Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Ame Ka Tututue Mía Fofo Si Le Dziƒo La Nye?

Ame Ka Tututue Mía Fofo Si Le Dziƒo La Nye?

Ame Ka Tututue Mía Fofo Si Le Dziƒo La Nye?

AME geɖe ate ŋu agblɔ kpɔɖeŋugbedodoɖa si nye Mía Fofo Si Le Dziƒo, alo Aƒetɔ Ƒe Gbedodoɖa, si Yesu fia eƒe nusrɔ̃lawo la me nyawo tso susu me. (Mateo 6:9-13) Ɣesiaɣi si wodo gbe sia ɖa la, woyɔa Mawu be “Mía Fofo.” Gake wo dometɔ nenie ate ŋu agblɔ be yewonyae nyuie?

Ke wò ya ɖe? Aleke gbegbe nènya Mawu? Ðe mia kplii dome le kplikplikplia, eye ɖe nèƒoa nu kplii heɖea wò dzidzɔwo kple nuxaxawo gblɔna nɛa? Nu ka tututue Mawu nyanya bia?

“Eŋkɔe Nye Yehowa”

Ðewohĩ ŋkɔ si vi dzeazɔli aɖe anya na fofoa koe nye Papa. Gake ne eva le tsitsim la, ava nya fofoa ƒe ŋkɔ ŋutɔŋutɔ kple bubu si le fofoa ŋu, eye ɖewohĩ anye dada nɛ. Ke míaƒe Agbenala si le dziƒo ya ɖe? Ènya eŋkɔ ŋutɔŋutɔ kple gɔmesese si le ŋkɔ ma ŋua?

Togbɔ be ame geɖe gbugbɔ gblɔa nyagbɔgblɔ si nye “Wò ŋkɔ ŋuti nakɔ” zi geɖe ne wole Aƒetɔ Ƒe Gbedodoɖaa dom ɖa hã la, wotɔtɔna ne wobia wo be “Ŋkɔ ma ɖe?” (Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me) Dziƒoɣletiviwo, to dzeaniwo, adzakpo dzeani siwo dzi ƒumelã gbogbo aɖewo le—nu siawo katã ɖoa kpe edzi be Mawu li. Ke hã, womeɖea Mawu ƒe ŋkɔ fiaa mí o. Hafi míanya ŋkɔ ma la, ele be míatrɔ ɖe Biblia ŋu. Egblɔ kpuie ko be: “Eŋkɔe nye Yehowa.”—2 Mose 15:3.

Yehowa ye nye ŋkɔ si Mawu di be míanya na ye. Nu ka tae? Elabena eƒe ŋkɔ tsi tsitre ɖi na ame si ƒomevi wònye. Nu si ŋkɔ ma fia le nya la ŋutɔŋutɔ nue nye “Enana Wòvaa Eme.” Ne míagblɔe bubui la, Mawu ate ŋu azu nu sia nu si hiã be wòana eƒe tameɖoɖowo nava eme. Le kpɔɖeŋu me: Le ale si ƒome aɖe ƒe hiahiãwo kple nɔnɔmewo bia nu la, vifofoa tea ŋu zua aƒedzikpɔla, aɖaŋuɖola, ʋɔnudrɔ̃la, avuléla, ametakpɔla, kple nufiala bene wòakpɔ eƒe ƒomea ƒe nu hiahiãwo gbɔ. Le mɔ ma ke nu la, ŋkɔ Yehowa naa kakaɖedzi mí be Mawu ate ŋu ana eƒe lɔlɔ̃nu nava eme wòanye yayra na ame siwo katã subɔnɛ la, nu ka kee ɖadzɔ o.

Na míalé ŋku ɖe nu vovovo siwo mía Mawu lɔ̃ame la zuna le kpɔɖeŋumɔ nu le ɖekawɔwɔ me kple gɔmesese si le eƒe ŋkɔa ŋu la ŋu kpɔ. Esia akpe ɖe ŋuwò nànya Mawu si ƒomevi Yehowa nye, eye nàsrɔ̃ nu si wòle be nàwɔ be nàte ɖe eŋu kplikplikpli.

“Lɔlɔ̃ Kple Ŋutifafa Ƒe Mawu”

Apostolo Paulo yɔ mía Wɔla la be “lɔlɔ̃ kple ŋutifafa ƒe Mawu.” (2 Korintotɔwo 13:11) Nu ka tae? Yesu Kristo gblɔ do ŋgɔ be: “Mawu lɔ̃ xexea ale gbegbe be wòtsɔ eƒe Tenuvi la na, bene ame sia ame si ɖenɛ fiana be yexɔ edzi se la nagatsrɔ̃ o, ke boŋ wòakpɔ agbe mavɔ.” (Yohanes 3:16) Lɔlɔ̃ deto si le Mawu si na ameƒomea ʋãe be wòtsɔ Via lɔlɔ̃a na abe tafe ene, heto esia dzi ʋu agbe mavɔ, si me vevesese kple fukpekpe si nu vɔ̃ he vae la manɔ o, ƒe mɔnukpɔkpɔ ɖi na ame siwo ɖenɛ fiana be yewoxɔ Via dzi se la. Esia tae Paulo hã gblɔ be: “Fetu si nu vɔ̃ xena lae nye ku, gake nunana si Mawu nana lae nye agbe mavɔ to Kristo Yesu mía Aƒetɔ la dzi.” (Romatɔwo 6:23) Ðe mele be esia naʋã mí míalɔ̃ Mawu ahate ɖe eŋu kplikplikpli oa?

Menye ameƒomea gbadzaa koe Mawu ɖea lɔlɔ̃ fiana o, ke boŋ eɖenɛ fiaa nuteƒewɔla ɖekaɖekawo hã. Mose gblɔ na blema Israel vi siwo dzea go enuenu la be: “Dukɔ dzɔlã kple bometsila, ale nèle akpe dami na Yehowa? Alo menye eya nye fofowò, si wɔ wò oa? Eya ŋutɔ wɔ wò, eye wòɖo wò te.” (5 Mose 32:6) Èse nu si nya mawo fia la gɔmea? Abe Fofo lɔ̃ame ene la, Yehowa léa be na eƒe amewo togbɔ be enya woƒe gbɔdzɔgbɔdzɔwo hã. Ekpɔ woƒe nu hiahiã veviwo katã gbɔ na wo—le ŋutilãme, seselelãme, kple mawusubɔsubɔ gome.

Mí katã míetoa nɔnɔme vovovowo me le agbe me, eye ɣeaɖewoɣi la, míexaa nu eye nu tena ɖe mía dzi kura gɔ̃ hã. Míehiã ame aɖe si akpe ɖe mía ŋu be nukpɔsusu nyui nasu mía si ku ɖe míaƒe nɔnɔmewo kple kuxiwo ŋu. Ame kae ate ŋu akpe ɖe mía ŋu? Yehowa to eƒe Nya, Biblia, dzi ɖee fia be yenye Aɖaŋuɖola kple Kpeɖeŋutɔ lɔ̃ame. Agbalẽ Kɔkɔe ma ɖe nu si tae míele fu kpem alea gbegbe kple ale si míawɔ anɔ te ɖe fukpekpe mawo nu dzidzedzetɔe la me. Abe ale si ko vifofo kpena ɖe via si dze anyi hewɔ nu vevi eɖokui ŋu lɔlɔ̃tɔe ene la, Yehowa bɔbɔna lɔlɔ̃tɔe le kpɔɖeŋumɔ nu, be yeana kpekpeɖeŋu si míehiã la mí. Vavãe Yehowa ƒe alɔ meto ɖe eme be mate ŋu ana kpekpeɖeŋu ame siwo xɔ eya amea dzi se la o.—Yesaya 59:1.

Lɔlɔ̃ si le Mawu si na mí la gadzena le ale si ‘wòɖoa to gbedodoɖa’ la me. (Psalmo 65:3) Le mɔ ka nu? Apostolo Paulo ɖe eme be: “Migatsi dzimaɖi le naneke ŋuti o, ke boŋ le nu sia nu me la, mitsɔ gbedodoɖa kple kokoƒoƒo kpakple akpedada ana Mawu nanya miaƒe didiwo; eye Mawu ƒe ŋutifafa, si ƒoa susu ɖe sia ɖe ta la, adzɔ miaƒe dziwo kple miaƒe tamesusuwo ŋu to Kristo Yesu dzi.” (Filipitɔwo 4:6, 7) Ne èdoa gbe ɖa na Mawu tso dzi me, eye nèwɔna ɖe mɔfiame siwo wònana le eƒe Nya la me dzi la, “ŋutifafa, si ƒoa susu ɖe sia ɖe ta la” asu wò hã asiwò.

“Nunyawo Ƒe Mawu”

Wogblɔ tso Yehowa Mawu ŋu le Biblia me be enye “nunyala kpakpam.” Esi wònye “nunyawo ƒe Mawu” ta la, esea amegbetɔwo ƒe nɔnɔme kple nu hiahiãwo gɔme wu ame bubu ɖe sia ɖe. (Hiob 36:4; 1 Samuel 2:3) Egblɔ to eƒe dɔla Mose dzi be: “Amegbetɔ mele abolo ƒe agbe ko o, ke boŋ amegbetɔ le agbe le nya, siwo katã do tso Yehowa nu la ta.” (5 Mose 8:3; Mateo 4:4) Esia ɖee fia be míehiã nu geɖe wu ŋutilãmenuwo ko hafi ate ŋu akpɔ dzidzeme vavãtɔ le agbe me.

Mía Wɔla la naa mɔfiame kple aɖaŋuɖoɖo nyuiwo mí le eƒe Nya, Biblia la, me. Biblia sɔsrɔ̃ kple eƒe aɖaŋuɖoɖowo tsɔtsɔ de dɔwɔwɔ me le míaƒe agbe me naa “nya, siwo katã do tso Yehowa nu” la ɖea vi na mí. Le kpɔɖeŋu me, Zuzanna, si nye nyɔnu Kristotɔ aɖe, gblɔ tso eƒe srɔ̃ɖegbenɔnɔ ŋu ale: “Biblia xexlẽ ɖekae, Kristotɔwo ƒe kpekpewo dede ɖekae, kple nu siwo míesrɔ̃na la ŋu nya gbɔgblɔ na amewo ɖekae do ŋusẽ míaƒe srɔ̃ɖeɖea. Mawu ƒe nufiamewo wɔe be taɖodzinu ɖeka le mía si, eye mía dome ƒomedodoa nyo ɖe edzi wu.”

Nu kae nàwɔ be Mawu ƒe aɖaŋuɖoɖowo kple mɔfiamewo naɖe vi na wò? Ne èsrɔ̃a Biblia edziedzi hetsɔa eƒe aɖaŋuɖoɖowo dea dɔwɔwɔ me la, ekema Mawu ayra wò geɖe.—Hebritɔwo 12:9.

“Xɔname Mawu” La

Avuwɔwɔ xɔ xexea me egbea ŋutɔ. Míate ŋu anya nu si adzɔ etsɔ o. Ne dukɔ si me aʋawɔwɔ le edzi yim le mee nèle la, ekema adzro wò vevie be ŋutifafa nava. Le xexea ƒe teƒe geɖewo la, amewo tsi dzodzodzoe le nu vlo wɔwɔ, ŋutasẽnuwɔwɔ, ganyawo ƒe tɔtɔ, kple ŋɔdzidonamelawo ƒe amedzidzedze ta. Ame kae aɖe mí tso nu siawo katã me? Ameƒomea hiã na takpɔkpɔ kple xɔxɔ fifia wu ɣeyiɣi bubu ɖe sia ɖe.

Biblia gblɔ be: ‘Yehowa ƒe ŋkɔ enye mɔ sesẽ; afi ma ame dzɔdzɔe la sina yina, eye wònɔa dedie.’ (Lododowo 18:10) Mawu ƒe ŋkɔa nyanya kple ŋuɖoɖo ɖe eŋu ate ŋu ana be míade ŋugble tso nu siwo wòwɔ kple nu siwo wòava wɔ atsɔ axɔ na ame siwo xɔa edzi sena la ŋu. Yehowa Mawu na kpeɖodzi si ŋu kakaɖedzi blibo le la mí be yeate ŋu axɔ na yeƒe amewo. Le kpɔɖeŋu me, eɖe Israel viwo esime wòtsrɔ̃ Farao ƒe aʋatasiaɖamwo kple eƒe asrafowo. Yehowa ɖee fia be yenye Mawu nyateƒetɔ si ɖoa ŋku ame siwo le xaxa me la dzi hedina be yeakpe ɖe wo ŋu.—2 Mose 15:1-4.

Míaƒe agbe mavɔ nɔnɔ le etsɔme nɔ te ɖe Yehowa Mawu dzi xɔxɔ se be eyae nye Xɔla la hã dzi. Blema Israel Fia David si wònɔ na be wòakpe akɔ kple nɔnɔme sesẽ geɖe la ɖe xɔse ma tɔgbi fia esime wòŋlɔ tso Yehowa ŋu be: “Wòe nye nye xɔname Mawu.” (Psalmo 25:5) Apostolo Petro gblɔ kakaɖedzitɔe be: “Yehowa nya ale si wòaɖe ame siwo tsɔ wo ɖokui na Mawu la tso tetekpɔ me.”—2 Petro 2:9.

Mawu do ŋugbe ku ɖe ame si kpɔa mɔ nɛ be wòakpe ɖe ye ŋu la ŋu be: “Maɖee . . . elabena enya nye ŋkɔ.” (Psalmo 91:14) Mawu subɔla siwo li egbea kpɔa ŋugbedodo sia ƒe nyateƒenyenye dze sii. Henryk si le Poland subɔ Yehowa nuteƒewɔwɔtɔe ƒe 70 sɔŋ togbɔ be eto nɔnɔme sesẽwo kple yometitiwo me hã. Esime Henryk xɔ ƒe 16 dzaa ko la, wode fofoa Auschwitz fuwɔamegaxɔ me. Wode Henryk ŋutɔ kple nɔviaŋutsu siaa Nazitɔwo ƒe sɔhɛwo ƒe ameɖɔɖogaxɔ me. Le ema megbe la, woɖenɛ tso fuwɔamegaxɔ ɖeka me yia bubu me. Henryk gblɔ tso nu siwo me wòto ɣemaɣi la ŋu be: “Le dodokpɔ siwo katã me meto me la, Yehowa megblẽm ɖi kpɔ o. Ekpe ɖe ŋunye ɣesiaɣi mekpɔtɔ lé nuteƒewɔwɔ me ɖe asi togbɔ be meɖo kudo nu zi geɖe hã.” Nyateƒee, Yehowa naa xɔse kple ŋusẽ esubɔlawo wotsɔ doa dzi!

Eteƒe madidi o, Mawu anye Xɔla na ame siwo katã ɖenɛ fiana be yewoxɔ edzi se eye wokpɔa mɔ nɛ be wòaɖe yewo la. Egblɔ be: “Nyee nye Yehowa, eye xɔnametɔ aɖeke meli kpe ɖe ŋunye o.” (Yesaya 43:11) Le “Mawu Ŋusẽkatãtɔ la ƒe ŋkeke gã la ƒe aʋawɔwɔ” me la, atsrɔ̃ ame vɔ̃ɖiwo ɖa le anyigba dzi eye wòaxɔ na ame dzɔdzɔewo. (Nyaɖeɖefia 16:14, 16; Lododowo 2:21, 22) Yehowa ka ɖe edzi na mí be: “Ame ɖihiãwo anyi anyigba la dome, eye dzi adzɔ wo ɖe ŋutifafa gbogbo la ŋuti.”—Psalmo 37:11.

“Mawu Ƒe Viwo” Zuzu

Le nyagblɔɖila Maleaxi ƒe ɣeyiɣiawo me la, Israel viwo gblɔ be Yehowae nye yewo Fofo. Ke hã, ne eɖo edzi be woasa vɔ na Yehowa atsɔ ade bubu eŋu ahaɖe woƒe ɖokuitsɔtsɔna afiae la, wotsɔa abolo makɔmakɔwo kple lã ɖixɔdrɔ̃wo kple lã ŋkuagbãwo saa vɔ nɛ. Ema tae Yehowa bia wo be: ‘Nenye Fofo menye la, afi kae nye bubu le?’—Maleaxi 1:6.

Mègawɔ vodada ma si Israel vi mawɔnuteƒeawo wɔ la o. Míele dzi dem ƒo na wò boŋ be nàsrɔ̃ nu tso Yehowa Mawu ŋu, eye nàte ɖe eŋu. Nusrɔ̃la Yakobo xlɔ̃ nu mí be: “Mite ɖe Mawu ŋu, eye ate ɖe mia ŋu.”—Yakobo 4:8.

Ne Yehowa va zu fofowò la, esia ada agba aɖewo ɖe dziwò. Ne èdzea agbagba be yeade bubu Mawu ŋu to eƒe dzidzenuwo me léle ɖe asi nuteƒewɔwɔtɔe le wò agbenɔnɔ ƒe akpa sia akpa me la, maŋlɔ wò agbagbadzedzewo be gbeɖe o. Ke boŋ akpe ɖe ŋuwò nàzɔ mɔ dzɔdzɔe si akplɔ wò ayi xexe yeye si ƒe ŋugbe wòdo, si me “ku maganɔ anyi o, eye konyifafa kple ɣlidodo kple vevesese hã maganɔ anyi o” la me. (Nyaɖeɖefia 21:4) Ɣemaɣi la, “woaɖe” ameƒomea me tɔ toɖolawo katã “tso gbegblẽ ƒe kluvinyenye la me, eye [woakpɔ] Mawu ƒe viwo ƒe ablɔɖe si me ŋutikɔkɔe le.”—Romatɔwo 8:21.

[Nya si ɖe dzesi si le axa 5]

Yehowa ye nye ŋkɔ si Mawu di be míanya na ye, eye nu si ŋkɔ ma fia le nya la ŋutɔŋutɔ nue nye “Enana Wòvaa Eme”

[Nya si ɖe dzesi si le axa 6]

“Le dodokpɔ siwo katã me meto me la, Yehowa megblẽm ɖi kpɔ o.”—HENRYK

[Nya si ɖe dzesi si le axa 7]

“Biblia xexlẽ ɖekae, Kristotɔwo ƒe kpekpewo dede ɖekae, kple nu siwo míesrɔ̃ la ŋu nya gbɔgblɔ na amewo ɖekae do ŋusẽ míaƒe srɔ̃ɖeɖea.”—ZUZANNA