Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

 NYATI SI LE AKPAA DZI: ÐE WÒLE BE NÀVƆ̃ NA XEXEA ME ƑE NUWUWUA?

Ðe Wòle Be Nàvɔ̃ Na Xexea Me Ƒe Nuwuwua?

Ðe Wòle Be Nàvɔ̃ Na Xexea Me Ƒe Nuwuwua?

Nu kae nèsusu tso December 21, 2012, si nye ɣletiŋkeke si dze le Mayatɔwo ƒe ɣletigbalẽ dzi si ame geɖe gblɔ be eya dzie tɔtrɔ gãwo ava xexea me katã la ŋu? Le nu si nènɔ mɔ kpɔm na nu la, wò dzi anya dze eme, mɔkpɔkpɔ bu ɖe wò, alo be mègatsɔ ɖeke le eme o. Ðe esia hã nye ɣeyiɣi si amewo nɔ mɔ kpɔm vodadatɔe be xexea awu enu la ƒe kpɔɖeŋu aɖe koa?

Ke “xexea me ƒe nuwuwu” si ŋu Biblia ƒo nu tsoe ya ɖe? (Mateo 24:3, Eʋegbe Biblia) Ame aɖewo vɔ̃na be woatsɔ dzo atsrɔ̃ anyigba. Ame bubuwo le mɔ kpɔm vevie na nu siwo adzɔ le nuwuɣia. Ke le ame bubu geɖewo ya gome la, xexea me ƒe nuwuwu ŋuti nyawo va ti to me na wo. Ðe wòanye be nu siwo wose tso nuwuwua ŋu la nye nyakpakpawo tae wosena le wo ɖokui me nenema?

Ðewohĩ nu si tututu Biblia gblɔ tso xexea ƒe nuwuwu ŋu la nyanya awɔ nuku na wò. Biblia gblɔ susu siwo tae míakpɔ mɔ na nuwuwua, eye wòɖee fia hã be dzi aɖe le ame aɖewo ƒo le esi wosusui be nuwuwua tsi megbe akpa ta. Míade dzi ƒo na wò be nàde ŋugble tso ale si Biblia ɖo nya siwo amewo lɔ̃a biabia tso xexea ƒe nuwuwu ŋu la ŋu.

 Ðe woatsɔ dzo atsrɔ̃ anyigbaa?

ALE SI BIBLIA ÐO EŊUI: [Mawu ɖo] anyigba gɔme anyi ɖe eƒe anyinɔwo dzi, ne magaʋã gbeɖe akpɔ o.”PSALMO 104:5.

Womatsɔ dzo alo nu bubu aɖeke atsrɔ̃ anyigba o. Ðe Biblia gblɔ boŋ be anyigba sia nye ameƒomea ƒe aƒe tegbee. Psalmo 37:29 gblɔ be: “Ame dzɔdzɔewo anyi anyigba la dome, eye woanɔ edzi tegbee.”—Psalmo 115:16; Yesaya 45:18.

Esi Mawu wɔ anyigba la, egblɔ be ‘enyo ŋutɔ,’ eye aleae wògasena le eɖokui me kokoko. (1 Mose 1:31) Mawu meɖoe kura be yeava tsrɔ̃ anyigbaa o, ke boŋ edo ŋugbe be yeahe “gbegblẽ ava ame siwo le anyigba la gblẽm la dzi” ahakpɔ eta be woagatsrɔ̃e o.—Nyaɖeɖefia 11:18.

Gake ɖewohĩ àbia be ke nya si le 2 Petro 3:7 la gɔme ɖe? Mawunyakpukpui ma gblɔ be: “Wodzra fifi dziƒo kple anyigba ɖo ɖi na dzo.” Ðe esia mefia be woatsɔ dzo atsrɔ̃ anyigba oa? Le nyateƒe me la, Biblia zãa nya “dziƒo,” “anyigba” kple “dzo” le kpɔɖeŋunyagbɔgblɔ nu. Le kpɔɖeŋu me, esi wogblɔ le Yesaya 1:2 be: “Mi dziƒowo, misee, eye anyigba, ƒu to anyi” la, gɔmesese si le nya “anyigba” ŋue nye amegbetɔƒomea.

Nya siwo ƒo xlã 2 Petro 3:7 la hã fia be wozã dziƒo, anyigba kple dzo le kpɔɖeŋunyagbɔgblɔ nu. Kpukpui 5 kple 6 lia tsɔ xexea ƒe tsɔtsrɔ̃ sɔ kple Noa ŋɔli me Tsiɖɔɖɔa. Togbɔ be wotsrɔ̃ blemaxexe ma hã la, míaƒe anyigbaa nu meyi o. Ke boŋ ame vɔ̃ɖiwo, siwo “anyigba” le tsitre ɖi na lae tsrɔ̃ le Tsiɖɔɖɔa me. Tsiɖɔɖɔa tsrɔ̃ nu si woate ŋu ayɔ be “dziƒo” hã, si le tsitre ɖi na ame siwo nɔ ameƒomea dzi ɖum ɣemaɣi la. (1 Mose 6:11) Mɔ ma ke nue 2 Petro 3:7 gblɔe ɖi le be woava tsrɔ̃ ame vɔ̃ɖiwo kple dziɖuɖu gblẽkuwo ɖa tegbee, abe dzoe wotsɔ tsrɔ̃ woe ene.

Nu kae adzɔ le xexea me ƒe nuwuwu?

ALE SI BIBLIA ÐO EŊUI: “Xexea nu va yina, nenema kee nye eƒe nudzodzro la hã, ke ame si wɔa Mawu ƒe lɔlɔ̃nu la nɔa anyi yi mavɔmavɔ me.”1 YOHANES 2:17.

Menye anyigbae nye ‘xexe’ si nu ava yi la o, ke boŋ ameƒomea me tɔ siwo menɔa agbe ɖe Mawu ƒe lɔlɔ̃nu nu o lae. Abe ale si ko amekola ɖea nutete si me kansa le tsɔ kpɔa dɔnɔ ƒe agbe tae ene la, nenema kee Mawu ‘atsrɔ̃’ ame vɔ̃ɖiwo, be  ame dzɔdzɔewo nakpɔ dzidzeme vavãtɔ le anyigba dzi. (Psalmo 37:9) Le gɔmesese sia nu la, “xexea me ƒe nuwuwu” la nye nu nyui.

Gɔmesese sia si le “xexea me ƒe nuwuwu” ŋu la dze ƒãa le Biblia gɔmeɖeɖe siwo ɖe nya sia gɔme be “nuɖoanyi sia ƒe nuwuɣi” alo “dzidzimea ƒe nuwuwu” la me. (Mateo 24:3, New International Version) Esi wònye ameƒomea kple anyigba siaa nu mayi o ta la, ɖe mesɔ be míagblɔ be nuɖoanyi yeye aɖe ava nɔ anyi oa? Biblia ɖo eŋu be ɛ̃, elabena eƒoa nu tso “nuɖoanyi si gbɔna la” ŋu.—Luka 18:30.

Yesu gblɔ tso ɣeyiɣi ma ŋu be enye “nuwo katã ɖɔɖɔɖoɣi.” Ɣemaɣi la, agbugbɔ nɔnɔmeawo aɖɔ ɖo na ameƒomea abe ale si Mawu ɖoe be wòanɔ tso gɔmedzedzea me ene. (Mateo 19:28, NIV) Yayra siwo míakpɔe nye

Ne míewɔa “Mawu ƒe lɔlɔ̃nu” la, mele be míavɔ̃ na xexea me ƒe nuwuwu o. Ðe míakpɔ mɔ nɛ boŋ.

Ðe xexea me ƒe nuwuwu gogo nyateƒea?

ALE SI BIBLIA ÐO EŊUI: “Ne miekpɔ nu siawo le dzɔdzɔm la, minyae be Mawu fiaɖuƒe la gogo.” LUKA 21:31.

Agbalẽnyalagã Richard Kyle gblɔ le agbalẽ aɖe (The Last Days Are Here Again) me be: “Tɔtrɔ kpatawo kple zitɔtɔwo wɔe be amewo va le ɣeyiɣi si me xexea ƒe nuwuwu ava la gblɔm ɖi.” Alea wònɔna vevietɔ ne amewo mese nu si tae tɔtrɔ alo zitɔtɔ mawo le mo dom ɖa la gɔme o.

Ke hã, Biblia me nyagblɔɖila siwo ƒo nu tso nuwuwua ŋu la menɔ agbagba dzem be yewoaɖe nu si tae nya vɔ̃wo nɔ dzɔdzɔm le wo ŋɔli la me o. Ke boŋ Mawu ƒe gbɔgbɔe ʋã wo wogblɔ nu siwo aɖee afia be xexea ƒe nuwuwu tu aƒe la ɖi. De ŋugble tso nyagblɔɖi siawo dometɔ aɖewo ŋu nàkpɔe ɖa be wole eme vam le míaƒe ŋkekea me hã.

Abe ale si Yesu gblɔe ene la, ne míele “nu siawo katã” teƒe kpɔm la, ke ele be míanyae be xexea ƒe nuwuwu tu aƒe. (Mateo 24:33) Yehowa Ðasefowo xɔe se be kpeɖodzi siawo fia be nuwuwua tu aƒe vavã, eye woɖea gbeƒã woƒe dzixɔsewo na amewo le dukɔ 236 me.

Ðe ale si nuwuwua meva le ɣeyiɣi si amewo susui dzi o la fia be mava gbeɖe oa?

ALE SI BIBLIA ÐO EŊUI: “Ne wole gbɔgblɔm be: ‘Ŋutifafa kple dedienɔnɔ!’ la, ekema tsɔtsrɔ̃ kpata ava wo dzi kpoyi abe ale si fuɖuame va lilia funɔ ene; eye womate ŋu asi le mɔ aɖeke nu o.”1 TESALONIKATƆWO 5:3.

Biblia tsɔ xexea me ƒe tsɔtsrɔ̃ sɔ kple fuɖuame ƒe gɔmedzedze—funɔ mate ŋu axe mɔ ɖe fuɖuame kpakple ale si wòdzɔna kpatae la nu o. Nuwuwuŋkekeawo hã le abe ale si fu nɔa nyɔnu ƒo ene, elabena funɔa dea dzesi nu siwo fia be yeƒe vidziɣi le ɖoɖom. Ðɔktaa ate ŋu abu akɔnta ayɔ ŋkeke si dzi wòadzi via; gake ne funɔa ƒe vidziɣi he ɖe megbe hã la, enya kokoko be eteƒe madidi o, yeadzi vi. Nenema kee ne nuwuwua meva le ɣeyiɣi si amewo susui be ava dzi o hã la, dzesi siwo fia be míele “ŋkeke mamlɛawo” me ya gakpɔtɔ nye nyateƒe matrɔmatrɔ.—2 Timoteo 3:1.

Ðewohĩ àbia be, ‘Ne dzesi siwo fia be nuwuwua tu aƒe la me kɔ alea ɖe, ke nu ka tae ame geɖe medea dzesii o?’ Biblia ɖee fia be ne nuwuwua tu aƒe la, ame geɖe mabu kpeɖodziawo nya veviwoe o. Le esi woalɔ̃ ɖe edzi be tɔtrɔ ɖedzesiawo fia be míele nuwuɣia me teƒe la, woagblɔ fewuɖuɖutɔe be: “Tso ŋkeke si dzi mía tɔgbuiwo dɔ alɔ̃ le ku me la, nuwo katã le edzi yim abe ale si tututu ko wonɔ tso nuwɔwɔ ƒe gɔmedzedze la ene.”  (2 Petro 3:3, 4) Esia fia be togbɔ be dzesiawo dze ƒãa hã la, ame geɖewo aŋe aɖaba aƒu wo dzi.—Mateo 24:38, 39.

Ŋɔŋlɔawo me kpeɖodzi siwo ɖee fia be nuwuwua tu aƒe la dometɔ aɖewo ko mee míedzro le nyati sia me. * Àdi be yeaganya kpeɖodzi bubuwoa? Ne nenemae la, ekema ɖe manyo be nàdi Yehowa Ðasefowo ƒe mɔ ne nàna woasrɔ̃ Biblia kpli wò femaxee oa? Woate ŋu ava srɔ̃ nu kpli wò le wò aƒe me, le teƒe bubu aɖe si sɔ na wò, alo le telefon dzi gɔ̃ hã. Nu si hiã koe nye be nàɖe mɔ ɖe wò ɣeyiɣi ŋu, eye viɖe gãwo ado tso eme na wò.

^ mm. 39 Ne èdi numekɔkɔ geɖe wu la, kpɔ agbalẽ si nye Nuka Tututue Nye Biblia ƒe Nufiafia? ƒe ta 9 lia, “‘Ŋkeke Mamlɛawo’ Mee Míele Nyateƒea?” Yehowa Ðasefowoe tae.