Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

 MEGBENYAWO

Alesi Daniel ƒe Nyagblɔɖia Gblɔ Mesia la ƒe Vava Ðii

Alesi Daniel ƒe Nyagblɔɖia Gblɔ Mesia la ƒe Vava Ðii

NYAGBLƆÐILA Daniel nɔ agbe ƒe 500 kple edzivɔ do ŋgɔ na Yesu dzidzi. Gake Yehowa ɖe nyatakaka aɖewo fia Daniel siwo ate ŋu ana míanya ɣeyiɣi si me woasi ami na Yesu wòava zu  Mesia, alo Kristo. Wogblɔ na Daniel be: “Azɔ nyae, eye naƒu to anyi: Tso ɣeyiɣi, si wode se be, woagatso Yerusalem vaseɖe amegã, si wosi ami na [alo Mesia] dzi la, le kwasiɖa adre; [kple] kwasiɖa blaade vɔ eve.”—Daniel 9:25.

Hafi míanya ɣeyiɣi si me Mesia la ava la, gbã ele be míanya ɣeyiɣi si me nudzɔdzɔ si dzi woaxlẽe atsoe hafi Mesia nava la dze egɔme. Nyagblɔɖia gblɔe be adze egɔme “tso ɣeyiɣi, si wode se be, woagatso Yerusalem.” Ɣekaɣie “wode se” sia? Biblia-ŋlɔla Nexemya gblɔ be wode se be woagbugbɔ aɖo Yerusalem ƒe gliawo “le fia Artaxsasta ƒe ƒe blavelia me.” (Nexemya  2:1, 5-8) Ŋutinyaŋlɔlawo ɖo kpe edzi be ƒe 475 D.M.Ŋ. ye nye Artaxsasta ƒe fiaɖuɖu ƒe ƒe gbãtɔ. Eyata eƒe fiaɖuɖu ƒe ƒe 20 lia enye ƒe 455 D.M.Ŋ. Azɔ míenya ƒe si me Daniel ƒe nyagblɔɖi si ku ɖe Mesia ŋu la adze egɔme, si nye ƒe 455 D.M.Ŋ.

Daniel gblɔ didime si anɔ ɣeyiɣi ma kple ɣeyiɣi si me ‘Mesia Kplɔla la’ ava dome. Nyagblɔɖia yɔ ‘kwasiɖa adre kple kwasiɖa blaade vɔ eve’—wo katã ƒe ƒuƒoƒoe nye kwasiɖa 69. Ɣeyiɣi didi kae nye esia? Biblia gɔmeɖela geɖe de dzesii be menye ŋkeke adre ƒe kwasiɖa ŋue wole nu ƒom tsoe le afisia o, ke boŋ ƒewo ƒe kwasiɖawoe. Esia fia be kwasiɖa ɖesiaɖe fia ƒe adre. Yudatɔ siwo nɔ anyi le blema la nya nu tso ƒewo ƒe kwasiɖa, alo ƒe adre ɖesiaɖe ŋu nyuie. Le kpɔɖeŋu me, woɖua Sabat-ƒe aɖe ƒe adre ɖesiaɖe. (Mose II, 23:10, 11) Eyata nyagblɔɖi me kwasiɖa 69-awo ƒe didimee nye ƒe 7 teƒe 69, si ƒe ƒuƒoƒoe nye ƒe 483.

Akɔntaa koe susɔ míabu azɔ. Ne míexlẽ ƒe 483 tso ƒe 455 D.M.Ŋ. me la, ekplɔ mí va ƒe 29 M.Ŋ. me. Ƒe ma tututu mee wonyrɔ Yesu eye wòva zu Mesia! * (Luka 3:1, 2, 21, 22) Ðe Biblia ƒe nyagblɔɖi sia si va eme alea la mewɔ nuku ŋutɔ oa?

^ mm. 2 Tso ƒe 455 D.M.Ŋ. vaseɖe ƒe 1 D.M.Ŋ. la le ƒe 454. Tso ƒe 1 D.M.Ŋ. vaseɖe ƒe 1 M.Ŋ. la le ƒe ɖeka. Eye tso ƒe 1 M.Ŋ. vaseɖe ƒe 29 M.Ŋ. la le ƒe 28. Ƒe etɔ̃ siawo katã ƒe ƒuƒoƒo le ƒe 483. Ƒewo ƒe kwasiɖa 70 lia mee ‘wotsrɔ̃’ alo wowu Yesu, le ƒe 33 M.Ŋ. me. (Daniel 9:24, 26) Kpɔ Ðo To Daniel ƒe Nyagblɔɖi La! ƒe ta 11, kple Insight on the Scriptures, Babla 2, axa 899-901 (Étude perspicace des Écritures, Babla 2, axa 995-7). Yehowa Ðasefowoe ta agbalẽ eveawo siaa.