Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Enɔ Nyaawo “Ŋu Bum Le Eƒe Dzi Me”

Enɔ Nyaawo “Ŋu Bum Le Eƒe Dzi Me”

 Srɔ̃ Woƒe Xɔse

Enɔ Nyaawo “Ŋu Bum Le Eƒe Dzi Me”

MARIA si nye funɔ la nɔ anyi ɖe agbatsɔlã sue aɖe dzi dzimaɖeɖitɔe. Enɔ tedzi sia dom gaƒoƒo geɖee nye ema. Woɖo ta Betlexem si gbɔ didi ŋutɔ, eye Yosef nɔ eŋgɔ ɖɔɖɔɖɔ wonɔ mɔa dzi yina. Maria gase ɖevi si nɔ eƒe dɔ me la ŋkɔ wònɔ ʋaʋãm.

Abe ale si Biblia gblɔe ene la, ‘fu tsi ɖe Maria ƒo’ ŋutɔ. (Luka 2:5) Esi atsu kple asi sia nɔ agblewo ŋu tom nɔ yiyim la, ɖewohĩ anɔ nuku wɔm na agbledela siwo nɔ woƒe agblewo ŋlɔm alo nɔ nu ƒãm la be woakpɔ nyɔnu si le nɔnɔme sia me wòanɔ mɔ zɔm. Nu kae na Maria tso keke wo de Nazaret ɖo ta teƒe didi ma?

Nya bliboa dze egɔme ɣleti aɖewo do ŋgɔ esime Yuda ɖetugbui sia xɔ dɔdeasi aɖe si le etɔxɛe le amegbetɔwo ƒe ŋutinya me. Enɔ nɛ be wòadzi vi si ava zu Mesia, Mawu ƒe Vi la! (Luka 1:35) Esi ɣeyiɣi si wòadzi via nɔ gogom la, eva hiã be wòazɔ mɔ sia. Le mɔzɔzɔ sia me la, Maria do go nɔnɔme sesẽ aɖewo siwo do eƒe xɔse kpɔ. Mina míakpɔ nu si kpe ɖe eŋu wòyi edzi sẽ ŋu le xɔse me la ɖa.

Mɔzɔzɔ Yi Betlexem

Menye Yosef kple Maria koe nɔ mɔa zɔm ɣemaɣi o. Ðeko Kaisaro Augusto de se be woaŋlɔ anyigba dzi nɔlawo ƒe ŋkɔwoe nye ema, eye enɔ na amewo be woayi wo de aɖaŋlɔ woƒe ŋkɔwo. Aleke Yosef wɔ nu ɖe sedede sia ŋui? Nuŋlɔɖia xlẽ be: “Yosef hã dzo le Galilea, tso du si nye Nazaret me yi Yudea, le David ƒe du, si woyɔna be Betlexem me, le esi wònye David ƒe aƒe kple ƒomea me tɔ ta.”—Luka 2:1-4.

Menye nudogoɖenunu ye Kaisaro ƒe sedede le ɣeyiɣi ma me nye o. Wogblɔ le nyagblɔɖi aɖe si woŋlɔ ɖi ƒe alafa adree nye ema la me be Betlexem ye woadzi Mesia la le. Ɣemaɣi la, du aɖe nɔ anyi si woyɔna be Betlexem si didi tso Nazaret gbɔ kilometa 11 ko. Gake wogblɔ le nyagblɔɖia me kã be “Betlexem Efrata” ye woadzi Mesia la le. (Mixa 5:1) Le mɔ siwo li egbea nu la, du sue sia le Nazaret ƒe anyiehe gome hedidi tso egbɔ anɔ abe kilometa 150 ene, eye mɔa nye todzimɔ. Betlexem ma ye wònɔ na Yosef be wòayi, elabena afi mae nye tɔgbuia Fia David ƒe ƒome—si me Yosef kple eƒe ŋugbetɔa siaa tso la—ƒe du me.

Ðe Maria alɔ̃ akpe asi ɖe Yosef ŋu wòawɔ sedede sia dzia? Ne míebu eŋu kpɔ la, míakpɔe be mɔa zɔzɔ asesẽ nɛ ŋutɔ. Enye ƒea ƒe kele ƒe gɔmedzedze, eya ta tsi tea ŋu nyɔna le esi dzomeŋɔli la yina enu wu ge ta. Gakpe ɖe eŋu la, Betlehem nɔ tonuto aɖe si kɔkɔ wu meta 760 la me. Eye kpoƒe si kɔkɔ nenema gbegbee woalia le ŋkeke geɖe ƒe mɔzɔzɔ teɖeɖiameŋu ma ƒe nuwuwu. Ðewohĩ ŋkeke siwo woatsɔ azɔ mɔa la asɔ gbɔ wu ŋkeke siwo mɔzɔzɔ sia xɔna, le esi Maria ƒe nɔnɔmea abia be sẽ kple sẽ ko wòaɖi ɖe eme ta. Fifia esi ɖetugbui sia ƒe vidziɣi ɖo la, anya dzroe vevie be yeate ɖe aƒe ŋu, afi si eƒe ƒometɔ kple xɔlɔ̃ siwo nɔ klalo be yewoana kpekpeɖeŋui ne fu te eɖuɖu la nɔ hafi. Ðikeke mele  eme o be, ehiã be dzi nanɔ eƒo hafi wòalɔ̃ azɔ mɔ ma.

Togbɔ be enɔ alea hã la, Luka ŋlɔ bena, Yosef yi “be woaŋlɔ woa kple Maria” ŋkɔ. Egblɔ tso Yosef ŋu hã be wotsɔ Maria “nae wòɖe, abe ale si wodo eƒe ŋugbe nɛ ene.” (Luka 2:4, 5) Maria zu Yosef srɔ̃, eya ta esia kpɔ ŋusẽ gã aɖe ɖe nyametsotso siwo wòwɔ tso ɣemaɣi dzi la dzi. Ebu srɔ̃a be eyae Mawu tsɔ ɖo yeƒe ta, eya ta ewɔ nu wòwɔ ɖeka kple ɖoƒe si Mawu nae abe eƒe kpeɖeŋutɔ ene hede Yosef ƒe nyametsotsowo dzi. * Eya ta toɖoɖoe na be wòte ŋu nɔ te ɖe xɔse ƒe dodokpɔ ma nu.

Nu bubu ka hãe anya ʋã Maria wòɖo to? Ðe wònya nu tso nyagblɔɖi si gblɔ be Betlexem ye woadzi Mesia la le ŋua? Biblia megblɔe na mí o. Ate ŋu anye be enya nu tso nyagblɔɖi sia ŋu, elabena edze ƒãa be subɔsubɔhakplɔlawo dometɔ geɖe kple dukɔ hahoo la nya nu tso eŋu. (Mateo 2:1-7; Yohanes 7:40-42) Menye ame si menya naneke kura tso Ŋɔŋlɔawo ŋue Maria nye o. (Luka 1:46-55) Aleke kee wòɖale o, eɖanye toɖoɖo srɔ̃a tae Maria tiae be yeazɔ mɔa, dziɖuɖua ƒe sedede dzi wɔwɔ, Yehowa ŋutɔ ƒe nyagblɔɖi aɖe, alo susu vovovo aɖewo tae o, eɖo kpɔɖeŋu ɖedzesi aɖe ɖi na mí. Yehowa kpɔa ŋudzedze gã aɖe ɖe ŋutsu kple nyɔnu siwo nye ɖokuibɔbɔlawo kple toɖolawo ŋu. Le míaƒe ɣeyiɣi sia si me wòdzena zi geɖe abe amewo megadea asixɔxɔ aɖeke ɖokuibɔbɔ ŋu o ene me la, kpɔɖeŋu si Maria ɖo ɖi la dea dzi ƒo na nuteƒewɔlawo le afi sia afi be woanye ɖokuibɔbɔlawo.

Kristo Dzidzi

Maria anya gbɔ fũu esime wòkpɔ Betlexem dua ɖaa. Maria kple Yosef anya nɔ ŋugble dem tso kɔƒe sue sia ƒe ŋutinya ŋu esime wonɔ togbɛwo liam henɔ amiti—siwo ƒe tsetse nye mamlɛtɔ siwo woxana le ƒea me la—ŋu tom. Kɔƒea nɔ sue ale gbegbe be womebunɛ dea Yuda duwo dome o, abe ale si ko nyagblɔɖila Mixa gblɔe ene. Ke hã, kɔƒe sia mee wodzi Boaz kple Naomi le, eye afi sia kee wova dzi David hã le emegbe; nu siawo katã dzɔ ƒe akpe ɖeka kple edzivɔ do ŋgɔ.

Maria kple Yosef kpɔe be amewo sɔ gbɔ le kɔƒe sia me kpaŋkpaŋ. Ame bubuwo va do ŋgɔ na wo hena ŋkɔŋɔŋlɔ, eye esia wɔe be womekpɔ dzeƒe o. * Naneke menɔ anyi woawɔ tsɔ wu be woayi aɖatsi lãkpɔ me zã ma me o. Míate ŋu akpɔ ale si Yosef tsi dzi esime wònɔ srɔ̃a kpɔm wònɔ vevesese helĩhelĩ aɖe si me meto kpɔ o, si va do gã ɖe edzi emegbe me tom la, le susu me. Teƒe sia boŋ ye fu va te eɖuɖu le.

Nyɔnu sia nyɔnu ate ŋu ase nu si gbegbe me Maria to la gɔme. Ƒe 4,000 do ŋgɔ na ɣemaɣi la, Yehowa gblɔe ɖi be nyɔnu ɖe sia ɖe akpe fu le vidzidzi me le nu vɔ̃ si ƒe dome wonyi la ta. (1 Mose 3:16) Kpeɖodzi aɖeke meli be Maria meto fukpekpe sia me o. Luka ƒe nuŋlɔɖia meƒo nu tso ale si tututu nuwo yi na Maria la ŋu o, ɖeko wògblɔ kpuie be: “[Edzi] ŋutsuvi, si nye eƒe ŋgɔgbevi.” (Luka 2:7) Ɛ̃, Maria dzi eƒe “ŋgɔgbevi” azɔ—vi si nye via geɖeawo,  siwo ade ame adre ya teti la, ƒe gbãtɔ. (Marko 6:3) Gake ame sia ato vovo tso nɔviawo gbɔ. Menye Maria ƒe ŋgɔgbevi koe wònye o, enye Yehowa ŋutɔ ƒe “nuwɔwɔwo katã ƒe ŋgɔgbevi” heganye Mawu ƒe Tenuvi hã!—Kolosetɔwo 1:15.

Le ɖevia dzidzi vɔ megbee nuŋlɔɖia gblɔ nya ɖedzesi sia kpee be: “[Exatsa] avɔ ɖe eŋu, eye wòtsɔe mlɔ lãnuɖunu me.” (Luka 2:7) Wowɔa Yesu dzidzi ŋuti fefe, eŋuti nutata, kple eŋuti wɔwɔfia siwo woɖea ami ɖo le xexea me godoo. Gake kpɔ ale si nuawo yi ŋutɔŋutɔ ɖa. Lãnuɖunu nye agba alo nugo si me lãwo ɖua nu le. Esia fia be ƒomea va tsi lãkpɔ me. Lãkpɔ nye teƒe aɖe si wonya ɣemaɣi kple egbea siaa be ya nyui si woagbɔ kple dzadzɛnyenye menɔna tututu o. Le nyateƒe me la, dzila kawoe atiae be yewoadzi yewo vi ɖe teƒe sia tɔgbi nenye be woate ŋu akpɔ teƒe bubu aɖe hafi? Dzila akpa gãtɔ dia nu si nye nyuitɔ na wo viwo. Aleke gbegbe Maria kple Yosef di be yewoana nu si nye nyuitɔ kekeake ame si nye Mawu ƒe Vi lae nye esi!

Ke hã, womena esia ɖe dzi le wo ƒo o, ke boŋ wowɔ nu sia nu si woate ŋui le woƒe ŋutete nu. Le kpɔɖeŋu me, de dzesii be Maria ŋutɔe kpɔ ɖevia gbɔ, xatsa avɔ ɖe eŋu, tsɔe mlɔ lãnuɖunua me dzaa be wòadɔ alɔ̃ hekpɔ egbɔ be vuvɔ nagawɔe o eye wòanɔ dedie. Maria mena be dzimaɖitsitsi ɖe nɔnɔme si me wònɔ ɣemaɣi ŋu na wòdo kpo nu sia nu si wòate ŋu awɔ la wɔwɔ o. Woa kple Yosef siaa nyae hã be Mawu ƒe dzidzenuwo fiafia ɖevi siae nye nu vevitɔ kekeake si yewoate ŋu awɔ nɛ. (5 Mose 6:6-8) Egbea dzila nyanuwo tsɔa nu mawo ke ɖoa nɔƒe gbãtɔ le wo viwo hehe me le xexe mavɔ̃mawu sia me.

Sasrãkpɔ Aɖe Si De Dzi Ƒo Nɛ

Kasia, wose hoowɔwɔ aɖe le teƒe ziɖoɖoe ma. Alẽkplɔlawo tsɔ dzitsitsi ge ɖe lãkpɔa me hetsi dzi be yewoakpɔ ƒomea, vevietɔ ɖevia. Dzi nɔ ŋutsu siawo dzɔm ale gbegbe, eye dzidzɔ sia dze le mo na wo. Woɖe abla tso keke togbɛawo dzi, afi si wonɔ woƒe lãhawo ŋu dzɔm le. * Wogblɔ nu wɔnuku si wokpɔ teti koe nye ema la ŋu nya na dzila siawo siwo tsi yaa la. Esime wonɔ woƒe alẽhawo ŋu dzɔm le toawo dzi le zã me la, mawudɔla aɖe ɖe eɖokui fia wo le vo me. Yehowa ƒe ŋutikɔkɔe klẽ ƒo xlã wo godoo, eye mawudɔlaa gblɔ na wo be, ɖeko wodzi Kristo alo Mesia la tetie nye ema le Betlexem. Woakpɔ vidzĩa le anyimlɔƒe le lãnuɖunu me wotsɔ avɔ xatsa ɖe eŋu. Emegbe nane si gawɔ nuku wu la dzɔ, wokpɔ mawudɔlawo ƒe hadziha gã aɖe siwo nɔ ha dzim tsɔ nɔ Yehowa kafum!

Mewɔ nuku o be ame tsɛ siawo ɖe abla va Betlexem! Dzi anya dzɔ wo godoo esi wokpɔ vidzĩa wònɔ anyimlɔƒe abe ale si tututu mawudɔlaa gblɔe na wo ene. Womemia nu ɖe nya nyui sia dzi o. “Woka nya siwo wogblɔ na wo . . . la ta. Eye ame siwo katã se nya siwo alẽkplɔlawo gblɔ na wo la ƒe mo wɔ yaa.” (Luka 2:17, 18) Edze ƒãa be subɔsubɔhakplɔla siwo nɔ anyi ɣemaɣi la mebua alẽkplɔlawo ɖe naneke me o. Gake eme kɔ ƒãa be Yehowa de asixɔxɔ ŋutsu nuteƒewɔla ɖokuibɔbɔla mawo ŋu. Ke dɔ kae sasrãkpɔ sia wɔ ɖe Maria dzi?

Kakaɖedzitɔe la, togbɔ be nɔnɔme sesẽ siwo me Maria to le vidziɣia anya te ɖeɖi eŋu vevie hã la, elé to ɖe nya sia nya ŋu nyuie. Eye wògawɔ nu si yi ŋgɔ wu ema: “Maria de asi nya siawo katã dzadzraɖo me, henɔ wo ŋu bum le eƒe dzi me.” (Luka 2:19) Vavãe, ɖetugbui sia nye ame si bua tame vevie. Enyae be mawudɔlaa ƒe gbedeasi sia le vevie. Eƒe Mawu, Yehowa, di be wòanya ame si tututu via nye kple asixɔxɔ si le eŋu eye wòakpɔ ŋudzedze ɖe eŋu. Eya ta menye ɖeko wònɔ to ɖom o, ke boŋ edzra nyawo ɖo ɖe eƒe dzi me bene wòate ŋu anɔ ŋugble dem le wo ŋu edziedzi le ɣleti kple ƒe siwo nɔ eŋgɔ la me. Esiae nye nu vevi aɖe si kpe ɖe Maria ŋu wòtu xɔse si wòɖe fia le eƒe agbenɔɣi katã la ɖo.

 Àsrɔ̃ Maria ƒe kpɔɖeŋua? Yehowa na woŋlɔ nyateƒenya vevi gbogbo aɖewo ɖe eƒe Nya la me. Ke hã, ne míelé to ɖe nyateƒenya vevi mawo ŋu ko hafi woaɖe vi na mí. Míewɔa esia to Biblia xexlẽ gbe sia gbe—menye abe agbalẽ dzro aɖe ko ene o, ke boŋ abe Mawu ƒe Nya si tso gbɔgbɔ me ene—dzi. (2 Timoteo 3:16) Eye abe Maria ene la, ehiã be míadzra Mawu ƒe nyawo ɖo ɖe míaƒe dzi me ahanɔ wo ŋu bum. Ne míedea ŋugble tso nu siwo míexlẽna le Biblia me ŋu eye míebua mɔ siwo nu míate ŋu awɔ Yehowa ƒe aɖaŋuɖoɖowo dzi le geɖe wu ŋu la, míado ŋusẽ míaƒe xɔse ale be wòatsi ɖe edzi.

Nya Geɖe Siwo Wògadzra Ðo Ðe Eƒe Dzi Me

Esi vidzĩa xɔ ŋkeke enyi la, Maria kple Yosef na wotso aʋa nɛ abe ale si Mose ƒe Sea bia ene hetsɔ ŋkɔ nɛ be Yesu, abe ale si mawudɔlaa gblɔe na wo ene. (Luka 1:31) Emegbe esi ɖevia xɔ ŋkeke 40 la, wokɔe tso Betlexem yi gbedoxɔa me le Yerusalem, si didi kilometa ʋɛ aɖewo tso afi ma gbɔ. Woyi ɖana ŋutikɔkɔ ƒe vɔsa la abe ale si Se la bia tso ƒome dahewo si ene—akpakpa eve alo ahɔnɛ eve. Nenye be ekpe ŋu na wo be yewomete ŋu na alẽ kple akpakpa (ƒeƒlelu) si dzila bubuwo ate ŋu ana o hã la, womena esia ɖe fu na wo o. Le wo katã me la, woxɔ dzideƒoname gã aɖe esime wonɔ afi ma.—Luka 2:21-24.

Simeon si nye ŋutsu tsitsi aɖe la te ɖe wo ŋu, eye wògblɔ nya geɖe siwo Maria gadzra ɖo ɖe eƒe dzi me. Wodo ŋugbe na ŋutsu sia be akpɔ Mesia la hafi aku, eye Yehowa ƒe gbɔgbɔ kɔkɔea ɖee fiae be Yesu vidzĩ lae nye Xɔla la. Simeon na Maria nya vevesese si me wòahiã be wòado dzi ato gbe ɖeka. Egblɔ be ase le eɖokui me abe ɖe woƒo yi legbe aɖe ɖe eya amea me ene. (Luka 2:25-35) Nya mawo siwo ate ŋu ana Maria navɔ̃ ŋutɔ gɔ̃ hã la kpe ɖe eŋu wòdo dzi esime ɣeyiɣi sesẽ ma va le ƒe 30 aɖewo megbe. Le Simeon megbe la, nyɔnu nyagblɔɖila aɖe si ŋkɔe nye Hana kpɔ Yesu vidzĩ la, eye wòte nuƒoƒo tso eŋu na ame siwo katã nɔ Yerusalem ƒe ɖeɖe la lalam.—Luka 2:36-38.

Nyametsotso nyui ka gbegbee nye esi Yosef kple Maria wɔ esi wokɔ vidzĩ la va Yehowa ƒe gbedoxɔ me le Yerusalem! Afɔ sia si woɖe la nye ale si wo via ava nɔ Yehowa ƒe gbedoxɔa me yim nuteƒewɔwɔtɔe le eƒe anyigbadzinɔɣi katã la ƒe gɔmedzedze. Esime wonɔ afi ma la, wowɔ nu sia nu si woate ŋui le Mawu ƒe subɔsubɔdɔa me, eye woxɔ mɔfiame kple dzideƒonamenyawo. Kakaɖedzitɔe la, hafi Maria nadzo le gbedoxɔa me gbe ma gbe la, eƒe xɔse gasesẽ ɖe edzi, eye nyateƒenya vevi siwo ŋu wòate ŋu ade ŋugble le ahagblɔ na ame bubuwo la yɔ eƒe dzi me fũu.

Edoa dzidzɔ na mí ŋutɔ be dzila siwo li egbea dzea kpɔɖeŋu ma yome. Le Yehowa Ðasefowo dome la, dzilawo kplɔa wo viwo yia Kristotɔwo ƒe kpekpewo nuteƒewɔwɔtɔe. Dzila mawo wɔa woƒe ŋutete ɖe sia ɖe le Mawu ƒe subɔsubɔdɔa me hedea dzi ƒo na woƒe haxɔsetɔwo. Eye ŋusẽ ɖoa wo ŋu, dzi dzɔa wo geɖe wu, eye nya nyui geɖe si woate ŋu agblɔ na ame bubuwo la yɔa woƒe dzi me hafi wodzona. Míele kpewòm vividoɖeameŋutɔe be wò hã nàyi kpekpeawo kpli wo. Ne èwɔ esia la, wò xɔse ayi edzi anɔ sesẽm ɖe edzi, abe ale si wònɔ le Maria gome ene.

[Etenuŋɔŋlɔwo]

^ mm. 10 Mina míade dzesi vovototo si le nuŋlɔɖi sia kple esi ku ɖe mɔ aɖe si Maria zɔ va yi la dome. Wogblɔ be “Maria tso” eye wòyi ɖasrã Elisabet kpɔ. (Luka 1:39) Ɣemaɣi la, esi Maria nye Yosef ƒe ŋugbetɔ eye meɖee haɖe o ta la, manya bia mɔ le egbɔ hafi zɔ mɔ ma o. Esi Yosef kple Maria ɖe wo nɔewo vɔ la, nuŋlɔɖia gblɔ be Yosef ye wɔ ɖoɖo wo ame evea wozɔ mɔ sia, ke menye Maria ye o.

^ mm. 14 Ɣemaɣi la, amewo ɖea xɔ ɖeka aɖe ɖi hena mɔzɔlawo kple asitsala mɔzɔlawo xɔxɔ.

^ mm. 19 Alẽkplɔlawo ƒe gbea dzi nɔnɔ le gaƒoƒo ma me ɖo kpe Biblia ƒe akɔntabubuwo dzi be: Womedzi Kristo la le December, ɣleti si me alẽwo nɔa kpɔ me le aƒe gbɔ, la me o, ke boŋ anye October ƒe gɔmedzedze lɔƒoe wodzii.

[Nɔnɔmetata si le axa 25]

Wove Simeon nu wòkpɔ Xɔla si ŋugbe wodo la