Yeremiya 19:1-15

  • Wogblɔ na Yeremiya be wòagbã ze (1-15)

    • Ðeviwo tsɔtsɔ sa vɔe na Baal (5)

19  Ale Yehowa gblɔe nye esi: “Yi ɖaƒle ze le zemela si,+ eye nàkplɔ dukɔ la ƒe ametsitsi aɖewo kple nunɔlawo ƒe ametsitsi aɖewo kpe ɖe ɖokuiwò ŋu, 2  eye nàyi Hinom Vi Ƒe Bali,+ si le Zemegboa ŋgɔdze la me. Eye nàɖe gbeƒã nya siwo magblɔ na wò la le afi ma. 3  Eye nàgblɔ be: ‘Oo, mi Yuda-fiawo kple mi Yerusalem nɔlawo, mise Yehowa ƒe nya. Ale aʋakɔwo ƒe Yehowa, Israel ƒe Mawu la, gblɔe nye esi: “‘“Mahe gbegblẽ ava teƒe sia dzi, eye ame sia ame si asee la ƒe to me aɖi yeŋ. 4  Elabena wogblẽm ɖi,+ eye wona nyemegakpɔ teƒe sia dze sii o.+ Wodo dzudzɔ na mawu bubu siwo woawo ŋutɔwo, wo tɔgbuiwo kple Yuda-fiawo menya o la le eme, eye wotsɔ ame maɖifɔwo ƒe ʋu yɔ teƒe sia fũu.+ 5  Wowɔ nuxeƒewo na Baal, ne woatɔ dzo wo viwo atsɔ asa numevɔ na Baal,+ nu si nyemeɖo na wo alo ƒo nu tso eŋu na wo o, eye meva dzi me nam kpɔ gɔ̃ hã o.”’*+ 6  “Yehowa be, ‘Eya ta kpɔ ɖa, ŋkekewo li gbɔna, esime womagayɔ teƒe sia be Tofet kple Hinom Vi Ƒe Bali azɔ o, ke boŋ Amewubali.+ 7  Magblẽ Yuda kple Yerusalem ƒe ɖoɖowo me le teƒe sia, mana woatsi woƒe futɔwo ƒe yi nu, eye woatsi ame siwo le woƒe agbe* yome tim la si me. Matsɔ woƒe kukuawo ana dziƒoxewo kple anyigbadzilãwo woaɖu.+ 8  Mana du sia nazu nu wɔmoyaa kple nu si ŋu woalia aku ɖo. Ame sia ame si ato eŋu la ƒe mo awɔ yaa, eye wòalia aku le eƒe fuwɔamewo katã ta.+ 9  Mana woaɖu wo viŋutsuwo kple wo vinyɔnuwo ƒe lã; wo dometɔ ɖe sia ɖe aɖu ehavi ƒe lã, le esi woɖe to ɖe wo kpakple xaxa siwo ava wo dzi esime woƒe futɔwo kple ame siwo le woƒe agbe* yome tim mimi wo ɖo la ta.”’+ 10  “Eye gbã ze la le ŋutsu siwo yi kpli wò la ŋkume, 11  eye nàgblɔ na wo be, ‘Ale aʋakɔwo ƒe Yehowa gblɔe nye esi: “Aleae magbã dukɔ sia kple du siae, abe ale si wogbãa ze, eye womegatea ŋu trenɛ o la ene; woaɖi ame ɖe Tofet va se ɖe esime teƒe aɖeke maganɔ anyi woaɖi ame ɖo o.”’+ 12  “Yehowa be: ‘Aleae mawɔ teƒe sia kple edzinɔlawo, eye mawɔ du sia abe Tofet ene. 13  Yerusalem xɔwo kple Yuda-fiawo ƒe xɔwo, ɛ̃, xɔ siwo katã tame wosaa vɔwo le na dziƒonuwo+ katã, eye woƒoa nunovɔsawo ɖi na mawu bubuwo+ le la, azu nu makɔmakɔ abe Tofet+ ene.’” 14  Esi Yeremiya gbɔ tso Tofet, afi si Yehowa ɖoe ɖo be wòaɖagblɔ nya ɖi le la, eva tsi tsitre ɖe Yehowa ƒe aƒe la ƒe xɔxɔnu hegblɔ na dukɔ blibo la be: 15  “Ale aʋakɔwo ƒe Yehowa, Israel ƒe Mawu la, gblɔe nye esi, ‘Kpɔ ɖa, mahe gbegblẽ siwo katã ŋu nya megblɔ ɖe du sia ŋu la ava du sia kple eŋu duwo katã dzi, elabena wodze aglã hedo toku* nye nyawo.’”+

Etenuŋɔŋlɔ

Alo, “meva susu me nam kpɔ o.”
Alo, “luʋɔ.”
Alo, “luʋɔ.”
Egɔmeɖeɖe tẽe, “wolia kɔ, eye wogbe toɖoɖo.”