Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Àte Ŋu axɔ Paradisonyigba ƒe Nya Dzi Ase

Àte Ŋu axɔ Paradisonyigba ƒe Nya Dzi Ase

Àte Ŋu axɔ Paradisonyigba ƒe Nya Dzi Ase

LE ŊUTINYA katã me la, ame miliɔn geɖe xɔe se be yewoava dzo le anyigba dzi mlɔeba ayi dziƒo. Ame aɖewo se le wo ɖokui me be menye mía Wɔla la ƒe tameɖoɖo gbeɖe be anyigbaa nanye teƒe si míanɔ tegbee o. Nuteameɖokuilawo tɔ ya gbɔ eme gɔ̃ hã. Le wo dometɔ geɖe gome la, anyigbaa kple ŋutilãmenuwo katã—si xea mɔ na gbɔgbɔ me dzidzedzekpɔkpɔ akuakua kple tete ɖe Mawu ŋu—nye vɔ̃.

Anye be amesiwo do nukpɔsusu sia ɖa la menya nusi Mawu gblɔ tso paradisonyigba ŋu o loo alo ɖe wogbe be yewomaxɔ edzi ase o. Le nyateƒe me la, ame geɖe metsɔa ɖeke le nusi Mawu ƒe gbɔgbɔ ʋã amewo woŋlɔ ɖi le nya sia ŋu ɖe eƒe Nya, Biblia, me la me egbea o. (Timoteo II, 3:16, 17) Gake ɖe nunya mele eme be woaka ɖe Mawu ƒe Nya dzi wu be woaxɔ amewo ƒe nufiafiawo dzi ase oa? (Romatɔwo 3:4) Le nyateƒe me la, ele vevie be míaka ɖe edzi, elabena Biblia xlɔ̃ nu mí be nuwɔwɔ sẽŋu aɖe si ŋku mekpɔna o gbã ŋku na amewo le gbɔgbɔ me eye wòle ‘xexeame katã blem’ fifia.—Nyaɖeɖefia 12:9; Korintotɔwo II, 4:4.

Nukae He Tɔtɔa Vɛ?

Luʋɔ ŋuti nukpɔsusu siwo tsi tre ɖe wo nɔewo ŋu na amewo tɔtɔ le Mawu ƒe tameɖoɖo na anyigbaa ŋu. Ame geɖe xɔe se be luʋɔ makumaku aɖe—si nye nane si dona le amegbetɔ ƒe ŋutilã me eye mekuna o la—le mía si. Ame bubuwo xɔe se be luʋɔ la li hafi wowɔ amegbetɔ ƒe ŋutilã la. Numekugbalẽ aɖe gblɔ be Hela xexemenunyala Plato se le eɖokui me be ɖe “wotua” luʋɔ la “ɖe ŋutilãa me be wòanye nuvɔ̃ siwo wòwɔ esime wònɔ dziƒo la ŋuti tohehe.” Nenema kee ƒe alafa etɔ̃lia me mawunyaŋununyala Origen gblɔ be “luʋɔwo wɔ nuvɔ̃ [le dziƒo] hafi wobla woa kple ŋutilã aɖe” eye “wotu wo [ɖe ŋutilã ma me le anyigba dzi] be wòanye woƒe nuvɔ̃wo ŋuti tohehe.” Eye ame miliɔn geɖe xɔe se be anyigba nye amegbetɔ dokpɔƒe ƒomevi aɖe le eƒe mɔzɔzɔ yi dziƒo me.

Nukpɔsusu vovovo aɖewo hã li ku ɖe nusi dzɔna ɖe luʋɔa dzi ne ame ku ŋu. Agbalẽ si nye History of Western Philosophy gblɔ be, nukpɔsusu aɖe va su Egiptetɔwo si be “ame kukuwo ƒe luʋɔwo ɖiɖina yina ɖe vivimexexe me.” Emegbe xexemenunyalawo va ʋli nya be ame kukuwo ƒe luʋɔwo meɖiɖina yia vivimexexe doviviti aɖeke me o ke boŋ woliana yina gbɔgbɔmenuto aɖe si kɔkɔ wu la me. Wogblɔ be Hela xexemenunyala Socrates xɔe se vevie be ne ame ku la, luʋɔ la “dzona yina nuto makpɔmakpɔ [aɖe] me . . . eye wòyina ɖanɔa eƒe agbe mamlɛa kple mawuawo.”

Nukae Biblia Gblɔ?

Mawu ƒe Nya, Biblia, si tso gbɔgbɔ me la megblɔ le afi aɖeke be luʋɔ makumaku le amegbetɔwo si o. Wò ŋutɔ xlẽ nusi woŋlɔ ɖe Mose I, 2:7 nàkpɔ. Egblɔ be: “Yehowa Mawu tsɔ anyi mè ame, eye wògbɔ agbegbɔgbɔ ɖe eƒe ŋɔti me; ale ame la zu luʋɔ gbagbe.” Eme kɔ eye metɔtɔa ame o. Esi Mawu wɔ ame gbãtɔ, Adam, la, Mede vɔvɔli aɖe si womekpɔna o eme o. Ao, elabena Biblia gblɔ be “ame la zu luʋɔ gbagbe.” Luʋɔ menɔ amea me o. Amea ye nye luʋɔ.

Esi Yehowa nɔ anyigbaa kple amegbetɔƒomea wɔm la, meɖoe gbeɖe be amegbetɔ naku o. Mawu ƒe tameɖoɖoe nye be amegbetɔwo nanɔ agbe le anyigbaa dzi tegbee le Paradiso me. Esi Adam gbe toɖoɖo Mawu ƒe sewo tae wòku ɖo. (Mose I, 2:8, 15-17; 3:1-6; Yesaya 45:18) Esi ame gbãtɔ la ku la, ɖe wòyi ɖe gbɔgbɔmenuto aɖe mea? Ao! Eyama—luʋɔ Adam—trɔ yi anyi si me agbe mele o si wotsɔ wɔe la me.—Mose I, 3:17-19.

Mí katã míenyi nuvɔ̃ kple ku ƒe dome tso mía tɔgbui Adam gbɔ. (Romatɔwo 5:12) Ku sia nye anyimanɔmanɔ, abe alesi ko wòdzɔ ɖe Adam dzi ene. (Psalmo 146:3, 4) Le nyateƒe me la, Biblia mezã nyagbɔgblɔ siwo nye “makumaku” alo “agbe tegbee” tsɔ ku ɖe nya “luʋɔ” ŋu le eƒe agbalẽ 66-awo dometɔ aɖeke me o. Ke boŋ, Ŋɔŋlɔawo gblɔ eme kɔ ƒã be luʋɔ—ame la—kuna. Luʋɔ la kuna.—Nyagblɔla 9:5, 10; Xezekiel 18:4.

Ðe Ŋutilãmenuwo Nye Vɔ̃ Ƒomevi Aɖea?

Ke nukpɔsusu si nye be ŋutilãmenuwo, siwo me anyigba hã le, nye vɔ̃ ya ɖe? Nukpɔsusu siae nɔ Mani-nufiafia dzidelawo, si nye subɔsubɔha aɖe si amesi ŋkɔe nye Mani ɖo le Persia le ƒe alafa etɔ̃lia M.Ŋ. me si. The New Encyclopædia Britannica gblɔ be: “Dzimaɖitsitsi ɖe nɔnɔme si me amegbetɔwo le ŋue he Mani-nufiafia vɛ.” Mani xɔe se be amegbetɔnyenye nye “nu tutɔ, nu sesẽ, eye wònye vɔ̃ ŋutɔŋutɔ.” Exɔe se hã be mɔ si dzi ko woate ŋu ato ado le “dzimaɖitsitsi” sia mee nye be luʋɔ la nado le ŋutilãa me, adzo le anyigba dzi, ahazu gbɔgbɔ aɖanɔ gbɔgbɔmexexea aɖe me.

To vovo na esia la, Biblia gblɔ na mí be le Mawu ƒe nukpɔsusu nu la, “nusiwo katã wòwɔ” esime wònɔ anyigbaa kple amegbetɔƒomea wɔm la, ‘nyo ŋutɔ.’ (Mose I, 1:31) Ɣemaɣi la, mɔxenu aɖeke menɔ amegbetɔwo kple Mawu dome o. Adam kple Xawa nɔ ƒomedodo kplikplikpli me kple Yehowa, abe alesi ame deblibo Yesu Kristo nɔ ƒomedodo kplikplikpli me kple Fofoa si le dziƒo la ene.—Mateo 3:17.

Ne ɖe mía dzila gbãtɔwo, Adam kple Xawa, mewɔ nuvɔ̃ o la, anye ne ƒomedodo kplikplikpli le woa kple Yehowa Mawu dome tegbee le paradisonyigba dzi. Paradiso mee wodze agbe gɔme le, elabena Ŋɔŋlɔawo gblɔ na mí bena: “Yehowa Mawu tso abɔ ɖe Eden le ɣedzeƒe, eye wòtsɔ ame, si wòmè la, ɖo afima.” (Mose I, 2:8) Paradisobɔ ma mee wowɔ Xawa le. Ne ɖe Adam kple Xawa mewɔ nuvɔ̃ o la, anye ne woa kple woƒe dzidzimevi deblibowo awɔ dɔ aduadu dzidzɔtɔe vaseɖe esime anyigba bliboa zu paradiso. (Mose I, 2:21; 3:23, 24) Anye ne anyigba dzi Paradiso la nye ameƒomea ƒe aƒe tegbee.

Nukatae Ame Aɖewo Ayi Dziƒo?

‘Gake,’ ɖewohĩ abia be, ‘Biblia ƒo nu tso amewo ƒe dziƒoyiyi ŋu ɖe, alo?’ Ẽ. Le Adam ƒe nuvɔ̃wɔwɔ megbe la, Yehowa ɖoe be yeaɖo Dziƒofiaɖuƒe aɖe anyi si me Adam ƒe dzidzimevi aɖewo ‘aɖu fia’ kple Kristo ‘ɖe anyigba dzi’ le. (Nyaɖeɖefia 5:10; Romatɔwo 8:17) Woafɔ wo ɖe tsitre hena makumakugbenɔnɔ le dziƒo. Woƒe xexlẽmee nye ame 144,000, eye Yesu ƒe ƒe alafa gbãtɔ me nusrɔ̃la wɔnuteƒewoe nye wo dometɔ gbãtɔwo.—Luka 12:32; Korintotɔwo I, 15:42-44; Nyaɖeɖefia 14:1-5.

Gake menye Mawu ƒe gɔmedzetameɖoɖoe wònye be amegbetɔ wɔnuteƒewo nadzo le anyigba dzi ayi dziƒo o. Le nyateƒe me la, esime Yesu nɔ anyigba dzi la, egblɔ be: “Ame aɖeke melia yi dziƒo kpɔ o, negbe amesi ɖi tso dziƒo va ko, eyae nye Amegbetɔvi, si le dziƒo.” (Yohanes 3:13) Mawu to “Amegbetɔvi,” Yesu Kristo, dzi xe tafe si nana be amesiwo xɔ Yesu ƒe vɔsaa dzi se la nate ŋu akpɔ agbe mavɔ. (Romatɔwo 5:8) Gake afikae ame miliɔn siawo anɔ tegbee?

Mawu ƒe Gɔmedzetameɖoɖo Ava Eme

Togbɔ be Mawu ɖoe be yeatsɔ ame aɖewo tso ameƒomea dome be woanye hatidziɖulawo kple Yesu Kristo le Dziƒofiaɖuƒea me hã la, ema mefia be ame nyuiwo katã ayi dziƒo o. Yehowa wɔ anyigbaa be wòanye Paradiso-ƒe na ameƒomea. Eteƒe madidi kura o, Mawu ana eƒe gɔmedzetameɖoɖo ma nava eme.—Mateo 6:9, 10.

Le Yesu Kristo kple ehati dziɖula siwo le dziƒo ƒe dziɖuɖu te la, ŋutifafa kple dzidzɔkpɔkpɔ axɔ anyigba bliboa dzi. (Psalmo 37:9-11) Woafɔ amesiwo Mawu tsɔ de susu me la ɖe tsitre eye woanɔ lãmesẽ deblibo me. (Dɔwɔwɔwo 24:15) Ameƒome toɖolawo ƒe nuteƒewɔwɔ na Mawu awɔe be woatsɔ nusi mía dzila gbãtɔwo bu—si nye agbe mavɔ le amegbetɔ ƒe blibodede me le paradisonyigba dzi—la na wo.—Nyaɖeɖefia 21:3, 4.

Yehowa Mawu medoa kpo nusi wòɖo be yeawɔ la wɔwɔ o. Eto eƒe nyagblɔɖila Yesaya dzi gblɔ bena: “Alesi tsidzadza kple sno dzana tso dziƒo, eye megagbugbɔna yina o, ke boŋ wòdea tsi anyigba wònana wòmiea nu heʋãa nu, eye wònaa nuku nuƒãla kple abolo, ne woaɖu la, nenema ke nye nya, si do tso nye nu me la anɔ: Magbugbɔ va gbɔnye ƒuƒlu o, negbe ɖeko wòawɔ nye lɔlɔ̃nu, eye wòawɔ nusi gbe meɖoe ɖo la hafi.”—Yesaya 55:10, 11.

Le Biblia-gbalẽ si nye Yesaya me la, míekpɔ alesi agbe ava nɔ le Paradisonyigbaa dzii. Paradiso me tɔ aɖeke magblɔ be “yele dɔ lém o.” (Yesaya 33:24) Lãwo mawɔ nuvevi ame o. (Yesaya 11:6-9) Amewo atso aƒe dzeaniwo anɔ wo me eye woaƒã agblemenuwo aɖu aɖi ƒo. (Yesaya 65:21-25) Gawu la, Mawu “ami ku saɖagatsi tegbee, eye Aƒetɔ Yehowa atutu aɖatsi ɖa le ŋkuwo katã me.”—Yesaya 25:8.

Eteƒe madidi o, ameƒome toɖolawo anɔ nɔnɔme nyui siawo me. ‘Woaɖe wo tso gbegblẽ ƒe kluvinyenye me ayi ɖe mawuviwo ƒe ŋutikɔkɔe ƒe ablɔɖe me.’ (Romatɔwo 8:21) Dzidzɔ kae nye si wòanye be woanɔ agbe tegbee le Paradisonyigba si ƒe ŋugbe wodo la dzi! (Luka 23:43) Àte ŋu anɔ afima ne enɔ agbe ɖe Ŋɔŋlɔawo me sidzedze vavãtɔ nu hexɔ Yehowa Mawu kple Yesu Kristo dzi se. Eye kakaɖedzi ate ŋu anɔ asiwò be susu le eme be woaxɔ paradisonyigbaa ƒe nya dzi ase.

[Nɔnɔmetata si le axa 5]

Wowɔ Adam kple Xawa be woanɔ agbe tegbee le paradisonyigba dzi

[Nɔnɔmetata si le axa 7]

Le anyigba dzi paradisoa me la, . . .

woatu xɔwo

woade weingblewo

Yehowa ayra wo

[Nɔnɔmetata si le axa 4]

U.S. Fish & Wildlife Service, Washington, D.C./NASA