2 Mose 24:1-18

  • Dukɔ la lɔ̃ be yewoalé nubabla me ɖe asi (1-11)

  • Mose le Sinai To la dzi (12-18)

24  Eye wògblɔ na Mose be: “Lia to la nàva Yehowa gbɔ, wò kple Aron, Nadab, Abihu+ kple Israel ƒe ametsitsiawo dometɔ blaadre, eye mianɔ adzɔge ade ta agu.  Mose ɖeɖe nate ɖe Yehowa ŋu; ame mamlɛawo megate va o, eye dukɔ la megalia toa kplii o.”+  Eye Mose va gblɔ Yehowa ƒe nyawo katã kple ʋɔnudrɔ̃ɖoɖowo+ katã na dukɔ la, eye dukɔ blibo la katã ɖo eŋu kple nu sɔsɔe be: “Nya siwo katã Yehowa gblɔ la, míawɔ wo dzi.”+  Eye Mose ŋlɔ Yehowa ƒe nyawo katã ɖi.+ Azɔ efɔ ŋdi kanya, eye wòɖi vɔsamlekpui kple ŋkuɖodzikpe wuieve ɖe Israel-to wuieveawo nu ɖe to la gɔme.  Emegbe ena Israel-vi ɖekakpui aɖewo sa numevɔwo, eye wowu nyitsuwo tsɔ sa ŋutifafavɔwo,+ na Yehowa.  Eye Mose kɔ ʋu la ƒe afã ɖe agba goboewo me, eye wòhlẽ ʋu la ƒe afã ɖe vɔsamlekpui la ŋu.  Azɔ etsɔ nubablagbalẽ la hexlẽe sesĩe ɖe dukɔ la ƒe to me.+ Eye wogblɔ be: “Nya siwo katã Yehowa gblɔ la, míalé wo me ɖe asi, awɔ wo dzi.”+  Eye Mose tsɔ ʋu la hlẽ ɖe dukɔ la ŋu+ gblɔ be: “Esiae nye ʋu si Yehowa tsɔ ɖo kpe nu, si wòbla kpli mi la me nyawo katã dzi.”+  Eye Mose kple Aron, Nadab kple Abihu, kpakple Israel ƒe ametsitsiawo dometɔ blaadre lia to la, 10  eye wokpɔ Israel ƒe Mawu la.+ Nane le eƒe afɔ te abe safir-kpe gbadzawo ene, eye wòdza abe dziƒowo ene.+ 11  Mewɔ naneke Israel-viwo ƒe ame ŋkutaawo o,+ ke boŋ wokpɔ Mawu vavã la le ŋutega me, eye woɖu nu no nu. 12  Eye Yehowa gblɔ na Mose be: “Lia to la nàva gbɔnye, eye nàlala le afi ma. Matsɔ kpe gbadzɛ siwo dzi maŋlɔ se la kple mɔfiameawo ɖo hena nufiafia wo la ana wò.”+ 13  Eya ta Mose kple eƒe subɔvi Yosua+ tso, eye Mose lia Mawu vavã la ƒe to la.+ 14  Ke egblɔ na ametsitsiawo be: “Milala mí le afi sia, va se ɖe esime míatrɔ agbɔ.+ Kpɔ ɖa, Aron kple Hur+ le mia gbɔ. Ne ʋɔnunya aɖe le ame aɖe si la, netsɔe yi na wo.”+ 15  Ale Mose lia to la esime alilikpo tsyɔ to la tame.+ 16  Yehowa ƒe ŋutikɔkɔe+ xɔ Sinai To+ la dzi, eye alilikpo la tsyɔ edzi ŋkeke ade sɔŋ. Le ŋkeke adrea gbe la, eyɔ Mose tso alilikpoa me. 17  Eye Israel-viwo nɔ Yehowa ƒe ŋutikɔkɔe kpɔm abe dzobibi ene le toa tame. 18  Mose ge ɖe alilikpoa me helia to la.+ Eye Mose nɔ to la dzi ŋkeke blaene kple zã blaene.+

Etenuŋɔŋlɔ