Nya Vevi Siwo Tso Kronika ƒe Agbalẽ Gbãtɔ Me
Yehowa ƒe Nya la Le Agbe
Nya Vevi Siwo Tso Kronika ƒe Agbalẽ Gbãtɔ Me
ƑE 77 aɖewo va yi tso esime Yudatɔwo trɔ tso aboyo me le Babilon gbɔ va wo denyigba dzi. Gbedoxɔ si Dudzikpɔla Zerubabel gbugbɔgatu la xɔ ƒe 55 ɣemaɣi. Susu si koŋ tae Yudatɔwo trɔ gbɔ ɖoe nye be woagbugbɔ nyateƒe tadedeagu aɖo anyi le Yerusalem. Gake dzo meganɔ ameawo me ɖe Yehowa subɔsubɔ ŋu o. Ehiã be woade dzi ƒo na wo enumake, eye nusia tututue Biblia-gbalẽ si nye Kronika ƒe Agbalẽ Gbãtɔ wɔ.
Tsɔ kpe ɖe dzidzimegbalẽ si Kronika ƒe Agbalẽ Gbãtɔ nye ŋuti la, eƒo nu tso ƒe 40 aɖewo me nudzɔdzɔwo ŋu, tso Fia Saul ƒe ku dzi va ɖo Fia Dawid ƒe ku dzi. Woxɔe se be nunɔla Ezra ye ŋlɔ agbalẽ sia le ƒe 460 D.M.Ŋ. me. Viɖe le Kronika ƒe Agbalẽ Gbãtɔ ŋu na mí elabena ena míekpɔ alesi wodea ta agu le gbedoxɔa me eye wòƒo nu tso dzidzime si me Mesia la ato ava la ŋu eme kɔ tsitotsito. Esi wònye Mawu ƒe Nya si tso gbɔgbɔ me la ƒe akpa aɖe ta la, gbedasi siwo le eme la doa ŋusẽ míaƒe xɔse hedzia míaƒe Biblia gɔmesese ɖe edzi.—Hebritɔwo 4:12.
ŊKƆŊƆŊLƆ ÐI ÐƆƲU AÐE
Dzidzimegbalẽ si Ezra ŋlɔ tsitotsito la le vevie ɖe susu etɔ̃ ya teti ta: bene wòana woakpɔ egbɔ be amesiwo dze la koe awɔ nunɔlawo ƒe subɔsubɔdɔa, be wòana woanya toawo ƒe anyigbawo, eye be wòana dzidzime si me Mesia ato ava la ŋuti nuŋlɔɖi nanɔ anyi. Nuŋlɔɖia na Yudatɔawo nya wo tɔgbui tɔgbuiwo kakaka yi ɖaɖo ame gbãtɔ dzi. Tso Adam dzi va ɖo Noa dzi nye dzidzime ewo, eye tso Noa dzi va ɖo Abraham dzi hã nye dzidzime ewo bubu. Esi wòŋlɔ Ismael-viwo, Abraham srɔ̃ Ketura ƒe viwo, kple Esau-viwo ƒe ŋkɔwo vɔ la, nuŋlɔɖia trɔ ɖe Israel-to 12-awo ƒe dzidzimewo ŋu.—Kronika I, 2:1.
Eƒo nu tso Yuda ƒe dzidzimeviwo ŋu fũ ŋutɔ elabena emee Fia Dawid ƒe fiaƒomea dzɔ tso. Tso Abraham dzi va ɖo Dawid dzi nye dzidzime 14, tso Dawid dzi va ɖo esime woyi aboyome le Babilon hã nye dzidzime 14. (Kronika I, 1:27, 34; 2:1-15; 3:1-17; Mateo 1:17) Emegbe Ezra ŋlɔ to siwo le Yordan-tɔsisia ƒe ɣedzeƒe la ƒe dzidzimeviwo eye wòŋlɔ Lewi-viwo ƒe dzidzimegbalẽa tsia ɖe enu. (Kronika I, 5:1-24; 6:1) Emegbe eŋlɔ nu tso to siwo /nɔ Yordan-tɔsisia ƒe ɣetoɖoƒe la dometɔ aɖewo ŋu kpokploe eye wòƒo nu tso Benyamin ƒe ƒomea ŋu tsitotsito. (Kronika I, 8:1) Eŋlɔ ame gbãtɔ siwo trɔ tso aboyome le Babilon gbɔ va Yerusalem la ƒe ŋkɔwo hã ɖi.—Kronika I, 9:1-16.
Ŋɔŋlɔawo me Biabiawo Ŋuɖoɖo:
1:18—Amekae nye Selax (Sala) fofo—Kainan ye loo alo Arpaxsad (Arfaksad) ye? (Luka 3:35, 36) Arpaxsad ye nye Selax fofo. (Mose I, 10:24; 11:12) Anye be nyagbe si nye “Kaldeatɔwo” ye woanya ŋlɔ vodadatɔe be “Kainan” le Luka 3:36. Ne aleae la, ekema ŋɔŋlɔ gbãtɔa ŋutɔ anya xlẽ be “amesi nye Kaldeatɔ Arpaxsad vi.” Alo ɖewohĩ ame ɖekae tɔ ŋkɔ siwo nye Kainan kple Arpaxsad siaa. Nusi dzi mele be míaŋe aɖaba aƒui o enye be nyagbɔgblɔ si nye “Kainan vi” medze le Biblia-gbalẽ siwo woŋlɔ kple asi la dometɔ aɖewo me o.—Luka 3:36.
2:15—Ðe Dawid nye Isai ƒe vi adrelia? Ao. Viŋutsu enyi ye nɔ Isai si, eye Dawid enye ɖevitɔ. (Samuel I, 16:10, 11; 17:12) Anye be Isai ƒe viŋutsuawo dometɔ ɖeka medzi vi hafi ku o. Esi wònye viŋutsu ma matrɔ naneke le dzidzimegbalẽa ŋɔŋlɔ ŋu o ta la, Ezra mede eƒe ŋkɔ eme o.
3:17—Nukatae Luka 3:27 yɔ Yexonya vi Sealtiel (Salatiel) be Neri vi ɖo? Yexonya ye nye Sealtiel fofo. Ke hã, anye be Neri tsɔ vianyɔnu na Sealtiel wòɖe. Luka yɔ Neri ƒe toyɔvia be Neri vi abe alesi ko wòyɔ Yosef be enye Maria fofo Heli ƒe vi ene.—Luka 3:23.
3:17-19—Aleke Zerubabel, Pedaya, kple Sealtiel do ƒomee? Zerubabel nye Pedaya, si nye Sealtiel nɔviŋutsu la, ƒe vi. Ke hã, Biblia yɔa Zerubabel be Sealtiel ƒe vi ɣeaɖewoɣi. (Mateo 1:12; Luka 3:27) Ate ŋu anye be Pedaya ku eye Sealtiel xɔ Zerubabel nyi. Alo ɖewohĩ esi wònye be Sealtiel medzi vi hafi ku o ta la, Pedaya ɖe srɔ̃a, hedzi Zerubabel wònye woƒe ŋgɔgbevi.—Mose V, 25:5-10.
5:1, 2—Nukae ŋgɔgbevinyenye si Yosef xɔ la nye nɛ? Efia be Yosef xɔ domenyinuwo ƒe akpa eve. (Mose V, 21:17) Eyata eva zu to eve—Efrayim kple Manase—fofo. To ɖeka koe dzɔ tso Israel ƒe viŋutsu mamlɛawo dometɔ ɖesiaɖe me.
Nusɔsrɔ̃ Siwo Le Eme na Mí:
1:1–9:44. Amesiwo nɔ anyi ŋutɔŋutɔ ƒe dzidzimegbalẽa fia be menye nyakpakpa dzie wotu tadedeagu vavãtɔ ƒe ɖoɖo bliboa ɖo o, ke boŋ nu ŋutɔŋutɔ dzie wotui ɖo.
4:9, 10. Yehowa ɖo gbe si Yabez do ɖa vevie be wòakeke yeƒe anyigba ɖe enu le tomefafa me bene mawuvɔ̃la geɖe nate ŋu anɔ edzi la ŋu. Ehiã be míawo hã míanɔ gbe dom ɖa tso dzi me be míadzi nusrɔ̃lawo wɔwɔ dɔ si wɔm míele la ɖe edzi dzonɔamemetɔe.
5:10, 18-22. Le Fia Saul ŋɔli la, to siwo nɔ Yordan ƒe ɣedzeƒe la ɖu Hagritɔwo dzi togbɔ be Hagritɔawo sɔ gbɔ wu wo zi gbɔ zi eve kple edzivɔwo hã. Nusitae wòdzɔ alea ɖoe nye be kalẽtɔ siwo nɔ to siawo me la ɖo ŋu ɖe Yehowa ŋu hekpɔ esinu be wòakpe ɖe yewo ŋu. Mina be míaka ɖe Yehowa dzi bliboe esi míeyi edzi le míaƒe gbɔgbɔmeʋa wɔm kple futɔ siwo tri akɔ wu mí la.—Efesotɔwo 6:10-17.
9:26, 27. Dɔ vevi aɖee nɔ Lewi-vi agbonudzɔlawo si. Woawoe wotsɔ gbedoxɔa ƒe kɔkɔeƒewo ƒe safuiwo na. Wonɔa afima ɣesiaɣi heʋua agboawo gbesiagbe. Wode dɔ asi na mí be míayi amewo gbɔ le míaƒe anyigbamama me ahakpe ɖe wo ŋu woava subɔ Yehowa. Ðe mele be woakpɔ míawo hã be míele esia wɔm moveviɖoɖotɔe abe alesi Lewi-vi agbonudzɔla siawo wɔe ene oa?
DAWID ÐU FIA
Wotsɔ Fia Saul kpakple viaŋutsu etɔ̃awo ƒe aʋatsitsi le aʋa si wowɔ kple Filistitɔwo le Gilboa-toa dzi la dze ŋutinya la gɔmee. Woɖo Isai vi, Dawid, fiae ɖe Yuda-toa nu. Amewo tso toawo katã me va Xebron heva tsɔe ɖo fiae ɖe Israel bliboa nu. (Kronika I, 11:1-3) Le esia megbe kpuie la, exɔ Yerusalem. Emegbe Israel-viawo tsɔ nubablaɖaka gbɔe va Yerusalem ‘kple aseyetsotso kple kpẽkuku kple saŋku kpakple kasaŋku ƒoƒo.’—Kronika I, 15:28.
Dawid di vevie be yeatu xɔ na Mawu vavã la. Esi Yehowa xɔ mɔnukpɔkpɔ sia le esi da ɖi na Salomo ta la, ebla Fiaɖuƒe aɖe ƒe nu kple Dawid. Esi Dawid yi edzi le aʋa wɔm kple Israel ƒe futɔwo ta la, Yehowa na wònɔ wo dzi ɖum tsia ɖe enu. Amewo xexlẽ madzemadzee na ame 70,000 ku. Esi mawudɔla aɖe fia Dawid alesi wòaɖi vɔsamlekpui na Yehowa vɔ la, Dawid yi ɖaƒle anyigba le Yebusitɔ Ornan si. Dawid te ‘nuwo nu ƒoƒoƒu taŋtaŋ’ hena xɔ si ‘alolo ŋutɔ’ la tutu na Yehowa ɖe anyigba si wòƒle dzi. (Kronika I, 22:5) Dawid wɔ ɖoɖo si nu Lewitɔawo asubɔ le, si me woɖe le afisia tsitotsito wu Ŋɔŋlɔawo ƒe akpa bubuwo. Fia la kple dukɔa dzɔ nuwo faa hena gbedoxɔa tutu. Esi Dawid ɖu dzi ƒe 40 la, eku “eye agbenɔnɔ, kesinɔnu kple bubu ti kɔ nɛ, eye via Salomo zu fia ɖe eteƒe.”—Kronika I, 29:28.
Ŋɔŋlɔawo me Biabiawo Ŋuɖoɖo:
11:11—Nukatae wònye ame 300 ye wowu ke menye ame 800 abe alesi Samuel II, 23:8 gblɔe ene le nudzɔdzɔ sia ke me o? Dawid ƒe aʋakalẽtɔ vevitɔ etɔ̃wo ƒe tatɔ enye Yasobeam, alo Isbaal. Kalẽtɔ eve mamlɛawoe nye Eleazar kple Sama. (Samuel II, 23:8-11) Ðewohĩ susu si tae nuŋlɔɖi eveawo to vovo ɖoe nye be anye be nudzɔdzɔ vovovo eve si ku ɖe ame ɖeka ma ke ŋu la ŋu nya gblɔmee wonɔ.
11:20, 21—Ðoƒe kae nɔ Abisai si ne míetsɔe sɔ kple Dawid ƒe kalẽtɔ vevi etɔ̃awo? Abisai mekpe ɖe kalẽtɔ sesẽtɔ etɔ̃ siwo nɔ Dawid ŋu la ŋu o. Gake, abe alesi woŋlɔe ɖe Samuel II, 23:18, 19, ene la, enye aʋawɔla 30 aɖewo ƒe tatɔ eye wòbi wu eteviwo. Abisai ƒe bubu de sɔsɔ ge kple kalẽtɔ vevi etɔ̃awo tɔ elabena ewɔ nu klitsu si sɔ kple Yasobeam tɔ.
12:8—Mɔ ka nue Gad-viwo ƒe aʋawɔlawo ƒe “mo le abe dzata ƒe mo ene” le? Kalẽtɔ siawo nɔ Dawid ŋu le gbeadzi. Woƒe taɖawo to ʋlayaa. Ða si to ʋlaya la wɔe be ŋɔdzi nɔ wo ŋu, si na woƒe mo ɖi dzata tɔ.
13:5—Tɔ kae woyɔ be “Egiptetɔwo ƒe Sixor” la? Ame aɖewo bui be Nil-tɔsisi la ƒe alɔdze aɖee wowɔnɛ. Gake ame geɖe se egɔme be “Egipte ƒe tɔʋu la”—si nye bali si zu liƒo na Ŋugbedodonyigbaa le anyieheɣetoɖoƒe gome—ye wowɔnɛ.—Mose IV, 34:2, 5; Mose I, 15:18.
16:30—Be ‘woaƒo kpakpakpa’ le Yehowa ŋkume gɔme ɖe? Wozã nyagbe ‘woaƒo’ le afisia le kpɔɖeŋumɔ nu tsɔ fia vɔvɔ̃ kple bubu deto dede Yehowa ŋu.
16:1, 37-40; 21:29, 30; 22:19—Tadedeagu ƒe ɖoɖo ka dzie wogakpɔtɔ nɔ zɔzɔm ɖo Fiawo I, 8:4, 6.
le Israel tso esime wotsɔ Nubablaɖaka gbɔe va Yerusalem vaseɖe esime wotu gbedoxɔa? Esi Dawid tsɔ Nubablaɖakaa gbɔe va Yerusalem hetsɔe da ɖe agbadɔ si eya ŋutɔ tu nɛ me la, Nubablaɖakaa meganɔ avɔgbadɔ me o hena ƒe geɖe. Esi wotsɔ Nubablaɖaka la yi Yerusalem la, Aɖaka la gakpɔtɔ nɔ agbadɔ ma si wòtu nɛ me. Avɔgbadɔa ya nɔ Gibeon, afisi Nunɔlagã Zadok kple nɔviawo yi edzi nɔ vɔwo sam le le Sea nu. Ðoɖo sia yi edzi vaseɖe sime wowu gbedoxɔa tutu nu le Yerusalem. Esi gbedoxɔa sɔ gbe la, wotsɔ avɔgbadɔa tso Gibeon va Yerusalem, eye wotsɔ Nubablaɖakaa da ɖe gbedoxɔa ƒe Kɔkɔeƒewo ƒe Kɔkɔeƒea.—Nusɔsrɔ̃ Siwo Le Eme na Mí:
13:11. Le esi míado dziku ahabu fɔ Yehowa ɖe míaƒe agbagbadzedzewo ƒe kpododonu ta teƒe la, ele be míalé ŋku ɖe nɔnɔmea ŋu ahadze agbagba akpɔ nusi gbɔ wòtso. Ðikeke mele eme o be, Dawid wɔ nenema. Esrɔ̃ nu tso eƒe vodadaa me eye emegbe la, etsɔ Nubablaɖakaa ɖe mɔ nyuitɔ nu va Yerusalem dzidzedzetɔe. *
14:10, 13-16; 22:17-19. Ele be míate ɖe Yehowa ŋu ɣesiaɣi le gbedodoɖa me, abia eƒe mɔfiafia hafi aƒo ta ɖe nusianu si alɔ míaƒe gbɔgbɔmemenyenye ɖe eme la wɔwɔ me.
16:23-29. Ele be tadedeagu na Yehowa naxɔ nɔƒe gbãtɔ le míaƒe agbe me.
18:3. Yehowae nye eƒe ŋugbedodowo Dziwɔla. Eto Dawid dzi wɔ ɖe ŋugbe si wòdo be yeatsɔ Kanaan-nyigba bliboa, “si tso Egipte-tɔsisi la nu vaseɖe Frat-tɔsisi gã la nu,” ana Abraham ƒe dzidzime la dzi.—Mose I, 15:18; Kronika I, 13:5.
21:13-15. Yehowa gblɔ na mawudɔla la be wòana dɔvɔ̃a nu natso elabena Esea veve ɖe Eƒe amewo ƒe fukpekpe nu. Le nyateƒe me la, “eƒe amenuveve sɔ gbɔ.” *
22:5, 9; 29:3-5, 14-16. Togbɔ be womegblɔ na Dawid be wòatu Yehowa ƒe gbedoxɔa o hã la, eɖe nunana faa ƒe gbɔgbɔ fia. Nukatae? Elabena ekpɔe dze sii be Yehowa ƒe dɔmenyonyoe wɔe be nuwo katã su ye si. Ele be akpedada ƒe seselelãme sia tɔgbewo naʋã mí be míanye amesiwo nana nu faa.
24:7-18. Esime Yehowa ƒe dɔla do ɖe Yohanes Amenyrɔɖetsimela fofo, Zaxarya, dzi hegblɔ Yohanes dzidzi ŋu nya nɛ la, wogakpɔtɔ nɔ wɔwɔm ɖe nunɔla 24 ƒe ɖoɖo si Dawid wɔ la dzi kokoko. Esi Zaxarya nye “Abiya ƒe ŋkekeɖoɖo” me tɔ ta la, enɔ subɔsubɔm le gbedoxɔa me ɣemaɣi. (Luka 1:5, 8, 9) Amesiwo nɔ anyi ŋutɔŋutɔ le blema lae kpɔ gome le nyateƒe tadedeagu me—ke menye glimewoe wonye o. Yayrawo dona tsoa míaƒe nuwɔwɔ aduadu kple “dɔla nuteƒewɔla kple aɖaŋudzela” la le Yehowa subɔsubɔ si ŋu ɖoɖo le nyuie me egbea la me.—Mateo 24:45.
Subɔ Yehowa Kple “Luʋɔ Blibo”
Menye dzidzimegbalẽ koe Kronika ƒe Agbalẽ Gbãtɔ nye o. Eƒo nu tso Dawid ƒe nubablaɖakaa tsɔtsɔ gbɔe va Yerusalem, eƒe aʋadziɖuɖu gãwo, eƒe dzadzraɖo ɖe gbedoxɔa tutu ŋu, kple nunɔlawo ƒe ɖoɖoa wɔwɔ ƒe ŋutinya hã ŋu. Nusiwo katã Ezra ŋlɔ ɖi le Kronika ƒe Agbalẽ Gbãtɔ me la ɖe vi na Israel-viawo ŋutɔ eye wòkpe ɖe wo ŋu be wogbugbɔ dzo de woƒe Yehowa subɔsubɔ me le gbedoxɔa me.
Kpɔɖeŋu nyui kae nye si Dawid ɖo ɖi le Yehowa subɔsubɔ tsɔtsɔ ɖo nɔƒe gbãtɔ le eƒe agbe mee me! Le esi teƒe be Dawid nadi mɔnukpɔkpɔ tɔxɛwo na eɖokui la, edi be yeawɔ Mawu ƒe lɔlɔ̃nu boŋ. Ede dzi ƒo na mí be míawɔ ɖe yeƒe aɖaŋuɖoɖo dzi be míasubɔ Yehowa “kple dzi blibo kpakple luʋɔ blibo.”—Kronika I, 28:9.
[Etenuŋɔŋlɔwo]
^ mm. 1 Nu bubu siwo míasrɔ̃ tso agbagba siwo Dawid dze le Nubablaɖakaa tsɔtsɔ ayi Yerusalem me ŋu la le May 15, 2005, ƒe Gbetakpɔxɔ, axa 16-19, me.
^ mm. 3 Nusɔsrɔ̃ bubu siwo ku ɖe Dawid ƒe amewo xexlẽ madzemadzee ŋu la le May 15, 2005, ƒe Gbetakpɔxɔ, axa 16-19, me.
[Chart/Pictures on page 8-11]
(Edze nyuie le agbalẽa ŋutɔ me)
Ƒe 4026 D.M.Ŋ. Adam Dzidzime siwo tso Adam dzi va ɖo Noa dzi (ƒe 1,056)
Ƒe 130 ⇩
Set
105 ⇩
Enos
90 ⇩
Kenan
70 ⇩
Mahalaleel
65 ⇩
Yered
162 ⇩
Henox
65 ⇩
Metusala
187 ⇩
Lamex
182 ⇩
Ƒe 2970 D.M.Ŋ. Noa Ƒe 2970 D.M.Ŋ. mee wodzi NOA
Dzidzime siwo tso Noa dzi va ɖo
Ƒe 502 ⇩ Abraham dzi (ƒe 952)
Sem
TSIÐƆÐƆA ƒe 2370 D.M.Ŋ.
100 ⇩
Arpaxsad
35 ⇩
Selax
30 ⇩
Eber
34 ⇩
Peleg
30 ⇩
Regu
32 ⇩
Serug
30 ⇩
Naxor
29 ⇩
Tarax
130 ⇩
Ƒe 2018 D.M.Ŋ. Abraham Ƒe 2018 D.M.Ŋ. mee wodzi ABRAHAM
Tso Abraham dzi va ɖo David dzi:
Ƒe 100 dzidzime 14 (ƒe 911)
Isak
60 ⇩
Yakob
88 lɔƒo ⇩
Yuda
⇩
Perez
⇩
Xezron
⇩
Ram
⇩
Aminadab
⇩
Naxeson
⇩
Salma
⇩
Boas
⇩
Obed
⇩
Isai
⇩
Ƒe 1107 D.M.Ŋ. mee wodzi DAWID