Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Midi Yehowa Hafi Eƒe Dzikudogbe La Naɖo

Midi Yehowa Hafi Eƒe Dzikudogbe La Naɖo

 Midi Yehowa Hafi Eƒe Dzikudogbe La Naɖo

“Midi Yehowa, . . . midi dzɔdzɔenyenye, eye midi ɖokuibɔbɔ yome mɔ, ame aɖe menya nu o woatsɔ mi aɣla le Yehowa ƒe dzikudogbe la hĩ!”—ZEFANYA 2:3.

1. Nɔnɔme ka mee Yuda nɔ le gbɔgbɔ me esime Zefanya dze eƒe nyagblɔɖidɔa gɔme?

ZEFANYA dze eƒe nyagblɔɖidɔ gɔme le ɣeyiɣi sesẽ aɖe me le Yuda ƒe ŋutinya me. Dukɔa yi to le gbɔgbɔ me ale gbegbe. Dua me tɔwo nɔ trɔ̃nuawo kple ɣletivimefakalawo sinu kpɔm be woafia mɔ yewo, le esi teƒe be woaɖo ŋu ɖe Yehowa ŋu. Baal-subɔsubɔ kple eƒe vidzidzikɔnuwo bɔ ɖe dukɔa me ale gbegbe. Dukplɔlaawo—fiahawo, bubumewo, kple ʋɔnudrɔ̃lawo—nɔ amesiwo ta wòle be woakpɔ la tem ɖe anyi. (Zefanya 1:9; 3:3) Eyata mewɔ nuku o be Yehowa ɖoe be ‘yeado yeƒe asi ɖa’ atsrɔ̃ Yuda kple Yerusalem!—Zefanya 1:4.

2. Mɔkpɔkpɔ kae nɔ Mawu subɔla nuteƒewɔla siwo nɔ Yuda si?

2 Gake togbɔ be nɔnɔmea vloe alea hã, mɔkpɔkpɔ sue aɖe nɔ anyi. Amon vi Yosiya ye nɔ fiazikpuia dzi azɔ. Ŋutsuvi dzaa ko Yosiya nye gake lɔlɔ̃ vavã nɔ esi na Yehowa. Ne fia yeye sia gate ŋu ɖo tadedeagu dzadzɛ anyi le Yuda la, aleke gbegbe wòadzɔ dzi na ame ʋɛ siwo nɔ Mawu vavã la subɔm nuteƒewɔwɔtɔe enye si! Ðewohĩ aʋã ame bubuwo be woava wɔ ɖeka kpli wo eye woakpɔ woawo hã ta le Yehowa ƒe dzikudogbea.

Nusiwo Ametakpɔkpɔ Bia

3, 4. Nudidi etɔ̃ kawo gbɔe wòle be ame naɖo hafi woakpɔ eta le “Yehowa ƒe dzikudogbe” la?

3 Ðe woakpɔ nublanui na ame aɖewo ŋutɔŋutɔ le Yehowa ƒe dzikudogbea dzia? Ẽ, ne woɖo nudidi etɔ̃ siwo woɖo le Zefanya 2:2, 3 gbɔ ko. Ne míele kpukpui siawo xlẽm la,  mina míade dzesi nudidi siawo etɔxɛe. Zefanya ŋlɔ bena: “Hafi ne tameɖoɖo la ƒe vidziɣi naɖo, eye ɣeyiɣi la nu nayi, abe alesi gbe ƒuƒu ʋua yae ene, hafi ne Yehowa ƒe dɔmedzoe heliheli nava mia dzi, eye hafi ne Yehowa ƒe dzikudogbe nava mia dzi! Midi Yehowa, mi amesiwo katã bɔbɔ mia ɖokui ɖe anyi le anyigba dzi, midi dzɔdzɔenyenye, eye midi ɖokuibɔbɔ yome mɔ, ame aɖe menya nu o woatsɔ mi aɣla le Yehowa ƒe dzikudogbe la hĩ!”

4 Eyata hafi woakpɔ ame aɖe ta la, ele be (1) wòadi Yehowa, (2) wòadi dzɔdzɔenyenye, eye (3) wòadi ɖokuibɔbɔ yome mɔ. Ele be míatsɔ ɖe le nudidi siawo me vevie egbea. Nukatae? Elabena alesi Yuda kple Yerusalem dze ŋgɔ akɔntabiagbe le ƒe alafa adrelia D.M.Ŋ. me la, nenema ke dukɔ siwo le Kristodukɔa me—le nyateƒe me la, ame vɔ̃ɖiwo katã—yina ŋgo kpe ge kple Yehowa Mawu le “xaxa gã” si gbɔna me. (Mateo 24:21) Ele be amesiame si di be woaɣla ye ɣemaɣi la natso aɖe afɔ si sɔ fifi laa. Aleke wòawɔe? Eyae nye be wòadi Yehowa, wòadi dzɔdzɔenyenye, eye wòadi ɖokuibɔbɔ yome mɔ hafi wòatsi megbe akpa!

5. Nukae ‘Yehowa didi’ bia egbea?

5 Ðewohĩ àgblɔ be: ‘Mawu subɔla ɖeadzɔgbe xɔnyɔnyrɔ si nye Yehowa Ðasefoe menye. Ðe nyemeɖo nudidi mawo gbɔ xoxo oa?’ Le nyateƒe me la, nu geɖe gahiã kpe ɖe mía ɖokui tsɔtsɔ ɖe adzɔgbe na Yehowae ŋu. Dukɔ ɖeadzɔgbee Israel nye, gake le Zefanya ŋɔli la, Yudatɔwo menɔ agbe nɔm ɖe adzɔgbeɖeɖea nu o. Ewɔe be Mawu va gbe dukɔa mlɔeba. ‘Yehowa didi’ egbea bia be míanɔ eƒe anyigbadzihabɔbɔa me ana mía kplii dome navivi eye míana ƒomedodo sia nanɔ anyi ɖaa. Efia be míanya alesi Mawu bua nuwo ŋui eye míatsɔ ɖe le eƒe seselelãmewo me. Enye Yehowa didi ne míesrɔ̃a eƒe Nya la nyuie, dea ŋugble le eŋu, hetsɔa eƒe aɖaŋuɖoɖo  dea dɔwɔwɔ me le agbe me. Ne míedi Yehowa ƒe mɔfiafia hã le gbedodoɖa vevie me hewɔ ɖe eƒe gbɔgbɔ kɔkɔe ƒe mɔfiafia dzi la, mía kplii dome ƒomedodo ade to ɖe edzi, eye aʋã mí be míatsɔ ‘míaƒe dzi, luʋɔ, kple ŋusẽ blibo’ asubɔe.—Mose V, 6:5; Galatiatɔwo 5:22-25; Filipitɔwo 4:6, 7; Nyaɖeɖefia 4:11.

6. Aleke ‘míadi dzɔdzɔenyenyee,’ eye nukata esia anya wɔ le xexe sia gɔ̃ hã me?

6 Nudidi evelia si woyɔ le Zefanya 2:3 enye be ‘míadi dzɔdzɔenyenye.’ Mía dometɔ akpa gãtɔ wɔ tɔtrɔ veviwo le míaƒe agbe me bene míate ŋu adze na Kristotɔwo ƒe nyɔnyrɔxɔxɔ, gake ele be míayi edzi anɔ agbe ɖe Yehowa ƒe dzidzenu dzɔdzɔeawo nu le míaƒe agbenɔɣi katã. Amesiwo dze egɔme nyuie le go sia me la dometɔ aɖewo ɖe asi le wo ɖokui ŋu xexeame ƒo ɖi wo. Menɔa bɔbɔe be woanɔ dzɔdzɔenyenye yome o, elabena amesiwo bua gbɔdɔdɔ ƒe agbegbegblẽnɔnɔ, alakpadada, kple nuvɔ̃ bubuwo be womegblẽ naneke o la ƒo xlã mí. Ke hã didi vevie be míadze Yehowa ŋu ate ŋu akpe didi be xexeame nakpɔ ŋudzedze ɖe mía ŋu la dzi. Mawu megava kpɔ ŋudzedze ɖe Yuda ŋu o le esi emenɔlawo srɔ̃ dukɔ mavɔ̃mawu siwo ƒo xlã wo ta. Eyata le esi teƒe be míasrɔ̃ xexeame la, mina míanye ‘Mawu srɔ̃lawo,’ eye míatu ‘amenyenye yeye si wowɔ le Mawu ƒe nɔnɔme nu le dzɔdzɔenyenye kple nuteƒewɔwɔ vavãtɔ nu’ la ɖo.—Efesotɔwo 4:24; 5:1.

7. Aleke ‘míadi ɖokuibɔbɔe’?

7 Nya etɔ̃lia si wogblɔ le Zefanya 2:3 enye be ne míedi be woatsɔ mí aɣla le Yehowa ƒe dzikudogbe la, ke ele be ‘míadi ɖokuibɔbɔ.’ Gbesiagbe míewɔa nu kple ŋutsu, nyɔnu, kple sɔhɛ siwo gbɔ ɖokuibɔbɔ meɖi naneke le o. Le woƒe nukpɔkpɔ nu la, vodada wònye be woafa tu. Wobua ɖokuibɔbɔ be enye gbɔdzɔgbɔdzɔ gã aɖe. Wotea tɔ ɖe nu dzi, wodia wo ɖokui tɔ, hebuna be yewoƒe nukpɔsusu koe nye nyuitɔ, eye wobui be ele be woalɔ̃ ɖe nusi nye yewoƒe “gome” kple nusiwo dze yewo ŋu dzi godoo. Aleke wòawɔ nublanui enye si ne nɔnɔme mawo tɔgbe va kpɔ ŋusẽ ɖe mía dzi! Fifiae wòle be ‘míadi ɖokuibɔbɔ.’ Aleke míadii? Eyae nye be míabɔbɔ ɖe Mawu te eye míatsɔ ɖokuibɔbɔ axɔ eƒe amehehe ahawɔ nu wòasɔ kple eƒe lɔlɔ̃nu.

Nukata ‘Ðewohĩ’ Woatsɔ Mí Aɣla?

8. Nukae nya ‘ɖewohĩ’ si wozã le Zefanya 2:3 la ɖe fia?

8 De dzesii be Zefanya 2:3 gblɔ be: “Ame aɖe menya nu o woatsɔ mi aɣla le Yehowa ƒe dzikudogbe la hĩ.” Nukatae wòzã nya ‘ɖewohĩ’ esi wònɔ nu ƒom na ‘ɖokuibɔbɔla siwo le anyigba dzi’? Ele eme be ɖokuibɔbɔla mawo ɖe afɔ nyui aɖewo ya, gake mele be woaka ɖe wo ɖokui dzi akpa o. Womewu woƒe agbenɔnɔ nu nuteƒewɔwɔtɔe haɖe o. Wokpɔe be wo dometɔ aɖewo ate ŋu ava wɔ nuvɔ̃. Nenemae wòle le mía gome. Yesu gblɔe be: “Amesi ke lado dzi vaseɖe nuwuwu la, eya lakpɔ ɖeɖe.” (Mateo 24:13) Ẽ, ɖeɖekpɔkpɔ le Yehowa ƒe dzikudogbe nɔ te ɖe alesi míayi edzi awɔ nusi nyo le eŋkume dzi. Èɖoe kplikpaa be yeawɔ nenemaa?

9. Afɔɖeɖe nyui kawoe Fia Yosiya si nye ɖekakpui ɖe?

9 Edze ƒã be Zefanya ƒe nyawo ʋã Fia Yosiya ‘wòdi Yehowa.’ Ŋɔŋlɔawo gblɔ be: “Le [Yosiya ƒe] fiaɖuɖu ƒe ƒe enyilia me, esime wònye ɖekakpui [si xɔ anɔ ƒe 16] ko la, ede asi fofoa Dawid ƒe Mawu la didi me.” (Kronika II, 34:3) Yosiya yi edzi ‘di dzɔdzɔenyenye’ hã, elabena míexlẽ be: “Le ƒe wuievelia me [esime Yosiya xɔ anɔ ƒe 20] la ede asi nuxeƒewo, Aserawo, aklama kpakpɛwo kple legba kɔkɔwo ɖeɖe me ɖa le Yuda kple Yerusalem. Wogbã Baal ƒe vɔsamlekpuiwo . . . le eƒe ŋku me.” (Kronika II, 34:3, 4) Yosiya ‘di ɖokuibɔbɔ’ hã, esi wòwɔ nu be yeadze Yehowa ŋu to trɔ̃subɔsubɔ  kple alakpasubɔsubɔ nuwɔnawo ɖeɖeɖa le anyigba la dzi me. Aleke gbegbe dzi anya dzɔ ɖokuibɔbɔla bubuwo enye si esi nusiawo nɔ edzi yim!

10. Nukae dzɔ le Yuda le ƒe 607 D.M.Ŋ. me, gake amekawo tae wokpɔ?

10 Yudatɔ geɖe gatrɔ va Yehowa gbɔ le Yosiya ƒe dziɖuɣi. Gake le fia la ƒe ku megbe la, wo dometɔ akpa gãtɔ gatrɔ ɖe woƒe agbenɔnɔ xoxoawo ŋu—nuwɔna siwo medze Mawu ŋu kura o. Abe alesi Yehowa ɖoe ene la, Babilontɔwo va nya avuzi le Yuda dzi eye wotsrɔ̃ Yerusalem si nye fiadu la le ƒe 607 D.M.Ŋ. me. Gake mefia be woƒe nuwuwue nye ma o. Wotsɔ nyagblɔɖila Yeremya, Etiopiatɔ Ebed-Melex, Yonadab ƒe dzidzimeviwo, kple ame bubu siwo wɔ nuteƒe na Mawu ɣla le Yehowa ƒe dzikudogbe ma.—Yeremya 35:18, 19; 39:11, 12, 15-18.

Mawu ƒe Futɔwo—Mide Dzesii!

11. Nukata wòsesẽ be woayi edzi awɔ nuteƒe na Mawu egbea, gake nuka ŋue wòle be Yehowa ƒe amewo ƒe futɔwo nabu?

11 Esi míele Yehowa ƒe dzikudogbe si ava nuɖoanyi vɔ̃ɖi sia dzi lalam la, ‘míedoa go tetekpɔ vovovowo.’ (Yakobo 1:2) Le dukɔ siwo gblɔna be yewodea asixɔxɔ mawusubɔsubɔblɔɖe ŋu dometɔ geɖe me la, subɔsubɔhakplɔla amenublelawo zã kadodo si le wo kple dumegãwo dome tsɔ na woti Mawu ƒe amewo yome anyratɔe. Ame gblẽkuwo zɔa Yehowa Ðasefowo gɔme gblɔna le wo ŋu be wonye “vivimeha vɔ̃ɖi.” Mawu nya nu tso woƒe nuwɔnawo ŋu—eye magbe to hehe na amesiawo o. Ade eƒe futɔwo dzi be woabu nusi dzɔ ɖe eƒe amewo ƒe futɔ blematɔwo, abe Filistitɔwo ene, dzi ŋu. Nyagblɔɖia gblɔ be: “Gaza azu du gbɔlo, eye Askalon azu aƒedo; woanyã Asdod le ŋdɔkutsu dzatsɛ, eye woaho Ekron kple ke.” Woagbã Filistitɔwo ƒe du siwo nye Gaza, Askalon, Asdod, kple Ekron.

12. Nukae dzɔ ɖe Filisti, Moab, kple Amon dzi?

12 Nyagblɔɖia yi edzi be: “Mese Moab ƒe alɔmeɖeɖe kple Amon-viwo ƒe vlododo, wo amesiwo ɖe alɔme le nye dukɔ ŋu, eye woka ɖe eƒe anyigba ŋu.” (Zefanya 2:8) Enye nyateƒe be Babilontɔ siwo va dze Egipte kple Etiopia dzi la gblẽ nu le wo ŋu ya. Gake ʋɔnu kae Yehowa drɔ̃ Moab kple Amon, dukɔ siwo dzɔ tso Abraham tɔɖiyɔvi Lot me? Yehowa gblɔ ɖi be: “Ne Moab mazu abe Sodom ene, eye Amon-viwo abe Gomora ene o fi!” Womatsɔ Moab kple Amon viwo aɣla le Mawu ƒe ʋɔnudɔdrɔ̃wo nu abe wo mamawo—Lot vinyɔnu eve siwo tsi agbe esime wotsrɔ̃ Sodom kple Gomora—ene o. (Zefanya 2:9-12; Mose I, 19:16, 23-26, 36-38) Afikae Filisti-dukɔ kple eƒe duwo le egbea? Ke Moab kple Amon siwo dana tsã ya ɖe? Ðeko nàdi wo ʋuu wòaglo.

13. Nuka ŋue tomenukulawo ke ɖo le Niniwe?

13 Le Zefanya ŋɔli la, Asiria Fiaɖuƒea kpɔ ŋusẽ eteƒe mekɔ o. Esi blematomenukula Austen Layard nɔ fiasã aɖe ƒe akpa si ŋu wòke ɖo le Asiria-fiadu Niniwe me ɖɔm la, eŋlɔ be: “Womã dzisasrãawo . . . me vovovo wole dzogoe ene me, eye wota seƒoƒowo alo lãwo ɖe wo dzi. Wotsɔ nyiɖu ɖo atsyɔ̃ ɖe wo dometɔ aɖewo dzi, eye wowɔ atsyã dzeaniwo ɖe mama ɖesiaɖe to kple eƒe kpeƒewo. Anye be wofa sika kple klosalo ɖe xɔtsɔtiawo kpakple gliawo ŋu; eye ati siwo mebɔ o, si ƒe ɖee nye sederti ye wotsɔ kpa atinuawoe.” Ke hã abe alesi wogblɔe ɖi le Zefanya ƒe nyagblɔɖia me ene la, woatsrɔ̃ Asiria eye eƒe fiadu Niniwe azu “gbegbe.”—Zefanya 2:13.

14. Aleke Zefanya ƒe nyagblɔɖia va eme ɖe Niniwe dzii?

14 Ƒe 15 pɛ tso esime Zefanya gblɔ nya mawo megbe la, wova tsrɔ̃ Niniwe sesẽ la, eye eƒe fiasã la zu glikpo. Ẽ, wogbã du gã ma si me tɔwo dana la wòzu kewɔ. Wogblɔ alesi gbegbe wotsrɔ̃e la ɖi le nya siawo me be:  “Aluge kple hlɔ̃made atsi woƒe [sɔti siwo mu] ƒe kɔ te adɔ. Ha anɔ ɖiɖim le fesre nu, eye anyiglãgowo anɔ kpui nu.” (Zefanya 2:14, 15) Hlɔ̃madewo kple alugewo ƒe nɔƒe koe Niniwe ƒe xɔ gãwo anyo na. Asitsalawo ƒe hoowɔwɔ, asrafowo ƒe aƒadodo, kple nunɔlawo ƒe gbetete magaɖi le dua ƒe ablɔwo dzi o. Le ablɔ mawo siwo dzi hoowɔwɔ nɔ tsã dzi la, xɔxlɔ̃ dziŋɔ aɖe koe anɔ ɖiɖim le fesre nu, ɖewohĩ anye xe aɖe ƒe xɔxlɔ̃ alo yaƒoƒo ƒe ɖiɖi. Neva eme be Mawu ƒe futɔwo katã natsrɔ̃ nenema!

15. Nukae míate ŋu asrɔ̃ tso nusi dzɔ ɖe Filisti, Moab, Amon, kple Asiria dzi me?

15 Nukae míesrɔ̃ le nusi dzɔ ɖe Filisti, Moab, Amon, kple Asiria dzi me? Eyae nye be: Mele be mí Yehowa subɔlawo míavɔ̃ na míaƒe futɔwo ƒe naneke o. Mawu kpɔa amesiwo tsi tre ɖe eƒe amewo ŋu la ƒe nuwɔnawo. Yehowa tu nu kple eƒe futɔwo le blema, eye ahe ʋɔnudɔdrɔ̃wo ava anyigba bliboa dzi egbea. Ke hã ame aɖewo atsi agbe—‘ameha gã si tso dukɔ sia dukɔ me.’ (Nyaɖeɖefia 7:9) Àte ŋu anɔ wo dome—gake ne èyi edzi di Yehowa, di dzɔdzɔenyenye, hedi ɖokuibɔbɔ yome mɔ ko hafi.

Baba na Nuvɔ̃wɔla Mabuamewo!

16. Nya kae Zefanya ƒe nyagblɔɖia gblɔ le Yuda fiahawo kple subɔsubɔhakplɔlawo ŋu, eye nukata nya siawo sɔ na Kristodukɔa?

16 Zefanya ƒe nyagblɔɖia gahe susu yi Yuda kple Yerusalem dzi. Zefanya 3:1, 2 gblɔ be: “Baba na du sẽto, si ƒo ɖi, eye wòsẽa ŋuta! Egbe toɖoɖo, eye mena wohe to nɛ o; meɖo dzi ɖe Yehowa ŋu o, eye mete ɖe eƒe Mawu ŋu o.” Aleke gbegbe wòwɔ nublanui enye si be Yehowa ƒe amewo gbe agbagba si wòdze be yeahe woe! Fiahawo,  bubumewo, kple ʋɔnudrɔ̃lawo ƒe anyrawɔwɔ vɔ̃ɖi ale gbegbe. Zefanya bu fɔ subɔsubɔhakplɔlawo ƒe ŋumakpemakpee be: “Eƒe nyagblɔɖilawo nye toflokowo kple alakpatɔwo; eƒe nunɔlawo do gu nu kɔkɔe la, eye woto vo ɖe se la ŋu.” (Zefanya 3:3, 4) Aleke nya siawo ɖɔ nɔnɔme si me Kristodukɔa ƒe nyagblɔɖilawo kple nunɔlawo le egbea wòsɔ nyuie ale! Woɖe Mawu ƒe ŋkɔ le woƒe Biblia gɔmeɖeɖewo me amemabumabutɔe eye wofiaa nusiwo tsi tre ɖe Amesi wobe yewole subɔsubɔm la ŋu.

17. Amewo see alo womeɖasee o, nukata wòle be nàyi edzi agblɔ nyanyui la?

17 Yehowa bu eƒe blemadukɔa ŋu hexlɔ̃ nui tso nusi wògbɔna wɔwɔ ge ŋu. Edɔ eƒe dɔla nyagblɔɖilawo—Zefanya kple Yeremya, kpakple ame bubuawo—be woaxlɔ̃ nu dukɔa ne woatrɔ dzime. Ẽ, “Yehowa . . . mewɔa nu gbegblẽ aɖeke o; eɖea eƒe ʋɔnudɔdrɔ̃ doa goe ŋdi sia ŋdi, eye medzudzɔnɛ o.” Aleke woxɔ eƒe nyawoe? Zefanya gblɔ be: “Ke ame vɔ̃ɖi menya nuka nye ŋukpe o.” (Zefanya 3:5) Wogale nuxlɔ̃ame ma tɔgbe nam le ɣeyiɣi sia me. Ne nyanyuigbeƒãɖelae nènye la, ke èle gome kpɔm le nuxlɔ̃amedɔ sia wɔwɔ me. Yi nyanyuia gbɔgblɔ dzi madzudzɔmadzudzɔe! Amewo see alo womeɖasee o, le Mawu ƒe nukpɔkpɔ nu la, wò subɔsubɔdɔa le dzidzedze kpɔm zi alesi nèle ewɔm nuteƒewɔwɔtɔe ko; mele be ŋu nakpe wò ne èle Mawu ƒe dɔa wɔm veviedodotɔe o.

18. Aleke Zefanya 3:6 ava emee?

18 Menye Kristodukɔa koe woatsrɔ̃ le Mawu ƒe toheʋɔnua dɔdrɔ̃ me o. Yehowa keke eƒe fɔbunyaa ɖe nu wòlɔ anyigbadzidukɔwo katã ɖe eme be: “Metsrɔ̃ dukɔwo, eye woƒe mɔ̃wo gbã; medo gbegbe woƒe ablɔwo, eye ame megatoa wo me yina o; woƒe duwo gbã zu aƒedo.” (Zefanya 3:6) Kakaɖedzi le nya siawo ŋu ale gbegbe be Yehowa ƒo nu tso tsɔtsrɔ̃a ŋu abe ɖe wòdzɔ xoxo ene. Nukae dzɔ ɖe Filisti, Moab, kple Amon duwo dzi? Ke Asiria-fiadu Niniwe ya ɖe? Woƒe tsɔtsrɔ̃ nye nuxlɔ̃amekpɔɖeŋu na dukɔ siwo li egbea. Womate ŋu aɖe alɔme le Mawu ŋu o.

Yi Edzi Nànɔ Yehowa Dim

19. Biabia siwo na wobua tame kawoe míate ŋu abia?

19 Le Zefanya ƒe ŋkekea me la, Mawu ɖe eƒe dziku ɖe amesiwo nɔ “nu vɔ̃ɖi wɔwɔ dzi ɖaa atraɖi” la ŋu. (Zefanya 3:7) Nu ma kee adzɔ le míaƒe ŋkekea me. Ðe nèkpɔ kpeɖodzia be Yehowa ƒe dzikudogbe la tu aƒea? Èyia edzi ‘dia Yehowa’ to eƒe Nya la xexlẽ edziedzi—gbesiagbe—mea? Ðe nèdia dzɔdzɔenyenye nyateƒe to agbe dzadzɛ nɔnɔ si wɔ ɖeka kple Mawu ƒe dzidzenuwo mea? Eye ɖe ‘nèdia ɖokuibɔbɔ yome mɔ’ ale be nèfa tu hebɔbɔa ɖokuiwò ɖe Mawu kple ɖoɖo siwo wòwɔ na ɖeɖekpɔkpɔ tea?

20. Biabia kawo mee míadzro le nyati siwo ku ɖe Zefanya ƒe nyagblɔɖia ŋu la ƒe susɔea me?

20 Ne míeyi edzi tsɔ nuteƒewɔwɔ di Yehowa, di dzɔdzɔenyenye, hedi ɖokuibɔbɔ la, míate ŋu akpɔ mɔ be míase vivi le yayra gbagowo me fifi laa—ẽ, le ‘ŋkeke mamlɛ’ siawo siwo me wodoa míaƒe xɔse kpɔna la gɔ̃ hã me. (Timoteo II, 3:1-5; Lododowo 10:22) Gake ɖewohĩ míabia hã be, ‘Mɔ kawo nue wole mí Yehowa subɔla siwo li egbea yram le, eye etsɔme yayra kawoe Zefanya ƒe nyagblɔɖia tsɔ ɖo amesiwo woatsɔ aɣla le Yehowa ƒe dzikudogbe si le du dzi gbɔna la ŋgɔ?’

Aleke Nàɖo Wo Ŋui?

• Aleke amewo ‘adi Yehowae’?

• Nukae ‘dzɔdzɔenyenye didi’ bia?

• Aleke míate ŋu ‘adi ɖokuibɔbɔe’?

• Nukata wòle be míayi edzi adi Yehowa, adi dzɔdzɔenyenye, kple ɖokuibɔbɔ?

[Biabiawo]

[Nɔnɔmetata si le axa 18]

Èle Yehowa dim to Biblia sɔsrɔ̃ kple gbedodoɖa vevie mea?

[Nɔnɔmetata si le axa 21]

Ameha gã aɖe atsi agbe le Yehowa ƒe dzikudogbea dzi le esi woyia edzi dinɛ ta