Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Anyigba La Dze “Dɔ” Ðe Woate Ŋu Adae Nɛa?

Anyigba La Dze “Dɔ” Ðe Woate Ŋu Adae Nɛa?

Anyigba La Dze “Dɔ” Ðe Woate Ŋu Adae Nɛa?

DZESIAWO le dzedzem—dzoxɔxɔa le dzi yim. Esia ƒe kpɔɖeŋu aɖee nye Alaskatɔwo ƒe kɔƒe si ŋkɔe nye Newtok si le anyigba la ƒe dziehe nuto si fana miamiamia la ƒe anyiehe gome. Anyigba si nye tsikpe tsã si dzi wotu Newtok dua ɖo la le lolõm. Frank si nye kɔƒe ma me nɔla aɖe xa nu be: “Nyemedi be maganɔ tsikpenyigba sia dzi [azɔ] o.” Eyi edzi be: “Teƒea wɔ ba finyafinya akpa.” Numekukuwo ɖee fia be le ƒe ewo siwo gbɔna me la, ɖewohĩ ƒutakɔƒe sia maganɔ anyi o.

Dziɖuɖu Vovovo Me Tɔ Siwo Kua Yame Ƒe Nɔnɔme Ƒe Tɔtrɔ Ŋu Nyawo Me (IPCC) gblɔ be: “Yame ƒe dzoxɔxɔ nye nya aɖe si ŋu ɖikeke aɖeke mele o.” Ale si yame ƒe dzoxɔxɔ le dzi yim le anyigba dzi godoo la ɖo kpe nya sia ƒe nyateƒenyenye dzi. Nu si dzɔdzɔmeŋutinunyalawo yɔna be yame ƒe nɔnɔme ƒe tɔtrɔ la he kuxi siwo gbɔ eme siwo ƒe ɖewoe nye kuɖiɖi, tsidzadza gãwo, dzoxɔxɔ gbãgbãgbã, kple ahomya sesẽwo vae le anyigba dzi godoo. Nu kae adzɔ ɖe míaƒe anyigba la dzi? Ðe woate ŋu ada dɔa nɛa?

Anyigba Ƒe Dɔlélea Kpɔkpɔ Dze Sii

Yame ƒe nɔnɔme ŋuti nunyalawo le ŋku lém ɖe anyigbaa ƒe dzesi veviawo ŋu nyuie abe ale si ko woléa ŋku ɖe dɔnɔwo ŋu le dɔnɔkɔdzi ene. Wotsɔ yamenyatakakaxɔmɔ le ŋku lém ɖe ale si tsikpe gãwo le lolõm ŋu, dɔwɔƒe siwo kpɔa yame ƒe nɔnɔme ƒe nyawo gbɔ yi edzi le ŋku lém ɖe tsi agbɔsɔsɔme si dzana ŋu, wotsɔ mɔwo le atsiaƒu gɔme ƒe dzoxɔxɔ dzidzem, eye wotsɔ yameʋuwo le ŋku lém ɖe ya vovovo siwo ƒo xlã anyigbaa ƒe agbɔsɔsɔme ŋu. Wotsɔa nyatakaka siawo katã dana ɖe kɔmpiuta deŋgɔwo dzi. Wole dodokpɔ aɖewo wɔm bene woate ŋu anya nu siwo ava dzɔ le ƒe gbogbowo—ƒe alafa nanewo gɔ̃ hã—siwo gbɔna la me.

Nu kae wokpɔ le eŋu? Ame aɖewo xɔe se be ya ƒoɖiwo xɔ yame ale gbegbe. Time magazine gblɔ be, le ƒe 2006 ɖeɖe ko me la, ya ƒoɖi si woyɔna be carbon dioxide si míekaka ɖe yame la “de tɔn miliɔn 32,000 sɔŋ.” Abe ale si ahuhɔ̃exɔ si me wodo atiwo ɖo ƒe ahuhɔ̃ewo léa dzoxɔxɔ ɖi ene la, carbon dioxide la léa anyigba ƒe dzoxɔxɔ ɖi hexea mɔ na dzoxɔxɔa ale be metea ŋu dzona o, eye esia nana be xexea me xɔa dzo. Nu kae adzɔ le etsɔme? Le IPCC habɔbɔa ƒe nyaa nu la, ne woyi ya ƒoɖi agbɔsɔsɔme si míekakana ɖe yame egbea kaka dzi la, ahe “tɔtrɔ geɖewo ava yamenutome ƒe nɔnɔme ŋu,” eye esia avlo wu nu si teƒe kpɔm míele fifia. Ame geɖe lɔ̃ ɖe edzi egbea be nu si akpɔ nyaa gbɔe nye be míaɖiɖi ya ƒoɖi si nye carbon dioxide ƒe agbɔsɔsɔme si míekakana ɖe yame la dzi kpɔtɔ. Gake ne míeto mɔ aɖe dzi xe mɔ na ya ƒoɖi siawo ƒe agbɔsɔsɔme ƒe dzidziɖedzi hã la, dodokpɔ aɖewo siwo wotsɔ kɔmpiuta wɔ la ɖee fia be “dzoxɔxɔ kple atsiaƒu ƒe ɖɔɖɔ [si dona tso eme] la ayi edzi ƒe alafa geɖe.”

Afi Si Míakpɔ Egbɔkpɔnuwo Tsoe

Enye nyateƒe be nusɔsrɔ̃ tso yame ƒe nɔnɔmewo ŋu nye dzɔdzɔmeŋutinunya si gɔmesese sesẽ. Agbalẽ si le Internet dzi si ŋkɔe nye Earth Observatory bia be: “Le kpɔɖeŋu me, nu kae adzɔ ɖe alilikpowo dzi ne Anyigba la yi edzi le dzo xɔm? Ðe alilikpo siwo le dziƒo ɖaa siwo léa dzoxɔxɔ ɖi siwo naa yame xɔa dzo ɖe edzi la ava sɔ gbɔ wu alilikpo dodo siwo léa ɣe ƒe keklẽ si ɖoa anyigba dzi nu la?” Ŋuɖoɖoae nye ka? Woɖo eŋu be: “Fifia la, dzɔdzɔmeŋutinunyalawo mate ŋu aɖo nya siawo ŋu o.”

Le go bubu me la, Biblia gblɔe kple kakaɖedzi be Yehowa Mawue “wɔ dziƒo kple anyigba,” kpakple “alilikpowo ɖe dzi me.” (1 Mose 14:19; Lododowo 8:28) Egblɔe le hakpanya me be ‘yetsɔ nunya ɖo alilikpo tsiɖitsiɖi me.’ Ɛ̃, Yehowa sea nu si gɔme dzɔdzɔmeŋutinunyalawo mate ŋu ase o la gɔme bliboe.—Hiob 38:36.

Kpɔ nya si Mawu gblɔ ku ɖe ya siwo ƒo xlã anyigba la ŋu, abe ale si woŋlɔe ɖe Biblia me ƒe 2,700 ye nye esi va yi ene la ɖa: ‘Tsidzadza dzana tso dziƒo, eye megagbugbɔna yina o, negbe ede tsi anyigba hafi.’ (Yesaya 55:10) Aleke esia ɖɔ ale si ɣe ƒe dzoxɔxɔ naa tsiwo trɔna yia dziƒo hegbugbɔ dzana la kpokploe nye esi! Tsidzudzɔ siwo le alilikpowo me blana hezua tsi dzana, eye “wòdea tsi anyigba.” Ɣe ƒe dzoxɔxɔ nana be tsiwo miena eye ‘wogbugbɔna yia’ yame blana zua tsi gadzana ake. Yehowa ƒe Nya la na numeɖeɖe wɔnuku geɖe ku ɖe míaƒe anyigba ƒe yame ƒe nɔnɔme ŋu ƒe alafa geɖe hafi agbalẽ siwo menye Biblia gbalẽwo o la va ƒo nu tso eŋu. Ðe esia mena nèka ɖe Wɔla la kple nu si wòate ŋu awɔ dzi geɖe wu oa? Eya ta ne míedi be míanya nu si ado tso yame ƒe nɔnɔme si li fifia me la, ɖe susu manɔ eme be míatrɔ ɖe ‘Ame si wɔ ya,’ si nye ‘tsidzadza ƒe fofo,’ ame si nya ale si anyigba sia dzi nuwo wɔa dɔe ŋu oa?—Amos 4:13; Hiob 38:28.

Tameɖoɖo Aɖe Tae Wowɔ Anyigba Ðo

Togbɔ be amewo ƒe nukpɔsusu ku ɖe anyigba ƒe etsɔme ŋu toa vovo hã la, kakaɖedzi le nu ɖeka aɖe ya ŋu: Anyigba la le etɔxɛ. To vovo na ɣletinyigba bubuwo la, nu gbagbe wɔnuku manyaxlẽ gbogbo aɖewo le edzi. Nu kawo gbɔe esia tso? Dzɔdzɔmeŋutinunyalawo tɔ asi nu geɖewo dzi. Vevitɔawoe nye be, tsi gbogbo aɖewo le anyigba dzi; anyigbaa le teƒe si sɔ tututu tso ɣea gbɔ; ya vovovo siwo ƒo ƒu wɔ ya si ƒo xlãe la sɔ pɛpɛpɛ eye ɔksidzin gbogbo aɖe hã le eme.

Ðewohĩ awɔ nuku na wò be nàsee be nuŋlɔɖi si le Biblia gbalẽ si nye Mose ƒe Agbalẽ Gbãtɔ me la ƒo nu tso nu siawo tututu ŋu. Le kpɔɖeŋu me, 1 Mose 1:10 gblɔ be Mawu ƒo ƒu tsiwo eye ‘wòyɔe be atsiaƒu’—esia nye nuƒoƒo tẽe tso tsi gbogbo aɖe ŋu. Míexlẽ le 1 Mose 1:3 be: “Mawu gblɔ be: Kekeli nedo!” Míaƒe anyigba la te ɖe ɣea ŋu ale si sɔ si wɔe be tsi siwo le edzi ƒe akpa gãtɔ meblana zua tsikpe o, ke hã mete ɖe ɣea ŋu fũu akpa ale be ɣea ƒe dzoxɔxɔ nalɔ tsia katã ayi ɖe yame o.

Wogblɔ le 1 Mose 1:6 be Mawu wɔ “alili,” alo ya vovovo siwo ƒo xlã anyigba. Emegbe kpukpui 11 kple 12 gblɔ be, Mawu na gbe fẽwo, nu miemiewo, kple atiwo mie. Esiawo katã nye kpeɖodzi be ɔksidzin, si amegbetɔwo kple lãwo ava gbɔ emegbe eye wòalé woƒe agbe ɖe te la, nɔ anyi.

Ekema nya ta kae míaƒo? Esi Mawu wɔ anyigbaa—tsi gbogbo aɖewo le edzi, wòle afi si sɔ tso ɣea gbɔ, eye ya vovovo siwo ƒo xlãe la ƒe ɖe sia ɖe le agbɔsɔsɔ si sɔ me ta la—anye susu aɖe, alo tameɖoɖo aɖe kokoko tae wòwɔe ɖo. Biblia gblɔ na mí be: “[Mawu mewɔ anyigba la] be wòatsi ƒuƒlu o, ke boŋ ɖe wòmèe, be woanɔ edzi.” (Yesaya 45:18) Psalmo 115:16 gblɔ be: “Dziƒo enye dziƒo na Yehowa, ke etsɔ anyigba na amegbetɔviwo.” Nyateƒee, ɖe wowɔ anyigba la be amegbetɔwo nanɔ edzi.

Le Ŋɔŋlɔawo ƒe nya nu la, Mawu wɔ atsu kple asi gbãtɔ hetsɔ wo da ɖe Eden bɔ si nye paradiso dzeani aɖe me. Enɔ na wo be ‘woaŋlɔ eme, eye woakpɔ edzi.’ (1 Mose 2:15) Mawu gblɔ na wo hã be: “Midzi, ne miasɔ gbɔ, eye miayɔ anyigba la dzi, eye mianye agbo ɖe edzi.” (1 Mose 1:28) Wò ya bu mɔkpɔkpɔ wɔnuku si wotsɔ ɖo wo ŋkume la ŋu kpɔ ko! Enɔ na wo be woakeke Paradiso la ɖe enu wòaxɔ anyigba blibo la katã dzi, eye woanɔ edzi tegbee. Etsɔme wɔnuku kae nye ema nɔ wo ŋgɔ!

Nublanuitɔe la, esi teƒe be atsu kple asi gbãtɔa naɖo to Mawu bliboe la, wodze aglã hetiae be yewoanɔ yewo ɖokui si, eye ameƒomea me tɔ akpa gbãtɔ yi edzi le woƒe nɔnɔme sia ke ɖem fia va se ɖe egbe. (1 Mose 3:1-6) Nu kae do tso eme? Esi teƒe be amegbetɔwo naŋlɔ anyigba la dzi ahalé be nɛ la, wole “anyigba la gblẽm” wu gbɔgblɔ. (Nyaɖeɖefia 11:18) Ke hã, enyanya be tame si Mawu ɖo ɖe anyigbaa ŋu metrɔ o la ate ŋu afa akɔ na mí. Biblia ka ɖe edzi na mí be: “[Mawu ɖo] anyigba gɔme anyi ɖe eƒe anyinɔwo dzi, ne magaʋã gbeɖe akpɔ o.” (Psalmo 104:5) Eye Yesu ŋutɔ hã do ŋugbe le eƒe Todzimawunyaa me be: “Dzidzɔtɔwoe nye ame fafawo, elabena woanyi anyigba la dome.” (Mateo 5:5) Aleke esia awɔ ava eme?

Etsɔme Nyui Aɖe Le Mía Ŋgɔ

United States ƒe dukplɔla tsãtɔ aɖe gblɔ be: “Yame ƒe nɔnɔme ƒe tɔtrɔ nye kuxi si le anyigba bliboa katã dzi vam.” Eya ta ɖe màlɔ̃ ɖe edzi be míehiã nu si akpɔ kuxia gbɔ le anyigba dzi godoo oa? Yesu Kristo fia asi egbɔkpɔnua—Mawu Fiaɖuƒea. Efia eyomedzelawo be woado gbe ɖa be: “Wò fiaɖuƒe nava.” (Mateo 6:9, 10) Le Biblia ƒe nyagblɔɖi nu la, eteƒe madidi o Dziƒofiaɖuƒe sia si nye xexea me katã ƒe dziɖuɖu la “agbã fiaɖuƒe mawo [dziɖuɖu siwo li egbea la] katã, eye wòagblẽ wo.” (Daniel 2:44) Gawu la, ‘ahe gbegblẽ ava ame siwo le anyigbaa gblẽm’ la dzi. (Nyaɖeɖefia 11:18) Eme kɔ ƒãa be woabia akɔnta ame siwo gblẽa anyigba la kple edzinuwo dome la, eye woatsrɔ̃ wo.

Ke nu kae adzɔ ɖe míaƒe anyigba si ƒo ɖi la dzi? Eɖe dzesi ŋutɔ be esime Yesu nɔ anyigba dzi la, ekpɔ ŋusẽ wɔnuku aɖe ɖe dzɔdzɔmenu, siwo ƒe ɖewoe nye ya kple atsiaƒu, dzi. Nya ʋɛ aɖewo koe wògblɔ tsɔ na ahom sesẽ aɖe nu fa. (Marko 4:35-41) Yesu si le dzi ɖum le dziƒo abe “aƒetɔwo ƒe Aƒetɔ kple fiawo ƒe Fia” ene la akpɔ ŋusẽ si lolo wu ɖe anyigbaa kple edzinuwo dzi. (Nyaɖeɖefia 17:14) Le nyateƒe me la, Yesu yɔ eƒe dziɖuɖua be “nuwo gbugbɔgawɔ.” (Mateo 19:28) Biblia gɔmeɖeɖe bubu zã nyagbe si nye “nuwo katã gbugbɔ wɔ yeyee.” (New International Version) Yesu agbugbɔ nuwo awɔ alo awɔ wo yeyee le anyigba dzi, eye woanɔ ko abe ale si nuwo nɔ le Eden bɔa mee ene. Woagaɖo Paradisoa anyi ake. (Luka 23:43) Mawu Fiaɖuƒea ada anyigba la ƒe ‘dɔa’ nɛ.

Fifia gɔ̃ hã la, Fiaɖuƒedziɖuɖua ate ŋu aɖe vi na wò. Le mɔ ka nu? Yesu gblɔ ɖi be: “Woaɖe gbeƒã fiaɖuƒe ŋuti nya nyui sia le anyigba blibo la katã dzi, be wòanye ɖaseɖiɖi na dukɔwo katã.” (Mateo 24:14) To gbeƒãɖeɖedɔ sia dzi la, ame miliɔn geɖewo le to ɖom nya nyuia. Amewo ƒe agbenɔnɔ le tɔtrɔm. Wole asi ɖem le numame gbegblẽwo ŋu. Woƒe ƒomegbenɔnɔ le nyonyom ɖe edzi. Lɔlɔ̃ va le xɔxɔm ɖe ameƒomevinyenye ƒe fuléle teƒe. Le nyateƒe me la, Mawu Fiaɖuƒea le nu siwo amegbetɔwo ƒe dziɖuɖu aɖeke mate ŋu awɔ o la wɔm. Ena ame siwo ade miliɔn adre kloe siwo tso dukɔ 235 me la wɔ ɖeka zu dukɔwo dome nɔviwo ƒe habɔbɔ vavã aɖe! Ɛ̃, abe Mawu Fiaɖuƒea teviwo ene la, wole wo dzram ɖo be woanɔ agbe mavɔ le Paradiso me le anyigba sia dzi.

Anyigba la ƒe etsɔme le dedie. Nenɔ alea le hã wò etsɔme gome!

[Nɔnɔmetata si le axa 27]

Biblia ƒo nu tso anyigba dzi tsiwo ƒe tɔtrɔwo ŋu ƒe alafa geɖe hafi agbalẽ siwo menye Biblia gbalẽwo o la va ƒo nu tso wo ŋu

[Nɔnɔmetata si le axa 28]

Yesu blu “ɖe ya la ta hegblɔ na ƒu la be: ‘Zi ɖoɖoe! Dze eme!’ Eye ya la nu fa, eye ɖoɖoe zi toŋtoŋtoŋ”

[Nɔnɔmetata si le axa 29]

Ne wogbugbɔ Paradisoa ɖo anyi la, woada anyigba la ƒe ‘dɔa’ nɛ

[Nɔnɔmetata Tsoƒe si le axa 26]

Godo-Foto