Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Xɔlɔ̃dzedze Le Suku—Afikae Wòle Be Wòase Ðo?

Xɔlɔ̃dzedze Le Suku—Afikae Wòle Be Wòase Ðo?

Sɔhɛwo Biana Be . . .

Xɔlɔ̃dzedze Le Suku—Afikae Wòle Be Wòase Ðo?

“Mía tɔ sukuviwo ƒoa nu tso nu dodzidzɔname siwo katã wowɔ le kwasiɖa ƒe nuwuwu la ŋu. Ðeko metsia akogo kura.” —Michelle. *

“Ɣeaɖewoɣi la, mekpɔa ɖevi aɖewo le ƒuƒoƒo me hebuna be, ‘Ei, xɔlɔ̃ vevi aɖewoe nye ma. Medi be manɔ wo dome.’”—Joe.

“Xɔlɔ̃dzedze le suku mesesẽna nam o. Mesesẽna kura o. Emae nye nye kuxia.”—Maria.

ÈZÃA ŋkekea ƒe akpa gãtɔ tsɔ nɔa wò sukuhatiwo dome. Mia kpli wo mietoa kuxi kple dziɖeleameƒonu geɖe me ɖekae hewɔa dɔdasiwo hã ɖekae. Le go aɖewo me la, awɔ na wò be kadodo le mia kpli wo dome wu mia kple dziwòlawo, nɔviwòwo, alo hawòti Kristotɔwo. Eme kɔ be àdi be yeadze xɔ̃ wo. Ðe esia gblẽa? Ðe afɔku aɖewo le eŋua? Afikae wò xɔlɔ̃dzedze sukuviwo aɖo hafi woagblɔ be egbɔ eme? Afikae wòle be nàsee ɖo?

Ehiã be Xɔlɔ̃wo Nanɔ Asiwò

Ehiã be xɔlɔ̃ nanɔ amesiame si—amesiwo mia kpli wo miakpɔ dzidzɔ le ɣeyiɣi nyuiwo me eye miakpe ɖe mia nɔewo ŋu le ɣeyiɣi sesẽwo hã me. Xɔlɔ̃wo nɔ Yesu si, eye woa kpli wo wokpɔ dzidzɔ ɖekae. (Yohanes 15:15) Eye esime Yesu nɔ kukum le fuwɔametia ŋu la, exɔlɔ̃ vevi Yohanes, si nye “nusrɔ̃la, si Yesu lɔ̃na” vevie la, nɔ afima. (Yohanes 19:25-27; 21:20) Èhiã xɔlɔ̃ mawo ƒomevi—amesiwo anɔ ŋuwò le ɣeyiɣi nyui kple ɣeyiɣi vɔ̃wo me. Biblia me lododo aɖe gblɔ be: “Xɔlɔ̃ lɔ̃a ame ɣesiaɣi, eye wòtrɔna dzɔa ame nɔvi le hiã me.”—Lododowo 17:17.

Ðewohĩ awɔ na wò be yekpɔ ame ma tɔgbe aɖe le suku, si nye wò sukuhati aɖe si mia kpli dome vivina nyuie. Nuwo li siwo dzɔa dzi na mia kplii eye mieɖoa dze. Anɔ eme be amea menye Yehowa Ðasefo o ya; gake wò ya mele ekpɔm be hadede kplii nye ‘hadede vɔ̃’ hã o. (Korintotɔwo I, 15:33) Enye nyateƒe be sɔhɛ aɖewo siwo mexɔ Biblia dzi se abe alesi nèxɔe se ene o la nɔa agbe nyui ya. (Romatɔwo 2:14, 15) Gake ɖe ema fia be ele be woanye xɔ̃wò veviwoa?

Kristotɔwo Dea Ha Kple Amewo Faa

Amesiame nya be Kristotɔ vavãwo kple dzimaxɔsetɔwo nɔa teƒe ɖeka. Elabena hafi Kristotɔwo nate ŋu awɔ dɔ si wode wo si be ‘woawɔ dukɔwo katã me nɔlawo woanye nusrɔ̃lawo’ la, ele be woaɖo dze kple ameƒomea me tɔwo katã, eɖanye subɔsubɔha ka mee wole o. (Mateo 28:19) Womeɖea wo ɖokui ɖe aga tso wo haviwo, dɔwɔhatiwo, alo sukuhatiwo ŋu o. Ke boŋ, Kristotɔwo tsɔa ɖe le eme na ame bubuwo vevie.

Apostolo Paulo ɖo kpɔɖeŋu nyui aɖe ɖi le go sia me. Enya alesi wòaɖo dze kple “amewo katã,” togbɔ be menye dzixɔse ɖekae le woa kpli wo si o hã. Gake menye Paulo ƒe susue nye be yeade ha kplikplikpli kple wo o. Egblɔ boŋ be: “Nyanyui la ta mewɔ wo katã ɖo, bene nye hã makpɔ gome le eme.”—Korintotɔwo I, 9:22, 23.

Àte ŋu asrɔ̃ Paulo ƒe kpɔɖeŋua. Do vivi ɖe wò sukuhatiwo ŋu. Dze agbagba mia kpli wo dome nanɔ nyuie. Ðewohĩ wò sukuhati aɖewo anɔ Biblia me mɔkpɔkpɔ si le asiwò la dim. Bu ɖetugbi Kristotɔ aɖe si ŋkɔe nye Janet ŋu kpɔ. Wode dɔ asi na woa kple eƒe sukuxɔmehatiwo be woaŋlɔ nu kpui aɖe tso wo nɔewo ŋu, eye sukuviawo dometɔ ɖesiaɖe xlẽ nusiwo woŋlɔ tso eŋu la. Nusiwo woŋlɔ tso Janet ŋu la dometɔ ɖeka enye: “Edze abe dzi dzɔa wò ɣesiaɣi ene. Míeɖe kuku gblɔ nusitae la na mí!”

Abe alesi kpɔɖeŋu sia ɖee fia ene la, wò sukuhati aɖewo adi be yewoanya nu tso wò dzixɔsewo ŋu. Anyo be nàwɔ nu kple amesiawo xɔlɔ̃wɔwɔtɔe. Ðikekemanɔmee la, esia ana mɔnukpɔkpɔ wò be nàƒo nu tso wò dzixɔsewo ŋu na wo. Na wò sukuhatiawo hã naɖe woƒe susuwo agblɔ, eye nàɖo to wo nyuie. Nusiwo nàsrɔ̃ tso nuwɔwɔ kple hawòtiwo me la ava ɖe vi na wò ŋutɔ emegbe ne eva dze dɔwɔwɔ gɔme eye nèdo go nɔnɔme mawo ƒomevi. Le suku kple le dɔwɔƒe la, nuwɔwɔ kple amewo vividodoɖeameŋutɔe akpe ɖe ŋuwò “[nàɖo] atsyɔ̃ na Mawu, mía xɔla ƒe nufiafia la le nuwo katã me.”—Tito 2:10.

Hadede Siwo Masɔ O

Le nyateƒe me la, vovototo le vivi dodo ɖe sukuhati ŋu kple xɔlɔ̃ dzedzee kplikplikpli dome. Paulo ŋlɔ bena: “Migade ha kple amesiwo mexɔ se o la le nuwɔna aɖeke me o.” (Korintotɔwo II, 6:14, Nubabla Yeye La) Hafi ame aɖe nanye xɔ̃wò vevi la, ele be gɔmeɖose kple taɖodzinu ɖeka nanɔ mia kpli siaa si. Esia manya wɔ kple amesi ƒe dzixɔsewo kple dzidzenuwo mewɔ ɖeka kple Ŋɔŋlɔawo tɔ o. Hadede kple sukuhati dzimaxɔsetɔ ate ŋu ana nàwɔ nu gbegblẽwo alo agblẽ wò nɔnɔme nyuiwo.

Esia dzɔ ɖe Maria dzi hafi wòva nya. Alesi wòdoa vivi ɖe amewo ŋu na be xɔlɔ̃ gbogbo aɖewo va nɔ esi, gake menya afisi wòade ha kpli wo ase ɖo o. Elɔ̃ ɖe edzi be: “Medina be nyɔnuviwo kple ŋutsuviwo siaa nalɔ̃ nye nya. Esia wɔe be meva nɔ nyɔnyrɔm ɖe xexe sia ƒe ba me.”

Abe Maria ene la, ɖewohĩ esesẽna na wò be nànya afisi wòle be xɔlɔ̃ dzedze amesi ƒe dzixɔsewo mesɔ kple tɔwò o nase ɖo. Ke hã, àte ŋu akpɔ ɖokuiwò ta tso dzigbãnyawo me ne ètia amesiwo anye wò ame nyanyɛwo ko kple amesiwo anye xɔ̃wò veviwo la nyuie. Aleke nàte ŋu awɔe?

Alesi Nàtia Xɔlɔ̃ Nyuiwoe

Abe alesi míegblɔe va yi ene la, xɔlɔ̃ veviwo nɔ Yesu si esime wònɔ anyigba dzi. Yesu wɔ esia to alesi wònɔ agbe nyui heƒo nu tso gbɔgbɔmenuwo ŋu me. Ne amewo lɔ̃ eƒe nufiafia kple eƒe agbenɔnɔ la, edzea xɔ̃ wo. (Yohanes 15:14) Le kpɔɖeŋu me, esi ŋutsu ene aɖewo nya se Yesu ƒe nyawo vɔ ko la, eʋã wo ale gbegbe be “wogblẽ nuwo katã ɖi, eye wodze eyome.” Ŋutsu siawo—siwo nye Petro, Andrea, Yakobo, kple Yohanes—va zu Yesu xɔlɔ̃ veviwo.—Luka 5:1-11; Mateo 4:18-22.

Yesu ƒe nuƒoƒo kple nuwɔna na wòdze ƒã be nusiwo dzi wòxɔ se la nɔ vevie nɛ eye ame aɖeke ƒe nuwɔna mana wòaɖe asi le wo ŋu o. Amesiwo melɔ̃ ɖe eƒe nya dzi o la trɔ le eyome, eye Yesu mexe mɔ na wo o.—Yohanes 6:60-66.

Le kpɔɖeŋu me, ɖekakpui aɖe ƒe nuwɔwɔ anukwaretɔe wɔ dɔ ɖe Yesu dzi. Biblia gblɔ be: ‘Ðekakpuia ƒe nu nyo Yesu ŋu ŋutɔ.’ Gake esi ɖekakpuia nya se nusi Yesu dina tsoa exɔlɔ̃wo si ko la, “edzo.” Ðekakpuia dze ame nyui aɖe—le nyateƒe me la, ‘eƒe nu nyo Yesu ŋu ŋutɔ.’ Gake menye esia koe Yesu di tso exɔlɔ̃wo si o. (Marko 10:17-22; Mateo 19:16-22) Ke wò ya ɖe?

Ðewohĩ mia kple wò sukuhati aɖe dome vivina nyuie. Gake bia ɖokuiwò be: ‘Ðe amesia lɔ̃na be yeawɔ Yesu ƒe sewo dzia? Ðe wòdina be yeasrɔ̃ nu tso Yehowa, amesi Yesu be míade ta agu na, la ŋua?’ (Mateo 4:10) Ne èle dze ɖom kple wò sukuhatiwo hele agbe nɔm ɖe Biblia ƒe dzidzenuwo nu la, àkpɔ ŋuɖoɖo na nyabiase siawo.

Esɔ be nàdo vivi ɖe wò sukuhatiwo ŋu abe alesi Yesu hã do vivi ɖe amewo katã ŋui ene. Gake amesiwo lɔ̃ Fofoa, Yehowa, si le dziƒo, koe zu Yesu xɔlɔ̃ veviwo. Wò hã àte ŋu awɔ nenema. ‘Nɔ agbe nyui’ le suku, eye nàtsɔ aɖaŋudzedze aƒo nu tso wò dzixɔsewo ŋu na ame bubuwo. Vevietɔ wu la, kpɔ egbɔ be yetia xɔlɔ̃ nyuitɔwo kekeake.—Petro I, 2:12.—g4/06.

BU NYA SIAWO ŊU

▪ Afɔku kawoe le modzaka ɖeɖe kple sukuhati dzimaxɔsetɔwo me le kpakpã le suku vɔ megbe me? Ðe nunya le nuwɔna sia mea?

▪ Esi nèxlẽ nyati sia vɔ la, ɖe wòwɔ na wò be mia kple sukuhati aɖe dome le kplikplikpli akpaa? Ne nenemae la, nukae nàte ŋu awɔ tso eŋu?

[Etenuŋɔŋlɔ]

^ mm. 3 Míetrɔ ŋkɔ aɖewo.

[Aɖaka/Nɔnɔmetata siwo le axa 18]

Aleke Mawɔ Adze Xɔlɔ̃ Vavãwo?

Le Yehowa Ðasefowo ƒe video sia me la, wobia gbe sɔhɛ siwo tso Amerika, Italy, France, kple Spain. Videoa le gbegbɔgblɔ 36 me.

[Nɔnɔmetata si le axa 18]

Wò sukuhati aɖewo adi vevie be yewoanya wò dzixɔsewo