2 Fiawo 24:1-20

  • Yehoyakim ƒe aglãdzedze kple eƒe ku (1-7)

  • Yuda-fia Yehoyakin (8, 9)

  • Aboyomeyiyi le Babilon zi gbãtɔ (10-17)

  • Yuda-fia Zedekiya; eƒe aglãdzedze (18-20)

24  Le Yehoyakim ŋɔli la, Babilon-fia Nebukadnezar+ ho ɖe eŋu, eye Yehoyakim zu eƒe subɔvi ƒe etɔ̃. Ke eva dze aglã ɖe eŋu.  Eye Yehowa dɔ Kaldeatɔwo,+ Siriatɔwo, Moabtɔwo, kple Amonitɔwo ƒe adzohawo ɖe eŋu. Edɔ wo ɖe Yuda ŋu be woatsrɔ̃e le Yehowa ƒe nya+ si wògblɔ to eƒe subɔla nyagblɔɖilawo dzi la nu.  Yehowa ƒe nya nue esia va Yuda dzi ɖo, ne wòaɖee ɖa le eƒe ŋkuta,+ le Manase ƒe nu vɔ̃ siwo katã wòwɔ la ta,+  hekpe ɖe ʋu maɖifɔ si wòkɔ ɖi,+ si na wòtsɔ ʋu maɖifɔ yɔ Yerusalem taŋ la hã ta, eya ta Yehowa gbe be yematsɔe ake o.+  Ke Yehoyakim ŋutinya susɔeawo kple nu siwo katã wòwɔ la, woŋlɔ wo ɖe Yuda-fiawo ƒe ŋutinyagbalẽ me.+  Eye wotsɔ Yehoyakim mlɔ tɔgbuiawo gbɔ,+ eye via Yehoyakin* zu fia ɖe eteƒe.  Ke Egipte-fia megaho tso eƒe anyigba dzi kpɔ o, elabena Babilon-fia xɔ anyigba siwo katã nye Egipte-fia+ tɔ tso Egipte-tɔʋu*+ la nu va se ɖe Frat-tɔsisi la nu.+  Yehoyakin+ xɔ ƒe wuienyi esime wòzu fia, eye wòɖu fia ɣleti etɔ̃ le Yerusalem.+ Dadaa ŋkɔe nye Nehusta, eye wònye Elnatan si tso Yerusalem ƒe vinyɔnu.  Ewɔ nu si nye vɔ̃ le Yehowa ŋkume, abe ale si fofoa wɔ ene. 10  Ɣemaɣie Babilon-fia Nebukadnezar ƒe dɔlawo ho ɖe Yerusalem ŋu heɖe to ɖe dua.+ 11  Babilon-fia Nebukadnezar va dua me esime eƒe dɔlawo ɖe to ɖe dua. 12  Yuda-fia Yehoyakin do yi Babilon-fia+ gbɔ, eya kple dadaa kple eƒe dɔlawo kple eƒe amegãwo kpakple fiaŋumewo;+ ale Babilon-fia lé Yehoyakin le Babilon-fia ƒe fiaɖuɖu ƒe ƒe enyilia me.+ 13  Eye wòlɔ Yehowa ƒe aƒe la me kesinɔnuwo katã kple fia ƒe aƒe* la me kesinɔnuwo tso afi ma.+ Eye wògbã sikanu siwo Israel-fia Salomo wɔ ɖe Yehowa ƒe gbedoxɔa+ me kakɛkakɛ. Esia dzɔ abe ale si tututu Yehowa gblɔe ene. 14  Eɖe aboyo Yerusalem blibo la katã kple amegãwo+ katã kpakple kalẽtɔ sesẽwo katã hekpe ɖe aɖaŋudɔwɔlawo kple gbedewo*+ katã ŋu, aboyomeawo le ame akpe ewo. Womegblẽ ame aɖeke ɖi o, negbe ame siwo da ahe ŋutɔŋutɔ la ko.+ 15  Ale wòɖe aboyo Yehoyakin+ yi Babilon;+ eye wòɖe aboyo fia dada kple fia srɔ̃wo kple fiaŋumewo kpakple dukɔ la ƒe ame ŋkutawo tso Yerusalem yi Babilon. 16  Babilon-fia ɖe aboyo aʋawɔlawo katã, siwo le ame akpe adre, hekpe ɖe aɖaŋudɔwɔla kple gbede* akpe ɖeka ŋu yi Babilon, wonye ŋutsu kalẽtɔ siwo wona hehee ɖe aʋawɔwɔ ŋu. 17  Eye Babilon-fia tsɔ Yehoyakin tɔɖi+ Mataniya ɖo fiae ɖe eteƒe, eye wòtrɔ ŋkɔ nɛ be Zedekiya.+ 18  Zedekiya xɔ ƒe blaeve vɔ ɖekɛ esime wòzu fia, eye wòɖu fia ƒe wuiɖekɛ le Yerusalem. Dadaa ŋkɔe nye Hamutal,+ eye wònye Yeremiya si tso Libna vinyɔnu. 19  Ewɔ nu si nye vɔ̃ le Yehowa ŋkume, abe ale si Yehoyakim wɔ ene.+ 20  Esi Yehowa do dziku tae nu siawo dzɔ le Yerusalem kple Yuda ɖo, va se ɖe esime wòɖe wo ɖa le eƒe ŋkuta.+ Ke Zedekiya dze aglã ɖe Babilon-fia ŋu.+

Etenuŋɔŋlɔ

“Yehoyakin” kee wogayɔ be “Yekoniya” le Yr 24:1; eya kee wogayɔ be “Koniya” le Yr 22:24, 28 kple Yr 37:1.
Alo, “fiasã.”
Agate ŋu afia, “takpɔgliɖolawo.”
Agate ŋu afia, “takpɔgliɖolawo.”