Marko 10:1-52

  • Srɔ̃ɖeɖe kple srɔ̃gbegbe (1-12)

  • Yesu yra ɖeviwo (13-16)

  • Kesinɔtɔ aɖe ƒe biabia (17-25)

  • Nuwo tsɔtsɔ sa vɔe ɖe Fiaɖuƒea ta (26-31)

  • Yesu gagblɔ eƒe ku ŋu nya ɖi (32-34)

  • Nu si Yakobo kple Yohanes bia (35-45)

    • Yesu nye tafe na ame geɖewo (45)

  • Woda gbe le Bartimeo si nye ŋkuagbãtɔ la ŋu (46-52)

10  Eye Yesu dzo le afi ma va Yudea ƒe liƒowo dzi le Yordan godo, eye amehawo gava ƒo ƒu ɖe eŋu. Eye abe ale si wòwɔna ɖaa ene la, egade asi nufiafia wo me.+  Eye Farisitɔwo ɖoe be yewoadoe kpɔ, eya ta wote ɖe eŋu biae ne se ɖe mɔ na ŋutsu be wòagbe srɔ̃a.+  Ebia wo be: “Se kae Mose de na mi?”  Woɖo eŋu be: “Mose ɖe mɔ be woaŋlɔ srɔ̃gbegbalẽ eye woagbee.”+  Ke Yesu gblɔ na wo be: “Miaƒe dzimesesẽ+ tae wòŋlɔ se sia ɖi na mi ɖo.+  Gake tso nuwɔwɔwo ƒe gɔmedzedze la, ‘ŋutsu kple nyɔnu Mawu wɔ woe.+  Esia ta ŋutsu agblẽ fofoa kple dadaa ɖi,+  eye wo ame evea woanye ŋutilã ɖeka,’+ ale be womeganye eve o, ke boŋ ŋutilã ɖeka.  Eya ŋuti nu si Mawu bla ɖekae* la, ame aɖeke negama eme o.”+ 10  Esi wogava aƒe aɖe me la, nusrɔ̃lawo bia nyae tso nya sia ŋu. 11  Egblɔ na wo be: “Ame sia ame si gbe srɔ̃a, eye wòɖe bubu la, ewɔ ahasi+ ɖe nyɔnua ŋu, 12  eye ne nyɔnu aɖe gbe srɔ̃a, eye wòɖe ŋutsu bubu la, ewɔ ahasi.”+ 13  Azɔ amewo kplɔ wo vi suewo va egbɔ be wòaka asi wo ŋu, ke nusrɔ̃lawo blu ɖe wo ta.+ 14  Esi Yesu kpɔ esia la, dɔme vee, eye wògblɔ na wo be: “Mina ɖeviawo nava gbɔnye; migaxe mɔ na wo o, elabena ame siawo ƒomevi tɔe nye Mawu Fiaɖuƒe la.+ 15  Vavã mele egblɔm na mi be, ame sia ame si mexɔa Mawu Fiaɖuƒe la abe ale si ɖeviwo xɔa nui ene o la, mate ŋu ayi ɖe eme gbeɖe o.”+ 16  Exɔ ɖeviawo ɖe eƒe akɔnu, eye wòda asi ɖe wo dzi heyra wo.+ 17  Esi Yesu do go yina la, ame aɖe ƒu du va dze klo ɖe eŋkume hebiae be: “Nufiala Nyui, nu kae mawɔ be manyi agbe mavɔ la dome?”+ 18  Yesu gblɔ nɛ be: “Nu ka tae nèle yɔyem be ame nyui? Ame aɖeke menye ame nyui o, negbe ame ɖeka ko, eyae nye Mawu.+ 19  Ènya sededeawo ɖe: ‘Mègawu ame o,+ mègawɔ ahasi o,+ mègafi fi o,+ mègaɖi aʋatsoɖase o,+ mègatafa ame o,+ bu fofowò kple dawò.’”+ 20  Ŋutsua gblɔ nɛ be: “Nufiala, mewɔa nu siawo katã tso nye ɖevime ke.” 21  Yesu kpɔe dũu, eye wòlɔ̃e, eye wògblɔ nɛ be, “Nu ɖeka susɔ na wò: Heyi nàdzra nu siwo le asiwò la, nàtsɔ ga la ana ame dahewo, eye kesinɔnu anɔ asiwò le dziƒo; eye nàva dze yonyeme.”+ 22  Ke esi wòse nya sia la, elé blanui, eye wòdzo kple nuxaxa, elabena nu geɖe le esi.+ 23  Eye Yesu tsa ŋku godoo eye wògblɔ na eƒe nusrɔ̃lawo be: “Aleke gbegbe wòasesẽ na ame siwo si ga le be woage ɖe Mawu Fiaɖuƒe la mee nye esi!”+ 24  Eƒe nyawo wɔ nuku na nusrɔ̃lawo. Ke Yesu gblɔ na wo be: “Vinyewo, aleke gbegbe wòasesẽ be woage ɖe Mawu Fiaɖuƒea mee nye esi! 25  Ele bɔbɔe na kposɔ be wòato abui ƒe vo me wu be kesinɔtɔ nayi ɖe Mawu Fiaɖuƒe la me.”+ 26  Egawɔ nuku na wo ɖe edzi, eye wobiae be:* “Ekema ame ka gɔ̃e ate ŋu akpɔ ɖeɖe?”+ 27  Yesu kpɔ wo dũu, eye wògblɔ be: “Le amegbetɔwo gbɔ la, manya wɔ o, ke mele nenema le Mawu gbɔ o, elabe Mawu ya tea ŋu wɔa nu sia nu.”+ 28  Petro gblɔ nɛ be: “Kpɔ ɖa! Míegblẽ nuwo katã ɖi hedze yowòme.”+ 29  Yesu gblɔ be: “Vavã mele egblɔm na mi be, ame sia ame si gblẽ aƒe alo nɔviŋutsuwo alo nɔvinyɔnuwo alo dada alo fofo alo viwo alo agblewo ɖi le nye kple nya nyuia ta la,+ 30  akpɔ aƒewo, nɔviŋutsuwo, nɔvinyɔnuwo, dadawo, viwo kple agblewo teƒe alafa ɖeka fifia le ɣeyiɣi sia me hekpe ɖe yometitiwo ŋu,+ eye le nuɖoanyi* si gbɔna me la, akpɔ agbe mavɔ. 31  Ke ame geɖe siwo nye gbãtɔwo la azu mlɔetɔwo, eye mlɔetɔwo azu gbãtɔwo.”+ 32  Azɔ wodze mɔ yina Yerusalem, eye Yesu le wo ŋgɔ, eye wòwɔ moyaa na wo; ke ame siwo dze wo yome la le vɔvɔ̃m. Egayɔ Ame Wuieveawo ɖe kpɔe, eye wòde asi nu siwo gbɔna dzɔdzɔ ge ɖe edzi la, gbɔgblɔ me na wo be:+ 33  “Kpɔ ɖa! Míeyina Yerusalem, eye woade Amegbetɔvi la asi na nunɔlawo ƒe tatɔwo kple agbalẽfialawo. Woatso kufia nɛ, eye woadee asi na dukɔwo me tɔwo, 34  eye woaɖu fewu le eŋu, woaɖe ta ɖe eŋu, woaƒoe kple atam, eye woawui, gake afɔ ɖe tsitre le ŋkeke etɔ̃ megbe.”+ 35  Eye Yakobo kple Yohanes, siwo nye Zebedeo viwo,+ te ɖe eŋu gblɔ nɛ be: “Nufiala, míedi be nàwɔ nu sia nu si míabia wò la na mí.”+ 36  Ebia wo be: “Nu ka dim miele be mawɔ na mi?” 37  Woɖo eŋu nɛ be: “Na be mía dometɔ ɖeka nanɔ anyi ɖe wò ɖusime, eye ɖeka ɖe wò miame le wò ŋutikɔkɔe la me.”+ 38  Ke Yesu gblɔ na wo be: “Mienya nu si biam miele o. Miate ŋu ano kplu si no ge mala alo axɔ nyɔnyrɔ si xɔ ge malaa?”+ 39  Woɖo eŋu nɛ be: “Míate ŋui.” Eye Yesu gblɔ na wo be: “Miano kplu si no ge mala la, eye miaxɔ nyɔnyrɔ si xɔ ge mala baa.+ 40  Gake anyinɔnɔ ɖe nye ɖusime alo miame ya la, menye tɔnye be mana o, ke boŋ ame siwo Mawu dzrae ɖo ɖi na la tɔe.” 41  Esi ame ewo susɔeawo see la, dzi ku wo ɖe Yakobo kple Yohanes ŋu.+ 42  Ke Yesu yɔ wo va eɖokui gbɔ gblɔ na wo be: “Mienyae be ame siwo wobuna dukɔwo dzi ɖulawo la ɖua aƒetɔ ɖe wo dzi, eye woƒe amegãwo kpɔa ŋusẽ ɖe wo dzi.+ 43  Meganɔ alea le mia dome o; ke boŋ ame sia ame si di be yeanye gã le mia dome la nanye miaƒe subɔla,+ 44  eye ame sia ame si di be yeanye gbãtɔ le mia dome la nanye mi katã miaƒe kluvi. 45  Elabena Amegbetɔvi la gɔ̃ hã meva be woasubɔ ye o, ke boŋ be yeasubɔ,+ eye yeatsɔ yeƒe agbe* ana wòanye tafe na ame geɖewo.”+ 46  Eye wova ɖo Yeriko. Ke esi eya kple eƒe nusrɔ̃lawo kpakple ameha gã aɖe le go dom le Yeriko dua me la, Bartimeo, (Timeo vi,) si nye nubiala ŋkuagbãtɔ la nɔ anyi ɖe mɔ to.+ 47  Esi wòse be Yesu Nazaretetɔ lae la, ede asi ɣlidodo me be: “Yesu, David Vi,+ kpɔ nublanui nam!”+ 48  Eye ame geɖewo blu ɖe eta be wòazi ɖoɖoe, ke egado ɣli sesĩe wu be: “David Vi lee, kpɔ nublanui nam dzro!” 49  Eya ta Yesu tɔ hegblɔ be: “Miyɔe vɛ nam.” Eya ta woyɔ ŋkuagbãtɔ la gblɔ nɛ be: “Wò dzi nedze eme! Tso; ele yɔwòm.” 50  Eɖe eƒe awudziwui ƒu gbe hetso kpla yi Yesu gbɔ. 51  Eye Yesu biae be: “Nu kae nèdi be mawɔ na wò?” Ŋkuagbãtɔ la gblɔ nɛ be: “Raboni,* na magakpɔ nu.” 52  Eye Yesu gblɔ nɛ be: “Heyi. Wò xɔse na nèhaya.”+ Enumake ŋkuagbãtɔ la kpɔ nu,+ eye wòdze Yesu yome le mɔa dzi.

Etenuŋɔŋlɔ

Egɔmeɖeɖe tẽe, “nu si Mawu bla ɖe kɔkuti ɖeka te.”
Agate ŋu afia, “wobia wo nɔewo be.”
Alo, “luʋɔ.”
Egɔmee nye “Nufiala.”