Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Èna Hehe Wò Dzitsinya Nyuiea?

Èna Hehe Wò Dzitsinya Nyuiea?

Èna Hehe Wò Dzitsinya Nyuiea?

ÈGBLƆ nya siawo kpɔa: “Menyae le dzi me be menyo o,” alo be, “Nyemate ŋu awɔ nusi nèbe mawɔ la o. Ewɔ nam be mesɔ o”? Wò dzitsinya, si nye nusi naa ame kpɔa nyui kple vɔ̃ dzea sii, si ɖea ame nu loo alo bua fɔ ame la, ye le ‘mɔ fiam’ wò. Ẽ, dzitsinya le mía si.

Togbɔ be amegbetɔ te ɖa tso Mawu gbɔ hã la, ŋutete gakpɔtɔ le esi be wòade vovototo nyui kple vɔ̃ dome. Elabena Mawu ƒe nɔnɔme nue wowɔe ɖo, bene wòate ŋu aɖe Mawu ƒe nɔnɔme siwo nye nunya kple dzɔdzɔenyenye aɖe sinu afia. (Mose I, 1:26, 27) Mawu ƒe gbɔgbɔ ʋã apostolo Paulo wòŋlɔ tso esia ŋu bena: ‘Elabena ne trɔ̃subɔla, siwo si se mele o la, wɔa nusi nye se la tɔ tso dzɔdzɔ me la, ekema amesiwo si se mele o la, wonye se na wo ɖokui, abe amesiwo fia bene, woŋlɔ se la ƒe dɔwɔwɔ ɖe woƒe dziwo me la ene, eye woƒe dzitsinya hã ɖia ɖase hekpena ɖe eŋu, eye woƒe tamebubuwo nɔa wo nɔewo nu tsom, alo wonɔa wo nɔewo nu ɖem hã.’ *Romatɔwo 2:14, 15.

Dzɔdzɔmedidi sia be woanɔ agbe nyui, si ƒe dome míenyi tso ame gbãtɔ, Adam, gbɔ la nɔna abe “se” aɖe, alo agbenɔnɔ ƒe dzidzenu aɖe, ene le ameƒomeviwo katã kple dukɔwo katã me tɔwo dome. Enye alesi míate ŋu alé ŋku ɖe mía ɖokui ŋu ahadrɔ̃ ʋɔnu mía ɖokuii. (Romatɔwo 9:1) Adam kple Xawa ɖe ŋutete sia fia esime wonya da le Mawu ƒe se dzi ko—woɣla wo ɖokui. (Mose I, 3:7, 8) Alesi dzitsinya wɔa dɔe la ƒe kpɔɖeŋu bubue nye alesi Fia Dawid wɔ nui esime wòkpɔe dze sii be yewɔ nuvɔ̃ be yexlẽ amewo. Biblia gblɔ be: “Dawid ƒe dzi lã kpo.”—Samuel II, 24:1-10.

Be ame nate ŋu agbugbɔ ŋku alé ɖe eƒe agbenɔnɔ ŋu la ate ŋu awɔe be wòatrɔ dzi me wòadze Mawu ŋu. Dawid ŋlɔ bena: “Elabena esi mezi ɖoɖoe la, nye ŋeŋe atraɖi na nye ƒuwo nyunyɔ. Meɖe nye nuvɔ̃wo fia wò, eye nyemetsɔ nu tsyɔ nye vodadawo dzi o; megblɔ be, maʋu nye dzidadawo me na Yehowa; tete nètsɔ nye nuvɔ̃ ƒe vodadawo kem.” (Psalmo 32:3, 5) Eyata dzitsinya si le dɔ wɔm ate ŋu atrɔ nuvɔ̃wɔla la ava Mawu gbɔe eye wòakpe ɖe eŋu wòakpɔe be yehiã na Mawu ƒe tsɔtsɔke eye be yeazɔ Eƒe mɔwo dzi.—Psalmo 51:3-6, 11, 15-17.

Dzitsinya la naa nuxlɔ̃amewo alo naa mɔfiamewo hã ne eva hiã be míawɔ agbenyuinɔnɔ ŋuti nyametsotso aɖe loo alo awɔ tiatia aɖe. Dzitsinya ƒe nuwɔna siae anya kpe ɖe Yosef ŋu wòkpɔe do ŋgɔ be ahasiwɔwɔ mesɔ o eye wònye nu gbegblẽ—enye nuvɔ̃wɔwɔ ɖe Mawu ŋu. Emegbe hafi wova de se ŋutɔŋutɔ ku ɖe ahasiwɔwɔ ŋu le Se Ewoawo, si wotsɔ na Israel la, me. (Mose I, 39:1-9; Mose II, 20:14) Edze ƒã be ne míena hehe míaƒe dzitsinya be wòafia mɔ mí tsɔ wu esi wòabu fɔ mí dzro ko la, aɖe vi na mí. Ðe wò dzitsinya wɔa dɔ alea?

Hehe Nana Dzitsinya la be Wòawɔ Nyametsotso Nyuiwo

Togbɔ be wotsɔ dzitsinya dzi míi hã la, nu va gblẽ le nunana sia ŋu. Togbɔ be wowɔ amegbetɔ wòde blibo le gɔmedzedzea me hã la, “wo katã wɔ nuvɔ̃, eye Mawu ƒe ŋutikɔkɔe hiã wo tim.” (Romatɔwo 3:23) Esi wònye be nuvɔ̃ kple blibomademade lé ɖe míaƒe dzitsinya ŋu ta la, nu gblẽ le eŋu eye magate ŋu awɔ dɔ bliboe abe alesi woɖoe le gɔmedzedzea me ene o. (Romatɔwo 7:18-23) Gakpe ɖe eŋu la, nu bubuwo ate ŋu akpɔ ŋusẽ ɖe míaƒe dzitsinya dzi. Alesi wohe míi alo dekɔnuwo, dzixɔsewo, kple amesiwo dome míele ate ŋu akpɔ ŋusẽ ɖe edzi. Le nyateƒe me la, agbemaɖɔʋunɔnɔ kple xexeame ƒe dzidzenu siwo le gbegblẽm ɖe edzi wu la mate ŋu anye dzidzenu si woatsɔ ana hehe dzitsinyae o.

Eyata ele be Mawu ƒe Nya, Biblia, me dzidzenu like dzɔdzɔeawo nanɔ Kristotɔ si be wòakpe ɖe eŋu. Esiawo ate ŋu afia mɔ míaƒe dzitsinya be wòadzro nɔnɔmewo me akpɔ nyuie ahaɖɔ wo ɖo. (Timoteo II, 3:16) Ne míetsɔ Mawu ƒe dzidzenuwo na hehe miaƒe dzitsinyae la, ate ŋu anye agbenyuinɔnɔ ŋuti mɔfianu nyui aɖe eye wòakpe ɖe mía ŋu ‘míabu nyui kple vɔ̃ me akpɔ.’ (Hebritɔwo 5:14) Mawu ƒe dzidzenuwo manɔmee la, míaƒe dzitsinya mana nuxlɔ̃ame aɖeke mí ne míetra yi ɖe mɔ vɔ̃ aɖe dzi o. Biblia gblɔ be: “Ame aɖewo ƒe mɔ dzɔna le wo ŋku me; ke eƒe nuwuwu nyea ku ƒe mɔ.”—Lododowo 16:25; 17:20.

Mawu ƒe Nya na mɔfiame siwo me kɔ nyuie ku ɖe agbenɔnɔ ƒe akpa aɖewo ŋu, eye anyo be míazɔ ɖe wo dzi. Ke hã, nɔnɔme gbogbo aɖewo li siwo ŋuti Biblia mena mɔfiame aɖeke le tẽ o. Esiawo alɔ tiatia siwo míawɔ le dɔwɔɖui, lãmesẽnyawo, modzakaɖeɖe, awudodo kple dzadzraɖo, kple nɔnɔme bubuwo ŋu ɖe eme. Mele bɔbɔe be míanya nusi míawɔ le goawo dometɔ ɖesiaɖe me ahawɔ nyametsotso nyuitɔ o. Le esia ta, ele be Dawid ƒe nɔnɔme nanɔ mía si, amesi do gbe ɖa be: “Yehowa, ɖe wò mɔwo fiam, eye nafia wò toƒewòm! Na mazɔ le wò nyateƒe me, eye nafia num; elabena wòe nye nye xɔname Mawu.” (Psalmo 25:4, 5) Zi alesi míele Mawu ƒe nukpɔsusu kple mɔwo gɔme sem ɖe edzi la, zi nenemae míate ŋu ava da míaƒe nɔnɔmeawo kpɔ nyuie ahawɔ nyametsotso tso dzitsinya dzadzɛ me.

Eyata ne nyabiase aɖe alo nyametsotso aɖe dze ŋgɔ mí la, ele be míade ŋugble le Biblia ƒe gɔmeɖose siwo asɔ kplii la ŋu. Esiawo dometɔ aɖewo ate ŋu anye: bubudede tanyenye ŋu (Kolosetɔwo 3:18, 20); anukwareɖiɖi le nuwo katã me (Hebritɔwo 13:18); fuléle nu gbegblẽ (Psalmo 97:10); ŋutifafawɔwɔ (Romatɔwo 14:19); toɖoɖo ŋusẽtɔwo (Mateo 22:21; Romatɔwo 13:1-7); ɖokuitsɔtsɔna Mawu ɖeka ko (Mateo 4:10); xexeame ƒe akpa aɖeke manyemanye (Yohanes 17:14); asaƒoƒo na hadede vɔ̃wo (Korintotɔwo I, 15:33); awudodo kple dzadzraɖo ɖe ŋku ŋu (Timoteo I, 2:9, 10); kple amewo nu maɖiamaɖia (Filipitɔwo 1:10). Biblia me gɔmeɖose siwo sɔ ɖe nɔnɔmeawo nu la kpɔkpɔ adze sii ate ŋu ado ŋusẽ míaƒe dzitsinya ahakpe ɖe mía ŋu míawɔ nyametsotso nyuitɔ.

Ðo To Wò Dzitsinya

Ne míaƒe dzitsinya akpe ɖe mía ŋu la, ele be míaɖo toe. Ne míewɔ ɖe míaƒe dzitsinya si míetsɔ Biblia na hehee ƒe nyagbename dzi ko hafi wòate ŋu aɖe vi na mí. Míate ŋu atsɔ dzitsinya si wona hehee la asɔ kple nyanyanakaɖi siwo wowɔna ɖe ʋuwo me na ʋua kula. Tsɔe be akaɖiawo dometɔ aɖe si, hele nyanya nam mí be mɔ̃memia le vɔvɔm. Nukae adzɔ ne míetɔ hewɔ naneke le eŋu enumake o ke boŋ míeyi edzi le ʋua kum? Míana ʋua nagblẽ. Le mɔ ma ke nu la, míaƒe dzitsinya, alo gbe si míesena le mía me, ate ŋu agblɔ na mí be nane wɔwɔ menyo o. Ne míetsɔ Ŋɔŋlɔawo me dzidzenuwo kple gɔmeɖose siwo míenya la sɔ kple nusi wɔm míele loo alo nusi ŋu bum míele la, enaa nyanya mí, abe alesi akaɖia wɔnɛ na ʋukula la ene. Menye ɖeko wɔwɔ ɖe nyanyananaa dzi akpe ɖe mía ŋu míaƒo asa na nuwɔna gbegblẽa me tsonuwo ko evɔ o, ke boŋ ana míaƒe dzitsinya nagakpɔtɔ anɔ dɔ wɔm nyuie hã.

Ke nukae adzɔ ne míetia be míaŋe aɖaba aƒu dzitsinya ƒe nyanyananaa dzi? Vivivi la, dzitsinya la ava ku atri. Míate ŋu atsɔ nusi gblẽna le dzitsinya la ŋu ne míedoa tokui edziedzi la asɔ kple ga xɔdzo tsɔtsɔ anɔ ŋutilãa memee. Teƒea va dea akpa, lãmeka siwo le teƒe ma siwo do ka kple ahɔhɔ̃a nu kuna eye ne wolili asi teƒea kura hã la, màsee o. (Timoteo I, 4:2) Dzitsinya si le alea megagbea nuvɔ̃wɔwɔ na ame o, eye megaxlɔ̃a nu ame bene wòagawɔ nuvɔ̃ la ake o. Dzitsinya si ɖi atse la megabua nyui kple vɔ̃ ŋuti dzidzenu siwo Biblia ɖo ɖi la ɖe ɖeke me o, si fia be enye dzitsinya gbegblẽ. Dzitsinya si ku atri ye, eye amesi si wòle la ‘gbɔ agbenyuinɔnɔ ŋuti sewo katã ŋu’ eye wòte ɖa tso Mawu gbɔ. (Efesotɔwo 4:17-19; Tito 1:15) Nublanuinya kae nye si!

‘Dzitsinya Nyui Nenɔ Asiwò’

Be dzitsinya nyui nanɔ ame si la bia agbagbadzedze ɣesiaɣi. Apostolo Paulo gblɔ be: “Medoa vevie, bena dzitsinya, si ŋu abi aɖeke mele o la, nanɔ asinye ɖaa le Mawu kple amewo ŋku me.” (Dɔwɔwɔwo 24:16) Esi Paulo nye Kristotɔ ta la, elé ŋku ɖe eƒe nuwɔnawo ŋu ɣeawokatãɣi hewɔ ɖɔɖɔɖowo ale be wòagadze agɔ aɖeke le Mawu dzi o. Paulo nyae be mlɔeba la, Mawue adrɔ̃ ʋɔnu le nusiwo míewɔna la ƒe nyonyo alo eƒe gbegblẽ ŋu. (Romatɔwo 14:10-12; Korintotɔwo I, 4:4) Paulo gblɔ be: “Woklo nu le nuwo katã dzi, eye wotsi ƒeƒle le amesi gbɔ míaƒe nya le la ŋku me.”—Hebritɔwo 4:13.

Paulo gblɔ hã be yemadze agɔ le amewo dzi o. Eƒe kpɔɖeŋu si míate ŋu awɔ enye aɖaŋu si wòɖo na Kristotɔ siwo nɔ Korinto ku ɖe “trɔ̃wo ƒe vɔsawo ɖuɖu la ŋuti.” Eƒe nya lae nye be ne naneke megblẽ le afɔɖeɖe aɖe ŋu le Mawu ƒe Nya nu o hã la, ele vevie be míabu amewo ƒe dzitsinya ŋu. Esia mawɔmawɔ ate ŋu ana ‘mía nɔvi, amesi ta Kristo ku ɖo la, natsrɔ̃’ le gbɔgbɔ me. Ate ŋu agblẽ mía kple Mawu dome ƒomedodo hã me.—Korintotɔwo I, 8:4, 11-13; 10:23, 24.

Eyata yi edzi nànɔ hehe nam wò dzitsinya eye nàna dzitsinya nyui nanɔ asiwò. Ne èle nyametsotsowo wɔm la, di Mawu ƒe mɔfiame. (Yakobo 1:5) Srɔ̃ Mawu ƒe Nya, eye ɖe mɔ na eme gɔmeɖosewo be woatrɔ asi le wò susu kple dzi ŋu. (Lododowo 2:3-5) Ne ŋkubiãnyawo do mo ɖa la, te ɖe Kristotɔ tsitsiwo ŋu be nàte ŋu aka ɖe edzi be yese Biblia me gɔmeɖose siwo sɔ ɖe nyaa ŋu gɔme nyuie. (Lododowo 12:15; Romatɔwo 14:1; Galatiatɔwo 6:5) Bu alesi wò nyametsotsoa akpɔ ŋusẽ ɖe wò dzitsinya dzii, alesi wòakpɔ ŋusẽ ɖe amewo dzii eye, ƒo wo katã ta la, alesi wòakpɔ ŋusẽ ɖe wò ƒomedodo kple Yehowa dzii la ŋu.—Timoteo I, 1:5, 18, 19.

Nunana wɔnuku aɖee míaƒe dzitsinya nye tso míaƒe Dziƒofofo lɔ̃ame, Yehowa Mawu, gbɔ. Ne míezãe wòsɔ ɖe Amesi tsɔe na mí ƒe lɔlɔ̃nu nu la, míate ɖe mía Wɔla la ŋu kplikplikpli. Esi míele agbagba dzem be ‘dzitsinya nyui nanɔ mía si’ le míaƒe nuwɔnawo katã me la, míeɖenɛ fiana ɖe edzi be Mawu ƒe nɔnɔme nue wowɔ mí ɖo vavã.—Petro I, 3:16; Kolosetɔwo 3:10.

[Etenuŋɔŋlɔ]

^ mm. 3 Helagbe me nya si wozã na dzitsinya le afisia la fia “ŋutete si le ame si be wònyaa nusi nye agbenɔnɔ si sɔ” (The Analytical Greek Lexicon Revised, si Harold K. Moulton ta); “agbenɔnɔ si nyo kple esi menyo o la nyanya.”—Greek-English Lexicon, si J. H. Thayer ta.

[Nɔnɔmetata si le axa 13]

Ðe nèna hehe wò dzitsinya be wòafia mɔ wò tsɔ wu esi wòabu fɔ wò dzro koa?

[Nɔnɔmetata si le axa 14]

Biblia ƒe gɔmeɖosewo sɔsrɔ̃, wo zazã, naa dzitsinya nyui sua mía si

[Nɔnɔmetata si le axa 15]

Megaŋe aɖaba ƒu wò dzitsinya ƒe nuxlɔ̃ame dzi o