Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

 NYATI SI LE AKPAA DZI: NU SI MÍATE ŊU ASRƆ̃ TSO MOSE GBƆ

Ame Kae Nye Mose?

Ame Kae Nye Mose?

Nu kae vaa susu me na wò ne èse ŋkɔ Mose? Ðe wò susu yia nya siawo dometɔ aɖe dzia?

  • Vidzĩ si dadaa ɣla ɖe kusi me tsɔ yi ɖada ɖe Nil Tɔsisia to.
  • Ŋutsuvi si Farao vinyɔnua nyi le nɔnɔme deamedzi me le Egipte, ke hã meŋlɔ be gbeɖe be Israel vie yenye o.
  • Ŋutsu si kplɔ alẽwo le Midian ƒe 40.
  • Ŋutsu si Yehowa * ƒo nu kple le ŋuve aɖe si nɔ bibim la gbɔ.
  • Ŋutsu si mevɔ̃ Egipte fia la o, eye wòbia dzinɔameƒotɔe be woaɖe asi le Israel viwo ŋu woadzo le kluvinyenye me.
  • Ŋutsu si dzi Mawu to ɖe gbeƒã Fuwɔame Ewo siwo va Egiptetɔwo dzi esi woƒe fia la gbe Mawu vavã la ƒe gbe dzi wɔwɔ.
  • Ŋutsu si nɔ ŋgɔ na Israel viwo ƒe ha gã aɖe woʋu le Egipte.
  • Ŋutsu si dzi Mawu to ma Ƒudzĩa me.
  • Ŋutsu si dzi Mawu to tsɔ Se Ewoawo na Israel viwo.

NUTEƑEKPƆKPƆ siawo kple bubu geɖewo su Mose si. Eya ta mewɔ nuku o be Kristotɔwo, Yudatɔwo kple Moslemtɔwo siaa dea bubu deto nuteƒewɔla sia ŋu!

Ðikeke mele eme o be Mose nye nyagblɔɖila si wɔ “nu tsu dziŋɔ” geɖewo. (5 Mose 34:10-12) Eɖe mɔ Mawu to edzi wɔ nu gãwo. Ke hã, amegbetɔ koe Mose nye abe míawo ke ene. Abe nyagblɔɖila Eliya, ame si dze le ŋutega me kpe ɖe Mose ŋu le Yesu ƒe anyigbadzisubɔsubɔdɔa wɔɣi ene la, Mose hã nye ame “si ƒe seselelãmewo sɔ kple mía tɔwo.” (Yakobo 5:17; Mateo 17:1-9) Mose to kuxi siwo me míetona la dometɔ geɖe me, eye wòte ŋu nɔ te ɖe wo nu dzidzedzetɔe.

Àdi be yeanya ale si wòwɔea? Na míadzro nɔnɔme nyui siwo Mose ɖe fia la dometɔ etɔ̃ me ahakpɔe ɖa be nu kawoe míate ŋu asrɔ̃ tso eƒe kpɔɖeŋua me hã.

^ mm. 7 Biblia na míenya be Mawu ƒe ŋkɔe nye Yehowa.