Dzo kpo yi emenuwo dzi

Nu Kae Nye Torah?

Nu Kae Nye Torah?

Ale si Biblia ɖo eŋui

 Woɖe nya “Torah” tso Hebrigbe me nya toh·rahʹ me, eye woate ŋu aɖe egɔme be “nufiame” alo “se.” a (Lododowo 1:8; 3:1; 28:4) Kpɔɖeŋu siwo gbɔna la ɖe ale si wozãa Hebrigbe me nya sia le Biblia me fia.

  •   Biblia-gbalẽ atɔ̃ gbãtɔwo, siwo nye 1 Mose, 2 Mose, 3 Mose, 4 Mose kple 5 Mose ye woyɔna zi geɖe be Toh·rahʹ. Wogayɔna wo be Pentateuch, si woɖe tso Helagbe nya aɖe si gɔmee nye “agbalẽ atɔawo ƒe babla” la me. Mose ye ŋlɔ Torah la, eya ta woyɔnɛ be “Mose ƒe Segbalẽa.” (Yosua 8:31; Nehemiya 8:1) Anɔ eme be agbalẽ ɖekae wònye hafi, gake emegbe wova mae ɖe akpa atɔ̃ me ale be ekɔkɔ kple ezazã nanɔ bɔbɔe wu.

  •   Wogazãa nya Toh·rahʹ tsɔ ɖɔa se siwo wona Israel ku ɖe nanewo koŋ ŋu, le kpɔɖeŋu me, “nuvɔ̃vɔsa la ŋuti se [toh·rahʹ],” “anyidɔ ŋuti se” kple “se na Naziritɔ.”—3 Mose 6:25; 14:57; 4 Mose 6:13.

  •   Ɣeaɖewoɣi la, Toh·rahʹ gafiaa nufiame si tso dzilawo, nunyalawo, alo Mawu ŋutɔ gbɔ.—Lododowo 1:8; 3:1; 13:14; Yesaya 2:3, etenuŋɔŋlɔ.

Nya kawoe le Torah, alo Pentateuch la me?

  •   Nuwo wɔɣi ƒe ŋutinya kpakple ale si Mawu wɔ nu kple amegbetɔwo tso gɔmedzedzea me va de asi na Mose ƒe kuɣi.—1 Mose 1:27, 28; 5 Mose 34:5.

  •   Mose ƒe Sea ŋuti ɖoɖowo hã le eme. (2 Mose 24:3) Sedede siwo wu 600 ye le Sea me. Wo dometɔ si xɔ ŋkɔ wue nye Shema, alo Yudatɔwo ƒe xɔsemeʋuʋu. Shema la ƒe akpa aɖe gblɔ be: “Tsɔ wò dzi blibo kple wò luʋɔ blibo kpakple wò ŋusẽ blibo lɔ̃ Yehowa wò Mawu la.” (5 Mose 6:4-9) Yesu gblɔ be, esiae nye “sedede gãtɔ kple gbãtɔ.”—Mateo 22:36-38.

  •   Mawu ƒe ŋkɔ Yehowa, dze le eme zi 1,800 aɖewo. Torah la mede se ɖe Mawu ƒe ŋkɔa yɔyɔ ŋu o, ke boŋ sewo le eme siwo bia tso amewo si be woayɔ ŋkɔa.—4 Mose 6:22-27; 5 Mose 6:13; 10:8; 21:5.

Susu totro siwo le amewo si ku ɖe Torah la ŋu

 Susu totro: Ele be se siwo le Torah me la nanɔ anyi tegbee, mele be woadzudzɔ wo dzi wɔwɔ o.

 Nyateƒea: Le Biblia gɔmeɖeɖe aɖewo me la, wogblɔ tso Torah la me se kple ɖoɖo aɖewo, abe esiwo ku ɖe Sabat, nunɔlanyenyea kple Avuléŋkekea ene ŋu be wonye “ɖoɖo mavɔ,” alo be ele be woawɔ wo dzi “tegbee.” (2 Mose 31:16; 40:15; 3 Mose 16:33, 34, Eʋegbe Biblia) Ke hã, Hebrigbe me nya si wozã le kpuikpui mawo me la agate ŋu afia nu si ayi edzi va de asi na etsɔme ʋĩi, ke menye nu si woawɔ tegbee kokoko o. b Esi wowɔ Mose Ƒe Se ƒe nubablaa ŋu dɔ abe ƒe 900 ene megbe la, Mawu gblɔe ɖi be yeava tsɔ ‘nubabla yeye’ aɖe aɖɔlii. (Yeremiya 31:31-33) “Esi [Mawu gblɔ] be ‘nubabla yeye’ la, ena [nubabla] gbãtɔ la do xoxo.” (Hebritɔwo 8:7-13) Wonɔ te ɖe Yesu Kristo ƒe kua dzi ɖɔlii ƒe 2,000 aɖewoe nye esi va yi.—Efesotɔwo 2:15.

 Susu totro: Ele be woade bubu Yudatɔwo ƒe kɔnyinyiwo ŋuti sewo kple Talmud la ŋu abe ale si ko wodea bubu Torah la hã ŋu ene.

 Nyateƒea: Ŋɔŋlɔawo me kpeɖodzi aɖeke meli be Mawu tsɔ kɔnyinyiwo ŋuti sewo kpe ɖe Torah la me nuŋlɔɖiwo ŋu o. Ke boŋ, Biblia gblɔ be: “Yehowa gagblɔ na Mose be: ‘Ŋlɔ nya siawo ɖi.’” (2 Mose 34:27) Kɔnyinyiwo ŋuti se, siwo wova ŋlɔ ɖi emegbe si woyɔna be Mishnah, lae wokeke ɖe enu wòva zu agbalẽ si nye Talmud la. Farisitɔwo gbɔe Talmud la zazã dze egɔme tsoe, eye Yudatɔwo ƒe kɔnyinyiwo ŋuti se kple ɖoɖowoe le eme. Zi ge ɖe la, kɔnyinyi mawo tsia tsitre ɖe Torah la ŋu. Le esia ta, Yesu gblɔ na Farisitɔwo be: “Miena Mawu ƒe nya la zu dzodzro le miaƒe kɔnyinyiwo ta.”—Mateo 15:1-9.

 Susu totro: Mele be woafia Torah la me nyawo nyɔnuwo o.

 Nyateƒea: Wogblɔ le Mose ƒe Sea me be ele be woaxlẽ Se bliboa me nyawo na Israel-viwo katã, nyɔnuwo kple ɖeviwo hã le eme. Nu ka tae? “Ne woaɖo to, eye woasrɔ̃ ale si woavɔ̃ Yehowa [woƒe] Mawu la, eye woawɔ Se [la] me nyawo katã dzi pɛpɛpɛ.”—5 Mose 31:10-12. c

 Susu totro: Nya ɣaɣlawo le Torah la me.

 Nyateƒea: Mose, ame si ŋlɔ Torah la me nyawo ɖi la, gblɔ be emenyawo me kɔ, ame sia ame ate ŋu ase wo gɔme, eye womele ɣaɣla o. (5 Mose 30:11-14) Nya si amewo gblɔna be nya ɣaɣlawo be ɖe Torah me la dzɔ tso Yudatɔwo ƒe vivimenunya si woyɔna be Kabbalah, si me ‘wokpaa nyawo le aɖaŋutɔe’ tsɔ ɖea Ŋɔŋlɔawo me, la me. d2 Petro 1:16.

a Kpɔ agbalẽ si nye The Strongest Strong’s Exhaustive Concordance of the Bible, si ŋu wogbugbɔ trɔ asi le, entry 8451 le eƒe akpa si nye “Hebrew-Aramaic Dictionary-Index to the Old Testament.”

b Kpɔ numekugbalẽ si nye Theological Wordbook of the Old Testament, Babla 2 lia, axa 672-673.

c Le Yudatɔwo ƒe kɔnyinyiwo nu la, mɔɖeɖe meli be nyɔnuwo nasrɔ̃ Torah la o, evɔ esia mewɔ ɖeka kple Torah la ƒe nufiafiawo o. Le kpɔɖeŋu me, wogblɔ le Mishnah la me be Yudatɔwo ƒe Nufiala Eliezer ben Hyrcanus gblɔ be: “Ame sia ame si afia Torah vianyɔnu la, ele via gblẽm.” (Sotah 3:4) Wogblɔ le Yerusalem Talmud la me be: “Ne woafia Torah la me nyawo nyɔnuwo la, ke anyo wu ne wotɔ dzoe boŋ.”—Sotah 3:19a.

d Le kpɔɖeŋu me, numekugbalẽ si nye Encyclopaedia Judaica, ɖe susu si le ame siwo léa Kabbalah dzixɔsewo me ɖe asi la si ku ɖe Torah la ŋu gblɔ ale: “Gɔmesese tɔxɛ aɖeke koŋ mele Torah la ŋu o, gake gɔmesese vovovowoe va nɔa eŋu le go vovovowo me.”—Tata evelia, Babla 11 lia, axa 659.