Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

TA 30

“Miyi Edzi Miazɔ Le Lɔlɔ̃ Me”

“Miyi Edzi Miazɔ Le Lɔlɔ̃ Me”

1-3. Nu kae dona tsoa eme ne míesrɔ̃ lɔlɔ̃ɖeɖefia ƒe kpɔɖeŋu si Yehowa ɖo?

 “DZIDZƆ geɖe le nunana me wu nuxɔxɔ.” (Dɔwɔwɔwo 20:35) Yesu ƒe nya siawo le gbe tem ɖe nyateƒenya vevi aɖe dzi: Ðokuitɔmadimadi ƒe lɔlɔ̃ nye nu si hea yayra geɖe vɛ. Togbɔ be enyea dzidzɔ geɖe ne woɖe lɔlɔ̃ fia mí hã la, dzidzɔ si lolo wue míekpɔna ne míawo míeɖe lɔlɔ̃ fia amewo.

2 Ame aɖeke menya esia nyuie wu mía Fofo si le dziƒo o. Abe ale si míekpɔe le akpa sia ƒe ta siwo do ŋgɔ me ene la, Yehowae nye ame si ɖo lɔlɔ̃ɖeɖefia gãtɔ kekeake ƒe kpɔɖeŋu. Ame bubu aɖeke meli si ɖe lɔlɔ̃ si lolo wu fia, alo ɖee fia ɣeyiɣi didi wu eya o. Ekema ɖe wòwɔ nuku be woyɔ Yehowa be “Mawu dzidzɔtɔ la”?—1 Timoteo 1:11.

3 Mía Mawu si lɔ̃a mí la di be míadze agbagba aɖi ye, vevietɔ le lɔlɔ̃ɖeɖefia me. Efesotɔwo 5:1, 2 gblɔ na mí be: “Mizu Mawu srɔ̃lawo abe via lɔlɔ̃awo ene, eye miyi edzi miazɔ le lɔlɔ̃ me.” Ne míesrɔ̃ lɔlɔ̃ɖeɖefia ƒe kpɔɖeŋu si Yehowa ɖo la, míekpɔa dzidzɔ gã wu, si nye esi tsoa nunana me. Míekpɔa dzidzeme hã esi míenyae be míele nu si dzea Yehowa ŋu wɔm, elabena eƒe Nya la xlɔ̃ nu mí be ‘míalɔ̃ mía nɔewo.’ (Romatɔwo 13:8) Gake susu bubu aɖewo gali si ta wòle be ‘míayi edzi azɔ le lɔlɔ̃ me’ ɖo.

Nu Si Ta Lɔlɔ̃ Nye Nu Vevitɔ

Lɔlɔ̃ ʋãa mí míexɔa mía nɔviwo dzi sena

4, 5. Nu ka tae wòle vevie be míaɖe ɖokuitsɔtsɔsavɔ ƒe lɔlɔ̃ afia mía nɔvi xɔsetɔwo?

4 Nu ka tae wòle vevie be míalɔ̃ mía nɔvi xɔsetɔwo? Kpuie ko la, lɔlɔ̃e nye Kristotɔ vavãwo ƒe nɔnɔme vevitɔ. Lɔlɔ̃ manɔmee la, míate ŋu atu ƒomedodo kplikplikpli ɖo kple mía nɔvi Kristotɔwo o, eye vevietɔ la, míaɖi naneke le Yehowa ŋkume o. Bu ale si Mawu ƒe Nya la te gbe ɖe nyateƒenya vevi siawo dzii ŋu kpɔ.

5 Le Yesu ƒe anyigbadzigbenɔnɔ ƒe zã mamlɛ me la, egblɔ na eyomedzelawo be: “Mele se yeye nam mi be mialɔ̃ mia nɔewo; ale si melɔ̃ mi la, miawo hã milɔ̃ mia nɔewo nenema ke. Esia me amewo katã anyae le be nye nusrɔ̃lawo mienye, ne lɔlɔ̃ le mia dome.” (Yohanes 13:34, 35) “Ale si melɔ̃ mi”—ɛ̃, wode se na mí be lɔlɔ̃ si tɔgbi nɔ Yesu si la nanɔ míawo hã si. Míede dzesii le Ta 29 lia me be Yesu ɖo kpɔɖeŋu nyui ŋutɔ aɖe ɖi le ɖokuitsɔtsɔsavɔ ƒe lɔlɔ̃ɖeɖefia me, esi wòtsɔ ame bubuwo ƒe nuhiahiãwo kple didiwo ɖo ŋgɔ na eya ŋutɔ tɔwo. Wobia tso míawo hã si be míaɖe ɖokuitɔmadimadi ƒe lɔlɔ̃ afia, eye ele be míana wòadze ƒãa ale gbegbe be ame siwo mele Kristo hamea me o gɔ̃ hã nate ŋu ade dzesii bɔbɔe. Nyateƒee, ɖokuitsɔtsɔsavɔ ƒe lɔlɔ̃ ye nye dzesidenu si woatsɔ adze si mí be míenye Kristo yomedzela vavãwo.

6, 7. (a) Aleke míewɔ nya be Yehowa ƒe Nya la dea asixɔxɔ gã aɖe lɔlɔ̃ɖeɖefia ŋu? (b) Lɔlɔ̃ ƒe akpa ka koŋ dzie Paulo ƒe nya siwo le 1 Korintotɔwo 13:4-8 te gbe ɖo?

6 Ke ne lɔlɔ̃ mele mía si o ɖe? Apostolo Paulo gblɔ be: Ne “lɔlɔ̃ mele asinye o la, ke mele abe gakogoe alo ayawagba si le ɖiɖim sesĩe ene.” (1 Korintotɔwo 13:1) Gakogoe ɖina sesĩe wòtɔa tome. Ke ayawagba hã ɖe? Kpɔɖeŋunyagbɔgblɔ siawo sɔ ŋutɔ! Ame si me lɔlɔ̃ mele o la le abe haƒonu si ɖina sesĩe, wòvea tome ale gbegbe be wòva zu nu si ɖia ame nu tsɔ wu be wòavivi ame nu ene. Aleke ame si le nenema kple ame bubuwo dome ate ŋu anɔ kplikplikplii? Paulo gblɔ hã be: Ne “xɔse le asinye ale gbegbe be mate ŋu aho towo, gake lɔlɔ̃ mele asinye o la, nyemenye naneke o.” (1 Korintotɔwo 13:2) Bu eŋu kpɔ ko, be ame si si lɔlɔ̃ mele o la, ‘menye naneke o,’ dɔ ka ke wòɖawɔna o! Ðe eme mekɔ ƒãa be Yehowa ƒe Nya la de asixɔxɔ gã aɖe lɔlɔ̃ɖeɖefia ŋu oa?

7 Gake aleke míate ŋu aɖe nɔnɔme sia afia le míaƒe nuwɔwɔ ɖe amewo ŋu mee? Be míakpɔ ŋuɖoɖoa la, mina míadzro Paulo ƒe nya siwo le 1 Korintotɔwo 13:4-8 me akpɔ. Menye Mawu ƒe lɔlɔ̃ na mí alo míawo míaƒe lɔlɔ̃ na Mawu dzie wote gbe ɖo le kpukpui siawo me o. Ke boŋ ale si wòle be míaɖe lɔlɔ̃ afia mía nɔewo koŋ dzie Paulo te gbe ɖo le afi sia. Eƒo nu tso nu siwo lɔlɔ̃ wɔna kple nu siwo lɔlɔ̃ mewɔna o la dometɔ aɖewo ŋu.

Nu Siwo Lɔlɔ̃ Wɔna

8. Aleke dzigbɔgbɔ blewu ate ŋu akpe ɖe mía ŋu le míaƒe nuwɔwɔ ɖe amewo ŋu mee?

8 “Lɔlɔ̃ gbɔa dzi blewu.” Esia fia be ne lɔlɔ̃ le ame aɖe si la, atsɔ dzigbɔgbɔɖi awɔ nu ɖe amewo ŋu eye malé woƒe nya ɖe dɔme o. (Kolosetɔwo 3:13) Ðe mehiã be míagbɔ dzi ɖi alea oa? Esi míenye ame madeblibo siwo le subɔsubɔm ɖekae kple mía nɔewo aduadu ta la, ele be míakpɔ mɔ be ɣeaɖewoɣia mía nɔvi Kristotɔ aɖewo awɔ nu si ave dɔme na mí alo míawo míawɔ nu si ave dɔme na wo. Gake dzigbɔgbɔɖi kple asiɖeɖelenyaŋu ate ŋu akpe ɖe mía ŋu míanɔ te ɖe masɔmasɔ kple dzikudonamenu suesue siwo ado mo ɖa le míaƒe nuwɔwɔ ɖe amewo ŋu me la nu—eye esia magblẽ hamea ƒe ŋutifafa me o.

9. Mɔ kawo nue míate ŋu anyo dɔme na amewo le?

9 ‘Lɔlɔ̃ nyoa dɔme.’ Míenyoa dɔme na amewo ne míena kpekpeɖeŋu wo alo ne míebu míaƒe nyawo ŋu nyuie hafi gblɔ. Lɔlɔ̃ ʋãa mí míedia mɔ siwo nu míanyo dɔme na amewo le, vevietɔ na ame siwo nu le hiahiãm vevie. Le kpɔɖeŋu me, anɔ eme be haxɔsetɔ tsitsi aɖe tsi akogo eye wòhiã sasrãkpɔ si ade dzi ƒo nɛ. Ðewohĩ vidada si nye dzilaɖekɛ alo nɔvinyɔnu si srɔ̃ nye dzimaxɔsetɔ hiã kpekpeɖeŋu aɖe. Anɔ eme be ame si dze dɔ alo le nɔnɔme sesẽ aɖe me tom la ahiã xɔlɔ̃ wɔnuteƒe aɖe ƒe akɔfanamenyawo be yease. (Lododowo 12:25; 17:17) Ne míetso le mía ɖokui si faa ɖe dɔmenyo fia le mɔ siawo nu la, ekema míele eɖem fia be míaƒe lɔlɔ̃ nye akuakua.—2 Korintotɔwo 8:8.

10. Aleke lɔlɔ̃ kpena ɖe mía ŋu be míanɔ nyateƒea ƒe akpa dzi eye míato nyateƒe ne esia wɔwɔ manɔ bɔbɔe o gɔ̃ hã?

10 ‘Lɔlɔ̃ kpɔa dzidzɔ ɖe nyateƒe ŋu.’ Biblia gɔmeɖeɖe bubu gblɔ be: “Lɔlɔ̃ . . . nɔa nyateƒea ƒe akpa dzi dzidzɔtɔe.” Lɔlɔ̃ ʋãa mí be míalé nyateƒea me ɖe asi eye ‘míato nyateƒe na mía nɔewo.’ (Zakariya 8:16) Le kpɔɖeŋu me, ne míaƒe ame vevi aɖe wɔ nu vɔ̃ gã aɖe la, lɔlɔ̃ na Yehowa—kple na vodala la—akpe ɖe mía ŋu be míalé Mawu ƒe dzidzenuwo me ɖe asi tsɔ wu be míanɔ agbagba dzem be míatsyɔ nu nu vɔ̃a dzi, adi taflatsɛdonya aɖe atsɔ aɖe enui, alo aka aʋatso gɔ̃ hã le nu gbegblẽ si wòwɔ ŋu. Ele eme baa be emetsonua ate ŋu asesẽ ya. Gake ne míaƒe lɔlɔ̃tɔa ƒe nyonyo ŋutɔŋutɔe le dzi me na mí la, ke míadi be wòaxɔ Mawu ƒe mokaname si me lɔlɔ̃ le ale be wòawɔ afɔɖeɖe si sɔ. (Lododowo 3:11, 12) Esi míenye Kristotɔ siwo si lɔlɔ̃ le ta la, míedi hã be “míaɖi anukware le nuwo katã me.”—Hebritɔwo 13:18.

11. Esi lɔlɔ̃ ‘nɔa te ɖe nuwo katã nu’ ta la, nu kae wòle be míadze agbagba awɔ tso mía nɔvi xɔsetɔwo ƒe gbɔdzɔgbɔdzɔwo ŋu?

11 ‘Lɔlɔ̃ nɔa te ɖe nuwo katã nu.’ Le nyaa ŋutɔŋutɔ nu la, efia be “etsyɔa nu nuwo katã dzi.” (Kingdom Interlinear) Biblia gblɔ le 1 Petro 4:8 be: “Lɔlɔ̃ tsyɔa nu vɔ̃ geɖe dzi.” Ɛ̃, Kristotɔ si ƒe agbenɔnɔ lɔlɔ̃ fiaa mɔe la matsi klokloklo be yeaɖe nɔvia Kristotɔ ƒe blibomademade kple gbɔdzɔgbɔdzɔ suesuewo ɖe go o. Zi geɖe la, mía nɔvi xɔsetɔwo ƒe vodadawo nyea nu suesue siwo dzi míate ŋu ana lɔlɔ̃ natsyɔ.—Lododowo 10:12; 17:9.

12. Aleke apostolo Paulo ɖee fiae be yexɔe se be Filemon awɔ nu si sɔ, eye nu kae míate ŋu asrɔ̃ tso Paulo ƒe kpɔɖeŋua me?

12 ‘Lɔlɔ̃ xɔa nuwo katã dzi sena.’ Moffatt ƒe Biblia gɔmeɖeɖe gblɔ be lɔlɔ̃ “dina vevie ɣesiaɣi be yeaxɔ nu nyuitɔ dzi ase.” Míebua nazã ɖe haxɔsetɔwo ŋu, hekea ɖi le nu si ʋãa wo wowɔa nu ŋu dzodzro o. Lɔlɔ̃ kpena ɖe mía ŋu be ‘míaxɔ nu nyuitɔ dzi ase’ le mía nɔviwo ŋu eye míaka ɖe wo dzi. a De dzesi esia ƒe kpɔɖeŋu le Paulo ƒe lɛta si wòŋlɔ na Filemon me. Paulo nɔ agbalẽ ŋlɔm be yeatsɔ ade dzi ƒo na Filemon be wòagaxɔ eƒe kluvi Onesimo, ame si si le egbɔ eye wòva zu Kristotɔ emegbe la ake. Le esi Paulo nazi Filemon dzi teƒe la, ɖe wòɖe kuku nɛ be wòawɔe tso lɔlɔ̃ me boŋ. Eɖee fia be yeka ɖe edzi be Filemon awɔ nu si sɔ, esi wògblɔ be: “Meka ɖe dziwò be àwɔ esia, eya ta mele agbalẽ sia ŋlɔm na wò, eye menyae be àwɔ geɖe wu esiwo megblɔ gɔ̃ hã.” (Filemon 21) Ne lɔlɔ̃ ʋã mí míexɔ mía nɔviwo dzi se alea la, ana be woaɖe woƒe nɔnɔme nyuitɔ kekeake afia.

13. Aleke míate ŋu aɖee fia be míekpɔa mɔ na nu nyuitɔ na mía nɔviwo?

13 ‘Lɔlɔ̃ kpɔa mɔ na nuwo katã.’ Ale si lɔlɔ̃ kana ɖe nuwo dzii la, nenema kee wòkpɔa mɔ na nuwoe. Lɔlɔ̃ ʋãa mí míekpɔa mɔ be nuwo nadze edzi nyuie na mía nɔviwo. Le kpɔɖeŋu me, ne nɔvi aɖe “ɖe afɔ baɖa aɖe” la, mɔkpɔkpɔ nɔa mía si be axɔ agbagba si dzem wole lɔlɔ̃tɔe be woaɖɔe ɖo la. (Galatiatɔwo 6:1) Míeléa mɔkpɔkpɔ me ɖe asi hã be ame siwo gbɔdzɔ le xɔse me la agafɔ ɖe te. Míegbɔa dzi ɖi na ame siawo, eye míewɔa nu sia nu si míate ŋui be míakpe ɖe wo ŋu woagasẽ ŋu le xɔse me. (Romatɔwo 15:1; 1 Tesalonikatɔwo 5:14) Ne míaƒe ame vevi aɖe tra mɔ hã la, mɔkpɔkpɔ mebuna ɖe mí o, míekpɔa mɔ be ava nyɔ le eɖokui me gbe ɖeka atrɔ ava Yehowa gbɔ, abe ale si wònɔ le vi búbu si le Yesu ƒe lododoa me la gome ene.—Luka 15:17, 18.

14. Mɔ kawo nue woate ŋu ado míaƒe dzidodo akpɔ le hamea me le, eye aleke lɔlɔ̃ akpe ɖe mía ŋu míawɔ nui?

14 ‘Lɔlɔ̃ doa dzi le nuwo katã me.’ Dzidodo kpena ɖe mía ŋu be míanɔ te sesĩe le mɔkpɔkpɔbuɖeame kple ɣeyiɣi sesẽwo me. Menye hamea godo koe dzidodo ƒe dodokpɔwo te ŋu tsona o. Ɣeaɖewoɣi la, dodokpɔa ate ŋu atso hamea ŋutɔ me. Mía nɔviwo ate ŋu ado kpo nu si míenɔ mɔ kpɔm na la wɔwɔ le blibomademade ta. Nya aɖe si wogblɔ eŋumabumabui ate ŋu ave mí. (Lododowo 12:18) Ðewohĩ womekpɔ nya aɖe gbɔ le hamea me abe ale si míebu be wòayi ene o. Ate ŋu anye be nɔvi aɖe si ŋu wodea bubui ƒe nuwɔna aɖia mía nu, wòana míabia be, ‘Ðe wòle be Kristotɔ nawɔ nu alea?’ Ne míedo go nɔnɔme siawo tɔgbi la, ɖe míado le hamea me adzudzɔ Yehowa subɔsubɔa? Ne lɔlɔ̃ le mía si la, míawɔ esia gbeɖe o! Ɛ̃, lɔlɔ̃ mana be mía nɔvi aɖe ƒe vodadawo natsyɔ ŋku dzi na mí ale gbegbe be míagbe eƒe nɔnɔme nyuiwo alo hame bliboa ƒe nɔnɔme nyuiwo kpɔkpɔ o. Lɔlɔ̃ kpena ɖe mía ŋu be míayi edzi awɔ nuteƒe na Mawu eye be míakpe asi ɖe nuwo ŋu le hamea me, metsɔ le eme nu ka amegbetɔ madeblibowo agblɔ alo awɔ o.—Psalmo 119:165.

Nu Si Lɔlɔ̃ Mewɔna O

15. Nu kae nye ŋuʋaʋã gbegblẽtɔ, eye aleke lɔlɔ̃ kpena ɖe mía ŋu míetsria seselelãme gblẽnu siae?

15 “Lɔlɔ̃ meʋãa ŋu o.” Ŋuʋaʋã gbegblẽtɔ ate ŋu ana míanɔ ŋu ʋãm amewo le nu si le wo si ta—woƒe nunɔamesiwo, woƒe mɔnukpɔkpɔwo, alo woƒe ŋutetewo. Ŋuʋaʋã sia nye ɖokuitɔdidi ƒe seselelãme gblẽnu, si ne wometsi enu o la, ate ŋu agblẽ hamea ƒe ŋutifafa me. Nu kae akpe ɖe mía ŋu míatsri ŋuʋaʋã ƒe nɔnɔme sia? (Yakobo 4:5) Eya koe nye lɔlɔ̃. Nɔnɔme xɔasi sia ate ŋu ana míakpɔ dzidzɔ kple ame siwo wòwɔna abe ɖe mɔnukpɔkpɔ aɖewo sua wo si le agbe me ene nenye be womesu mía ŋutɔwo mía si o gɔ̃ hã. (Romatɔwo 12:15) Lɔlɔ̃ akpe ɖe mía ŋu be maku dzi na mí ne ame aɖe xɔ kafukafu ɖe eƒe ŋutete tɔxɛ aɖe alo ɖe eƒe nuwɔna ɖedzesi aɖe ta o.

16. Ne míelɔ̃ mía nɔviwo vavã la, nu ka ta wòle be míatsri adegbeƒoƒo ɖe akpa si wɔm míele le Yehowa subɔsubɔ me ta?

16 “Lɔlɔ̃ . . . meƒoa adegbe o, medoa eɖokui ɖe dzi glodzoo o.” Lɔlɔ̃ menaa míetsɔa míaƒe ŋutetewo alo nuwɔnawo ƒoa adegbee o. Ne míelɔ̃ mía nɔviwo vavã la, ke aleke míanɔ adegbe ƒom ɣesiaɣi le míaƒe dzidzedzekpɔkpɔ le subɔsubɔdɔa wɔwɔ me ŋu alo ɖe mɔnukpɔkpɔ siwo su mía si le hamea me ta? Adegbeƒoƒo alea ate ŋu ana dzi naɖe le amewo ƒo, wòana woase le wo ɖokui me be yewo ya yewomele ɖeke me o. Lɔlɔ̃ mana míatsɔ nu si Mawu na míete ŋu wɔna le eƒe subɔsubɔa me anɔ adegbe ƒomee o. (1 Korintotɔwo 3:5-9) Gawu la, lɔlɔ̃ “medoa eɖokui ɖe dzi glodzoo o,” alo abe ale si The New Testament in Modern English gblɔe ene la, “eya ŋutɔ ƒe vevienyenye ŋuti susuwo medzɔa dzi nɛ o.” Lɔlɔ̃ mana míabu mía ɖokui gãe wu ame bubuwo o.—Romatɔwo 12:3.

17. Aleke lɔlɔ̃ ʋãa mí míebua ame bubuwo ŋui, eye nuwɔna ka ƒomevie wòana míatsri?

17 “Lɔlɔ̃ . . . mewɔa nu si medze o.” Ame si wɔa nu si medze o la wɔa nu masɔmasɔ alo nu si kua dzi na ame. Nuwɔna sia mefia lɔlɔ̃ o, elabena efia be wometsɔ ɖeke le ame bubuwo ƒe seselelãme kple nyonyo me o. To vovo na esia la, lɔlɔ̃ ʋãa mí míebua amewo ŋu dɔmenyotɔe eye esia fia nudzeamewɔwɔ. Lɔlɔ̃ naa míetua nɔnɔme nyuiwo kpakple agbenɔnɔ si dzea Mawu ŋu ɖo, eye wòna míedea bubu mía nɔvi xɔsetɔwo ŋu. Le esia ta lɔlɔ̃ maɖe mɔ na mí míawɔ ‘ŋukpenanu’—si nye nuwɔna ɖe sia ɖe si ate ɖe mía nɔvi Kristotɔwo dzi vevie alo aɖia wo nu o.—Efesotɔwo 5:3, 4.

18. Nu ka tae ame si me lɔlɔ̃ le mate tɔ ɖe edzi be woawɔ nu sia nu ale si yedii o?

18 ‘Lɔlɔ̃ . . . media eya ŋutɔ tɔ o.’ Revised Standard Version gblɔ le afi sia be: “Lɔlɔ̃ metea tɔ ɖe eya ŋutɔ ƒe mɔwo dzi o.” Ame si lɔ̃a ame mezinɛ ɖe amewo dzi be woawɔ nu sia nu ale si yedii, abe ke ɖe eƒe susuwo sɔna pɛpɛpɛ ɣesiaɣi ene o. Metoa ayemenuwɔna dzi zãa eƒe nunyanya tsɔ tea ame siwo si susu bubu le ɖe to be woade ye dzi o. Malɔ̃malɔ̃ ɖe ame bubuwo ƒe susuwo dzi alea afia dada, evɔ Biblia gblɔ be: “Dada doa ŋgɔ na gbegblẽ.” (Lododowo 16:18) Ne míelɔ̃ mía nɔviwo vavã la, míade bubu woƒe susuwo ŋu, eye ne asɔ la, míalɔ̃ faa axɔ wo tɔ. Asiɖeɖelenyaŋu faa axɔ ame bubuwo tɔ ƒe gbɔgbɔ wɔ ɖeka kple Paulo ƒe nya siawo be: “Ame aɖeke meganɔ eya ŋutɔ ƒe nyonyo ko dim o, ke nedi ame bubu tɔ hã.”—1 Korintotɔwo 10:24.

19. Aleke lɔlɔ̃ kpena ɖe mía ŋu míewɔa nui ne amewo dze agɔ le mía dzi?

19 “Lɔlɔ̃ . . . mebia dzi o. Meléa vɔ̃ siwo wowɔ ɖe eŋu la ɖi o.” Lɔlɔ̃ menaa wodoa dziku bɔbɔe ɖe nu si amewo gblɔ alo wɔ ta o. Ele eme baa be ave mí ne woda vo ɖe mía ŋu ya. Gake ne esɔ be míado dziku hã la, lɔlɔ̃ menaa míeyia edzi léa dzikua ɖi o. (Efesotɔwo 4:26, 27) Míanɔ nyagbɔgblɔ alo nuwɔna siwo ɖu dzi na mí la lém ɖe susu me, abe ɖe míele eŋlɔm ɖe agbalẽ me be míagaŋlɔ wo be ene o. Ke boŋ lɔlɔ̃ ʋãa mí be míasrɔ̃ mía Mawu ƒe lɔlɔ̃. Abe ale si míekpɔe le Ta 26 lia me ene la, Yehowa tsɔ kena ne susu nyui aɖe li si ta wòatsɔ ake ɖo. Ne etsɔ ke la, eŋlɔnɛ be, si fia be, maganɔ te ɖe nu vɔ̃ mawo dzi abu fɔ mí emegbe o. Ðe medzɔ dzi na mí be Yehowa meléa vɔ̃ ɖi ɖikaa oa?

20. Aleke wòle be míawɔ nui ne haxɔsetɔ aɖe ge dze nu vɔ̃ ƒe tetekpɔ me eye wòle eƒe fu kpem?

20 “Lɔlɔ̃ . . . mekpɔa dzidzɔ ɖe nu madzɔmadzɔ ŋu o.” The New English Bible gblɔ le afi sia be: “Lɔlɔ̃ . . . metsoa aseye ɖe ame bubuwo ƒe nu vɔ̃ ta o.” Moffatt ƒe gɔmeɖeɖea gblɔ be: “Lɔlɔ̃ mekpɔa dzidzɔ ne amewo da vo o.” Lɔlɔ̃ medoa vivi ɖe nu madzɔmadzɔ wɔwɔ ŋu o, eya ta míeŋea aɖaba ƒua agbe gbegblẽ nɔnɔ ƒomevi aɖeke dzi o. Aleke míewɔa nui ne haxɔsetɔ aɖe ge dze nu vɔ̃ ƒe tetekpɔ me eye wòle eƒe fu kpem? Lɔlɔ̃ mana míanɔ dzidzɔ kpɔm, ahagblɔ nyawo abe, ‘Ɛhɛ̃! Efiae!’ ene o. (Lododowo 17:5) Ðe ema teƒe la, míetsoa aseye boŋ ne nɔvi aɖe si da vo la wɔ afɔɖeɖe si sɔ be wògafɔ tso eƒe gbɔgbɔ me anyidzedze me.

“Mɔ Aɖe Si De Ŋgɔ Wu”

21-23. (a) Nu kae Paulo wɔnɛ esi wògblɔ be “lɔlɔ̃ nu metsina gbeɖe o”? (b) Nu ka mee míadzro le ta mamlɛtɔ me?

21 “Lɔlɔ̃ nu metsina gbeɖe o.” Nu kae Paulo wɔnɛ le afi sia? Abe ale si nya siwo ƒo xlãe fia ene la, enɔ nu ƒom tso gbɔgbɔa ƒe nunana siwo wona Kristotɔ gbãtɔwo ŋu. Nunana mawo nye dzesi siwo fia be Mawu ƒe ŋudzedzekpɔkpɔ nɔ hame yeye si woɖo la dzi. Gake menye Kristotɔwo katãe te ŋu da gbe, gblɔ nya ɖi, alo do gbegbɔgblɔ bubuwo o. Gake ema mele vevie o; godoo la, nukunu ƒe nunanawo nu ava yi mlɔeba. Gake nane ya akpɔtɔ, nane si ŋu wòle be Kristotɔ ɖe sia ɖe nadze agbagba le be wòadze le eŋu. Enye nu si ɖe dzesi wu, anɔ anyi ɣeyiɣi didi wu nukunu ƒe nunana ɖe sia ɖe. Le nyateƒe me la, Paulo yɔe be “mɔ aɖe si de ŋgɔ wu.” (1 Korintotɔwo 12:31) Nu kae nye ‘mɔ si de ŋgɔ wu’ la? Eyae nye lɔlɔ̃ ƒe mɔ la.

22 Nyateƒee, Kristotɔwo ƒe lɔlɔ̃ si ŋu Paulo ƒo nu tsoe la “nu metsina gbeɖe o,” si fia be, enu mayi akpɔ o. Va se ɖe egbegbe la, nu si dea dzesi Yesu yomedzela vavãtɔwoe nye woƒe ɖokuitsɔtsɔsavɔ ƒe nɔvilɔlɔ̃. Ðe míekpɔa lɔlɔ̃ sia ƒe kpeɖodzi le Yehowa ƒe tadeagulawo ƒe hameawo me le xexea me godoo oa? Lɔlɔ̃ ma ayi edzi anɔ anyi tegbee, elabena Yehowa do ŋugbe be yeana agbe mavɔ ye subɔla wɔnuteƒewo. (Psalmo 37:9-11, 29) Neva eme be míayi edzi awɔ nu sia nu si míate ŋui ‘ayi edzi azɔ le lɔlɔ̃ me.’ To esia wɔwɔ me la, míate ŋu akpɔ dzidzɔ gã si lolo wu si tsoa nunana me. Gawu la, ana míayi edzi anɔ agbe—ɛ̃, ayi edzi anɔ lɔlɔ̃ ɖem fia—yi ɖe mavɔmavɔ me, le mía Mawu Yehowa, si lɔ̃a mí la sɔsrɔ̃ me.

Lɔlɔ̃ si le Yehowa ƒe amewo me na wo nɔewoe wotsɔ dea dzesi woe

23 Le ta sia, si wu akpa si ku ɖe lɔlɔ̃ ŋu nu, me la, míedzro ale si míate ŋu aɖee afia mía nɔewo be míelɔ̃ wo me. Gake le mɔ vovovo geɖe siwo nu Yehowa ƒe lɔlɔ̃—hekpe ɖe eƒe ŋusẽ, dzɔdzɔenyenye, kple nunya ŋu—ɖea vi na mí le la ta, asɔ be míabia mía ɖokui ase be, ‘Aleke mawɔ aɖee afia Yehowa be melɔ̃ eya amea ŋutɔŋutɔe?’ Míadzro nya sia me le míaƒe agbalẽa ƒe ta mamlɛtɔ me.

a Esia mefia be Kristotɔwo ƒe lɔlɔ̃ naa woflua mí bɔbɔe o. Biblia xlɔ̃ nu mí be: “Miaƒe ŋku nanɔ ame siwo hea mamawo kple nuɖiaɖiawo vanɛ . . . la ŋuti, eye miƒo asa na wo.”—Romatɔwo 16:17.