Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Yehowa Ƒe Ʋɔnudrɔ̃gbe La Tu aƒe!

Yehowa Ƒe Ʋɔnudrɔ̃gbe La Tu aƒe!

Yehowa Ƒe Ʋɔnudrɔ̃gbe La Tu aƒe!

“Yehowa ƒe ŋkeke gã la tu aƒe, etu aƒe, eye wòle du dzi ŋutɔ.”—ZEFANYA 1:14.

1. Nuxlɔ̃amenya kae Mawu gblɔ to Zefanya dzi?

ESUSƆ vie Yehowa Mawu natu nu kple ame vɔ̃ɖiwo. Ðo to nàse ɖa! Egblɔ nuxlɔ̃amenya sia be: “Matsrɔ̃ amegbetɔwo . . . matsrɔ̃ amegbetɔwo ɖa le anyigba dzi.” (Zefanya 1:3) Nyagblɔɖila Zefanya, si anye Fia Xizkiya nuteƒewɔla la ƒe tɔgbuitɔgbuiyɔvi dzie woto gblɔ Dziɖulagã Aƒetɔ Yehowa ƒe nya mawo. Nya nyui aɖeke menɔ nya ma si wogblɔ le Fia Yosiya si nye ame nyui la ŋɔli me na ame vɔ̃ɖi siwo nɔ Yuda-nyigba dzi o.

2. Nukata Yosiya ƒe nuwɔnawo mexe mɔ ɖe Yehowa ƒe ʋɔnudrɔ̃ŋkekea ƒe vava nu o?

2 Ðikeke mele eme o be Zefanya ƒe nyagbɔgblɔɖia na Yosiya si nye ɖekakpui la gakpɔe dze sii geɖe wu be ehiã be woaɖe tadedeagu makɔmakɔ ɖesiaɖe ɖa le Yuda. Gake afɔ siwo fia la ɖe tsɔ ɖe alakpasubɔsubɔ ɖa mete ŋu ɖe nuvɔ̃ɖiwɔwɔwo katã ɖa le dukɔa me o, eye mete ŋu lé avu ɖe nuvɔ̃ siwo tɔgbuia, Fia Manase, amesi “[tsɔ] ʋu maɖifɔ yɔ Yerusalem taŋ” wɔ la nu o. (Fiawo II, 24:3, 4; Kronika II, 34:3) Eyata Yehowa ƒe ʋɔnudrɔ̃gbea ava godoo.

3. Nukata míate ŋu aka ɖe edzi be amewo ate ŋu atsi agbe le “Yehowa ƒe dzikudogbe”?

3 Ke hã ame aɖewo atsi agbe le ŋkeke dziŋɔ ma dzi. Eyata Mawu ƒe nyagblɔɖila la xlɔ̃ nu be: “Hafi ne tameɖoɖo la ƒe vidziɣi naɖo, eye ɣeyiɣi la nu nayi, abe alesi gbe ƒuƒu ʋua yae ene, hafi ne Yehowa ƒe dɔmedzoe heliheli nava mia dzi, eye hafi ne Yehowa ƒe dzikudogbe nava mia dzi! Midi Yehowa, mi amesiwo katã bɔbɔ mia ɖokui ɖe anyi le anyigba dzi, midi dzɔdzɔenyenye, eye midi ɖokuibɔbɔ yome mɔ, ame aɖe menya nu o woatsɔ mi aɣla le Yehowa ƒe dzikudogbe la hĩ!” (Zefanya 2:2, 3) Mina mɔkpɔkpɔ si nye be amewo ate ŋu atsi agbe le Yehowa ƒe ʋɔnudrɔ̃gbea nanɔ susu me na mí ne míadzro Biblia-gbalẽ si nye Zefanya me. Woŋlɔe le Yuda do ŋgɔ na ƒe 648 D.M.Ŋ., wònye Mawu ƒe ‘nyagblɔɖinya’ si wòle be míaɖo toe kokoko.—Petro II, 1:19.

Yehowa Ke Eƒe Abɔ

4, 5. Aleke Zefanya 1:1-3 va eme ɖe ame vɔ̃ɖi siwo nɔ Yuda dzii?

4 “Yehowa ƒe gbe” si Zefanya xɔ la dze egɔme kple nuxlɔ̃ame si ŋu míeƒo nu tsoe va yi. Mawu gblɔ be: “Matsrɔ̃ nusianu ɖa le anyigba dzi petepete. Matsrɔ̃ amegbetɔwo kple lãwo, dziƒoxewo kple ƒumelãwo, matsrɔ̃ nuɖianuwo kple ame vɔ̃ɖiwo ɖa, eye matsrɔ̃ amegbetɔwo ɖa le anyigba dzi, Yehowa ye gblɔe!”—Zefanya 1:1-3.

5 Ẽ, Yehowa atsi nuvɔ̃ɖiwɔwɔ gã nu le Yuda-nyigba dzi. Ameka dzie Mawu ato ‘atsrɔ̃ nusianu ɖa le anyigba dzi’? Esi wòdze ƒã be Zefanya gblɔ nya ɖi le Fia Yosiya ƒe dziɖuɣi, si dze egɔme le ƒe 659 D.M.Ŋ. me, ƒe gɔmedzedze ta la, nyagblɔɖinya mawo va eme esi Babilontɔwo va tsrɔ̃ Yuda kple eƒe fiadu, Yerusalem, le ƒe 607 D.M.Ŋ. me. Ɣemaɣi la, ‘wotsrɔ̃ ame vɔ̃ɖiwo ɖa petepete’ le Yuda.

6-8. Nya kae wogblɔ ɖi le Zefanya 1:4-6, eye aleke nyagblɔɖi ma va eme le blema Yuda?

6 Wogblɔ nusi Mawu awɔ alakpasubɔsubɔ me nɔlawo ɖi le Zefanya 1:4-6 be: “Mado nye asi ɖa ɖe Yuda kple Yerusalemtɔwo katã ŋu, eye matsrɔ̃ Baal ƒe susɔea ɖa le teƒe sia akpe ɖe trɔ̃nuawo kple nunɔlawo ƒe ŋkɔ ŋu; matsrɔ̃ amesiwo dea ta agu na dziƒo ŋu nuwo la, akpe ɖe amesiwo dea ta agu na Yehowa, gake wogakaa atam na Milkom la siaa ŋu; eye matsrɔ̃ amesiwo trɔ le Yehowa yome, kple amesiwo medi Yehowa alo bia eta se kpɔ o la siaa.”

7 Yehowa do eƒe asi ɖa ɖe Yuda kple Yerusalem nɔlawo ŋu. Eɖoe be yeatsrɔ̃ Kanaantɔwo ƒe vidzidzimawu si nye Baal la subɔlawo. Woyɔa nuto mawo me mawu geɖe be Baal le esi wo subɔlawo bu be ŋusẽ le wo si eye wokpɔ ŋusẽ ɖe nuto aɖewo koŋ dzi ta. Le kpɔɖeŋu me, wo dometɔ ɖekae nye Baal si Moabtɔwo kple Midiantɔwo subɔ le Peor-toa gbɔ. (Mose IV, 25:1, 3, 6) Yehowa atsrɔ̃ Baal-nunɔlawo kple Lewi-nunɔla mawɔnuteƒe siwo da Mawu ƒe se dzi va de ha kpli wo la siaa ɖa le Yuda katã.—Mose II, 20:2, 3.

8 Mawu atsrɔ̃ amesiwo ‘dea ta agu na dziƒo ŋu nuwo’ hã, eye anɔ eme be amesiawo nye ɣletivimefakalawo eye wodea ta agu na ɣe. (Fiawo II, 23:11; Yeremya 19:13; 32:29) Mawu aɖe dziku ɖe amesiwo dzea agbagba be yewoatsaka tadedeagu vavãtɔ kple alakpatɔ ‘hekaa atam na Yehowa eye wogataa Milkom’ hã la ŋu. Anye be Amon-viwo ƒe trɔ̃ gã Molex ye wogayɔna be Milkom. Wotsɔa ɖeviwo saa vɔe le Molex subɔsubɔ me.—Fiawo I, 11:5; Yeremya 32:35.

Kristodukɔa ƒe Nuwuwu Gogo!

9. (a) Nuka ƒe fɔɖiɖie le Kristodukɔa dzi? (b) Nukae wòle be míaɖo kplikpaa awɔ, si to vovo na Yudatɔ nuteƒemawɔlawo ƒe nuwɔna?

9 Nya siawo katã na míeɖoa ŋku Kristodukɔ si nyrɔ eɖokui ɖe alakpasubɔsubɔ kple ɣletivimefakaka me vĩ la dzi. Eye akpa si wòwɔ le ame miliɔn geɖe tsɔtsɔ sa vɔe le aʋawɔwɔ siwo subɔsubɔhakplɔlawo nɔ megbe na me la nyɔ ŋu ale gbegbe! Migana míanɔ abe ame mawɔnuteƒe siwo nɔ Yuda, amesiwo ‘trɔ le Yehowa yome’ ene gbeɖe o, elabena awɔe be míagatsɔ ɖeke le eme o eye míagbe eta biabia se alo agbe eƒe mɔfiafia didi. Ke mina míayi edzi awɔ nuteƒe na Mawu boŋ.

10. Aleke nàɖe nusi ŋu nyagblɔɖi si le Zefanya 1:7 ku ɖo mee?

10 Nya siwo nyagblɔɖila la gagblɔ sɔ na nuvɔ̃wɔla siwo nɔ Yuda kple ame vɔ̃ɖi siwo le míaƒe ŋkekea me. Zefanya 1:7 gblɔ be: “Mizi ɖoɖoe le Aƒetɔ Yehowa ŋku me, elabena Yehowa ƒe ŋkeke la tu aƒe, elabena Yehowa ɖo vɔsagbe la ɖi, eye wòkɔ amesiwo wòkpe la ŋu!” Edze ƒã be ‘amesiwo wokpe’ la nye Kaldeatɔ siwo nye Yudatɔwo ƒe futɔwo. Yuda ŋutɔ kple eƒe fiadue nye ‘vɔsa’ la. Zefanya to esia me ɖe gbeƒã tame si Mawu ɖo be yeatsrɔ̃ Yerusalem, eye nyagblɔɖi sia ku ɖe Kristodukɔa tsɔtsrɔ̃ hã ŋu. Le nyateƒe me esi Mawu ƒe ʋɔnudrɔ̃ŋkekea tu aƒe ŋutɔ egbea ta la, ele be xexeame katã ‘nazi ɖoɖoe le Dziɖulagã Aƒetɔ Yehowa ŋkume’ ne woase nya si gblɔm wòle to Yesu yomedzela amesiaminawo ƒe “ha sue” la kple woƒe zɔhɛ “alẽ bubuwo” dzi. (Luka 12:32; Yohanes 10:16) Tsɔtsrɔ̃ le amesiwo katã meɖoa to o eye wotoa esia dzi tsia tre ɖe Mawu Fiaɖuƒea ƒe dziɖuɖu ŋu la lalam.—Psalmo 2:1, 2.

Avifagbe Ava Kpuie!

11. Gɔmesese kae le Zefanya 1:8-11 ŋu?

11 Zefanya 1:8-11 yi edzi gblɔ le Yehowa ƒe ŋkekea ŋu be: “[Ava] me le Yehowa ƒe vɔsagbe be, mahe to na amegãwo kple fiaviwo kpakple amesiwo katã taa dutatɔwo ƒe avɔwo la. Mahe to na amesiwo katã tia kpo flɔa kpuiwo, eye wotsɔa ŋutasesẽ kple alakpadada yɔa woƒe aƒetɔ ƒe xɔwo taŋ la, gbemagbe. Gbemagbe la asiƒunu aɖi tso tɔmelãgbo la nu, avifafa atso du la ƒe to evelia, eye hoowɔwɔ gã atso togbɛwo dzi, Yehowa ye gblɔe! Mi ʋe me nɔlawo, mifa avi, elabena woatsrɔ̃ asitsalawo katã kple amesiwo do klosalogba ɖe ta.”

12. Aleke wòdzɔe be wokpɔ ame aɖewo ‘wodo dutatɔwo ƒe awuwo’?

12 Amesiwo ava ɖu fia ɖe Fia Yosiya yomee nye Yoaxaz, Yoyakim, kple Yoyaxin. Emegbe Zedekiya ƒe dziɖuɣi si me woava tsrɔ̃ Yerusalem le la akplɔe ɖo. Togbɔ be wodze ŋgɔ afɔku sia hã la, anye be ame aɖewo di be yewoadze dukɔ siwo ƒo xlã wo ŋu to ‘dutatɔwo ƒe awuwo dodo’ me. Nenema ke ame geɖe ɖenɛ fiana le mɔ vovovowo nu be yewomenye Yehowa ƒe habɔbɔa me tɔwo o. Esi woɖee fia be yewonye Satana ƒe habɔbɔa ƒe akpa aɖe ta la, woahe to na wo.

13. Nukae Zefanya ƒe nyagblɔɖia gblɔ be adzɔ ne Babilontɔwo va dze Yerusalem dzi?

13 “Ŋkeke” si dzi woabia akɔnta Yuda la sɔ kple ŋkeke si dzi Yehowa adrɔ̃ toheʋɔnu eƒe futɔwo, atsi nuvɔ̃ɖiwɔwɔ nu, eye wòaɖe eƒe gãnyenye afia. Ne Babilontɔwo va dze Yerusalem dzi la, asiƒunu aɖi tso Tɔmelãgbo la nu. Anye be esi tɔmelãdzraƒe te ɖe afima ŋu tae wotsɔ ŋkɔ nɛ nenema ɖo. (Nexemya 13:16) Babilon ƒe aʋakɔwo age ɖe teƒe si woyɔna be to evelia, eye ‘hoowɔwɔ gã si tso togbɛwo dzi’ la anye Kaldeatɔ siwo gbɔna la ƒe hoowɔwɔ. Ʋe me nɔlawo ‘afa avi,’ ɖewohĩ Tyropoeon-bali ƒe dzigbe gomee wowɔnɛ. Nukatae woafa avi ɖo? Elabena asitsatsa, kple ‘amesiwo tsaa klosalosi’ hã nu ayi le afima.

14. Afikae Mawu adzro amesiwo be yewonye esubɔlawo me tsitotsito ase ɖo?

14 Afikae Yehowa adzro amesiwo be yewonye esubɔlawo me ase ɖo? Nyagblɔɖia yi edzi be: “Le ɣemaɣi la matsɔ akaɖi atsa le Yerusalem, eye mahe to na amesiwo katã ɖo ƒã ɖi hele gbɔgblɔm le woƒe dzi me be: Yehowa mele nyui alo vɔ̃ wɔ ge o. Woaha woƒe kesinɔnuwo, eye woƒe aƒewo azu aƒedo; woatu xɔ, ke womanɔ eme o, eye woade weingble, ke womano eƒe wein o.”—Zefanya 1:12, 13.

15. (a) Nukae nɔ Yerusalem-nunɔla xɔsegbelawo lalam? (b) Nukae ava dzɔ ɖe egbeŋkekea me alakpasubɔsubɔ me nɔlawo dzi?

15 Yerusalem-nunɔla xɔsegbelawo tsɔ alakpasubɔsubɔ tsaka Yehowa subɔsubɔe. Togbɔ be wobu be yewole dedie hã la, Mawu adi wo ake ɖe wo ŋu abe akaɖi si bina nyuie ye wòklẽ ɖe gbɔgbɔmeviviti si me wobe ɖo la ene. Wo dometɔ aɖeke masi le Mawu ƒe ʋɔnudrɔ̃nya kple eŋu tohehea nu o. Megbedela ɖokuiŋudzela mawo ɖe dzi ɖi henɔ anyi abe ahae ɖo ƒã ɖe weinze gɔme ene. Womedi be Mawu ƒe ʋɔnudrɔ̃nya si fia be ava de nu amegbetɔwo ƒe nyawo me la ƒe ɖeke naɖe fu na yewo o, gake womate ŋu asi le Mawu ƒe ʋɔnudɔdrɔ̃ si ava wo dzi nu o. Amesiwo kpɔa gome le alakpasubɔsubɔ me egbea, kple Kristodukɔa me tɔwo kpakple amesiwo de megbe le Yehowa subɔsubɔ ŋu hã mate ŋu asi le enu o. Esi wosẽ nu be menye ‘ŋkeke mamlɛawo’ mee míele o ta la, wogblɔna le woƒe dzi me be, “Yehowa mele nyui alo vɔ̃ wɔ ge o.” Gake woda ƒu ŋutɔ!—Timoteo II, 3:1-5; Petro II, 3:3, 4, 10.

16. Nukae wogblɔ be adzɔ ne Mawu ƒe ʋɔnudɔdrɔ̃ va Yuda dzi, eye dɔ kae wòle be esia nyanya nawɔ ɖe mía dzi?

16 Woxlɔ̃ nu Yuda xɔsegbelawo be Babilontɔwo ava ha woƒe kesinɔnuwo, awɔ woƒe aƒewo aƒedoe, eye woatsɔ woƒe weingble me kutsetsewo adzoe. Viɖe aɖeke manɔ ŋutilãmenuwo ŋu ne Mawu le toheʋɔnu drɔ̃m Yuda o. Nenemae wòanɔ ne Yehowa ƒe ʋɔnudrɔ̃gbea ɖo na fifi nuɖoanyia. Eyata mina gbɔgbɔmenukpɔsusu nanɔ mía si eye ‘míadzra kesinɔnuwo ɖo ɖe dziƒo’ atsɔ Yehowa subɔsubɔ aɖo nɔƒe gbãtɔ le míaƒe agbe me!—Mateo 6:19-21, 33.

“Yehowa ƒe Ŋkeke Gã la Tu Aƒe”

17. Aleke Zefanya 1:14-16 gblɔ be Yehowa ƒe ʋɔnudrɔ̃ŋkeke la gogoe?

17 Aleke Yehowa ƒe ʋɔnudrɔ̃ŋkeke la gogoe? Mawu gblɔ kakaɖedzinya sia le Zefanya 1:14-16 be: “Yehowa ƒe ŋkeke gã la tu aƒe, etu aƒe, eye wòle du dzi ŋutɔ. Yehowa ƒe ŋkeke la ŋkɔ le ɖiɖim, eye kalẽtɔ [le] aʋaɣli dom sesĩe. Dɔmedzoedogbe, hiãgbe kple xaxagbee, aƒedoɖigbe kple nugblẽgbee, blukɔ kple vivitidogbee, alilikpo kple tsizidogbee; lãdzo kple kpẽkugbe wòanye ava du sesẽwo kple xɔta kɔkɔwo dzi.”

18. Nukata mele be míabu be Yehowa ƒe ʋɔnudrɔ̃ŋkekea le keke etsɔme ʋĩ ke o?

18 Wona Yuda nunɔlawo, fiahawo, kple dukɔa nya be “Yehowa ƒe ŋkeke gã la tu aƒe.” ‘Yehowa ƒe ŋkekea nɔ du dzi ŋutɔ’ na Yuda. Nenema ke le mía ŋɔli la, ame aɖeke negasusu be toheʋɔnu si Yehowa adrɔ̃ ame vɔ̃ɖiwo la le keke etsɔme ʋĩ ke o! Ke boŋ abe alesi Mawu tso kpla ɖe Yuda ŋui ene la, nenemae ‘wòanɔ du dzi’ le eƒe ʋɔnudrɔ̃ŋkekea dzi. (Nyaɖeɖefia 16:14, 16) Veveseɣi kae nye si wòanye na amesiwo katã gbea Yehowa ƒe nuxlɔ̃amenya siwo eƒe Ðasefowo gblɔna la sese hedo kpo gomekpɔkpɔ le tadedeagu vavãtɔ me!

19, 20. (a) Nusiwo dzɔ esi Mawu ƒe dɔmedzoe va Yuda kple Yerusalem dzi la dometɔ aɖewo ɖe? (b) Esi tsɔtsrɔ̃ si me woatia amewo me le dze ŋgɔ nuɖoanyi sia ta la, biabia kawoe fɔ ɖe te?

19 “Hiãgbe kple xaxagbee” wònye na Yuda kple Yerusalem esime Mawu ɖe eƒe dziku ɖe wo ŋu. Babilontɔ amedzidzelaawo na Yudatɔwo kpe fu geɖe, eye ku kple tsɔtsrɔ̃ si woadze ŋgɔe la na womevo le susu me kura o. ‘Blukɔ kple nugblẽgbe’ ma nye vivitidogbe, alilikpodogbe, kple tsizidogbe, eye ɖewohĩ manye le kpɔɖeŋunyagbɔgblɔ nu ko o ke anye nu ŋutɔŋutɔ hã, elabena dzudzɔ kple ʋukɔkɔɖi xɔ afisiafi. Enye “lãdzo kple kpẽkugbe,” gake toklã mawo katã nye dzodzro.

20 Wɔna aɖeke menɔ Yerusalem-dzɔlawo ŋu o esi Babilontɔwo tsɔ woƒe gligbãnuwo mu “xɔta kɔkɔwo” ƒu anyi. Le mía ŋɔli la, xexe sia ƒe bebeƒewo azu yakanuwo ne aʋawɔnu siwo atso Mawu ƒe dziƒoʋawɔnudzraɖoƒe, si le klalo woazã le ametsɔtsrɔ̃ si me woatia amewo me le la, va lɔ wo. Èle mɔ kpɔm be woakpɔ tawòa? Ðe nèɖoe kplikpaa be yeanɔ Yehowa, ‘amesi kpɔa amesiwo katã lɔ̃nɛ la ta, ke wòtsrɔ̃a ame vɔ̃ɖiwo katã’ la ƒe akpa dzia?—Psalmo 145:20.

21, 22. Aleke Zefanya 1:17, 18 ava eme le míaƒe ŋkekea mee?

21 Ʋɔnudrɔ̃gbe dziŋɔ ka gbegbee nye si wogblɔ ɖi le Zefanya 1:17, 18! Yehowa Mawu gblɔ be: “Mahe xaxa ava amegbetɔwo dzi, ne woanɔ yiyim abe ŋkunɔwo ene, elabena wowɔ nuvɔ̃ ɖe Yehowa ŋu; woakɔ woƒe ʋu ɖe anyi abe ke ene, eye woƒe dɔmenuwo adudu ɖe anyi abe mĩ ene. Woƒe klosalo kple sika hã mate ŋu aɖe wo le Yehowa ƒe dɔmedzoedogbe o, eye eƒe ŋuʋaʋã ƒe dzo afiã anyigba blibo la; elabena ele anyigbadzitɔwo katã tsrɔ̃ ge zi ɖeka.”

22 Abe alesi Yehowa wɔ le Zefanya ƒe ŋkekeawo me ene la, eteƒe madidi o ana ‘anyigbadzitɔ siwo katã’ gbe be yewomawɔ ɖe nuxlɔ̃amea dzi o la naxaxa. Esi wowɔ nuvɔ̃ ɖe Mawu ŋu ta la, woanɔ yiyim sagasaga abe ŋkunɔwo ene, eye womakpɔ xɔname aɖeke o. “Woakɔ woƒe ʋu ɖe anyi abe ke ene,” abe nu maɖinu ene, le Yehowa ƒe ʋɔnudrɔ̃gbea. Woƒe ku anye ŋukpe ale gbegbe, elabena Mawu akaka ame vɔ̃ɖi siawo ƒe kukuawo—woƒe dɔmenuwo gɔ̃ hã—ɖe anyigba “abe mĩ ene.”

23. Togbɔ be nuvɔ̃wɔlawo mate ŋu asi le “Yehowa ƒe dɔmedzoedogbe” la nu o hã la, mɔkpɔkpɔ kae le Zefanya ƒe nyagblɔɖia me?

23 Ame aɖeke mate ŋu axɔ na amesiwo wɔa avu kple Mawu kpakple eƒe amewo o. Klosalo alo sika mete ŋu xɔ na nuvɔ̃wɔla siwo nɔ Yuda o, eye nenema ke kesinɔnu siwo woli kɔ ɖi kpakple zãnunana makpɔ amewo ta alo ana woakpɔ sisiƒe ne “Yehowa ƒe dɔmedzoedogbe” ɖo na Kristodukɔa kple nuɖoanyi vɔ̃ɖi sia ƒe akpa susɔeawo o. Ne Mawu va le ame vɔ̃ɖiwo tsrɔ̃m ŋɔdzitɔe le nyametsogbe mamlɛ ma la, eƒe dzonɔameme ƒe dzo ‘afiã anyigba bliboa katã.’ Esi míenye amesiwo xɔ Mawu ƒe nyagblɔɖinya dzi se ta la, míeka ɖe edzi be míeɖo ‘nuwuɣia’ me ʋĩ. (Daniel 12:4) Yehowa ƒe ʋɔnudrɔ̃gbea gogo, eye abia hlɔ̃ eƒe futɔwo kpuie. Ke hã xɔxɔmɔkpɔkpɔ le Zefanya ƒe nyagblɔɖia me. Ekema nuka wɔwɔe hiã bene woatsɔ mí aɣla le Yehowa ƒe dzikudogbe?

Aleke Nàɖo Wo Ŋui?

• Aleke Zefanya ƒe nyagblɔɖia va eme ɖe Yuda kple Yerusalem dzii?

• Nukae le Kristodukɔa kple míaƒe ŋkekea me ame vɔ̃ɖiwo katã lalam?

• Nukata mele be míabu Yehowa ƒe ʋɔnudrɔ̃gbea be ele keke etsɔme ʋĩ ke o?

[Biabiawo]

[Nɔnɔmetata si le axa 13]

Zefanya ɖe gbeƒãe dzinɔameƒotɔe be Yehowa ƒe ʋɔnudrɔ̃gbea gogo

[Afi Si Míexɔ Mɔɖeɖe Tso]

From the Self-Pronouncing Edition of the Holy Bible, containing the King James and the Revised versions

[Nɔnɔmetata si le axa 15]

Yehowa ƒe ŋkekea to Babilontɔwo ƒe asi dzi va Yuda kple Yerusalem dzi le ƒe 607 D.M.Ŋ. me

[Nɔnɔmetata si le axa 16]

Èle mɔ kpɔm be Yehowa akpɔ tawò ne ele ame vɔ̃ɖiwo tsrɔ̃ma?