Te Ðe Yehowa Ŋu

Mawu kpe wò be nàte ɖe ye ŋu. Agbalẽ sia akpe ɖe ŋuwò nàkpɔ ale si nàte ŋu ato Biblia dzi awɔ esia.

NEƲU   NETU

Ŋgɔdonya

Ƒomedodo si me magblẽ gbeɖe o ate ŋu ava nɔ wò kple Yehowa Mawu dome.

TA 1

“Kpɔ Ða! Mía Mawue Nye Esi!”

Nu ka tae Mose bia be yeanya Mawu ƒe ŋkɔ togbɔ be enya Mawu ƒe ŋkɔ xoxo?

TA 2

Ðe Nàte Ŋu ‘Ate Ðe Mawu Ŋu’ Nyateƒea?

Yehowa Mawu, Ame si wɔ dziƒo kple anyigba, kpe mí be míate ɖe ye ŋu, eye edo ŋugbe be ye hã yeate ɖe mía ŋu.

TA 3

‘Kɔkɔe, Kɔkɔe, Kɔkɔe Nye Yehowa’

Aleke Biblia na míekpɔe be nu si le kɔkɔe la dze ani?

TA 4

‘Ŋusẽ Gã Le Yehowa Si’

Ðe wòle be Mawu ƒe ŋusẽ nana míavɔ̃ea? Ŋuɖoɖoa ate ŋu anye ɛ̃ alo ao.

TA 5

Nuwɔŋusẽ—“Ame Si Wɔ Dziƒo Kple Anyigba”

Mawu ƒe nuwɔwɔwo ate ŋu afia nu vevi aɖewo mí tso eyama ŋu; tso míaƒe ɣea si ŋu ŋusẽ le va se ɖe aɖitsi si le sue ŋutɔ la dzi.

TA 6

Nutsrɔ̃ŋusẽ—“Yehowa Nye Aʋakalẽtɔ”

Nu ka tae “ŋutifafa Mawu la” wɔa aʋã?

TA 7

Ametakpɔŋusẽ—“Mawu Nye Míaƒe Sitsoƒe”

Mawu kpɔa esubɔlawo ta le mɔ eve nu, gake mɔ mawo dometɔ ɖeka ya gale vevie ŋutɔ.

TA 8

Ðɔɖɔɖoŋusẽ—Yehowa Le “Nuwo Katã Wɔm Yeyee”

Yehowa gbugbɔ tadedeagu dzadzɛtɔ ɖo anyi xoxo. Nu kawoe wòagaɖɔ ɖo le etsɔme?

TA 9

“Kristo Nye Mawu Ƒe Ŋusẽ”

Nu kae Yesu Kristo ƒe nukunuwo kple nufiafiawo fia mí tso Yehowa ŋu?

TA 10

“Mizu Mawu Srɔ̃lawo” Le Ŋusẽ Zazã Me

Ŋusẽ le asiwò wu ale si nèsusui. Aleke nàte ŋu azãe le mɔ nyuitɔ nu?

TA 11

“Eƒe Mɔwo Katã Dzɔ”

Nu ka tae Mawu ƒe dzɔdzɔenyenye léa dzi na mí?

TA 12

“Ðe Mawu Wɔa Nu Madzɔmadzɔa?”

Nu ka tae nu madzɔmadzɔ wɔwɔ bɔ ɖe xexea me togbɔ be Yehowa lé fui hã?

TA 13

“Yehowa Ƒe Se De Blibo”

Ðe se ƒe ɖoɖo aɖe ate ŋu ade lɔlɔ̃ ƒe dzi ƒoa?

TA 14

Yehowa Na ‘Tafe Ðe Ame Geɖewo Ta’

Nufiafia bɔbɔe aɖe, si wɔa dɔ ɖe ame dzi ate ŋu akpe ɖe ŋuwò nàte ɖe Mawu ŋu geɖe wu.

TA 15

Yesu ‘Ðo Dzɔdzɔenyenye Anyi Le Anyigba Dzi’

Aleke Yesu do dzɔdzɔenyenye ɖe ŋgɔ va yi? Aleke wòle ewɔm egbea? Eye aleke wòava ɖo dzɔdzɔenyenye anyi le etsɔme?

TA 16

‘Wɔ Nu Dzɔdzɔe’ Le Zɔzɔ Kple Mawu Me

Ale si míebua nyui kple vɔ̃ kpakple ale si míewɔa nu ɖe amewo ŋu la ɖenɛ fiana nenye be míelɔ̃ nu dzɔdzɔe wɔwɔ.

TA 17

‘Oo, Mawu Ƒe Nunya Me Goglo Loo!’

Nu ka tae Mawu ƒe nunya ƒo eƒe sidzedze, nugɔmesese kple ŋutete si le esi be wòakpɔ nuwo adze si la ta?

TA 18

Nunya Si Le “Mawu Ƒe Nya” La Me

Nu ka tae Mawu to amegbetɔwo dzi ŋlɔ eƒe nyawo ɖe agbalẽ me, eye nu ka tae menye nu sia nu ŋue woŋlɔ nu tsoe tsitotsito o?

TA 19

“Mawu Ƒe Nunya Si Woɖe Fia Le Nya Ɣaɣla Kɔkɔe Me”

Nya ɣaɣla kɔkɔe kae Mawu ɖe ɖe go vivivi?

TA 20

“Dzi Nyanu Le Esi”—Ke Hã Ebɔbɔa Eɖokui

Aleke wòanya wɔe be xexea katã ƒe Aƒetɔ Dziɖulagã nabɔbɔ eɖokui?

TA 21

Yesu Ðe ‘Nunya si Tso Mawu Gbɔ’ Fia

Yesu ƒe nufiafiawo wɔ dɔ ɖe amewo dzi ale gbegbe be edzɔ gbe ɖeka be esi wodɔ asrafo aɖewo be woavae lée la, ɖeko wotrɔ gbɔ va asi gbɔlo!

TA 22

Ðe Nèzãa “Nunya Si Tso Dziƒo” Le Wò Agbenɔnɔ Mea?

Biblia ƒo nu tso nu vevi 4 siwo akpe ɖe mía ŋu mawumenunya nasu mía si ŋu.

TA 23

‘Etre Mí Lɔlɔ̃’

Nu kae nya “Mawu nye lɔlɔ̃” fia ŋutɔŋutɔ?

TA 24

Naneke Mate Ŋu ‘Ama Mí Ða Tso Mawu Ƒe Lɔlɔ̃ La Gbɔ O’

Mègaxɔ alakpanya si nye be Mawu melɔ̃ wò o alo medea asixɔxɔ ŋuwò o la dzi se o.

TA 25

“Mía Mawu Ƒe Dɔmetɔtrɔ Gã La”

Aleke ale si Mawu sena le eɖokui me tso ŋuwò la sɔ kple ale si vidada sena le eɖokui me tso via ŋu?

TA 26

Mawu Si ‘Lɔ̃a Tsɔtsɔke’

Ne Mawu ƒe susu de blibo la, ke gɔmesese ka nue wòtsɔa nu vɔ̃ kena heŋlɔnɛ be le?

TA 27

“Aleke Eƒe Nyuiwɔwɔ Keke Tae” Nye Esi!

Nu ka tututue nye Mawu ƒe nyuiwɔwɔ?

TA 28

“Wò Ðeɖe Koe Nye Nuteƒewɔla!”

Nu ka tae Mawu ƒe nuteƒewɔwɔ de ŋgɔ wu eƒe nyateƒetɔnyenye?

TA 29

‘Dze Si Kristo La Ƒe Lɔlɔ̃’

Mɔ etɔ̃ siwo nu Yesu ƒe lɔlɔ̃ ɖe Yehowa ƒe lɔlɔ̃ fia pɛpɛpɛ le.

TA 30

“Miyi Edzi Miazɔ Le Lɔlɔ̃ Me”

Korintotɔwo Ƒe Agbalẽ Gbãtɔ gblɔ mɔ vovovo siwo dzi míato aɖe lɔlɔ̃ afia.

TA 31

‘Te Ðe Mawu Ŋu, Eye Ate Ðe Ŋuwò’

Nya vevi kae nàte ŋu abia ɖokuiwò? Aleke nàɖo eŋui?