Nyɔnu tutɔ ƒe nuyi le anyitsi tsyɔm, eye eƒe veme zrɔ̃ drẽdrẽdrẽ wu ami; ke mlɔe ke la evena wu atsa, eye wòɖana wua yi nuevee.” Agbe gbegblẽ nɔnɔ—eɖanye kple gbolo aɖe alo ame bubu aɖe o—ate ŋu adze nu dodzidzɔname na ame aɖewo. Gake ne míedo toku kpɔɖeŋu ƒe “Megage Ðe Eme O” dzesi siwo wòle be woafia mɔ mí le agbe nyui nɔnɔ gome la, gbegblẽ me koe wòakplɔ mí adee.

Hafi nàɖe afɔ gbãtɔ adze mɔ sia tɔgbi dzi la, bia ɖokuiwò be, ‘Afi kae esia akplɔm ayi?’ Ne ètɔ vie de ŋugble tso ‘nu si ate ŋu ava adzɔ’ ŋu la, esia ate ŋu ana nàƒo asa na afɔ aɖe si ate ŋu agblẽ nu le ŋuwò vevie la ɖeɖe. AIDS (Ðikanakudɔ) kple nulɔdɔ bubuwo, gbɔmeyafu, fuɖeɖe, ƒomedodowo me gbegblẽ, dzitsinya ƒe fuɖename sɔŋ ye le mɔ dzi na ame siwo tiae be yewoaŋe aɖaba aƒu mɔfiadzesi siawo tɔgbi dzi. Apostolo Paulo gblɔ ale si ame siwo nɔa agbe gbegblẽ la ƒe mɔ ƒe nuwuwu anɔ la eme kɔ nyuie. “Womanyi Mawu fiaɖuƒe la dome o.”—1 Korintotɔwo 6:9, 10.

‘Mɔ Lae Nye Esi’

Ɣeaɖewoɣi la, esesẽna na mí be míanya afi si mɔ aɖe akplɔ mí ayii. Aleke gbegbe míekpɔa ŋudzedze ɖe Mawu ƒe ɖetsɔleme lɔlɔ̃tɔe kple mɔfiame si me kɔ la ŋue nye esi! Yehowa gblɔ be: ‘Mɔ lae nye esi, mito edzi!’ (Yesaya 30:21) Afi kae mɔ si Yehowa le mía fiam la akplɔ mí ayii? Togbɔ be mɔ la xaxa eye edzizɔzɔ sesẽ hã la, Yesu gblɔ be ekplɔa ame yia agbe mavɔ me.—Mateo 7:14.

Tɔ vie nàde ŋugble tso mɔ si dzi nèle la ŋu. Mɔ nyuitɔ lae nye ema? Afi kae wòkplɔ wò yinɛ? Bia Yehowa ƒe mɔfiame le gbedodoɖa me. Di mɔfiame tso ‘mɔfiagbalẽ’ si nye Biblia la me. Ðewòhĩ àkpɔe gɔ̃ hã be ehiã be yeaxɔ aɖaŋuɖoɖo tso mɔzɔla kpɔnuteƒe aɖe, si kua kutri le Mawu ƒe mɔa dzi zɔzɔ me, la gbɔ. Eye ne èkpɔe be ehiã be yeatrɔ ava to mɔ bubu la, ekema wò afɔ netsɔ.

Zi geɖe la, dzi ɖoa mɔzɔla ƒo ne ekpɔ mɔfiadzesi aɖe si na kakaɖedzii be ele mɔ nyuitɔ dzi. Ne ède ŋugble tso wò agbenɔnɔ ŋu, eye nède dzesii be dzɔdzɔenyenyemɔ la dzie yele la, ke dzi nenɔ ƒowò nàkpɔtɔ anɔ edzi. Mɔzɔzɔ sia ƒe akpa si me yayra le wu la gbɔ medidi kura o.—2 Petro 3:13.

Mɔ ɖe sia ɖe kplɔa ame yia teƒe aɖe. Ne èɖo mɔ si nètia ƒe nuwuwu la, afi kae nàkpɔ ɖokuiwò le? Viɖe aɖeke manɔ eme be nàtsi tsitre ɖe afi ma anɔ gbɔgblɔm vevesesetɔe be, ‘Oo, ne ɖe menya la, anye ne meto mɔ bubu!’ o. Eya ta hafi nàgaɖe afɔ aɖe le agbemɔzɔzɔa me la, bia ɖokuiwò be, ‘Nu kae ava dzɔ?’

[Aɖaka/Nɔnɔmetata siwo le axa 10]

Nu Kae ‘Ava Dzɔ’?

Zi geɖe la, sɔhɛwo dzea ŋgɔ tetekpɔwo kple nyaƒoɖeamenu be woate nu siwo amewo lɔ̃a wɔwɔ la kpɔ. Nu siwo tea ŋu dzɔna la dometɔ aɖewoe nye esiwo gbɔna.

Ame aɖe atɔ gbe wò be èvɔ̃na na sigaretnono.

Nufiala aɖe atsɔ susu nyui aƒoe ɖe nuwò be nàde yunivɛsiti aɖe.

Woakpe wò na kplɔ̃ɖoƒe aɖe si aha muamewo kple ɖewohĩ atike vɔ̃ɖiwo abɔ ɖo.

Ame aɖe aɖo aɖaŋu na wò be, “Anyo be nàda wò foto kple nyatakaka siwo ku ɖe ŋuwò la ɖe Internet dzi.”

Xɔ̃wò aɖe akpe wò be nàva kpɔ video aɖe si me ŋutasẽnuwɔwɔ kple agbe gbegblẽ nɔnɔ nuwɔnawo le.

Ne èdo go nɔnɔme siawo dometɔ aɖe la, nu kae nàwɔ? Àna ta? Alo àbu ‘nu si ate ŋu ava dzɔ’ la ŋu nyuiea? Nunya anɔ eme be nàbia ɖokuiwò be: “Ðe ame aɖe ate ŋu aɖe dzo ɖe akɔnu, eye eƒe avɔ nagbe fiafiã? Alo ɖe ame aɖe azɔ dzoka xɔxɔ dzi, eye eƒe afɔ nagbe fiafiã?”—Lododowo 6:27, 28.