Hiob 33:1-33

  • Elihu ka mo na Hiob le esi wòbu eɖokui ame dzɔdzɔe akpa ta (1-33)

    • Wokpɔ tafe aɖe (24)

    • Ðekakpuimeŋusẽ negaɖo eŋu (25)

33  “Azɔ Hiob, meɖe kuku, se nye nyawo,Eye nàlé to ɖe nye nyawo katã ŋu.  2  Kpɔ ɖa! Make nu azɔ;Eye nye aɖe* aƒo nu.  3  Nye nyawo aɖe ale si nye dzi me dza afia,+Eye nye nu agblɔ nu si menya le anukware me.  4  Mawu ƒe gbɔgbɔe wɔm,+Ŋusẽkatãtɔ la ƒe agbegbɔgbɔe na mele agbe.+  5  Ne ele ŋuwò la, ɖo eŋu nam;Tsɔ wò nyawo va ŋkunyeme; va dze avu ɖi.  6  Kpɔ ɖa! Ðeko mele abe wò ene le Mawu vavã la ŋkume;Nye hã tsue wotsɔ mèm.+  7  Eya ta mègana nye ŋɔdzi nalé wò o,Eye nye nyawo megawu tsɔtsɔ na wò o.  8  Ke wò nyawo ge ɖe to me nam,Ɛ̃, wò nyawo ɖi mese be:  9  ‘Mele dzadzɛ, dzidada aɖeke mele ŋunye o;+Ŋunye kɔ, eye vodada mele ŋunye o.+ 10  Ke hã, Mawu kpɔa nane le ŋunye godoo;Ebuam eƒe futɔe.+ 11  Ebɔa pã nye afɔwo;Eléa ŋku ɖe nye mɔwo katã ŋu tsitotsito.’+ 12  Gake medi be mana nànya be, tɔwò medzɔ le nya sia me o: Mawu nye gã wu amegbetɔ.+ 13  Nu ka tae nèle nya hem ɖe eŋu?+ Esi mele wò nyawo katã ŋu ɖom na wò o taea?+ 14  Elabena Mawu gblɔa nya zi ɖeka, kple zi eve,Togbɔ be amewo meɖoa to o hã, 15  Le drɔ̃e me, le zã ƒe ŋutega me,+Esime amewo yi alɔ̃ me ʋĩiEsime wole alɔ̃ dɔm le woƒe abawo dzi. 16  Ɣemaɣie wòʋua to na wo+Eye wòkua eƒe nufiamewo ɖe to me na wo,* 17  Ne wòana amegbetɔ naƒo asa na nu gbegblẽ wɔwɔ+Eye wòakpɔ ame ta be wòagado eɖokui ɖe dzi o.+ 18  Mawu ɖea eƒe luʋɔ* tso yɔdo si me,+Kple eƒe agbe, be wòagatsi yi* nu o. 19  Vevesese zua mokaname na ame le eƒe aba dziEye wònaa eƒe ƒuwo nɔa eɖum ƒuƒuƒu, 20  Ale be nuɖuɖu nyɔa ŋu nɛ,*Eye wògbea* nuɖuɖu nyuiwo gɔ̃ hã.+ 21  Lã vɔ le eŋu, ale be meganya le kpɔkpɔm o,Eye eƒe ƒu siwo medzena tsã o la tsi anyi glaŋ. 22  Eƒe luʋɔ* ɖo kudo nu vɔ,Eye eƒe agbe dze ku ƒe dɔtsɔlawo si me vɔ. 23  Ne dɔla* aɖe li nɛ,Nyanuɖela ɖeka le akpe dome,Ne wòagblɔ nu si le dzɔdzɔe na amegbetɔ, 24  Ekema Mawu vea enu, eye wògblɔna be:‘Ðee, ne wòagayi yɔdo me o!+ Elabena mekpɔ tafe!+ 25  Eƒe ŋutilã negazu yeye* wu ale si wònɔ le eƒe ɖevime;+Eƒe ɖekakpuimeŋusẽ negaɖo eŋu.’+ 26  Aɖe kuku na Mawu,+ eye wòakpɔ ŋudzedze ɖe eŋu,Eye wòakpɔ Eŋkume ahatso aseye,Eye Mawu agbugbɔ eƒe dzɔdzɔenyenye aɖo te na amegbetɔ. 27  Ekema ame ma agblɔ* na amewo be,‘Mewɔ nu vɔ̃,+ eye metrɔ gbo nu si le dzɔdzɔe,Gake womeɖo eteƒe nam abe ale si dze ene o.* 28  Eɖe nye luʋɔ,* be wòagayi yɔdo me o,+Eye nye agbe akpɔ kekeli.’ 29  Kpɔ ɖa! Nu siawo katãe Mawu wɔnaNa ame zi eve kple zi etɔ̃, 30  Ne wòaxɔe* tso yɔdo si me,Ne agbe ƒe kekeli naklẽ ɖe edzi.+ 31  Oo Hiob, ƒu to anyi! Ðo tom! Zi ɖoɖoe, ne mayi nuƒoƒo dzi. 32  Ke ne nya aɖe le asiwò nàgblɔ la, ekema gblɔe nam. Ƒo nu, elabena medi be maɖee fia be tɔwò dzɔ. 33  Gake ne nya aɖeke mele asiwò o la, ekema ɖo tom;Zi ɖoɖoe, ne mafia nunya wò.”

Etenuŋɔŋlɔ

Egɔmeɖeɖe tẽe, “nye aɖe kple nye aŋɔme.”
Egɔmeɖeɖe tẽe, “Eye wòtrea eƒe nufiamewo nu le wo me.”
Alo, “lãnu.”
Alo, “agbe.”
Egɔmeɖeɖe tẽe, “na eƒe agbe.”
Alo, “eƒe luʋɔ gbea.”
Alo, “agbe.”
Alo, “mawudɔla.”
Alo, “Ŋusẽ nagaɖo eŋu.”
Egɔmeɖeɖe tẽe, “adzi ha.”
Agate ŋu afia, “nyemekpɔ viɖe aɖeke o.”
Alo, “agbe.”
Alo, “woaxɔ eƒe luʋɔ.”