1 Yohanes 2:1-29

  • Yesu nye avulévɔsa (1, 2)

  • eƒe sewo dzi wɔwɔ (3-11)

    • Se xoxoa kple yeyea (7, 8)

  • Susu siwo ta wòŋlɔe (12-14)

  • Mègalɔ̃ xexea o (15-17)

  • Nuxlɔ̃ame ku ɖe Kristo ƒe futɔ la ŋu (18-29)

2  Vinye lɔlɔ̃awo, mele nu siawo ŋlɔm ɖo ɖe mi, ale be miagawɔ nu vɔ̃ o. Gake ne edzɔ be ame aɖe wɔ nu vɔ̃ la, kpeɖeŋutɔ* le mía si le Fofo la gbɔ, si nye Yesu Kristo,+ dzɔdzɔetɔ la.+  Eye eyae nye avulévɔsa+ ɖe míaƒe nu vɔ̃wo ta,+ gake menye ɖe mía tɔ ɖeɖe ko ta o, ke ɖe xexe blibo la hã tɔ ta.+  Eye ne míeyi edzi wɔa eƒe sewo dzi la, ekema kakaɖedzi le mía si be míenyae vavã.  Ame si gblɔna be, “Medze sii,” evɔ meléa eƒe seawo me ɖe asi o la, aʋatsokala wònye, eye nyateƒe la mele eme o.  Ke ame sia ame si léa eƒe nya la me ɖe asi la, Mawu ƒe lɔlɔ̃ de blibo le eya amea me vavã.+ Esia me míenyana le be míewɔ ɖeka kplii.+  Ame si gblɔna be yewɔ ɖeka kplii la, ele nɛ be wòayi edzi azɔ abe ale si eya amea zɔe ene.+  Lɔlɔ̃tɔwo, menye se yeye ŋlɔm mele ɖo ɖe mi o, ke boŋ se xoxo si le mia si tso gɔmedzedzea me ke lae.+ Se xoxo siae nye nya si miese la.  Ke hã, megale se yeye ŋlɔm na mi, si dzi eya kple miawo miezɔna ɖo hã nyateƒe, elabena viviti la nu le yiyim, eye kekeli vavãtɔ la le keklẽm xoxo.+  Ame si gblɔna be yele kekeli la me, evɔ wòléa fu nɔvia la,+ egakpɔtɔ le viviti la me.+ 10  Ame si lɔ̃a nɔvia la yia edzi nɔa kekeli la me,+ eye naneke manye nuɖianu nɛ o. 11  Ke ame si léa fu nɔvia la le viviti me, eye wòle viviti me zɔm,+ eye menya afi si yim wòle o,+ elabena viviti la gbã ŋku nɛ. 12  Mi vinye lɔlɔ̃awo, mele eŋlɔm na mi, elabena wotsɔ miaƒe nu vɔ̃wo ke mi le eƒe ŋkɔ la ta.+ 13  Mi fofowo, mele eŋlɔm na mi, elabena mieva nya ame si li tso gɔmedzedzea me ke la. Mi ɖekakpuiwo, mele eŋlɔm na mi, elabena mieɖu vɔ̃ɖitɔ la dzi.+ Mi vinye suewo, mele eŋlɔm na mi, elabena mieva nya Fofo la.+ 14  Mi fofowo, mele eŋlɔm na mi, elabena mieva nya ame si li tso gɔmedzedzea me ke la. Mi ɖekakpuiwo, mele eŋlɔm na mi, elabena ŋusẽ le mia ŋu,+ Mawu ƒe nya la le mia me,+ eye mieɖu vɔ̃ɖitɔ la dzi.+ 15  Migalɔ̃ xexea alo nu siwo le xexea me la o.+ Ne ame aɖe lɔ̃a xexea la, Fofo la ƒe lɔlɔ̃ mele eme o;+ 16  elabena nu sia nu si le xexea me—ŋutilã ƒe nudzodzro+ kple ŋkuwo ƒe nudzodzro+ kple ame ƒe nunɔamesiwo fiafia adegbeƒoƒotɔe—la metso Fofo la gbɔ o, ke boŋ xexea me wotso. 17  Azɔ hã, xexea kple eƒe nudzodzrowo nu va yina,+ ke ame si wɔa Mawu ƒe lɔlɔ̃nu la nɔa anyi yi ɖe mavɔmavɔ me.+ 18  Vinye suewo, gaƒoƒo mamlɛtɔ lae nye esia, eye abe ale si miesee be Kristo ƒe futɔ la gbɔna ene la,+ Kristo ƒe futɔ geɖewo do fifia gɔ̃ hã xoxo,+ eye esia mee míenyae le be gaƒoƒo mamlɛtɔ lae nye esia. 19  Mía domee wodo go tso, gake womele abe míawo ene o;*+ elabena ne ɖe wole abe míawo ene la, anye ne woanɔ mía gbɔ ɖaa. Ke boŋ wodo, ale be wòadze nyuie be menye wo katãe le abe míawo ene o.+ 20  Kɔkɔetɔ la si ami na mi,+ eye sidzedze su mi katã si. 21  Menye esi mienya nyateƒe la o tae mele nya siawo ŋlɔm ɖo ɖe mi o,+ ke boŋ esi mienyae, eye esi alakpa aɖeke metso nyateƒe la me o tae.+ 22  Ame si gbe be menye Yesue nye Kristo la o la, menye eyae nye aʋatsokala oa?+ Ame si gbe nu le Fofo la kple Vi la gbɔ la, ame siae nye Kristo ƒe futɔ la.+ 23  Ame sia ame si gbea nu le Vi la gbɔ la, Fofo la hã mele esi o.+ Gake ame si ʋua Vi la me la,+ Fofo la hã le esi.+ 24  Ke miawo la, mina nu si miese tso gɔmedzedzea me la nakpɔtɔ anɔ mia me.+ Ne nu si miese tso gɔmedzedzea me la kpɔtɔ le mia me la, ekema miawɔ ɖeka kple Vi la kpakple Fofo la. 25  Eye nu si ŋugbe eya ŋutɔ do na mí lae nye agbe mavɔ.+ 26  Mele nya siawo ŋlɔm na mi ku ɖe ame siwo le didim be yewoaflu mi la ŋu. 27  Ke le miawo ya gome la, ami si wosi+ na mi la kpɔtɔ le mia me, eye mehiã be ame aɖeke naganɔ nu fiam mi o; ke boŋ amisisiname si tso egbɔ la le nuwo katã fiam mi,+ eye wònye nyateƒe ke menye aʋatso o. Ale si tututu wòfia mii la, miyi edzi miawɔ ɖeka kplii.+ 28  Eya ta vinye lɔlɔ̃awo, miyi edzi miawɔ ɖeka kplii, ale be ne wova ɖee fia la, dzi naɖo mía ƒo míaƒo nu,+ eye míagatrɔ ɖa le egbɔ kple ŋukpe le eƒe anyinɔɣi la o. 29  Ne mienya be dzɔdzɔetɔe wònye la, ekema mienyae hã be ame sia ame si wɔa nu dzɔdzɔe la, eya mee wodzii tso.+

Etenuŋɔŋlɔ

Alo, “ametaʋlila.”
Alo, “womenye mía dometɔwo o.”