Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

 TA WUIADRE

Te Ðe Mawu Ŋu le Gbedodoɖa Me

Te Ðe Mawu Ŋu le Gbedodoɖa Me
  • Nukata wòle be míado gbe ɖa na Mawu?

  • Nukae míawɔ be Mawu nase míaƒe gbedodoɖawo?

  • Aleke Mawu ɖoa míaƒe gbedodoɖawo ŋui?

“Dzi kple anyigba wɔla” la lɔ̃na faa be yease míaƒe gbedodoɖawo

1, 2. Nukata wòle be míabu gbedodoɖa be enye mɔnukpɔkpɔ gã aɖe na mí, eye nukata wòhiã be míanya nusi Biblia fia tso gbedodoɖa ŋu?

NU SUE aɖe koe anyigba la nye ne míetsɔe sɔ kple yamenutome bliboa. Le nyateƒe me, le Yehowa, amesi nye “dzi kple anyigba wɔla” ŋkume la, ɖeko ameƒomea ƒe dukɔwo katã le abe tsi toŋtoŋ le ze ŋu ene. (Psalmo 115:15; Yesaya 40:15) Ke hã Biblia gblɔ be: “Yehowa tsɔ ɖe amesiwo katã yɔnɛ, amesiwo katã yɔnɛ le nyateƒe me la gbɔ. Ewɔa amesiwo katã vɔ̃nɛ la, ƒe didi dzi na wo, esea woƒe ɣli, eye wòxɔna na wo.” (Psalmo 145:18, 19) Wò ya bu nusi nya mawo fia ŋu kpɔ ko! Wɔla ŋusẽkatãtɔ la tsɔ ɖe mía gbɔ eye eɖoa to mí ne ‘míeyɔe le nyateƒe me.’ Mɔnukpɔkpɔ gã kae nye si wònye na mí be míaƒo nu na Mawu le gbedodoɖa me!

2 Gake ne míedi be Yehowa nase míaƒe gbedodoɖawo la, ke ele be míado wo ɖa le mɔ si dzi wòda asi ɖo nu. Hafi míate ŋu awɔe alea la, ele be míanya nusi Biblia fia tso gbedodoɖa ŋu. Le esia ta ele vevie be míanya nusi Ŋɔŋlɔawo gblɔ tso nya sia ŋu, elabena gbedodoɖae ana míate ɖe Yehowa ŋu kplikplikpli.

NUKATAE WÒLE BE MÍADO GBE ÐA NA YEHOWA?

3. Susu vevi siwo ta wòle be míado gbe ɖa na Yehowa dometɔ ɖekae nye ka?

3 Susu vevi siwo ta wòle be míado gbe ɖa na Yehowa dometɔ  ɖekae nye be eya ŋutɔe bia be míado gbe ɖa. Eƒe Nya la de dzi ƒo na mí be: “Migatsi dzimaɖi le naneke ŋuti o, ke boŋ le nusianu me la mitsɔ gbedodoɖa kple kukuɖeɖe na Mawu nanya miaƒe dzimedidiwo, eye mitsɔ akpedada kpe ɖe eŋuti. Eye Mawu ƒe ŋutifafa, si ƒo gɔmesesewo katã ta la, adzɔ miaƒe dziwo kple miaƒe tamesusuwo ŋu adzra wo ɖo le Kristo Yesu me.” (Filipitɔwo 4:6, 7) Godoo la, míabu ɖoɖo nyui sia si xexeame katã ƒe Dziɖula Gãtɔ wɔ na mí dɔmenyotɔe la nu tsɛe gbeɖe o!

4. Aleke gbedodoɖa na Yehowa edziedzi doa ŋusẽ mía kplii dome ƒomedodo?

4 Susu bubu si ta wòle be míado gbe ɖa enye be gbedodoɖa na Yehowa edziedzi nye mɔ si dzi míato ado ŋusẽ mía kplii dome ƒomedodo. Menye nane kokokoe hiãa ame aɖe hafi wòƒoa nu kple exɔlɔ̃ vevi o. Ke boŋ xɔlɔ̃ vavãwo tsɔa ɖe le eme na wo nɔewo, eye woƒe xɔlɔ̃wɔwɔa me sẽna ɖe edzi ne wogblɔa woƒe susuwo, woƒe dzimaɖitsitsiwo, kple woƒe seselelãmewo na wo nɔewo faa. Le go aɖewo me la, alea tɔgbee nɔnɔmea le le mía kple Yehowa Mawu dome ƒomedodo me. Agbalẽ sia kpe ɖe ŋuwò nèva srɔ̃ nu geɖe ku ɖe nusi  Biblia fia tso Yehowa, eƒe amenyenye, kple eƒe tameɖoɖowo ŋu ŋuti. Èva kpɔe dze sii be eli ŋutɔŋutɔ. Azɔ gbedodoɖa ʋu mɔnukpɔkpɔ na wò be nàgblɔ wò susu kple wò seselelãme ɖesiaɖe na Fofowò si le dziƒo. Ne èwɔ esia la, ana nàte ɖe Yehowa ŋu geɖe wu.—Yakobo 4:8.

NUDIDI KAWO GBƆE WÒLE BE MÍAÐO?

5. Nukae fia be menye gbedodoɖawo katãe Yehowa sena o?

5 Ðe Yehowa ɖoa to gbedodoɖawo katã? Bu nya si wògblɔ na Israel-vi dzeaglã siwo nɔ anyi le nyagblɔɖila Yesaya ŋɔli ŋu kpɔ: “Ne mieli kɔ gbedodoɖa gleglegle hã la, nyemasee o, elabena ʋu yɔ asi me na mi!” (Yesaya 1:15) Esia fia be nuwɔna aɖewo ate ŋu awɔe be Mawu mase míaƒe gbedodoɖawo o. Eyata be Mawu nase míaƒe gbedodoɖawo la, nudidi vevi aɖewo li siwo gbɔ wòle be míaɖo.

6. Nu vevi siwo ana Mawu naɖo to míaƒe gbedodoɖa dometɔ ɖeka enye ka, eye aleke míawɔ aɖo egbɔ?

6 Nu veviawo dometɔ ɖeka enye be xɔse nanɔ mía si. (Marko 11:24) Apostolo Paulo ŋlɔ bena: “Ne xɔse mele mía si o la, míate ŋu adze Mawu ŋu o; elabena ele be, amesi ke tena va Mawu gbɔ la, naxɔ ase be, Mawu li, eye wònye teƒeɖola na amesiwo dinɛ vevie.” (Hebritɔwo 11:6) Xɔse vavã si anɔ ame si mefia be woanya be Mawu li eye be eɖoa to gbedodoɖa heɖoa wo ŋu ko evɔ o. Míaƒe nuwɔnawoe aɖee afia be xɔse le mía si. Ele be alesi míenɔa agbee gbesiagbe nana wòadze ƒã be xɔse le mía si.—Yakobo 2:26.

7. (a) Nukatae wòle be míaƒo nu bubutɔe na Yehowa le gbedodoɖa me? (b) Aleke míaɖee afia be míedoa gbe ɖa na Mawu le ɖokuibɔbɔ kple anukwareɖiɖi me?

7 Yehowa di hã be amesiwo ado gbe ɖa na ye nawɔ esia le ɖokuibɔbɔ kple anukwareɖiɖi me. Ðe eme mekɔ ƒã be ele be míabɔbɔ mía ɖokui ne míele nu ƒom na Yehowa oa? Ne mɔnukpɔkpɔ su amewo si be woaƒo nu na fia alo dukplɔla aɖe la, zi geɖe woƒoa nu bubutɔe wòdzena ƒã be amegã aɖe ŋkumee yewole. Aleke gbegbe wòhiã vevie wu be míaƒo nu  na Yehowa bubutɔe enye si! (Psalmo 138:6) Le nyateƒe me la, eyae nye “Mawu ŋusẽkatãtɔ” la. (Mose I, 17:1) Ne míele gbe dom ɖa na Mawu la, ele be míaƒe nuwɔna naɖee afia be míelɔ̃ ɖe edzi ɖokuibɔbɔtɔe be míebɔbɔ ɖe eyama te. Ðokuibɔbɔ sia aʋa mí hã be míado gbe ɖa tso dzi me le anukwareɖiɖi me, ahatsri nya ɖeka tɔgbe gbugbɔgagblɔ ɣesiaɣi abe kɔnu dzro aɖe ko ene.—Mateo 6:7, 8.

8. Aleke míate ŋu awɔ nu wòasɔ kple míaƒe gbedodoɖawo?

8 Nudidi bubu si ana Mawu naɖo to mí enye be míawɔ nu wòasɔ kple míaƒe gbedodoɖawo. Yehowa le mɔ kpɔm be míawɔ míaƒe ŋutete ɖesiaɖe le nusi míedoa gbe ɖa biana la dzi wɔwɔ me. Le kpɔɖeŋu me, ne míedoa gbe ɖa na Mawu be ‘Na nuɖuɖu si asu mía nu egbe mí’ la, ke ele be míado vevie nu le dɔ ɖesiaɖe si míate ŋui la wɔwɔ me. (Mateo 6:11; Tesalonikatɔwo II, 3:10) Ne míedoa gbe ɖa biana be wòakpe ɖe mía ŋu le ŋutilã me gbɔdzɔgbɔdzɔ aɖe dzi ɖuɖu me la, ke ele be míakpɔ nyuie aƒo asa na nuwɔna kple nɔnɔme ɖesiaɖe si ate ŋu akplɔ mí ade tetekpɔ me. (Kolosetɔwo 3:5) Hekpe ɖe nudidi vevi siawo ŋu la, biabia aɖewo li ku ɖe gbedodoɖa ŋu siwo wòle be míakpɔ ŋuɖoɖo na.

GBEDODOÐA ŊUTI BIABIA AÐEWO ƑE ŊUÐOÐOWO

9. Amekae wòle be míado gbe ɖa na, eye to ameka dzi?

9 Amekae wòle be míado gbe ɖa na? Yesu fia eyomedzelawo be woado gbe ɖa na “mía Fofo, si le dziƒowo.” (Mateo 6:9) Eyata Yehowa Mawu ɖeka koe wòle be míaƒe gbedodoɖawo nayi na. Gake Yehowa di hã be míalɔ̃ ɖe ɖoƒe si yeƒe Tenuvi, Yesu Kristo, le la dzi. Abe alesi míesrɔ̃e le Ta 5 lia me ene la, edɔ Yesu ɖo ɖe anyigba dzi be wòava xe tafe ahaɖe mí tso nuvɔ̃ kple ku me. (Yohanes 3:16; Romatɔwo 5:12) Eyae nye Nunɔlagã kple Ʋɔnudrɔ̃la si wòɖo. (Yohanes 5:22; Hebritɔwo 6:20) Le esia ta Ŋɔŋlɔawo fia mí be míado gbe ɖa to Yesu dzi. Eya ŋutɔ gblɔ be: “Nyee nye mɔ la kple nyateƒe la kpakple  agbe la, ame aɖeke mevaa Fofo la gbɔ o, negbe to dzinye ko.” (Yohanes 14:6) Eyata hafi woase míaƒe gbedodoɖawo la, ele be míadoe ɖa na Yehowa to Via dzi.

10. Nukata womebia be míanɔ nɔnɔme tɔxɛ aɖeke me ne míele gbe dom ɖa o?

10 Ðe wòle be míanɔ nɔnɔme tɔxɛ aɖe me ne míele gbe dom ɖa? Ao. Yehowa mebia be míana míaƒe asiwo loo alo míaƒe ameti bliboa nanɔ nɔnɔme tɔxɛ aɖeke me kokoko o. Biblia fia be woate ŋu anɔ nɔnɔme vovovowo me ado gbe ɖa. Esiawo dometɔ aɖewoe nye anyinɔnɔ, tabɔbɔ, klodzedze, kple tsitrenɔnɔ. (Kronika I, 17:16; Nexemya 8:6; Daniel 6:11; Marko 11:25) Nusi le vevie ŋutɔŋutɔe nye dzi ƒe nɔnɔme nyuitɔ si anɔ ame si, ke menye nɔnɔme tɔxɛ aɖe me nɔnɔ be amewo nakpɔ o. Nyateƒee, ne míele míaƒe gbesiagbedɔwo wɔm alo ne nɔnɔme kpata aɖe do mo ɖa la, míate ŋu ado gbe ɖa ɖe tame le afisiafi si míele. Yehowa sea gbedodoɖa mawo togbɔ be ame bubu siwo ƒo xlã mí manya kura be míele gbe dom ɖa o hã.—Nexemya 2:1-6.

11. Mía ŋutɔwo míaƒe nuhiahiã kawo ŋue míate ŋu ado gbe ɖa le?

11 Nukae míate ŋu abia le gbedodoɖa me? Biblia gblɔ be: “Ne míebia nane le [Yehowa ƒe] lɔlɔ̃nu la, aɖo to mí.” (Yohanes I, 5:14) Eyata míate ŋu ado gbe ɖa abia nusianu si wɔ ɖeka kple Mawu ƒe lɔlɔ̃nu. Ðe wònye eƒe lɔlɔ̃nu be míado gbe ɖa tso míaƒe dzimaɖitsitsiwo ŋua? Ẽ! Gbe dodo ɖa na Yehowa ate ŋu anɔ abe nuƒoƒo na xɔlɔ̃ vevi aɖe ene. Míate ŋu aƒo nu faa naneke maɣlamaɣlae, ‘agblɔ míaƒe dzimenyawo’ na Mawu. (Psalmo 62:9) Asɔ be míabia eƒe gbɔgbɔ kɔkɔea, elabena eyae akpe ɖe mía ŋu míawɔ nusi sɔ. (Luka 11:13) Míate ŋu abia eƒe mɔfiame ale be míawɔ nyametsotso nyuiwo, kpakple ŋusẽ be míate ŋu anɔ te ɖe nɔnɔme sesẽwo nu. (Yakobo 1:5) Ne míewɔ nuvɔ̃ la, ele be míabiae be wòanɔ te ɖe Kristo ƒe vɔsa dzi atsɔe ake mí. (Efesotɔwo 1:3, 7) Gake menye mía ŋutɔwo míaƒe nuhiahiãwo ŋu koe wòle be míado gbe ɖa le ya o. Ele be míado gbe ɖa ɖe ame bubuwo hã ta—ɖe míaƒe  ƒometɔwo kple mía nɔvi tadeagulawo ta.—Dɔwɔwɔwo 12:5; Kolosetɔwo 4:12.

12. Aleke míate ŋu atsɔ nya siwo ku ɖe mía Fofo si le dziƒo ŋu aɖo nɔƒe gbãtɔ le míaƒe gbedodoɖawo mee?

12 Ele be nya siwo ku ɖe Yehowa Mawu ŋutɔ ŋu naxɔ nɔƒe gbãtɔ le míaƒe gbedodoɖawo me. Susu geɖe li siwo ta wòle be míada akpe nɛ tso dzi me ɖe eƒe nyuiwɔwɔwo katã ta. (Kronika I, 29:10-13) Le Yesu ƒe kpɔɖeŋugbedodoɖa si woŋlɔ ɖe Mateo 6:9-13 me la, efia mí be míado gbe ɖa be woakɔ Mawu ƒe ŋkɔ ŋu, si fia be woana wòanɔ kɔkɔe. Egblɔ kplɔe ɖo be míabia be Mawu ƒe Fiaɖuƒea nava eye be woawɔ eƒe lɔlɔ̃nu le anyigba dzi sigbe alesi wowɔna le dziƒo ene. Le nya vevi siawo siwo ku ɖe Yehowa ŋu gbɔgblɔ vɔ megbe hafi Yesu trɔ ɖe ame ŋutɔ ƒe nuhiahiãwo biabia ŋu. Eyata ne míawo hã míena nya siwo ku ɖe Mawu ŋu xɔ nɔƒe gbãtɔ le míaƒe gbedodoɖawo me la, míeɖenɛ fiana be menye mía ɖokui tɔ ko dim míele o.

13. Nya kae Ŋɔŋlɔawo gblɔ tso gbedodoɖa siwo Mawu sena ƒe didime ŋu?

13 Aleke wòle be míaƒe gbedodoɖawo ƒe didime nanɔ? Biblia megblɔ alesi wòle be mía ŋutɔwo míaƒe gbedodoɖawo alo esi ame aɖe ado ɖa ɖe ƒuƒoƒo aɖe ta la ƒe didime nanɔ o. Ate ŋu anye gbedodoɖa kpui aɖe hafi míaɖu nu alo mía ŋutɔwo míaƒe gbedodoɖa didi si me míagblɔ míaƒe dzimenyawo katã na Yehowa le. (Samuel I, 1:12, 15) Gake Yesu bu fɔ amesiwo wɔa wo ɖokui ame kɔkɔewo, siwo doa gbe didiwo ɖa le dutoƒo, wònye ameŋkumenuwɔwɔ. (Luka 20:46, 47) Gbedodoɖa mawo mewɔa dɔ ɖe Yehowa dzi o. Nu vevitɔ enye be gbedodoɖawo natso dzi me. Eyata gbedodoɖawo ƒe didime ate ŋu atso hiahiãwo kple nɔnɔmeawo gbɔ.

Woate ŋu ase wò gbedodoɖawo le ɣeyiɣi ɖesiaɖe dzi

14. Nukae Biblia di be yeagblɔ esi wòde dzi ƒo be ‘miyi edzi mianɔ gbe dom ɖa,’ eye aleke esia faa akɔ na amee?

14 Zi nenie wòle be míado gbe ɖa? Biblia de dzi ƒo na mí be, ‘miyi edzi mianɔ gbe dom ɖa,’ “minɔ gbedodoɖa dzi ɖaasi,” kple be “minɔ gbedodoɖa dzi madzudzɔmadzudzɔe!” (Mateo 26:41; Romatɔwo 12:12; Tesalonikatɔwo I, 5:17) Gake nya  siawo mefia be míafɔ ko anɔ gbe dom ɖa na Yehowa kaka zã nado o. Ke boŋ ɖe Biblia le dzi dem ƒo na mí be míanɔ gbe dom ɖa edziedzi, be míada akpe na Yehowa ɖaasi ɖe eƒe nyuiwɔwɔ na mí ta, ahadi eƒe mɔfiame, akɔfafa, kple ŋusẽdoame. Ðe mefaa akɔ na mí be míanya be Yehowa meɖo ɣeyiɣi ƒe didime alo zi neni si míate ŋu ate ɖe eŋu le gbedodoɖa me ƒe seɖoƒe aɖeke oa? Ne míekpɔa ŋudzedze ɖe gbedodoɖa ƒe mɔnu si ʋu ɖi na mí ŋu vavã la, míadi mɔnukpɔkpɔ geɖe atsɔ ado gbe ɖa na mía Fofo si le dziƒo.

15. Nukata wòle be míagblɔ “Amen” le mía ŋutɔwo míaƒe gbedodoɖa alo esi wodo ɖa ɖe ƒuƒoƒo aɖe ta ƒe nuwuwu?

15 Nukata wòle be míagblɔ “Amen” le gbedodoɖa ƒe nuwuwu? Nya “amen” gɔmee nye “nenɔ alea,” alo “neva eme nenema.” Kpɔɖeŋuwo le Ŋɔŋlɔawo me siwo fia be esɔ be míagblɔ “Amen” le mía ŋutɔwo míaƒe gbedodoɖa kple esi wodo ɖa ɖe ƒuƒoƒo aɖe ta ƒe nuwuwu. (Kronika I, 16:36; Psalmo 41:14) Ne míegblɔ “Amen” le mía ŋutɔwo míaƒe gbedodoɖa ƒe nuwuwu la, efia be míelɔ̃ ɖe edzi be nyaawo le vevie eye wotso dzi me na mí. Ne míegblɔ “Amen”—eɖanye ɖe tame alo míegblɔe sesĩe o—le gbe si ame aɖe do ɖa ɖe ƒuƒoƒo aɖe ta ƒe nuwuwu la, efia be míelɔ̃ ɖe nya siwo wògblɔ dzi.—Korintotɔwo I, 14:16.

ALESI MAWU ÐOA MÍAƑE GBEDODOÐAWO ŊUI

16. Kakaɖedzi kae ate ŋu anɔ mía si ku ɖe gbedodoɖa ŋu?

16 Ðe Yehowa ɖoa gbedodoɖawo ŋu ŋutɔŋutɔa? Ẽ, eɖoa wo ŋu! Kpeɖodzi sẽŋuwo le mía si si ta míaka ɖe edzi be ‘Gbedodoɖasela’ la ɖoa gbe si ame miliɔn geɖe dona ɖa le anukwareɖiɖi me ŋu. (Psalmo 65:3) Yehowa ate ŋu ato mɔ vovovowo dzi aɖo míaƒe gbedodoɖawo ŋu.

17. Nukata míate ŋu agblɔ be Mawu zãa eƒe dɔlawo kple esubɔla siwo le anyigba dzi tsɔ ɖoa míaƒe gbedodoɖawo ŋui?

17 Yehowa toa eƒe dɔlawo kple esubɔla siwo le anyigba dzi la dzi ɖoa gbedodoɖawo ŋu. (Hebritɔwo 1:13, 14) Nuteƒekpɔkpɔ geɖe li ku ɖe ame aɖewo siwo do gbe ɖa na Mawu bia  be wòakpe ɖe yewo ŋu yewoase Biblia la gɔme eye le ema megbe kpuie ko Yehowa ƒe subɔlawo dometɔ aɖe va do ɖe wo gbɔ ŋu. Nuteƒekpɔkpɔ mawo ɖo kpe edzi be mawudɔlawoe le mɔ fiam amewo le Fiaɖuƒegbeƒãɖeɖedɔa wɔwɔ me. (Nyaɖeɖefia 14:6) Yehowa ate ŋu aʋã Kristotɔ aɖe wòava na kpekpeɖeŋu mí atsɔ aɖo gbe si míedo ɖa le ɣeyiɣi si me nane hiã mí ŋu.—Lododowo 12:25; Yakobo 2:16.

Yehowa ate ŋu aʋã Kristotɔ aɖe wòava na kpekpeɖeŋu mí atsɔ aɖo míaƒe gbedodoɖa ŋu

18. Aleke Yehowa toa eƒe gbɔgbɔ kɔkɔe kple eƒe Nya la dzi ɖoa esubɔlawo ƒe gbedodoɖawo ŋui?

18 Yehowa Mawu toa eƒe gbɔgbɔ kɔkɔea kple eƒe Nya,  Biblia, hã dzi ɖoa esubɔlawo ƒe gbedodoɖawo ŋu. Ate ŋu afia mɔ mí ahado ŋusẽ mí to eƒe gbɔgbɔ kɔkɔea dzi atsɔ aɖo gbe si míedo ɖa be wòakpe ɖe mía ŋu míaɖu tetekpɔ aɖe dzii la ŋu. (Korintotɔwo II, 4:7) Zi geɖe la, míekpɔa gbe si míedona ɖa be Yehowa nafia mɔ mí ƒe ŋuɖoɖo le Biblia me, eye eya dzie wòtona kpena ɖe mía ŋu be míawɔ nyametsotso siwo me nunya le. Míate ŋu akpɔ mawunyakpukpui siwo akpe ɖe mía ŋu ne míele ɖokuisi Biblia nusɔsrɔ̃ wɔm kple ne míele Kristotɔwo ƒe agbalẽwo, abe esia ene, srɔ̃m. Míate ŋu ase Ŋɔŋlɔawo me nya vevi siwo ŋu wòhiã be míade ŋugble le la le Kristotɔwo ƒe kpekpewo me alo le hamemegã aɖe si tsɔ ɖe le eme na mí ƒe nyawo me.—Galatiatɔwo 6:1.

19. Nukae wòle be wòanɔ susu me na mí ne edze abe ɖe womele míaƒe gbedodoɖawo ŋu ɖom o ene?

19 Ne edze abe ɖe míaƒe gbedodoɖawo ƒe ŋuɖoɖowo mele vavam kabakaba tso Yehowa gbɔ o ene la, menye ɖe wòfia be mate ŋu aɖo wo ŋu o tae kura o. Ke boŋ ele be míaɖo ŋku edzi be Yehowa ɖoa gbedodoɖawo ŋu le eya ŋutɔ ƒe lɔlɔ̃nu me kple le eya ŋutɔ ƒe ɣeyiɣi dzi. Enya míaƒe nuhiahiãwo kple alesi wòakpɔ wo gbɔe nyuie wu mía ŋutɔwo gɔ̃ hã. Zi geɖe la, eɖea mɔ be ‘míanɔ ebiabia dzi, anɔ edidi dzi, anɔ ʋɔa ƒoƒo dzi.’ (Luka 11:5-10) Kutrikuku alea nana Mawu kpɔnɛ be  didi vevie ye le mía me eye be xɔse akuakua ye le mía si. Gakpe ɖe eŋu la, Yehowa ate ŋu aɖo míaƒe gbedodoɖawo ŋu le mɔ si mía ŋutɔwo míakpɔ adze sii o nu. Le kpɔɖeŋu me, ate ŋu aɖo gbe si míedo ɖa esi míele tetekpɔ aɖe me tom ŋu to ŋusẽdodo mí be míanɔ te ɖe enu me, ke menye to eɖeɖeɖa me o.—Filipitɔwo 4:13.

20. Nukata wòle be míawɔ gbedodoɖa ƒe mɔnukpɔkpɔ xɔasi si ʋu ɖi na mí la ŋudɔ bliboe?

20 Aleke gbegbe míedaa akpee be xexeame katã Wɔla la tsɔ ɖe amesiwo katã doa gbe ɖa yɔnɛ le mɔ nyuitɔ nu gbɔ enye si! (Psalmo 145:18) Neva eme be míawɔ gbedodoɖa ƒe mɔnukpɔkpɔ xɔasi si ʋu ɖi na mí la ŋudɔ bliboe. To esia wɔwɔ me la, mɔnukpɔkpɔ dodzidzɔname sia asu mía si be míanɔ tetem ɖe Yehowa, Gbedodoɖasela la, ŋu kplikplikpli geɖe wu.