Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Nyabiabia Siwo Tso Exlẽlawo Gbɔ

Nyabiabia Siwo Tso Exlẽlawo Gbɔ

 Nyabiabia Siwo Tso Exlẽlawo Gbɔ

Aleke wòle be Kristotɔ vavãwo nabu nuwɔna si bɔ si nye kɔmpiuta nuŋlɔɖoɖo si wowɔ hena dzadzra la tsɔtsɔ na ame bubuwo lae?

Ame aɖewo adi be yewoazã nya si Yesu gblɔ be, “Faa miexɔe, faa minae” la vodadatɔe atsɔ ado taflatse ɖe nuwɔna sia tae. Le nyateƒe me la, menye agbalẽ alo kɔmpiuta nuŋlɔɖoɖo siwo nye amewo tɔ, si zazã ŋu sewo le la, tsɔtsɔ na faa ŋue Yesu nɔ nu ƒom le o. Nunana si nye subɔsubɔdɔa ƒe akpa aɖe ŋue wònɔ nu ƒom le. Yesu gblɔ na eƒe apostolo siwo yina du kple kɔƒe vovovoawo me be woaɖe gbeƒã Fiaɖuƒea, ada gbe le dɔnɔwo ŋu, ahanyã gbɔgbɔ vɔ̃wo do goe. Le esi teƒe be apostoloawo naxɔ ga ɖe dɔ sia wɔwɔ ta la, ebia tso wo si be ‘woana faa.’—Mateo 10:7, 8.

Le alesi kɔmpiutawo le bɔbɔmee ɖe amewo kple dɔwɔƒewo si ta la, dɔwɔɖoɖo si kɔmpiuta tsɔna wɔa dɔe va hiã na ame geɖe. Le ɖoɖoa nu la, ɖe wòle be woaƒlee. Ele eme be ame aɖewo wɔa kɔmpiuta dɔwɔɖoɖo siwo ta womexɔa ga aɖeke ɖo o eye wogblɔnɛ be woate ŋu awɔ eƒe kɔpiwo atsɔ na ame bubuwo faa ya. Gake ɖe wodzraa kɔmpiuta dɔwɔɖoɖo akpa gãtɔ. Ele be dɔwɔɖoɖo sia zãlawo naƒlee, axe fe ɖe eta, eɖanye na ame ŋutɔ alo na dɔwɔƒe ƒe zazã o. Ne ame aɖe tsɔ dɔwɔɖoɖo sia ƒe ɖe alo wɔ eƒe kɔpi femaxee la,  anye sedzidada, abe alesi agbalẽ blibowo ƒe fotokɔpiwɔwɔ, ne ɖe woatsɔ wo ana ga aɖeke maxɔmaxɔe hã nye sedzidadae ene.

Mɔɖegbalẽ le kɔmpiuta dzi ɖoɖowɔɖi akpa gãtɔ (kɔmpiuta dzi fefewo hã le eme) ŋu, eye wodina tso amesi tɔ wònye alo amesi zãnɛ si be wòawɔ ɖe nusiwo ŋu woɖe mɔ nɛ ɖo kple esiwo ŋu womeɖe mɔ nɛ ɖo o dzi. Mɔɖegbalẽ siawo dometɔ geɖe gblɔna be ame ɖeka pɛ koe ate ŋu ade dɔwɔɖoɖoa eƒe kɔmpiuta dzi ahazãe—si fia edede kɔmpiuta ɖeka pɛ ko dzi, eɖanye aƒeme tɔ loo alo dɔwɔƒe alo suku tɔ dzi o. Mɔɖegbalẽ aɖewo gblɔna be ezãla la ate ŋu awɔ kɔpi ɖeka ada ɖi na eɖokui, gake mele be wòawɔ eƒe kɔpiwo na ame bubuwo o. Ne amesi tɔ wònye la di be yeatsɔ dɔwɔɖoɖo bliboa (tsɔ kpe ɖe mɔɖegbalẽa kple eŋu nuŋlɔɖiwo ŋu) na ame bubu la, ate ŋu atsɔe na. Gake eya ŋutɔ magakpɔ mɔ azãe o. Mɔɖegbalẽwo le vovovo, eyata ele be amesi le dɔwɔɖoɖo aɖe ƒlem alo amesi wole etsɔm na la nanya nusi mɔɖegbalẽ ma gblɔ.

Dukɔ geɖewo wɔ sewo be woatsɔ akpɔ “susu ƒe nunɔamesiwo,” abe kɔmpiuta ɖoɖowɔɖiwo ene tae, eye wodzea agbagba be yewoana gomenɔamesisewo nawɔ dɔ. Le kpɔɖeŋu me, January 14, 2000, ƒe The New York Times ka nya ta be “Germany kple Denmark ƒe kpovitɔwo lé ƒuƒoƒo aɖe si woyɔ be kɔmpiuta ɖoɖowɔɖi dzodalawo ƒe nuvlowɔha aɖe me tɔ siwo gbugbɔa amewo ƒe kɔmpiuta ɖoɖowɔɖiwo kple kɔmpiuta dzi fefewo wɔna hemana, eye wodzraa wo dometɔ aɖewo le Internet gɔ̃ hã dzi.

Nukae nye Kristo-hamea ƒe nukpɔsusu le nya sia ŋu? Yesu gblɔ be: “Nusi nye kaisaro tɔ la, mitsɔe na kaisaro, eye nusi nye Mawu tɔ la, na Mawu.” (Marko 12:17) Ema bia tso Kristotɔwo si be woawɔ ɖe dukɔa ƒe se siwo metsi tre ɖe Mawu ƒe se ŋu o dzi. Apostolo Paulo gblɔ ku ɖe dziɖuɖuwo ŋu be: “Amesiame nabɔbɔ eɖokui na dziɖuɖu, siwo ŋusẽ li na. . . . Amesi ke dzea aglã ɖe dziɖuɖu ŋuti la, etsia tre ɖe Mawu ƒe nuɖoanyi ŋuti; ke amesiwo dzea aglã la, woakpɔ woƒe ʋɔnudɔdrɔ̃.”—Romatɔwo 13:1, 2.

Menye Kristo-hamea me hamemegãwo ƒe agbae wònye be woalé ŋku ɖe amewo ƒe kɔmpiutawo ŋu, abe ɖe wona ŋusẽ wo be woaɖe nutɔnyenyesewo me ahakpɔ egbɔ be wole wɔwɔm ɖe wo dzi ene o. Gake woxɔe se hefiaa nu be ele be Kristotɔwo naƒo asa na nusiwo menye wo tɔ o la tsɔtsɔ ahadze agbagba be woanye sedziwɔlawo. Esia kpɔa Kristotɔwo ta tso tohehe xɔxɔ abe sedzidalawo ene me, eye ekpena ɖe wo ŋu be dzitsinya nyui nɔa wo si le Mawu ŋkume. Paulo ŋlɔ bena: “Eyata ehiã be, miabɔbɔ mia ɖokui, menye dzikudodo ta ɖeɖeko o, hafi le dzitsinya ŋuti hã boŋ.” (Romatɔwo 13:5) Nenema ke Paulo ɖe Kristotɔ vavãwo ƒe didi gblɔ le nya siawo me be: “Míenya le mía ɖokui me bena, dzitsinya nyui le mía si, le esi míelɔ̃ be, míanɔ agbe nyuie le nusianu me la ŋuti.”—Hebritɔwo 13:18.

[Aɖaka si le axa 29]

Dɔwɔƒe kple suku aɖewo ƒlea ame geɖewo ƒe kɔmpiuta dɔwɔɖoɖowo zazã ŋuti mɔɖegbalẽ si gblɔa ame xexlẽme aɖe si koe kpɔ mɔ azãe. Le ƒe 1995 me la, Yehowa Ðasefowo ƒe hamewo dzro nyati aɖe si me woɖo aɖaŋu sia ɖo be:

“Asitsaha akpa gãtɔ siwo wɔa kɔmpiuta zazã ƒe mɔnu vovovowo la dea se ɖe wo gbugbɔgawɔ azã alo adzra nu, eye wonaa mɔɖegbalẽ ame le alesi woawɔ woƒe ezazãmɔnua ŋudɔe le se nui la ŋu. Zi geɖe la, mɔɖegbalẽa gblɔna be ezãla mekpɔ mɔ ana dɔwɔɖoɖoa ame bubuwo o; le nyateƒe me dukɔwo dome nutɔnyenyese de se ɖe enu. . . . Adzɔha gã aɖewo dzraa kɔmpiuta siwo me wode kɔmpiutazãɖoɖowoe eye wonaa mɔɖegbalẽ le wo ŋu. Gake kɔmpiutafiase aɖewo menaa mɔɖegbalẽ o, elabena se meɖe mɔ ɖe ezazãɖoɖo siwo wode eme hafi le dzadzram la ŋu o, si fia be eƒlela la da se dzi ne ezã ezazãɖoɖoawo. Nya si hã do ƒome kple esiae nye be, mele be Kristotɔwo nalé nyatakaka siwo ŋu nutɔnyenyese le (abe Habɔbɔa ƒe agbalẽwo ene) alo nya siwo nyatakakanahawo ɖona ɖe woƒe asisiwo, si amewo le lélem ɖi mɔmabiamabia nutɔawoe, la ɖe woƒe kɔmpiuta alo nu bubu dzi o.”