Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Ŋkuléle Ðe Xexeame Ŋu

Ŋkuléle Ðe Xexeame Ŋu

 Ŋkuléle Ðe Xexeame Ŋu

Spain dziɖuɖua ɖoe be woanɔ adzɔ siwo dumeviwo xe la ƒe akpa 1 le 100 me, ƒe afã tsɔm na dɔmenyo habɔbɔwo loo alo Katoliko habɔbɔwo, gake adzɔa xelawo ŋutɔe atia habɔbɔ si woatsɔe na. Togbɔ be Spaintɔ 80 le alafa me gblɔna be Katolikotɔwoe yewonye hã la, wo dometɔ 20 le alafa me koe tiae be woaɖo gaa ɖe Katoliko habɔbɔwo.—EL PAÍS, SPAIN.

Amewo ƒe agbenɔƒe ŋuti kɔntabubu si Akɔntabuhabɔbɔ aɖe wɔ ɖee fia be “amesi xɔ ƒe 30 eye wònoa atama la aku do ŋgɔ na amesiwo menonɛ o; ne ŋutsue wònye la, aku ƒe atɔ̃ kple afã do ŋgɔ, eye ne nyɔnue wònye la, aku ƒe ade kple afã do ŋgɔ.” Gake ɖewohĩ amesi dzudzɔ atama nono esime wòxɔ ƒe 30 la maku le dɔléle si atamanono hena vɛ ta o.—THE TIMES, ENGLAND.

Le ƒe 2004 me la, mɔ̃memi si wozã le xexeame gbesiagbe ƒe agbɔsɔsɔ dzi ɖe edzi tso gago gã miliɔn 79, akpe 700 kloe va ɖo miliɔn 82, akpe 400. Mɔ̃memi agbɔsɔsɔme si Amerika kple China tɔwo zã la gbɔe dzidziɖedzi sia ƒe afã kloe tso, eye fifia Amerikatɔwo zãna mɔ̃memi gago gã miliɔn 20, akpe 500, eye Chinatɔwo zãna gago gã miliɔn 6, akpe 600 gbesiagbe.—VITAL SIGNS 2005, WORLDWATCH INSTITUTE.—g2/06.

“Kpɔ Ŋudzedze ɖe Dɔ si Dawò Wɔna Ŋu”

Amesiwo léa ŋku ɖe dɔwɔnyawo ŋu bu akɔta be, ne ɖe woaxe fe na Canada vidada si medea dɔme o, siwo si sukuvi eve le, ɖe dɔ siwo katã wòwɔna ta la, ga si wòakpɔ ƒe sia ƒe anye Canada dɔlar 163,852. Nyadzɔdzɔgbalẽ si nye Vancouver Sun gblɔ be ga si woaxe na ame akpa gãtɔ ɖe “gaƒoƒo 100 ƒe dɔwɔwɔ le kwasiɖa me, si nye dɔ wɔwɔ gaƒoƒo 15 hena ŋkeke ade kple gaƒoƒo 10 le ŋkeke adrelia dzi,” dzie wonɔ te ɖo bu ga sia. Dɔ si vidada siawo wɔna la dometɔ aɖewoe nye ɖeviwo dzi kpɔkpɔ, nu fiafia, ʋu kuku, nu ɖaɖa, dɔnɔ dzi kpɔkpɔ, kple aƒeme dzadzra ɖo. Nyadzɔdzɔgbalẽa ɖo aɖaŋu be: “Kpɔ ŋudzedze ɖe dɔ siwo dawò wɔna ŋu: Ðewohĩ ewɔa dɔ wu alesi nèbui.”—g2/06.

Sɔhɛwo ƒe Tiatia Siwo Tsi Tre Ðe Wo Nɔewo Ŋu

Jyväskylä Yunivɛsiti si le Finland ƒe nyadzɔdzɔgbalẽ aɖe ka nya ta be Finlandtɔ siwo nye sɔhɛwo dometɔ geɖe va le “alesi wòdze be ame nanɔ agbee la ɖom na wo ɖokui.” Nyadzɔdzɔgbalẽa gblɔ be nusi bɔ egbea enye be “amewo tiana nusi wokpɔ be esɔ la tsoa teƒe vovovowo abe ɖe wole nu ƒlem le asime ene.” Woƒe tiatiawo tsia tre ɖe wo nɔewo nu ɣeaɖewoɣi. Le kpɔɖeŋu me, sɔhɛ aɖewo xɔe se be ele vevie be woama dukɔa ƒe kesinɔnuwo sɔsɔe; gake le ɣeyiɣi ma ke me la, “wova le ebum hã be ele be yewoaʋli ho vevie be nusi dim yewole nasu yewo si, ne ahiã akpasesẽnuwɔwɔ kura gɔ̃ hã.”—g2/06.

Kluvinyenye si Li Egbea

Dukɔ Ƒoƒuawo ƒe Dukɔwo Dome Dɔwɔlawo ƒe Habɔbɔ ƒe numekuku aɖe gblɔ be: “Le Xexeame katã la, wozi ame miliɔn 12, akpe 300, ya teti dzi be woawɔ dɔ si womedi o.” Wosusu be amesiawo dometɔ miliɔn 2, akpe 400, nye amesiwo wodzra wozu kluviwo. Dɔ siwo wozina ɖe wo dzi dometɔ aɖewo nye gbolowɔwɔ, asrafodɔwo, kple awɔbadɔ siwo ta woxea fe sue aɖe alo ɖeke kura o ɖo, le esi wònye fea aɖe nue wole dɔa wɔm ɖo ta. Dukɔ Ƒoƒuawo ƒe Habɔbɔ sia ƒe dɔdzikpɔlagã Juan Somavia gblɔ be dɔwɔwɔ alea “nye ame ƒe gomenɔamesi xɔxɔ le esi kple bubu mademade eŋu.”—g3/06.

Amewo ƒe Nɔnɔme ɖe Kesinɔnuwo Kpɔkpɔ Ŋu

ABC News Online ka nya ta be, numekuku aɖe si Australiatɔwo ƒe numekuhabɔbɔ aɖe wɔ tso amewo ƒe nɔnɔme ɖe kesinɔnuwo kpɔkpɔ ŋu ɖee fia be ne wotsɔ Australiatɔwo ƒe kesinɔtɔ gãtɔwo dometɔ 20 la, ame 1 koe buna be nu dze edzi na ye le agbe me. Numekuhabɔbɔa dzi kpɔla Clive Hamilton gblɔ be: “Zi alesi ame ƒe kesinɔnuwo le dzidzim ɖe edzi la, zi nenemae nusiwo wòkpɔna megava dzea eŋu o.” Le nyateƒe me la, hotsuitɔ gãtɔwo dometɔ 13 le alafa me koe sena le wo ɖokui me be nu dze edzi na yewo le agbe me. Hamilton gblɔ kpee be: “Esɔ be woabia nusitae wònye be amewo tia ga yome vevie wu nusianu, evɔ wòdze ƒã be nu bubuwoe nana ame kpɔa dzidzeme ŋutɔŋutɔ le agbe me hafi.—g4/06.