Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Yehowa ‘Atso Afia Dzɔdzɔe’

Yehowa ‘Atso Afia Dzɔdzɔe’

Yehowa ‘Atso Afia Dzɔdzɔe’

‘Ðe Mawu matso afia dzɔdzɔe na eƒe ame tiatia siwo doa ɣli nɛ zã kple keli oa?’—LUKA 18:7.

1. Amekawoe nyea dzideƒotsoƒe na wò, eye nukatae?

NƆVIŊUTSU kple nɔvinyɔnu Kristotɔ siwo le Yehowa subɔm nuteƒewɔwɔtɔe ƒe geɖe enye sia lae le Yehowa Ðasefowo ƒe hamewo me le xexeame godoo. Wò hã ènya ame vevi siawo dometɔ aɖewoa? Ðewohĩ wò susu ayi nɔvinyɔnu tsitsi aɖe, si xɔ nyɔnyrɔ ƒe geɖe enye sia, eye medaa Fiaɖuƒe Akpata me kpekpe aɖeke ƒuna o la dzi. Alo ɖewohĩ èɖo ŋku nɔviŋutsu tsitsi aɖe si kpea asi ɖe hamea ƒe gbeadzisubɔsubɔdɔa wɔwɔ ŋu veviedodotɔe kwasiɖa sia kwasiɖa ƒe geɖe enye sia la dzi. Le nyateƒe me la, ɖewohĩ nuteƒewɔla siawo dometɔ geɖe anya susui tsã be Harmagedon ava hafi ɣeyiɣi si me míele fifia naɖo hafi. Ke hã, alesi woka ɖe Yehowa ƒe ŋugbedodowo dzi kple alesi woɖoe kplikpaa be ‘yewoado dzi vaseɖe nuwuwu’ la, me megbɔdzɔ le esi madzɔmadzɔnyenye ƒe xexe sia gakpɔtɔ li vaseɖe fifia ta o. (Mateo 24:13) Xɔse sẽŋu si Yehowa subɔla wɔnuteƒe siawo ɖena fiana la dea dzi ƒo na hamea me tɔwo katã vavã.—Psalmo 147:11.

2. Nudzɔdzɔ kae doa nuxaxa na mí?

2 Gake ɣeaɖewoɣi la, nusi to vovo na esiae dzɔna. Ðasefo aɖewo wɔ subɔsubɔdɔa hena ƒe geɖe, gake le ɣeyiɣi aɖewo megbe la, alesi woxɔ Yehowa dzi se la me va gbɔdzɔ eye wodzudzɔ hadede kple Kristo-hamea. Míexaa nu ne haxɔsetɔ aɖe trɔ le Yehowa yome, eye míedina vevie be míanɔ kpekpem ɖe “alẽ” ɖesiaɖe si ‘bu’ la ŋu be wòatrɔ ava alẽkpɔa me. (Psalmo 119:176; Romatɔwo 15:1) Esi wònye be ame aɖewo lé nuteƒewɔwɔ me ɖe asi, evɔ ame aɖewo ya le gbɔdzɔgbɔdzɔm ta la, nyabiase aɖewo fɔ ɖe te. Nukae kpena ɖe Ðasefo gbogbotɔwo ŋu be woayi edzi aka ɖe Yehowa ƒe ŋugbedodo dzi, evɔ wo dometɔ aɖewo ya ƒe kakaɖedzia me gbɔdzɔna? Nukae mía dometɔ ɖesiaɖe ate ŋu awɔ atsɔ aɖo kpe edzi be kakaɖedzi sẽŋu gakpɔtɔ le mía si be “Yehowa ƒe ŋkeke gã la” le aƒe tum? (Zefanya 1:14) Mina míadzro kpɔɖeŋu aɖe si dze le Luka ƒe Nyanyuigbalẽa me la me akpɔ.

Nuxlɔ̃amenya na Amesiwo Anɔ Agbe le ‘Amegbetɔvi la ƒe Vavaɣi’

3. Amekawo koŋue ahosi kple ʋɔnudrɔ̃la la ŋuti kpɔɖeŋua aɖe vi na, eye nukatae?

3 Woŋlɔ kpɔɖeŋu aɖe si Yesu wɔ tso ahosi aɖe kple ʋɔnudrɔ̃la aɖe ŋu ƒe nya ɖe Luka ta 18 lia me. Kpɔɖeŋu sia ɖi esi ku ɖe amedzroxɔla si nɔ abolo biam exɔlɔ̃a, si me míedzro le nyati si do ŋgɔ me la, ŋu. (Luka 11:5-13) Ke hã, mawunyakpukpui siwo ƒo xlã ahosi kple ʋɔnudrɔ̃la ŋuti kpɔɖeŋua ɖee fia kɔte be amesiwo anɔ agbe le esime ‘Amegbetɔvi la ava’ le Fiaɖuƒeŋusẽ me, si nye ɣeyiɣi si dze egɔme tso ƒe 1914 me la, ŋu koŋue wòku ɖo.—Luka 18:8. *

4. Nuka ŋue Yesu ƒo nu tsoe gbã hafi wɔ kpɔɖeŋu si dze le Luka ta 18 lia me?

4 Hafi Yesu nawɔ kpɔɖeŋua la, egblɔ be yeƒe vava le Fiaɖuƒe ŋusẽ me ƒe dzesiwo adze gaglã abe ‘alesi ne dzi ke dzo le dziƒo ƒe go ɖeka me, wòklẽna ɖe dziƒo ƒe go keme dzii’ la ene. (Luka 17:24; 21:10, 29-33) Gake amesiwo anɔ agbe le ‘nuwuɣia’ me la dometɔ akpa gãtɔ makpɔ dzesi siawo adze si o. (Daniel 12:4) Nukatae? Nusiwo na be amesiwo nɔ agbe le Noa kple Lot ŋɔliwo mete ŋu ɖo to Yehowa ƒe nuxlɔ̃amenyawo o la kee ana woawo hã womanɔ ŋudzɔ ɖe Amegbetɔvi la ƒe vava ƒe dzesiwo ŋu o. Le ɣemaɣi la, amewo ‘nɔ nuɖuɖu dzi, nɔ nunono dzi, nɔ nuƒeƒle dzi, nɔ nudzadzra dzi, nɔ nukuwo dodo dzi, eye wonɔ xɔtutu dzi vaseɖe esime tsɔtsrɔ̃ ŋkekea va, eye wotsrɔ̃.’ (Luka 17:26-29) Woku le esi woƒo wo ɖokui ɖe nuwɔna siawo, siwo menye nu gbegblẽ hafi o la, me vĩ ale gbegbe be woɖe asi le Mawu ƒe lɔlɔ̃nu wɔwɔ ya ŋu kura. (Mateo 24:39) Nenema kee egbea hã, ame geɖewo ƒo wo ɖokui ɖe nuwɔna siawo tɔgbe me vĩ ale gbegbe be womete ŋu le dzesi siwo le eɖem fia be xexe mavɔ̃mawu sia ƒe nuwuwu ɖo la kpɔm o.—Luka 17:30.

5. (a) Amekawoe Yesu xlɔ̃ nui, eye nukatae? (b) Nukae na ame aɖewo ƒe xɔse gbɔdzɔ?

5 Edze ƒã be Yesu kpɔe do ŋgɔ be Satana ƒe xexea ate ŋu ava ble ye yomedzelawo hã nu ale gbegbe be ‘woagagbugbɔ atrɔ ɖe nusiwo le megbe la ŋuti’ gɔ̃ hã. (Luka 17:22, 31) Eye nusia dzɔ ɖe Kristotɔ aɖewo dzi hã nyateƒe. Ame mawo tsɔ ƒe geɖe nɔ mɔ kpɔm na ŋkeke si dzi Yehowa ahe xexe vɔ̃ɖi sia ava nuwuwui. Gake esi Harmagedon meva le ɣeyiɣi si woa ŋutɔwo susui dzi o la, dzi ɖe le wo ƒo. Alesi woka ɖe edzi vevie tsã be Yehowa ƒe ʋɔnudrɔ̃ŋkekea tu aƒe la me va gbɔdzɔ. Woƒe subɔsubɔdɔa wɔwɔ dzi va nɔ ɖeɖem kpɔtɔ eye vivivi eye woyi ɖaƒo wo ɖokui ɖe agbemenuwɔna bubuwo me vĩ ale gbegbe be ɣeyiɣi vi aɖe koe susɔ na wo woatsɔ awɔ subɔsubɔdɔae. (Luka 8:11, 13, 14) Le ɣeyiɣi aɖewo megbe la, ‘wogbugbɔ trɔ ɖe nusiwo le megbe la ŋuti’—nublanuinya kae nye esi!

‘Gbedodoɖa Ɣesiaɣi’ Hiã

6-8. (a) Gblɔ ahosi kple ʋɔnudrɔ̃la ŋuti kpɔɖeŋua kpuie. (b) Nufiame kae Yesu ɖe tso kpɔɖeŋua me?

6 Nukae míate ŋu awɔ atsɔ akpɔ egbɔ be alesi míeka ɖe Yehowa ƒe ŋugbedodowo dzi bliboe la me nagagbɔdzɔ o? (Hebritɔwo 3:14) Nya sia tututu gbɔe Yesu he eƒe nusrɔ̃lawo ƒe susu yii, esime wòxlɔ̃ nu wo be woagagbugbɔ ayi ɖe Satana ƒe xexea me o vɔ megbe.

7 Luka ka nya ta be Yesu “wɔ kpɔɖeŋu aɖe na wo tso alesi wòhiã be woanɔ gbe dom ɖa ɣesiaɣi, eye ɖeɖi nagate wo ŋu o ŋuti.” Yesu gblɔ be: ‘Ʋɔnudrɔ̃la aɖe nɔ du aɖe me, si mevɔ̃a Mawu o, eye mebua ame aɖeke hã o. Ke ahosi aɖe nɔ du ma me, eye wòyia ʋɔnudrɔ̃laa gbɔ enuenu ɖagblɔna nɛ be, “Tso afia dzɔdzɔe nam ne nàɖem tso amesi tsɔ nya ɖe ŋunye si me.” Ke hã, menɔ lɔlɔ̃m o hena ɣeyiɣi aɖe, gake emegbe la, egblɔ na eɖokui be, “Togbɔ be nyemevɔ̃a Mawu alo bua ame aɖeke o hã la, le esi ahosi sia yi edzi le fu ɖem nam ta la, matso afia dzɔdzɔe nɛ, ale be wòagayi edzi anɔ vavam, ava de fe ŋkume nam o.”’

8 Esi Yesu wɔ kpɔɖeŋu sia vɔ la, eɖe nufiame si le eme la me be: ‘Mise nya si ʋɔnudrɔ̃la sia gblɔ, togbɔ be enye ame madzɔmadzɔ hã, la ɖa! Ekema, ɖe Mawu matso afia dzɔdzɔe na eƒe ame tiatia siwo doa ɣli nɛ zã kple keli, togbɔ be edzena abe ɖe wòle wɔwɔm blewu le wo gome ene hã la oa? Mele egblɔm na mi be: Atso afia dzɔdzɔe na wo kaba. Ke hã, ne Amegbetɔvi la va ɖo la, ɖe wòakpɔ xɔse la le anyigba dzi vavãa?’—Luka 18:1-8, NW.

‘Tso Afia Dzɔdzɔe Nam’

9. Nya vevi kae ɖe dzesi le ahosi kple ʋɔnudrɔ̃la ŋuti kpɔɖeŋua me?

9 Nya vevitɔ kekeake si le kpɔɖeŋu wɔdɔɖeamedzi sia me la dze gaglã. Yesu ŋutɔ, kple ame eve siwo ŋu wòƒo nu tsoe le kpɔɖeŋua me la, ƒo nu tso nya ma ŋu. Ahosi la gblɔ kukuɖeɖetɔe be: ‘Tso afia dzɔdzɔe nam.’ Ʋɔnudrɔ̃la la gblɔ be: ‘Matso afia dzɔdzɔe nɛ.’ Yesu bia se be: ‘Ðe Mawu matso afia dzɔdzɔe oa?’ Eye Yesu gagblɔ tso Yehowa ŋu be: ‘Atso afia dzɔdzɔe na wo kaba.’ (Luka 18:3, 5, 7, 8) Ɣekaɣi koŋue Mawu ‘atso afia dzɔdzɔe’ la?

10. (a) Ɣekaɣie Yehowa tso afia le ƒe alafa gbãtɔa me? (b) Ɣekaɣie woatso afia dzɔdzɔe na Mawu subɔla siwo li egbea, eye aleke woatsoe?

10 Le ƒe alafa gbãtɔa me la, “hlɔ̃biabiaŋkekewo” (alo, “afiatsogbewo”) de le ƒe 70 M.Ŋ. me esime wotsrɔ̃ Yerusalem kple eƒe gbedoxɔa. (Luka 21:22) Le míaƒe ɣeyiɣia me la, woatso afia dzɔdzɔe na Mawu ƒe amewo le “Yehowa ƒe ŋkeke gã la” dzi. (Zefanya 1:14; Mateo 24:21) Ɣemaɣi la, Yehowa ‘atsɔ xaxa aɖo teƒe na amesiwo naa xaxa’ eƒe amewo, eye “[Yesu Kristo] abia hlɔ̃ amesiwo menya Mawu o kple amesiwo meɖoa to mía Aƒetɔ Yesu Kristo ƒe nyanyui la o.”—Tesalonikatɔwo II, 1:6-8; Romatɔwo 12:19.

11. Mɔ ka nue woatso afiaa “kaba” le?

11 Ke aleke wòle be míase kakaɖedzi si Yesu na be Yehowa atso afia dzɔdzɔe “kaba” la gɔmee? Mawu ƒe Nya la ɖee fia be ‘togbɔ be Yehowa gbɔ dzi ɖi hã la,’ atso afia dzɔdzɔe kaba ɖe etsoɣi. (Luka 18:7, 8; Petro II, 3:9, 10) Le Noa ƒe ɣeyiɣia me la, wotsrɔ̃ ame vɔ̃ɖiwo enumake le Tsiɖɔɖɔa me. Nenema kee le Lot ƒe ŋkekea me la, ame vɔ̃ɖiwo tsrɔ̃ esime dzo dza tso dziƒo. Yesu gblɔ be: “Nenema ke wòanɔ le ŋkeke si dzi Amegbetɔvi la laɖe eɖokui afia.” (Luka 17:27-30) “Tsɔtsrɔ̃ kpata” agava ame vɔ̃ɖiwo dzi ake. (Tesalonikatɔwo I, 5:2, 3) Le nyateƒe me la, míate ŋu aka ɖe edzi bliboe be ne ɣeyiɣia de be Yehowa naɖe Satana ƒe xexea ɖa la, maɖe mɔ ŋkeke ɖeka pɛ gɔ̃ hã nadze edzi o.

‘Atso Afia Dzɔdzɔe’

12, 13. (a) Nukae míesrɔ̃ tso kpɔɖeŋu si Yesu wɔ ku ɖe ahosi kple ʋɔnudrɔ̃laa ŋu me? (b) Nukata míate ŋu aka ɖe edzi be Yehowa ase míaƒe gbedodoɖawo ahatso afia dzɔdzɔe?

12 Kpɔɖeŋu si Yesu wɔ ku ɖe ahosi kple ʋɔnudrɔ̃la ŋu la gate gbe ɖe nyateƒenya vevi bubu aɖewo hã dzi. Esime Yesu le nufiame si le kpɔɖeŋua me me ɖem la, egblɔ be: ‘Mise nya si ʋɔnudrɔ̃la sia gblɔ, togbɔ be enye ame madzɔmadzɔ hã la ɖa! Ekema, ɖe Mawu matso afia dzɔdzɔe na eƒe ame tiatiawo oa?’ Ne míagblɔe ŋutɔŋutɔ la, menye ɖe Yesu nɔ gbɔgblɔm be Yehowa awɔ nu ɖe esubɔla ŋu abe alesi tututu ʋɔnudrɔ̃laa wɔ nui ene o. Ke boŋ Yesu fia nu vevi aɖe eyomedzelawo tso Yehowa ŋu esime wòɖe vovototo si le Mawu kple ʋɔnudrɔ̃laa dome fia. Vovototo siwo le wo dome la dometɔ aɖewo ɖe?

13 ‘Ame madzɔmadzɔe’ ʋɔnudrɔ̃la si ŋu Yesu ƒo nu tsoe le eƒe kpɔɖeŋua me la nye, evɔ ‘Mawu ya nye ʋɔnudzrɔ̃la dzɔdzɔe.’ (Psalmo 7:12; 33:5) Menye ɖe ʋɔnudrɔ̃laa tsɔ ɖe le eme na ahosia ŋutɔŋutɔ o, gake Yehowa ya tsɔa ɖe le eme na amesiame ɖekaɖeka. (Kronika II, 6:29, 30) Dzizizie ʋɔnudrɔ̃laa tsɔ kpe ɖe ahosia ŋu, gake Yehowa ya lɔ̃na faa—ẽ, edina vevie—be yeakpe ɖe ye subɔlawo ŋu. (Yesaya 30:18, 19) Nufiame kae le eme na mí? Ne ʋɔnudrɔ̃la madzɔmadzɔ la se ahosia ƒe kokoƒoƒo eye wòtso afia dzɔdzɔe nɛ la, ɖe Yehowa maɖo to eƒe amewo ƒe gbedodoɖa ahatso afia dzɔdzɔe na wo geɖe wu o mahã?—Lododowo 15:29.

14. Nukatae mele be míaƒe kaka ɖe Mawu ƒe ʋɔnudrɔ̃ŋkekea ƒe vava dzi me nagbɔdzɔ o?

14 Eyata amesiwo megava ka ɖe Mawu ƒe ʋɔnudrɔ̃ŋkekea ƒe vava dzi o la wɔ vodada gã aɖe. Nukatae? Esi kakaɖedzi sẽŋu si nɔ wo si be “Yehowa ƒe ŋkeke gã la” tu aƒe me gbɔdzɔ la, efia be wodi be yewoagblɔ be yewomenya ne Yehowa awɔ ɖe eƒe ŋugbedodowo dzi tututu o. Ke hã, ame aɖeke mate ŋu atɔ gbe Mawu ƒe nuteƒewɔwɔ o. (Hiob 9:12) Eyata nya vevitɔ si wòle be míabia mía ɖokui enye be, Ðe mate ŋu alé nye xɔse me ɖe asi nuteƒewɔwɔtɔea? Ẽ, nya ma tututue Yesu fɔ ɖe te le ahosia kple ʋɔnudrɔ̃laa ŋuti kpɔɖeŋua ƒe nuwuwu.

‘Ðe Wòakpɔ Xɔse Sia le Anyigba Dzi Vavãa?’

15. (a) Nya kae Yesu bia, eye nukatae? (b) Nya kae wòle be míabia mía ɖokui?

15 Yesu bia nya vevi sia be: ‘Ne Amegbetɔvi la va la, ɖe wòakpɔ xɔse sia le anyigba la dzi vavãa?’ (Luka 18:8) Nyagbɔgblɔ si nye “xɔse sia” fia be xɔse ƒomevi aɖe koŋ—si le abe ahosia tɔ ene—ye Yesu wɔnɛ. Yesu meɖo nya si eya ŋutɔ bia la ŋu o. Ðe wòbia nya sia kple susu be eƒe nusrɔ̃lawo nade ŋugble tso xɔse si ƒomevi le wo si la ŋu. Ðe woƒe xɔsea me le gbɔdzɔgbɔdzɔm vivivi si awɔe be tɔtrɔ ɖe nusiwo wogblẽ ɖe megbe ŋu ƒe mɔ̃ nava ɖe woa? Alo xɔse sẽŋu si ƒomevi Yesu tsɔ ahosia ƒe nuwɔna wɔ kpɔɖeŋui na lae le wo si? Nenema kee wòle be míawo hã míabia mía ɖokui egbea be, ‘Xɔse ka ƒomevie “Amegbetɔvi la” kpɔna le nye dzi me?’

16. Xɔse ka ƒomevie ahosia ɖe fia?

16 Hafi míawo hã míate ŋu anɔ amesiwo Yehowa atso afia dzɔdzɔe na dome la, ele be míawɔ nu abe alesi ahosi ma wɔ nui ene. Xɔse ka ƒomevie nɔ esi? Eɖe eƒe xɔse la fia to alesi wòkua kutri ‘yia ʋɔnudrɔ̃laa gbɔ enuenu ɖagblɔna nɛ be, “Tso afia dzɔdzɔe nam ne nàɖem tso amesi tsɔ nya ɖe ŋunye si me”’ la me. Ahosia ku kutri vevie be ame madzɔmadzɔ natso afia dzɔdzɔe na ye. Nenema ke Mawu subɔla siwo li egbea ate ŋu aka ɖe edzi be Yehowa atso afia dzɔdzɔe na yewo—nenye be axɔ ɣeyiɣi geɖe wu alesi wosusui gɔ̃ hã. Tsɔ kpe ɖe eŋu la, woɖea alesi woka ɖe Mawu ƒe ŋugbedodowo dzii la fiana to gbedodoɖa kutrikukutɔe me—ẽ, to ‘ɣlidodo na Yehowa zã kple keli’ me. (Luka 18:7) Le nyateƒe me la, ne Kristotɔ aɖe dzudzɔ gbedodoɖa be Yehowa natso afia dzɔdzɔe na esubɔlawo la, ekema ele eɖem fia be yemegaka ɖe eyama dzi o.

17. Susu kawo tae wòle be míanɔ gbe dom ɖa kutrikukutɔe ahayi edzi axɔ Yehowa ƒe ʋɔnudrɔ̃ŋkekea ƒe vava, si ŋu kakaɖedzi le la, dzi ase ɖo?

17 Nɔnɔme siwo me ahosia nɔ la ɖee fia mí be susu geɖewo li siwo tae wòle be míado gbe ɖa kutrikukutɔe ɖo. Na míalé ŋku ɖe vovototo siwo le nɔnɔme si me wònɔ kple esi me míele fifia dome la ƒe ɖewo ŋu kpɔ. Menye ame aɖee nɔ dzi dem ƒo na ahosia be wòanɔ ʋɔnudrɔ̃laa gbɔ yim hafi wònɔa yiyim o, gake le míawo ya gome la, Mawu ƒe Nya la dea dzi ƒo na mí geɖe be ‘míanɔ gbedodoɖa dzi ɖaasi!’ (Romatɔwo 12:12) Kakaɖedzi aɖeke menɔ ahosia si be ʋɔnudrɔ̃laa akpe ɖe ye ŋu o, gake Yehowa na kakaɖedzi míawo ya be yeatso afia dzɔdzɔe na mí. Yehowa gblɔ to eƒe nyagblɔɖila dzi be: ‘Ke ne edze abe ɖe wòtsi megbe ene hã la, kpɔ esinu; elabena ele vava ge kokoko, eye mahe ɖe megbe o.’ (Xabakuk 2:3; Psalmo 97:10) Nyasenamela aɖeke menɔ ahosia si si dzi wòaɖadze be wòava ɖe kuku na ʋɔnudrɔ̃laa na ye o. Gake nyasenamela sẽŋu aɖe li na míawo ya, si nye Yesu, ‘amesi le Mawu ƒe nuɖusi me, eye wòɖea kuku ɖe mía ta hã.’ (Romatɔwo 8:34; Hebritɔwo 7:25) Eyata nenye be, togbɔ be nɔnɔmeawo mede ahosia dzi o hã, wòyi edzi nɔ kuku ɖem na ʋɔnudrɔ̃laa henɔ esinu kpɔm be wòatso afia dzɔdzɔe na ye la, ɖe mele be míawo ya míaxɔ Yehowa ƒe ʋɔnudrɔ̃ŋkekea ƒe vava, si ŋu kakaɖedzi le la, dzi ase geɖe wu oa?

18. Aleke gbedodoɖa ado ŋusẽ míaƒe xɔse eye wòakpe ɖe mía ŋu be woatso afia dzɔdzɔe na míi?

18 Ahosia ŋuti kpɔɖeŋua le mía fiam be gbedodoɖa do ƒome kple xɔse tẽ eye be ne míedoa gbe ɖa kutrikukutɔe la, ate ŋu ana míaɖu ŋusẽkpɔɖeamedzi siwo te ŋu gbɔdzɔa ame ƒe xɔse me la dzi bɔbɔe. Gake esia mefia be, ameŋkumenuwɔwɔ be míele gbe dom ɖa ana míaƒe xɔse me magbɔdzɔ o. (Mateo 6:7, 8) Ne enyanya be Mawu ŋu koe míate ŋu aziɔ ɖo ye ʋãa mí be míado gbe ɖa nɛ la, ekema gbedodoɖaa ana míate ɖe Mawu ŋu eye wòado ŋusẽ míaƒe xɔse hã. Esi wònye be xɔse ƒe amesinɔnɔ hiã hafi ame nate ŋu akpɔ ɖeɖe ta la, mewɔ nuku o be Yesu kpɔe dze sii be ehiã vevie be yeade dzi ƒo na yeƒe nusrɔ̃lawo be “woanɔ gbe dom ɖa ɣesiaɣi, eye ɖeɖi nagate wo ŋu o.” (Luka 18:1; Tesalonikatɔwo II, 3:13) Ele eme baa be menye míaƒe gbedodoɖawo dzie “Yehowa ƒe ŋkeke gã la” ato ava ya o—elabena míeɖado gbe ɖa tso eƒe vava ŋu loo alo míeɖadoe ɖa o, ele vava ge godoo. Gake be woatso afia na mí be míedze atsi agbe le Mawu ƒe aʋa la me loo alo míedze o ya nɔ te ɖe xɔse si ƒomevi le mía si kple alesi míedoa gbe ɖae dzi.

19. Aleke míaɖee afia be kakaɖedzi blibo le mía si be Mawu ‘atso afia dzɔdzɔe’?

19 Èɖo ŋku nya si Yesu bia la dzia? Ebia be: ‘Ne Amegbetɔvi la va la, ɖe wòakpɔ xɔse sia le anyigba la dzi vavãa?’ Ŋuɖoɖo kae li na nyabiase wɔdɔɖeamedzi sia? Dzidzɔ ka gbegbee nye esi wònye na mí be Yehowa subɔla wɔnuteƒe miliɔn geɖe le anyigba dzi egbea, siwo to woƒe gbedodoɖawo, woƒe dzigbɔɖi, kple kutrikuku dzi le eɖem fia be xɔse sia tɔgbe le yewo si! Eyata woate ŋu aɖo Yesu ƒe nyaa ŋu kakaɖedzitɔe be, ẽ. Nyateƒee, togbɔ be Satana ƒe xexea le nu madzɔmadzɔwo wɔm ɖe mía ŋu fifia hã la, kakaɖedzi blibo le mía si be Mawu ‘atso afia dzɔdzɔe na eƒe ame tiatiawo’ godoo.

[Etenuŋɔŋlɔ]

^ mm. 3 Be nàse kpɔɖeŋu sia gɔme nyuie la, xlẽ Luka 17:22-33. De dzesii be alesi woƒo nu tso “Amegbetɔvi la” ŋu le Luka 17:22, 24, 30 la do ƒome kple biabia si fɔ ɖe te le Luka 18:8 me.

Èɖo Ŋku Wo Dzia?

• Nukae na be Kristotɔ aɖewo ƒe xɔse me va gbɔdzɔ?

• Nukata míate ŋu aka ɖe Yehowa ƒe ʋɔnudrɔ̃ŋkekea ƒe vava dzi bliboe?

• Susu kawo tae wòle be míanɔ gbe dom ɖa kutrikukutɔe ɖo?

• Alekee gbedodoɖa kutrikukutɔe akpe ɖe mía ŋu be míaƒe xɔse nagagbɔdzɔ o?

[Biabiawo]

[Nɔnɔmetata si le axa 26]

Nya vevitɔ kekeake kae dze le ahosia kple ʋɔnudrɔ̃laa ŋuti kpɔɖeŋua me?

[Nɔnɔmetata si le axa 29]

Ame miliɔn geɖe ka ɖe edzi bliboe egbea be Mawu ‘atso afia dzɔdzɔe’