Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Dzi Nedzɔ Wò le Mɔkpɔkpɔ Me

Dzi Nedzɔ Wò le Mɔkpɔkpɔ Me

Dzi Nedzɔ Wò le Mɔkpɔkpɔ Me

KANSA lé Joe, eye wòle kuku ge. Srɔ̃a, Kirsten, kple exɔlɔ̃ ʋɛ aɖewo le egbɔ le dze ɖom. Kirsten trɔ kpɔ srɔ̃a, eye wòkpɔ aɖatsi le mo nɛ. Gbã la, esusui be veve semee Joe nɔ. Ðewohĩ anya nɔ veve sem ya, gake egblɔ na srɔ̃a be menye vevesese ye na yele avi fam o.

Kirsten gblɔ be: “Joe xɔlɔ̃ veviwo va egbɔ le ɣeyiɣi sesẽ sia me. Gakpe ɖe eŋu hã, mɔkpɔkpɔ xɔasi aɖe nɔ esi si dzi wòka ɖo azɔ wu ɣeyiɣi ɖesiaɖe le eƒe agbe me, eye enyae be ame aɖeke mate ŋu axɔe le ye si o. Egblɔ nam be dzidzɔvi famee yenɔ. Joe ku le zã ma me.”

Mɔkpɔkpɔ kae lé Joe ɖe te esi eƒe dɔlélea va nɔ sesẽm ɖe edzi? Agbe mavɔ nɔnɔ le lãmesẽ blibo me le paradisonyigba dzi si ƒe ŋugbe Yehowa Mawu do lae. (Psalmo 37:10, 11, 29) Nyaɖeɖefia 21:3, 4 gblɔ be: “Mawu ƒe agbadɔ la le amewo gbɔ . . . Mawu latutu aɖatsi sia aɖatsi ɖa le woƒe ŋku me, eye ku maganɔ anyi akpɔ o, eye konyifafa kple ɣlidodo kple veve aɖeke maganɔ anyi o; elabena nu gbãtɔwo [siwo ƒe ɖee nye kuxi gbogbo siwo li egbea] nu va yi.”

Mɔkpɔkpɔ si Li na Ame Kukuwo Kura Gɔ̃ Hã

Mɔkpɔkpɔ sia ava eme na Joe ne wofɔe tso yɔdo me. Le nyateƒe me la, Yesu ƒe ŋugbedodo be “amesiwo katã le yɔdowo me”—siwo nye ame kuku siwo dzi Mawu ɖoa ŋkui—afɔ tso ku me la de dzi ƒo nɛ ale gbegbe. (Yohanes 5:28, 29) Ðe ƒometɔ alo xɔlɔ̃ vevi aɖe ƒe ku na nèle nu xama? Ekema tsitretsitsi mɔkpɔkpɔa ate ŋu ade dzi ƒo na wò hã. Ele eme be mɔkpɔkpɔ sia maɖe nuxaxa si wò ame vevia ƒe kua do na wò la ɖa keŋkeŋ ya o. Yesu ŋutɔ “fa avi” esi exɔlɔ̃ Lazaro ku. Ke hã, mɔkpɔkpɔ si le mía si la ɖea míaƒe nuxaxaa dzi kpɔtɔna.—Yohanes 11:14, 34, 35; Tesalonikatɔwo I, 4:13.

Kirsten gblɔ be: “Esi kansa wu Joe la, mese le ɖokuinye me be nyemagakpɔ dzidzɔ ŋutɔŋutɔ le agbe me akpɔ o. Togbɔ be ƒe aɖewo va yi xoxo hã la, mekpɔe be le xexe sia me la, nye agbe magate ŋu anɔ abe alesi wònɔ tsã ene o. Joe ƒe kua na metsi ya me. Ke hã, mate ŋu agblɔe anukwaretɔe be nye susume dze akɔ anyi, eye meɖe dzi ɖi.”

Kirsten ƒe nyawo ɖo ŋku edzi na mí be le xexe sia me la, míate ŋu anɔ dzidzɔ kpɔm ɣesiaɣi o. Menye ɣesiaɣie nuwo zɔna nyuie le agbe me o. Eye ɣeyiɣi aɖewo li, siwo nye nuxaɣi, siwo me masɔ le kura be míanɔ dzidzɔ kpɔm o. (Nyagblɔla 3:1, 4; 7:2-4) Eye nu geɖe ate ŋu ana mía dometɔ aɖewo hã anya nɔ blanui lém. Ke hã, Biblia ƒe ŋugbedodowo ate ŋu afa akɔ na mí ŋutɔ, eye nunya si ƒo ɖesiaɖe ta, si míate ŋu akpɔ tso Biblia me la ate ŋu akpe ɖe mía ŋu míaƒo asa na nusiwo awɔe be míakpɔ dzidzɔ o. Mawu gblɔ be: “Ke amesi ɖoa tom la, anɔ anyi bɔkɔɔ, eye dzɔgbevɔ̃e ƒe ŋɔdzidoname maɖe dzi le eƒo o.”—Lododowo 1:33.

Ẽ, Yehowa tsɔa ɖe le eme na mí vevie. Edi be míakpɔ dzidzɔ—menye le gotagome ko o, ke boŋ le ememe eye menye hena ƒe ʋɛ aɖewo ko o, ke boŋ tegbee! Eyata Via gblɔ nyateƒenya siawo siwo sɔ ɖe ɣeyiɣia nu, be: ‘Dzidzɔtɔwoe nye amesiwo tsɔa ɖe le woƒe gbɔgbɔ me nuhiahiã me.’ (Mateo 5:3) Ade mía dzi ne míewɔ ɖe eƒe nyawo dzi.—g4/06.

[Aɖaka/Nɔnɔmetata si le axa 9]

Nu Asieke si Ana Ame Nakpɔ Dzidzɔ

1. Ðe tsɔtsɔ le mawusubɔsubɔ me.Mateo 5:3.

2. Nusiwo le ame si ƒe ame ŋu dzedze, asa ƒoƒo na “galɔlɔ̃.”Timoteo I, 6:6-10.

3. Alesi agbeɖuɖu manye nu vevitɔ na ame o.Timoteo II, 3:1, 4.

4. Dɔme nyonyo, ame bubuwo ƒe nyonyo didi.Dɔwɔwɔwo 20:35.

5. Akpedala nyenye, ŋudzedze kpɔkpɔ ɖe nu ŋu.Kolosetɔwo 3:15.

6. Vodadawo tsɔtsɔ ke.Mateo 6:14.

7. Zɔhɛwo tiatia nunyatɔe.Lododowo 13:20.

8. Agbe dzadzɛ nɔnɔ, asa ƒoƒo na nuwɔna gbegblẽwo.Korintotɔwo II, 7:1.

9. ‘Dzidzɔ si anɔ ame me le mɔkpɔkpɔ’ si Biblia na ta.Romatɔwo 12:12.

[Nɔnɔmetata si le axa 9]

Agbe nɔnɔ le xexe yeye aɖe me, si ƒe mɔkpɔkpɔ Biblia na mí la, faa akɔ na mí ŋutɔ