Hiob 36:1-33
36 Elihu yi eƒe nyawo dzi be:
2 “Gagbɔ dzi ɖi nam vie, ne maɖe nu me na wò,Elabena nyawo gali magblɔ ɖe Mawu nu.
3 Magblɔ nu sia nu si menya, nyemagblẽ ɖeke ɖi o,Eye maɖee afia be nye Wɔla la tɔe dzɔ.+
4 Elabena nye nyawo menye alakpa kura o;Ame si ƒe nunya+ de blibo la tsɔ ɖe gbɔwò kpuie.
5 Ŋusẽtɔe+ Mawu nye, eye megbea ame aɖeke o;Eya sie gɔmesese deto le.*
6 Maxɔ ame vɔ̃ɖi aɖeke ɖe agbe o,+Ke boŋ atso afia dzɔdzɔe na ame si wote ɖe anyi.+
7 Meɖea ŋku ɖa le ame dzɔdzɔewo ŋu o;+Eɖoa wo zi dzi le fiawo xa,*+ eye wòdoa wo ɖe dzi ɖaa.
8 Gake ne wode kunyowu woEye fukpekpe ƒe ka bla wo la,
9 Eɖea nu si wowɔ la fiaa wo,Si nye vo siwo woda, le dada ta.
10 Eʋua to na wo be woaxɔ ɖɔɖɔɖoEye wògblɔna na wo be woatrɔ tso woƒe mɔ vɔ̃wo dzi.+
11 Ne woɖo toe hesubɔe la,Ekema eme anyo na wo le woƒe agbe me katã,Eye woƒe ƒewo awu enu nyuie.+
12 Ke ne womeɖo to o la, ekema woatsi yi* nu,+Eye woaku le numanyamanya me.
13 Ame siwo mevɔ̃a Mawu le woƒe dziwo me o* la léa dziku ɖe dɔme.
Ne ede ga wo hã, womedoa ɣli be woaxɔ na yewo o.
14 Woƒe agbe* nu atso le ɖekakpui dzodzoe me,+Le esi wobɔa ha kple ŋutsu siwo gbɔ ŋutsuwo dɔna le gbedoxɔ me ta.*+
15 Ke Mawu ɖea ame siwo le fu kpem la tso woƒe fukpekpewo me;Eye wòʋua to na wo le teteɖeanyiɣi.
16 Ahe wò ɖa tso xaxa me+Ayi gbadzaƒe afi si nàvo le,+Atsɔ nuɖuɖu damiwo aɖo kplɔ̃ na wò atsɔ afa akɔ na wò.+
17 Ekema wò dzi adze eme ne wodrɔ̃ ʋɔnu ame vɔ̃ɖiwo;+Ne wotso afia helé nya dzɔdzɔe me ɖe asi.
18 Gake kpɔ nyuie be dɔmedzoe nagahe wò de fewuɖuɖu me o,*+Eye mègana zãnu gã nakplɔ wò atrae o.
19 Ðe wò ɣlidodowoAlo wò dagbadagba aɖe wò tso xaxa mea?+
20 Mègatsi dzi ɖe zã ƒe dodo ŋu,Esime amewo búna le wo nɔƒewo o.
21 Kpɔ nyuie be nàgatrɔ ɖe nu vɔ̃ɖi ŋu o,Be nàgatsɔ ema aɖɔli fukpekpe o.+
22 Kpɔ ɖa! Mawu ƒe ŋusẽ do eya amea ɖe dzi;Nufiala kae de enu?
23 Ame kae fia mɔe,*+Alo gblɔ nɛ be, ‘Nu si nèwɔ la menyo o’?+
24 Ðo ŋku edzi nàdo eƒe dɔwɔwɔ ɖe dzi,+Dɔwɔwɔ si ŋu amewo dzi ha le.+
25 Ameƒomea katã kpɔ esia kple ŋku,Amegbetɔwo kpɔnɛ dũu tso adzɔge.
26 Ɛ̃, Mawu lolo wu ale si míate ŋu anya;+Eƒe ƒewo ƒe agbɔsɔsɔ gbɔ míaƒe gɔmesese ŋu.*+
27 Ehea tsi toŋtoŋwo yia dzii;+Wozua tsidzadza tso eƒe afu me;
28 Ale be alilikpowo dzanɛ;+Eye wodzana ɖe amegbetɔwo dzi bababa.
29 Ðe ame aɖe ate ŋu ase ɖoɖo si nu alilikpowo le,Kple ale si dzi ɖea gbe tso eƒe agbadɔ me la gɔmea?+
30 Kpɔ ale si wòklẽa eƒe dzikedzo*+ ɖe edzii,Kple ale si wòtsyɔa nu atsiaƒu ƒe gogloƒewo* dzii ɖa!
31 Elabena woawoe wòtsɔna léa dukɔwo ɖe te;*Eye wònaa nuɖuɖu wo le agbɔsɔsɔ me.+
32 Etsyɔa asi dzikedzo dzi,Eye wòɖonɛ ɖe afi si wòdi.+
33 Eƒe gbeɖeɖe le boblo domee,Lãhawo gɔ̃ hã le boblo dom ame si* gbɔna.
Etenuŋɔŋlɔ
^ Egɔmeɖeɖe tẽe, “Eya sie dzi senugɔme le.”
^ Agate ŋu afia, “Enana fiawo nɔa zi dzi.”
^ Alo, “lãnu.”
^ Alo, “Xɔsegbela.”
^ Egɔmeɖeɖe tẽe, “luʋɔ.”
^ Agate ŋu afia, “Wo kple ŋutsu gbedoxɔmegbolowo nu ayi.”
^ Alo, “nàsi akpe fewuɖutɔe o.”
^ Agate ŋu afia, “Ame kae he nya ɖe eŋu; bia be wòaɖe eɖokui nu.”
^ Alo, “me dzodzro meli o.”
^ Egɔmeɖeɖe tẽe, “wòkekea eƒe kekeli.”
^ Egɔmeɖeɖe tẽe, “kewo.”
^ Agate ŋu afia, “wòtsɔna xɔna na dukɔwo.”
^ Agate ŋu afia, “nu si.”