Hiob 9:1-35

  • Hiob ƒe nyaŋuɖoɖo (1-35)

    • Amegbetɔ mate ŋu akpe nya kple Mawu o (2-4)

    • ‘Mawu wɔa nu gã siwo me dzodzro meli o’ (10)

    • Ame aɖeke mate ŋu ahe nya kple Mawu o (32)

9  Hiob ɖo eŋu be:  “Nyateƒee, menya be nenemae wòle. Gake aleke amegbetɔ tɔ adzɔ ne ekpe nya kple Mawu?+   Ne ame aɖe di be yeahe nya kplii* hã la,+Ame ma mate ŋu aɖo nya ɖeka pɛ hã ŋu nɛ le nya akpe dome o.   Dzi nyanu le esi, eye eƒe ŋusẽ tri akɔ.+ Ame kae ate ŋu adze aglã ɖe eŋu, eye nu vevi mawɔe o?+   Emlia* towo ɖa, ke amewo menyana o;Etrɔa wo bua anyi le eƒe dziku me.   Eʋuʋua anyigba le enɔƒe,Ale be eƒe sɔtiwo ʋuʋuna kpekpekpe.+   Eɖea gbe na ɣe be wòagaklẽ oEye wòxea ɣletiviwo ŋkume;+   Eya ɖekae kekea dziƒowo me,+Eye wòzɔa ƒutsotsoe kɔkɔwo dzi.+   Ewɔ Ayis,* Kesil,* kple Kima ɣletivihatsotsowo*+Kple anyiehe ɣletivihatsotsowo;* 10  Ewɔa nu gã siwo me dzodzro meli o,+Kple nu wɔnuku siwo mele xexlẽ me o.+ 11  Eto ŋunye va yi, eye nyemete ŋu kpɔe o;Etso eme va yi, ke nyemedze sii o. 12  Ne edu nu le ame si la, ame kae ate ŋu agbe nɛ? Ame kae ate ŋu agblɔ nɛ be, ‘Nu kae nye ema wɔm nèle?’+ 13  Mawu mafa eƒe dziku nu o;+Ame siwo naa kpekpeɖeŋu Rahab*+ gɔ̃ hã abɔbɔ ɖe ete. 14  Ke aleke nyea mawɔ aɖo nya ŋu nɛ?Afi kae makpɔ nyawo le atsɔ ahe nya kplii? 15  Ne tɔnye dzɔ hã la, nyemate ŋu aɖo nya ŋu nɛ o.+ Ðe maƒo koko na nye ʋɔnudrɔ̃la* boŋ be wòakpɔ nublanui nam. 16  Ne meyɔe la, ɖe wòatɔ nama? Nyemexɔe se be alé to ɖe ŋunye o, 17  Elabena etsɔa ahom gbãam gudugudu,Eye wònaa nye abiwo sɔa gbɔ ɖe edzi yakatsyɔ.+ 18  Ena mede gbɔgbɔ ge do kpoe;Eye wòtsɔa veve yɔa ko nam. 19  Ne ŋusẽ ƒe nyae wònye la, ke eyae nye ŋusẽtɔ la.+ Eye ne ʋɔnu dzɔdzɔe dɔdrɔ̃e la, ebe: ‘Ame kae ate ŋu atsɔ nya ɖe ŋunye?’ 20  Ne tɔnye dzɔ la, nye ŋutɔ nye nu abu fɔm;Ne melé nye nuteƒewɔwɔ me ɖe asi* hã la, abu fɔm.* 21  Ne melé nye nuteƒewɔwɔ me ɖe asi* hã la, nyemaka ɖe ɖokuinye dzi o;*Megbe nu le nye agbe sia gbɔ.* 22  Nya ɖeka koe li. Esia tae megblɔna be,‘Etsrɔ̃a ame maɖifɔ* kple ame vɔ̃ɖi siaa.’ 23  Ne tsi aɖɔ kpata awu ame le vo me hã la,Ame maɖifɔwo ƒe xaxa la aɖi kokoe nɛ. 24  Etsɔ anyigba la de asi na ame vɔ̃ɖiwo;+Etsyɔa nu ŋku dzi* na ʋɔnudrɔ̃la siwo le edzi. Ne menye eyae wɔe o ɖe, ke ame kae? 25  Nye ŋkekewo le du dzi wu duƒula gɔ̃ hã;+Wova yi kabakaba nu nyui aɖeke makpɔmakpɔe. 26  Wova yi mii abe aƒlaʋu ene;Abe hɔ̃ siwo de agba anyi be yewoaƒo nu ene. 27  Ne mebe, ‘Maɖe susu ɖa le nye dzimaɖitsitsi la dzi,Madzudzɔ adãdodo ne makɔ mo’ la, 28  Megavɔ̃na kokoko le nye veveseseawo katã+ ta,Menyae nyuie be màbum fɔmaɖilae o. 29  Àbum fɔɖilae* godoo. Ke nu ka tae maganɔ agbagba dzem dzodzro?+ 30  Ne mele sno si lólo ƒe tsi,Eye meklɔ nye asi ɖe adzalẽtsi me hã la,+ 31  Àganyrɔm ɖe ʋe me,Ale be manɔ ŋu nyɔm na nye ŋutɔ nye awuwo gɔ̃ hã. 32  Elabena menye amegbetɔ wònye abe nye ene, ne maɖo nya ŋu nɛ,Alo ne makplɔe ayi ʋɔnu o.+ 33  Ame aɖeke meli atso nya me na mí,*Alo anye ʋɔnudrɔ̃la na mí o.* 34  Ne ɖe wòadzudzɔm ƒoƒo,*Eye eƒe ŋɔdzi magalém azɔ o la,+ 35  Anye ne maƒo nu kplii vɔvɔ̃manɔmee,Elabena nyemenye ame si ƒoa nu kple vɔvɔ̃ o.

Etenuŋɔŋlɔ

Alo, “yeahee ayi ʋɔnu.”
Alo, “Eɖea.”
Anye ɣletivihatsotso siae woyɔna le Eʋegbe me be Koklovinɔ.
Egɔmeɖeɖe tẽe, “anyiehexɔ emetɔwo.”
Anye ɣletivihatsotso siae woyɔna le Eʋegbe me be Atifieŋu.
Anye ɣletivihatsotso siae woyɔna le Eʋegbe me be Avu Kple Avutɔ.
Anye ƒumelã klitsu aɖee.
Agate ŋu afia, “ame si tsɔ nya ɖe ŋunye.”
Alo, “Ne nyemeɖi fɔ o.”
Egɔmeɖeɖe tẽe, “agblɔ be tɔnye medzɔ o.”
Alo, “Ne nyemeɖi fɔ o.”
Alo, “nyemenya nye luʋɔ o.”
Alo, “Menyɔ ŋu nye agbe sia.”
Alo, “ame siwo wɔa nuteƒe.”
Egɔmeɖeɖe tẽe, “ŋkume.”
Egɔmeɖeɖe tẽe, “ame vɔ̃ɖi.”
Alo, “Domenɔla aɖeke meli na mí.”
Egɔmeɖeɖe tẽe, “Alo aɖo asi mí ame evea dzi o.”
Egɔmeɖeɖe tẽe, “wòaɖe eƒe ameƒoti ɖa le dzinye.”