1 Kronika 17:1-27
17 Esime David le eya ŋutɔ ƒe aƒe me* la, egblɔ na nyagblɔɖila Natan+ be: “Kpɔ ɖa, mele sedertixɔ+ me, ke Yehowa ƒe nubablaɖakaa ya le avɔgbadɔ me.”+
2 Eye Natan gblɔ na David be: “Nu sia nu si le dzi me na wò la, wɔe, elabena Mawu vavã la li kpli wò.”
3 Le zã ma ke me la, Mawu ƒe gbe va na Natan be:
4 “Yi ɖagblɔ na nye subɔla David be, ‘Ale Yehowa gblɔe nye esi: “Menye wòe atu xɔ nam manɔ eme o.+
5 Elabena tso gbe si gbe mekplɔ Israel-viwo va se ɖe egbe sia la, nyemenɔ xɔ aɖeke me kpɔ o, ke boŋ metsoa agbadɔ me yia agbadɔ me, tso avɔgbadɔ ɖeka me yia bubu me.*+
6 Ɣeyiɣi siwo katã menɔ Israel blibo la dome nɔ yiyim la, ɖe megblɔ na Israel ƒe ʋɔnudrɔ̃la siwo meɖo be woakplɔ nye dukɔ la dometɔ aɖe zi ɖeka pɛ kpɔ be, ‘Nu ka tae mietu sedertixɔ nam oa?’”’
7 “Eya ta gblɔ na nye subɔla David be, ‘Ale aʋakɔwo ƒe Yehowa gblɔe nye esi: “Nye ŋutɔe kplɔ wò tso lãnyiƒe le lãhawo yome, be nàzu kplɔla ɖe nye dukɔ Israel nu.+
8 Manɔ kpli wò le afi sia afi si nàyi,+ eye matsrɔ̃ wò futɔwo katã ɖa le ŋgɔwò;+ eye mana wò ŋkɔ nanyɔ, abe ame ŋkuta siwo le anyigba dzi la ƒe ŋkɔ ene.+
9 Mana nɔƒe nye dukɔ Israel eye mana woali ke, woanɔ afi ma, eye womagaɖe fu na wo azɔ o; ame vɔ̃ɖiwo magate wo ɖe anyi* abe ale si wònɔ tsã+
10 tso gbe si gbe meɖo ʋɔnudrɔ̃lawo nye dukɔ Israel nu ene o.+ Mabɔbɔ wò futɔwo katã ɖe anyi.+ Eye mele egblɔm na wò be, ‘Yehowa atso aƒe* hã na wò.’
11 “‘“Ne wò ŋkekewo de, eye wotsɔ wò mlɔ tɔgbuiwòwo gbɔ la, ekema mana wò dzidzimevi aɖe nava ɖe yowòme, si anye viwòwo dometɔ ɖeka,+ eye mana eƒe fiaɖuƒe la nali ke.+
12 Eyae atu xɔ nam,+ eye mali ke eƒe fiazikpui tegbee.+
13 Mazu fofoa, eye eya azu vinye;+ eye nyemaɖe nye amenuveve ɖa le edzi,+ abe ale si meɖee ɖa le ame si do ŋgɔ na wò la dzi ene o.+
14 Maɖoe nye aƒe kple nye fiaɖuƒe la nu ɖaa,+ eye eƒe fiazikpui anɔ anyi ɖaa tegbee.”’”+
15 Natan gblɔ nya siawo katã kple ŋutega blibo la katã me nyawo na David.
16 Ale Fia David va bɔbɔ nɔ Yehowa ŋkume hegblɔ be: “Oo Yehowa Mawu, ame kae menye? Eye nu kae nye aƒe nye, be nèkplɔm va ɖo afi sia ke?+
17 Oo Mawu, esia mesɔ gbɔ na wò o, eye nègale nu ƒom le wò subɔla ƒe aƒe ŋu le nu si ava dzɔ le etsɔme ʋĩi hã ŋu,+ eye nèkpɔm abe ame si wòle be woagado ɖe dzi ene,* Oo Yehowa Mawu.
18 Nya kae nye, wò subɔla David magagblɔ na wò le bubu si nède ŋunye, esi wò ŋutɔ nènya wò subɔla nyuie alea?+
19 Oo Yehowa, èwɔ nu gã siawo katã le wò subɔla kple wò dzimedidi* ta, eye nèɖe wò nu tsu wɔwɔwo fia.+
20 Oo Yehowa, ame aɖeke mede nuwò o,+ eye Mawu aɖeke meli o, negbe wò ko;+ nu siwo míese kple míaƒe towo la ɖo kpe esia dzi.
21 Dukɔ kae le anyigba dzi, si le abe wò dukɔ Israel ene?+ Mawu vavã la yi ɖaɖe wo wònye eƒe dukɔ.+ Ètsɔ nu gã kple nu dziŋɔ+ siwo nètsɔ nya dukɔwo ɖa le wò dukɔ+ si nèɖe tso Egipte ŋgɔ la, de ŋkɔ ɖokuiwò ŋu.
22 Eye nèwɔ wò dukɔ Israel dukɔe na ɖokuiwò tegbee;+ eye èzu woƒe Mawu, Oo Yehowa.+
23 Eya ta Oo Yehowa, na nya si nègblɔ le wò subɔla kple eƒe aƒe ŋu la nanye nyateƒe tegbee, eye wɔ abe ale si tututu nèdo ŋugbee ene.+
24 Eye na wò ŋkɔ nanɔ anyi, eye woadoe ɖe dzi+ tegbee, ne dukɔwo nagblɔ be, ‘Aʋakɔwo ƒe Yehowa, Israel ƒe Mawu lae nye Mawu na Israel,’ eye na wò subɔla David ƒe aƒe nali ke le ŋkuwòme.+
25 Elabena wò, nye Mawu, wò ŋutɔ èɖe tame si nèɖo be yeatso aƒe* na wò subɔla la gblɔ nɛ. Esia tae dzi ɖo wò subɔla ƒo wòle gbe sia dom ɖa na wò ɖo.
26 Oo Yehowa, wòe nye Mawu vavã la, eye nèdo nu nyui siawo ŋugbe le wò subɔla ŋuti.
27 Eya ta nedze ŋuwò nàyra wò subɔla ƒe aƒe la, ne wòanɔ anyi le ŋkuwòme ɖaa, elabena wò Yehowa ye yrae, eye yayra la anɔ anyi tegbee.”
Etenuŋɔŋlɔ
^ Alo, “fiasã me.”
^ Agate ŋu afia, “tso agbadɔnɔƒe yi agbadɔnɔƒe, eye tso nɔƒe yi nɔƒe.”
^ Egɔmeɖeɖe tẽe, “magana nu nate wo ŋu o.”
^ Alo, “aɖo fiaƒome.”
^ Alo, “abe ame ŋkuta aɖe ene.”
^ Alo, “wò lɔlɔ̃nu.”
^ Alo, “yeaɖo fiaƒome.”