Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Àte Ŋu Akpɔ Dzidzɔ Vavãtɔ!

Àte Ŋu Akpɔ Dzidzɔ Vavãtɔ!

 Àte Ŋu Akpɔ Dzidzɔ Vavãtɔ!

LE XEXEAME godoo la, ame geɖe susuna be nusiwo nana wokpɔa dzidzɔ ye nye ʋu yeye aɖe si le tsia dzi ƒe amesinɔnɔ, ga gbogbo si anɔ gadzraɖoƒe na ame, dɔ gã aɖe wɔwɔ, aƒe gã aɖe ƒe amesinɔnɔ, kple elektrik mɔ̃ɖaŋunuwo, kple dzedzeme si nya kpɔ. Gake nunɔamesiwo kple ŋutilã ƒe dzedzemee nana wokpɔa dzidzɔ vavãa?

Time magazine ƒe nyatakaka tɔxɛ aɖe gblɔ be wole “numekuku gbogbo aɖewo wɔm le nusi nana wokpɔa dzidzɔ, nusi nana mɔkpɔkpɔ nɔa ame si, kple nusi nana nɔnɔme nyuiwo nɔa ame si ŋu.” Nusiwo ŋu woke ɖo le numekuku siawo me la wɔ nuku na ame geɖe ŋutɔ. Nusiwo ŋu woke ɖo la katã ɖee fia be amesiwo susunɛ be ga, ŋkɔxɔxɔ, alo nyonyo ye ana yewoakpɔ dzidzɔ la le wo ɖokui blem. Le nyateƒe me la, wole woƒe agbe tum ɖe nusi agblẽ nu le woƒe susu ŋu la dzi, eye esia ate ŋu ana woava lé blanui gɔ̃ hã.

Le Amerika la, amewo va le kesinɔtɔwo zum wu tsã. Gake Time magazine gblɔ be: “Esia mena míele dzidzɔ kpɔm wu o.” Le nyateƒe me la, alea koe wòle le dukɔ bubuwo hã mee. Togbɔ be ganyawo le nyonyom ɖe edzi le China hã la, dzidzɔmakpɔlawo hã le agbɔ sɔm ɖe edzi. Magazine si nye Access Asia, si wotana ɣleti etɔ̃ ɖesiaɖe, gblɔ be “nusi koŋ le amesiwo xɔ tso ƒe 15 vaseɖe 34 la ƒe agbe ɖem ɖae” nye ameɖokuiwuwu. Edze abe nusiwo gbɔ nɔnɔme sia tso dometɔ ɖekae nye alesi wòle sesẽm na sɔhɛwo be woakpɔ dɔ nyui si ahe ga geɖe vɛ na wo la awɔ ene.

Edze ƒã be ŋutilãmenudzedziname meɖea dzimaɖitsitsi kple nuteɖeamedzi ɖa o; ɖe wòdzia wo ɖe edzi boŋ. Yunivɛsiti numekuku aɖe gblɔ be: “Nusi koŋ gbɔ míaƒe seselelãme kple susu me kuxiwo tsoe nye alesi míeva le agbe nɔmee fifia.” Hadomegbenɔnɔ ŋuti nunyala Van Wishard gblɔ be “nusi koŋ ta dɔwɔƒe geɖe va le nugblẽfe xem ɖo wue nye susu kple seselelãme kuxiwo.”

Alesi nuwo le tɔtrɔm kabakabae le míaƒe xexea me la le nu gblẽm le ɖeviwo kura gɔ̃ hã ŋu. Wishard gblɔ be wole agbalẽwo tam azɔ na ƒe-enyi-viwo kura gɔ̃ hã tsɔ le aɖaŋu ɖom na wo le “alesi woawɔ akpɔ nuteɖeamedzi ƒe dzesiwo ahakpɔ wo gbɔe ŋu.” Eye numekuku aɖe si wowɔ le blanuiléle ŋu ɖee fia be le Europa kple Amerika dukɔ aɖewo me la, ɖevi 23 sɔŋ ye galéa blanuidɔ le alafa ɖesiaɖe dzi ƒe sia ƒe. Gawu la, “abɔdzokpoviwo koŋ ye woƒlea blanuilélenutsitike na wu.”

Vɔvɔ̃ hã le amewo ɖom wu—eye menye le ganyawo ƒe kemalimali ta koe o. Esi dunyahehe kple mawusubɔsubɔ me nugbɔmewɔlawo le dzidzim ɖe edzi ta la, ame geɖe dzona nyanyanya ne wobu alesi etsɔme ava nɔe ŋu. Ðe kpekpeɖeŋu atso afi aɖe avaa?

Ƒe akpe eve aɖewoe nye esi va yi la, Yesu Kristo fia mɔ bubu aɖe si nu woate ŋu anɔ agbe ɖo, si ana ame ƒe dzi nadze eme, eye wòavo tso nuteɖeamedzi geɖe me. Nyateƒenya vevi aɖe nɔ eƒe nufiafiaa me. Egblɔ be: ‘Dzidzɔtɔwoe nye amesiwo tsɔa ɖe le woƒe gbɔgbɔ me nuhiahiãwo me.’ (Mateo 5:3) Vavãe, Yesu de dzi ƒo na eƒe nyaselawo be woatsɔ ɖe le nusi hiã amewo wu me koŋ—si nye nyateƒe si ku ɖe mía Wɔla kple tameɖoɖo si le Esi na mí ŋu.

Abe alesi nyati siwo kplɔe ɖo ɖee fia ene la, nyateƒenya ma ate ŋu akpe ɖe mía ŋu míanya nusiwo le vevie, si ana míakpɔ dzidzɔ wu le agbe me. Nyateƒe sia na mɔkpɔkpɔ nyui aɖe hã mí.—g4/06.

[Nya si ɖe dzesi si le axa 3]

Ŋutilãmenuwoe hea dzidzɔ vɛa?