Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Nenye Ame Debliboe Adam Nye La, Ke Aleke Wòdzɔe Be Wòte Ŋu Wɔ Nu Vɔ̃?

Nenye Ame Debliboe Adam Nye La, Ke Aleke Wòdzɔe Be Wòte Ŋu Wɔ Nu Vɔ̃?

Exlẽlawo Bia Be

 

Nenye Ame Debliboe Adam Nye La, Ke Aleke Wòdzɔe Be Wòte Ŋu Wɔ Nu Vɔ̃?

Anya wɔ be Adam nawɔ nu vɔ̃, elabena esime Mawu wɔe la, ena tiatiawɔblɔɖee. Nunana sia mefia kura be Adam mede blibo o. Le nyateƒe me la, Mawu koe de blibo le go sia go me. (5 Mose 32:3, 4; Psalmo 18:31; Marko 10:18) Le ame alo nu bubu ɖe sia ɖe gome la, go aɖewo me koe wode blibo le. Le kpɔɖeŋu me, hɛ ate ŋu asɔ bliboe be woatsɔ atso lã, gake ɖe nàtsɔe akplɔ detsia? Tameɖoɖo si tae wowɔ nane ɖo la gome koe woate ŋu agblɔ le be ede blibo.

Ekema tameɖoɖo ka tae Mawu wɔ Adam ɖo? Mawu ƒe tameɖoɖoe nye be yeato Adam dzi awɔ ameƒome nyanu siwo si tiatiawɔblɔɖe le. Ame siwo di be yewoatu lɔlɔ̃ si le yewo si na Mawu kple eƒe mɔwo ɖo la aɖe esia afia ne wotiae be yewoawɔ eƒe sewo dzi. Eya ta, womewɔe de ame me be toɖoɖo koe wòate ŋu aɖe afia o, ke boŋ eya ŋutɔe atiae tso dzi me faa be yeaɖo to. (5 Mose 10:12, 13; 30:19, 20) Eya ta nenye ɖe ŋutete menɔ Adam si be wòatia tomaɖomaɖo o la, ekema made blibo abe ame si si tiatiawɔblɔɖe le la ene o. Biblia gblɔ ku ɖe ale si Adam tiae be yeawɔ yeƒe tiatiawɔblɔɖea ŋu dɔe la ŋu be, ewɔ ɖeka kple srɔ̃a eye wogbe wɔwɔ ɖe se si Mawu de ku ɖe “ati, si na wodzea si nyui kple vɔ̃” ŋuti la dzi.—1 Mose 2:17; 3:1-6.

Ekema ɖe wòfia be Mawu wɔ Adam ale be metea ŋu dea vovototo nyui kple vɔ̃ dome o si wɔe be metea ŋu wɔa nyametsotso nyuiwo alo nɔa te ɖe tetekpɔwo nu oa? Do ŋgɔ na Adam ƒe tomaɖomaɖoa la, Yehowa Mawu lé ŋku ɖe eƒe anyigba dzi nuwɔwɔwo katã ŋu, atsu kple asi gbãtɔa hã nɔ wo dome, eye wòkpɔe be “wonyo ŋutɔ.” (1 Mose 1:31) Eya ta esi Adam wɔ nu vɔ̃ la, menye kpɔtsɔtsɔ aɖee nɔ Adam ƒe wɔwɔme ŋu si wòahiã be Ewɔlaa naɖɔ ɖo o, ke boŋ eda fɔbubua katã ɖe Adam dzi tẽe, eye esia sɔ hã. (1 Mose 3:17-19) Adam mete ŋu na be lɔlɔ̃ si nɔ esi na Mawu kple eƒe gɔmeɖose dzɔdzɔewo ʋãe be toɖoɖo Mawu nye nu vevitɔ nɛ o.

De dzesii hã be esime Yesu nɔ anyigba dzi la, ame debliboe wònye abe Adam ke ene. To vovo na Adam ƒe dzidzimevi bubuwo la, gbɔgbɔ kɔkɔe lae na wofɔ Yesu ƒe fu, eye le esia ta menyi gbɔdzɔgbɔdzɔ aɖeke si ana be mate ŋu aɖu tetekpɔ dzi o la ƒe dome o. (Luka 1:30, 31; 2:21; 3:23, 38) Yesu ŋutɔe lɔ̃ faa lé nuteƒewɔwɔ me ɖe asi na Fofoa le nyaƒoɖeamenu sesẽtɔ kekeake gɔ̃ hã me. Esi wònye be Adam ŋutɔ ƒe tiatiawɔblɔɖe ŋu dɔ wɔmee wònɔ ta la, eya ŋutɔ gbɔe wòtso be wòdo kpo Yehowa ƒe sea dzi wɔwɔ.

Ekema nu ka tae Adam tiae be yemaɖo to Mawu o? Ðe wòsusui be tomaɖomaɖo ade ye dzi wu le mɔ aɖe nua? Ao, elabena apostolo Paulo ŋlɔ bena “womeble Adam o.” (1 Timoteo 2:14, Eʋegbe Biblia) Gake Adam tiae be yeawɔ ye srɔ̃, si tiae xoxo ɖu atikutsetse si ŋu wode se ɖo la, ƒe didi dzi nɛ. Adam ƒe didi be yeaɖo to ye srɔ̃ nu sẽ wu eƒe didi be yeaɖo to Wɔla la. Kakaɖedzitɔe la, esime srɔ̃a tsɔ atikutsetsea ɖo eŋkume la, ɖe wòle be Adam natɔ sẽe ade ŋugble le nu si tomaɖomaɖo agblẽ le woa kple Mawu dome ƒomedodoa ŋu la ŋu hafi. Esi lɔlɔ̃ deto si nu sẽ menɔ Adam si na Mawu o tae mete ŋu nɔ te ɖe nyaƒoɖeanuwo nu o, eye mete ŋu nɔ te ɖe srɔ̃a tɔ hã nu o.

Adam wɔ nu vɔ̃ hafi te vidzidzi, esia ta eƒe dzidzimeviwo katã nye ame siwo wodzi ɖe blibomademade me. Ke hã, abe Adam ene la, tiatiawɔblɔɖe le míawo hã si. Neva eme be míatiae be míade ŋugble le Yehowa ƒe nyuiwɔwɔwo ŋu ŋudzedzekpɔkpɔtɔe eye míatu lɔlɔ̃ sẽŋu ɖo na Mawu, ame si dze na míaƒe toɖoɖo kple tadedeagu.—Psalmo 63:7; Mateo 22:36, 37.