Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Ðe Nàte Ŋu Axɔ Paradisonyigba ƒe Nya Dzi Asea?

Ðe Nàte Ŋu Axɔ Paradisonyigba ƒe Nya Dzi Asea?

Ðe Nàte Ŋu Axɔ Paradisonyigba ƒe Nya Dzi Asea?

AME ʋɛ aɖewo koe xɔe se be anyigba la ava zu paradiso gbaɖegbe. Ame geɖe buna be manɔ anyi ɖaa o. Agbalẽ si nye The Sacred Earth, si Brian Leigh Molyneaux ŋlɔ, gblɔ be ‘nu gã aɖe si wó’ ƒe miliɔn gbogbo aɖewo enye si va yie na anyigba sia do. Eye ame geɖe xɔe se be ne ame ŋutɔ metsrɔ̃ anyigba o la, woa kple xexeame katã “agazu dzokpe” mlɔeba.

Mɔkpɔkpɔbuɖeame ƒe susu sia menɔ ƒe alafa 17 lia me Eŋlisi hakpanyaŋlɔla John Milton si o. Eŋlɔ le eƒe hakpanya didi wɔdɔɖeamedzi si nye Paradise Lost me be Mawu wɔ anyigbaa be wòanye paradisoƒe na amegbetɔƒomea. Paradiso gbãtɔ ma bu. Gake Milton xɔe se be woagbugbɔe aɖo anyi—eye ɖela aɖe si nye Yesu Kristo “aɖo eteƒe na amesiwo wɔ nuteƒe nɛ, eye wòaxɔ wo ɖe dzidzɔkpɔkpɔ me . . . le Dziƒo alo Anyigba dzi” gbeɖeka. Milton gblɔ kakaɖedzitɔe be: “Ɣemaɣi la, Anyigbaa anye Paradiso.”

Paradiso—le Dziƒo loo alo le Anyigba Dzi?

Milton ƒe nukpɔsusua le ame geɖe siwo doa vevie mawusubɔsubɔ si be yewoava xɔ teƒeɖoɖo aɖe ƒomevi gbeɖeka le nu dziŋɔ kple vevesese siwo me wòle be yewoado dzi le le anyigba sia dzi ta. Gake afikae woase vivi na teƒeɖoɖo ma le? Ðe wòanye “le Dziƒo loo alo le Anyigba dzia”? Le ame aɖewo gome la, anyigba ya mevaa susu me na wo o. Wogblɔna be ne amewo dzo le anyigba dzi yi ɖale gbɔgbɔmexexe aɖe me le dziƒo ko hafie ‘woakpɔ dzidzɔ.’

Le agbalẽ si nye Heaven—A History me la, eŋlɔlawo C. McDannell kple B. Lang gblɔ be ƒe alafa evelia me mawunyaŋununyala Irenaeus xɔe se be agbenɔnɔ le paradiso si wogbugbɔ ɖo anyi me “manye le esi le didiƒe dziƒonuto aɖe me o, ke boŋ le anyigba dzi.” Agbalẽ ma gblɔ be, togbɔ be subɔsubɔhakplɔlawo abe John Calvin kple Martin Luther ene kpɔ mɔ be yewoayi dziƒo hã la, woxɔe se hã be “Mawu awɔ anyigba yeyee.” Dzixɔse siawo tɔgbe le subɔsubɔha bubuwo me tɔwo hã si. McDannell kple Lang gblɔ hã be Yudatɔ aɖewo xɔe se be le Mawu ƒe ɣeyiɣiɖoɖi dzi la, “woaɖe” amegbetɔwo ƒe fukpekpewo katã ɖa “eye woanɔ agbe si me dzidzeme le le anyigba dzi.” The Encyclopaedia of Middle Eastern Mythology and Religion gblɔ be, blema Persiatɔwo xɔe se be “woagbugbɔ nɔnɔme si me anyigba nɔ le gɔmedzedzea me la aɖɔ ɖo eye amewo aganɔ ŋutifafa me ake.”

Nukae dzɔ ɖe paradisonyigbaa ƒe mɔkpɔkpɔ dzi? Ðe woɖoe be míanɔ anyigba dzi vaseɖe ɣeyiɣi aɖe koa? Abe alesi ƒe alafa gbãtɔ me Yudatɔ xexemenunyala Philo susui ene la, ɖe woɖoe be wòanye mɔzɔzɔ yi gbɔgbɔmenuto aɖe me “ɣeyiɣi kpui aɖe ƒe nuteƒekpɔkpɔ, si wɔa nublanui zi geɖe” laa? Alo ɖe nu bubu aɖe nɔ susu me na Mawu esime wòwɔ anyigba heda amegbetɔwo ɖe edzi le paradiso ƒe nɔnɔmewo mea? Ðe amegbetɔƒomea ate ŋu akpɔ gbɔgbɔmedzidzeme vavã kple dzidzɔ le anyigba dzi afisia? Ðe manyo be nàdzro nusi Biblia gblɔ le nya sia ŋu me akpɔ oa? Ðewohĩ aƒo nya ta, abe alesi ame miliɔn geɖe ƒoe xoxo ene, be esɔ be woakpɔ mɔ na anyigba dzi paradiso si wogbugbɔ ɖo anyi nyateƒe.

[Nɔnɔmetata si le axa 3]

Hakpanyaŋlɔla John Milton xɔe se be woagbugbɔ Paradiso aɖo anyi

[Nɔnɔmetata Tsoƒe si le axa 3]

Anyigba: U.S. Fish & Wildlife Service, Washington, D.C./NASA; John Milton: Leslie’s