Ale si Biblia ɖo eŋui

Mawu mebia tso Kristotɔwo si be woawɔ ɖe kwasiɖa sia kwasiɖa ƒe Sabat ƒe sea dzi o. Kristotɔwo le “Kristo la ƒe se la” te, eye se sia mebia be woalé Sabat la me ɖe asi o. (Galatiatɔwo 6:2; Kolosetɔwo 2:16, 17) Nu ka tae míeka ɖe esia dzi? Gbã la, na míabu Sabat ƒe dzɔtsoƒe ŋu kpɔ.

Nu kae nye Sabat la?

Woɖe nya “sabat” tso Hebrigbe me nya aɖe si gɔmee nye “woaɖi ɖe eme; woadzudzɔ” la me. Nya sia dze zi gbãtɔ le Biblia me le se si Mawu de na blema Israel-dukɔa la me. (2 Mose 16:23) Le kpɔɖeŋu me, Se Ewoawo ƒe enelia gblɔ be: “Ðo ŋku Sabat ŋkeke la dzi, ne nàwɔe kɔkɔe. Ŋkeke ade nàwɔ dɔ, eye nàwɔ wò dɔwo katã, ke ŋkeke adrelia nye sabat na Yehowa wò Mawu. Mègawɔ dɔ aɖeke o.” (2 Mose 20:8-10) Sabat dzea egɔme tso Fiɖagbe fiẽ ɖawua enu le Memleɖagbe fiẽ. Le Sabat dzi la, Israel-viwo mekpɔ mɔ adzo le woƒe nutoa me, ado dzo, afɔ nake alo adro agba aɖeke o. (2 Mose 16:29; 35:3; 4 Mose 15:32-36; Yeremiya 17:21) Wowua ame siwo da Sabat ƒe sea dzi.2 Mose 31:15.

Yudatɔwo gabua ŋkeke bubuwo hã be wonye Sabat, eye wobua ƒe adrelia kple ƒe blaatɔ̃lia hã be wonye sabatwo. Le Sabat-ƒewo me la, womedea agble o eye womezia Israel-viwo dzi hã be woaxe wo ŋu fewo o.3 Mose 16:29-31; 23:6, 7, 32; 25:4, 11-14; 5 Mose 15:1-3.

Kristo ƒe vɔsaa he Sabat ƒe sea va nuwuwui

Nu ka tae Sabat ƒe sea meka Kristotɔwo o?

Dukɔ si wotsɔ Mose ƒe Sea na la ko sie wobia tso be woawɔ Sabat ƒe se la dzi. (5 Mose 5:2, 3; Ezekiel 20:10-12) Mawu mebia tso dukɔ bubu aɖeke si kpɔ be woawɔ Sabat ƒe se la dzi o. Gakpe ɖe eŋu la, “wotu” Yudatɔwo gɔ̃ hã “tso Se” si Mose de la, si ƒe akpa aɖee nye Se Ewoawo la me to Yesu Kristo ƒe vɔsaa dzi. (Romatɔwo 7:6, 7; 10:4; Galatiatɔwo 3:24, 25; Efesotɔwo 2:15) Meganye Mose ƒe Sea dzie Kristotɔwo zɔna ɖo egbea o, ke boŋ lɔlɔ̃ ƒe se si de ŋgɔ wu la dzie wozɔna ɖo.Romatɔwo 13:9, 10; Hebritɔwo 8:13.

Nya totro siwo amewo gblɔna tso Sabat ŋu

Nya totro: Mawu ɖo Sabat anyi esi wòɖi ɖe eme le ŋkeke adrea gbe.

Nyateƒea: Biblia gblɔ be: “Mawu yra ŋkeke adrelia, eye wòkɔ eŋuti, elabena eya dzi wòdzudzɔ eɖokui le tso eƒe dɔwɔwɔ, siwo katã Mawu wɔ, eye wòna wodo la me.” (1 Mose 2:3, Eʋegbe Biblia) Menye Sabat ƒe see Mawu de na amegbetɔ le mawunyakpukpui sia me o, ke boŋ nu si Mawu wɔ le nuwɔwɔ ƒe ŋkeke adrea gbee wogblɔ le eme. Biblia megblɔ be ame siwo nɔ anyi do ŋgɔ na Mose ƒe ŋkekea la wɔ Sabat ƒe sea dzi o.

Nya totro: Israel-viwo nɔ Sabat ƒe sea te hafi wova de Mose ƒe Sea na wo.

Nyateƒea: Mose gblɔ na Israel-viwo be: “Yehowa mía Mawu bla nu kpli mí le Horeb,” si nye nuto si ƒo xlã Sinai-toa. Se siwo wode na wo le nubabla sia me la dometɔ ɖekae nye Sabat ƒe sea. (5 Mose 5:2, 12) Ale si Israel-viwo wɔ nui le Sabat ƒe nyawo me ɖee fia be womenya nu tso Sabat la ŋu tsã o. Ne ɖe Israel-viwo nɔ Sabat ƒe se aɖe te esime wonɔ Egipte la, ke aleke Sabat la ate ŋu aɖo ŋku woƒe ɖeɖekpɔkpɔ tso Egipte dzi na wo abe ale si Mawu gblɔe ene? (5 Mose 5:15) Ne ɖe wonya nu tso eŋu xoxo la, ɖe wòagahiã be woade se na wo be womegafɔ mana le ŋkeke adrelia dzi oa? (2 Mose 16:25-30) Eye nu ka tae womenya nu si woawɔ na ame gbãtɔ si da Sabat ƒe sea dzi o?4 Mose 15:32-36.

Nya totro: Sabat la nye nubabla mavɔ, eya ta ele be míawɔ edzi egbea hã.

Nyateƒea: Wogblɔ tso Sabat ŋu le Biblia aɖewo me be enye “nubabla mavɔ.” (2 Mose 31:16) Ke hã Hebrigbe me nya si gɔme woɖe be “mavɔ” ate ŋu afia hã be “nane si anɔ anyi yi ɖe etsɔme ʋĩ ɖaa,” gake mefia kokoko be nua anɔ anyi tegbee o. Le kpɔɖeŋu me, wozã nya ma ke tsɔ ɖɔ Israel-viwo ƒe nunɔlanyenye ƒe ɖoɖoa, gake Mawu na ɖoɖo ma wu enu ƒe 2,000 kloe nye esi va yi.2 Mose 40:15; Hebritɔwo 7:11, 12.

Nya totro: Edze be Kristotɔwo nawɔ ɖe Sabat ƒe sea dzi, elabe Yesu ŋutɔ hã wɔ ɖe edzi.

Nyateƒea: Esi Yesu nye Yudatɔ tae wòwɔ ɖe Sabat ƒe sea dzi ɖo, elabe se bla Yudatɔ ɖe sia ɖe tso edzigbe be wòawɔ ɖe Mose ƒe Sea dzi. (Galatiatɔwo 4:4) Gake le Yesu ƒe ku megbe la, woɖe Se ƒe nubabla, si ƒe akpa aɖee nye Sabat ƒe sea la ɖa.Kolosetɔwo 2:13, 14.

Nya totro: Esi apostolo Paulo zu Kristotɔ la, ewɔ ɖe Sabat ƒe sea dzi.

Nyateƒea: Paulo ge ɖe ƒuƒoƒea le Sabat dzi, gake menye kple susu be yeawɔ ɖeka kple Yudatɔwo aɖu Sabat la o. (Dɔwɔwɔwo 13:14; 17:1-3; 18:4) Ke boŋ ɖe wòyi ɖaɖe gbeƒã nya nyuia le ƒuƒoƒea abe ale si wolɔ̃a amewo kpekpe ɣemaɣi wova ƒoa nu na ame siwo kpe hena tadede agu ene. (Dɔwɔwɔwo 13:15, 32) Paulo ɖea gbeƒã “gbe sia gbe,” menye le Sabat ɖeɖe ko dzi o.Dɔwɔwɔwo 17:17.

Nya totro: Kristotɔwo ƒe Sabat ye nye Kwasiɖagbe.

Nyateƒea: Biblia mede se aɖeke na Kristotɔwo be woaɖi ɖe eme ahade ta agu le Kwasiɖagbe, si nye kwasiɖa ƒe ŋkeke gbãtɔ la dzi o. Kristotɔ gbãtɔwo wɔa dɔ le Kwasiɖagbe abe ale si ko wowɔa dɔ le ŋkeke bubuwo dzi ene. Numekugbalẽ aɖe gblɔ be: “Ƒe alafa 4 lia me hafi wova te sabat-ɖuɖu le Kwasiɖagbe, esime [trɔ̃subɔlawo ƒe Roma-fiagã] Konstantino de se be womegawɔ dɔ ƒomevi aɖewo le Kwasiɖagbe o.” *The International Standard Bible Encyclopedia.

Ke mawunyakpukpui siwo na wòdze abe ŋkeke tɔxɛ aɖee Kwasiɖagbe nye ene ya ɖe? Biblia gblɔ be apostolo Paulo ɖu nu kple eƒe haxɔsetɔwo “le kwasiɖaa ƒe ŋkeke gbãtɔ dzi” si nye Kwasiɖagbe, gake susu le eme, elabe Paulo le dzodzo ge le wo gbɔ le ŋkeke si kplɔe ɖo dzi. (Dɔwɔwɔwo 20:7) Nenema kee wogblɔ na hame aɖewo be woadzra ga aɖe ɖo ɖi “le kwasiɖa ɖe sia ɖe ƒe ŋkeke gbãtɔ dzi” si nye Kwasiɖagbe hena kpekpeɖeŋunana ame siwo hiã tu. Hameviawo dzraa ga siawo ɖo ɖe woƒe aƒewo me ke menye ɖe tadeaguƒeawo o.1 Korintotɔwo 16:1, 2.

Nya totro: Mesɔ be woaɖo ŋkeke aɖe ɖi kwasiɖa sia kwasiɖa hena ɖiɖi ɖe me kple tadede agu o.

Nyateƒea: Biblia ɖe mɔ be Kristotɔ ɖe sia ɖe ŋutɔ natso nya me le nya sia ŋu.Romatɔwo 14:5.

^ mm. 21 Kpɔ agbalẽ si nye New Catholic Encyclopedia, Second Edition, Volume 13, axa 608 hã.